INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 6/1 axa 20-24
  • Yehowa Nɔ Kplim Vavã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Nɔ Kplim Vavã
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ le Netherlands
  • Mɔnukpɔkpɔ Siwo Gava Kpee
  • Le Nazitɔwo ƒe Ŋusẽ Te
  • Gaxɔwo Kple Fuwɔamegaxɔwo Me
  • Dɔwɔwɔ le Aʋa Megbe
  • Naneke Meli Si Nyo Wu Nyateƒea O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Yehowa Sinu Kpɔkpɔ Dzigbɔɖitɔe tso Nye Ðevime Ke
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • “O, Xɔse Si Nu Matsi O Nenɔ Mía Si”!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Meda Akpe Na Yehowa Be, Mesubɔe Le Dodokpɔɣiwo Gɔ̃ Hã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 6/1 axa 20-24

Yehowa Nɔ Kplim Vavã

ABE ALESI MAX HENNING GBLƆE ENE

Ƒe 1933 mee, eye ɖeko Adolf Hitler va zi dzi le Germania teti koe nye ma. Gake Yehowa Ðasefo siwo ade 500 le Berlin nutoa me la metsi dzi o. Sɔhɛ geɖe zu mɔɖelawo, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo, eye wo dometɔ aɖewo lɔ̃ yi dɔdasiwo wɔ ge le Europa dukɔ bubuwo me gɔ̃ hã. Mía kple xɔ̃nye Werner Flatten míedea dzi ƒo na mía nɔewo be: “Nukatae míele hehem ɖe megbe hele ɣeyiɣi gblẽm? Nukatae míayi aɖawɔ mɔɖeɖedɔa o?”

ESI wodzim ŋkeke enyi megbe le ƒe 1909 me la, meva nɔ dzila amelɔ̃la siwo xɔm kpɔ dzinye la gbɔ. Míaƒe ƒomea xa nu vevie esime nɔvinye nyɔnuvi si nye dzinyela siwo xɔm le nyinyim ƒe vi ku kpata le ƒe 1918 me. Ema megbe kpuie la, dzinyela siwo xɔm nyi la ʋu dzime faa xɔ Biblia ƒe nyateƒea esime Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo le ɣemaɣi la, va mía ƒeme. Woawo hãe fiam be makpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu.

Medo vevie nu le suku eye meva zu pɔmpiŋutidɔwɔla. Gake ƒo wo katã ta la, meku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu. Mía kple Werner míedze mɔɖeɖedɔa gɔme le May 5, 1933 dzi. Míedoa gasɔ yia du aɖe si didi abe kilometa 100 ene tso Berlin gbɔ, afisi míenɔna kwasiɖa eve heɖea gbeƒã. Emegbe míetrɔna vaa Berlin va kpɔa nusiwo hiã la gbɔ. Ema megbe míegatrɔna yia míaƒe anyigbamamã si me míeɖea gbeƒã le la me ganɔa anyi kwasiɖa eve bubu.

Míebia be woana míasubɔ le dukɔ bubu me, eye le December 1933 me la, wode dɔ asi na mí le afisi nye Yugoslavia ɣemaɣi. Gake hafi míadze mɔ la, wotrɔ míaƒe dɔdasia yi Utrecht le Netherlands. Mexɔ nyɔnyrɔ̃ le ema megbe kpuie. Wometsi dzi ɖe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ŋu boo ɣemaɣi o; subɔsubɔdɔae nye nu vevitɔ. Azɔ la, meva ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣesiaɣi le nye agbe me. Biblia me hakpala la ƒe nyawo faa akɔ nam ŋutɔ: “Kpɔ ɖa, Mawue nye xɔnametɔ, [Yehowa, NW] lé nye luʋɔ ɖe asi.”—Psalmo 54:6.

Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ le Netherlands

Míeva ɖo Netherlands teti koe wogatrɔ míaƒe dɔdasia yi Rotterdam-dugã me. Vifofo kple viŋutsu siwo le ƒome si gbɔ míeva dze me la hã nye mɔɖelawo. Le dzinu ʋee aɖewo megbe la, woƒle aƒe gã aɖe le Leersum si medidi tso Utrecht gbɔ kura o be wòanye mɔɖelawo ƒe aƒeme, eye mía kple Werner míeʋu yi afima.

Esi míenɔ mɔɖelawo ƒe aƒe ma me la, míedoa gasɔ yia anyigbamamã siwo te ɖe mía ŋu me eye míeɖoa ʋu si tsɔa ame adre la yia anyigbamamã siwo gbɔ didi la me. Le ɣemaɣi la, Ðasefo alafa ɖeka koe nɔ Netherlands. Fifia, ƒe 60 megbe la, gbeƒãɖela siwo sɔ gbɔ wu 4,000 ye le hame siwo ade 50 me le anyigbamamã si me míetsoa mɔɖelawo ƒe aƒe ma me yina ɖawɔa dɔ le la me!

Míewɔa dɔ sesĩe, abe gaƒoƒo 14 ene le subɔsubɔdɔa me gbesiagbe, eye ema naa míekpɔa dzidzɔ. Míaƒe taɖodzinu vevi aɖee nye be míana agbalẽ geɖe alesi míate ŋui. Zi geɖe la, míenaa agbalẽvi siwo awu alafa ɖeka ɖetsɔlemetɔwo gbesiagbe. Le ɣemaɣi la, tɔtrɔyiwo kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ mekpɔ zu míaƒe gbesiagbedɔa ƒe akpa aɖe haɖe o.

Mía kple nye zɔhɛ míenɔ dɔ wɔm le Vreeswijk gbeɖeka. Esime wònɔ ɖase ɖim na ŋutsu aɖe le asrafowo ƒe mɔ̃ aɖe ƒe agbo nu la, metsɔ ɣeyiɣi ma nɔ nye Biblia xlẽm. Metsɔ nuŋlɔtsi dzĩ kple blɔtɔ te fli ɖe nuwo gɔme le eme fũ. Emegbe la, atikpala aɖe si nɔ dɔ wɔm le xɔ aɖe tame le afima la na ŋutsu si nɔ agboa nu nya be ɖewohĩ ŋkutsala aɖee menye. Eyata esi menɔ gbeƒã ɖem na fiasedzikpɔla aɖe gbemagbe la, wolém eye woxɔ nye Biblia le asinye.

Wokplɔm yi ʋɔnui. Wotsɔ nya ɖe ŋunye le afima be medi be mato fli siwo mete ɖe nye Biblia me dzi ata mɔ̃a. Wobu fɔm eye ʋɔnudrɔ̃la la gblɔ be woadem gaxɔ me ƒe eve. Gake wogagbugbɔ va drɔ̃ nya la eye woɖe asi le ŋunye. Edzɔ dzi nam ale gbegbe be woɖe asi le ŋunye, gake dzi gadzɔm wu esi wotrɔ nye Biblia la nam eye nusiwo katã mede dzesi ɖe eme la gakpɔtɔ le eme!

Le ƒe 1936 ƒe dzomeŋɔli la, mía kple mɔɖela siwo nɔ aƒea me dometɔ ɖeka si nye Richard Brauning ɖe gbeƒã le dukɔa ƒe dzigbe gome le dzomeŋɔlia. Míezã gaƒoƒo 240 le subɔsubɔdɔa me le dzinu gbãtɔ me eye míena agbalẽ gbogbo aɖewo. Avɔgbadɔ mee míenɔ eye míekpɔa mía ŋutɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ, míenyãa mía ŋutɔwo míaƒe nuwo, míeɖaa nu, hewɔa nu bubuwo.

Emegbe woɖem yi tɔdziʋu si nye Lightbearer si wova nya nyuie le Netherlands ƒe dzigbe gome la me. Mɔɖela atɔ̃ ye nɔ tɔdziʋua me, eye míete ŋu tsona le eme yia anyigbamamã geɖe siwo sa ɖe aga la me.

Mɔnukpɔkpɔ Siwo Gava Kpee

Le ƒe 1938 me la, wona menye nutome subɔla, si nye alesi woyɔna na Yehowa Ðasefowo ƒe nutome sue dzikpɔlawo ɣemaɣi. Eyata medzo le Lightbearer la me eye medze hamewo kple Ðasefo siwo sa ɖe aga sasrã kpɔ gɔme le nuto etɔ̃ me le anyigbe gome.

Gasɔ koe míetsɔ zɔa mɔe. Zi geɖe la, mɔzɔzɔ tso hame alo ɖetsɔlemetɔwo ƒe ƒuƒoƒo ɖeka gbɔ yi bubu gbɔ xɔa ŋkeke blibo. Breda, si mele fifia la kpe ɖe dugã siwo meɖasrãna kpɔna la ŋu. Ɣemaɣi la, hame aɖeke menɔ Breda o negbe Ðasefo atsu kple asi tsitsi aɖe ko.

Esime menɔ nɔvi siwo le Limburg subɔm la, tomenukula aɖe si ŋkɔe nye Johan Pieper kpem be mava ɖo biabia gbogbo siwo le esi la ŋu. Eku ɖe Biblia me nyateƒea ŋu goŋgoŋ eye wòva zu gbeƒãɖela dzideƒotɔ aɖe. Wodee fuwɔamegaxɔ aɖe me le ƒe ene megbe, afisi wònɔ ƒe etɔ̃ kple afã. Esi woɖe asi le eŋu la, egadze gbeƒãɖeɖe gɔme dzonɔamemetɔe, eye ekpɔtɔ nye hamemegã nuteƒewɔla egbea. Hame sue ma si me Ðasefo 12 nɔ le Limburg la dzi ɖe edzi zu hame 17 si me gbeƒãɖela siwo ade 1,550 le fifia!

Le Nazitɔwo ƒe Ŋusẽ Te

Nazitɔwo dze Netherlands dzi le May 1940 me. Wode dɔ asi nam be maɖawɔ le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe le Amsterdam. Eva hiã be míakpɔ nyuie le míaƒe dɔa wɔwɔ me, esi na míeva se Biblia ƒe lododo sia gɔme nyuie, be: “Xɔlɔ̃ . . . [vavã trɔna] dzɔa ame nɔvi le hiã me.” (Lododowo 17:17) Ðekawɔwɔ nyui si nɔ mía dome le xaxaɣi sia me la kpɔ ŋusẽ geɖe ɖe nye tsitsi le gbɔgbɔ me dzi, eye edzram ɖo na ɣeyiɣi siwo gasesẽ wu siwo ganɔ ŋgɔ la ŋu.

Nye dɔdasie nye be makpɔ agbalẽwo tsɔtsɔ yi na hameawo dzi, si nye dɔ si agbalẽtsɔlawo wɔna zi geɖe. Adzamekpovitɔwo nɔ ɖekakpuiwo dim ɣesiaɣi be woazi wo dzi woawɔ dɔ le Germania, eyata míena nɔvinyɔnu Kristotɔwo nye agbalẽtsɔlawo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖo Wilhelmina Bakker si woyɔna ɣesiaɣi be Nonnie ɖa tso Hague, eye mekplɔe yi afisi míaƒe alɔdzedɔwɔƒea dzikpɔla Arthur Winkler be ɖo. Be woagakpɔm adze sii kura o la, medo awu abe Nertherlandstɔ agbledela ene, medo atifɔkpa kple nusianu si hiã, eye míeɖo ʋu mekplɔ Nonnie yii. Meva see emegbe be eko nu kakaka, elabena nye dzedzeme he susu ale gbegbe.

Le October 21, 1941 dzi la, wofia afisi míedzraa agbalẽwo kple pepa ɖo le Amsterdam la futɔwo. Esime Adzamekpovitɔwo dze mía dzi la, wolé Winkler kple Nonnie. Esime wode wo gaxɔ me la, wose Adzamekpovitɔ eve aɖewo nɔ nu ƒom le alesi wonɔ “amevime taɖa yibɔ tɔ aɖe” yome tim gake yewomegakpɔ eyome le amehawo dome le mɔdodo dzi o la ŋuti. Edze ƒã be ŋunyee wonɔ nu ƒom le, eyata Winkler dze agbagba ɖo gbe ɖe nɔviawo. Woɖom ɖe Hague enumake.

Ɣemaɣi la, woɖe asi le Nonnie ŋu le gaxɔ me eye wòtrɔ va Hague va nɔ mɔɖeɖedɔa wɔm. Afimae megado goe le. Gake esi wolé subɔla si nɔ Rotterdam hamea me la, woɖom ɖa meva xɔ ɖe eteƒe. Emegbe wolé Gouda Hamea subɔla, eye wona meʋu yi afima va xɔ ɖe eteƒe. Mlɔeba la, wolém le March 29, 1943 dzi. Esime menɔ ŋku lém ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo nɔ mía si ŋu la, Adzamekpovitɔwo va dze dzinye trukaa.

Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo ƒe ŋkɔwo hã nɔ kplɔ̃ dzi kpe ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo kaka ɖi la ŋu, togbɔ be nuŋlɔdzesi ɣaɣlawoe wotsɔ ŋlɔwo hã. Metsɔ dzodzodzoetsitsi do gbe ɖa be Yehowa nafia mɔm makpɔ nɔvi siwo kpɔtɔ le ablɔɖe me eye woagate ŋu aɖe gbeƒã la ta. Medze agbagba keke nye asiwo me hetsyɔ ŋkɔawo dzi eye mexatsae ɖe nye asiƒome eye womekpɔm o. Eye mebia be woana mayi amedeƒe, afisi mevuvu ŋkɔawo me tsɔ ƒo ɖe afɔdzido me hetsɔ tsi kpalae dzoe.

Ne meɖo xaxa dziŋɔ mawo me la, mesrɔ̃ alesi maxɔ ŋusẽdodo tso Yehowa ƒe nuwɔwɔ kple eƒe amewo le blema kple tso eƒe ŋugbe siwo wòdo be yeaxɔ na ame la me. Kakaɖedzinya siwo gbɔgbɔ ʋã dometɔ ɖeka si nɔa susu me nam ɣesiaɣie nye: “Esime amegbetɔwo tso ɖe mía ŋu, ɖe menye Yehowa ye le mía dzi o la, anye ne womi mí agbagbe, esime woƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu.”—Psalmo 124:2, 3.

Gaxɔwo Kple Fuwɔamegaxɔwo Me

Wokplɔm yi Rotterdam-gaxɔ me, eye wòdzɔ dzi nam be nye Biblia nɔ ŋunye le afima. Salvation-gbalẽa, kple Children-gbalẽa ƒe akpa aɖewo hã nɔ ŋunye, eye ɣeyiɣi geɖe nɔ asinye na agbalẽ siawo katã xexlẽ. Le ɣleti ade megbe la, medze dɔ vevie, eye wòva hiã be mayi kɔdzi. Meɣla agbalẽawo ɖe nye beli te hafi do go le gaxɔa me. Meva se emegbe be woɖe Ðasefo bubu si nye Piet Broertjes yi nye gaxɔa me eye wòke ɖe wo ŋu. Eyata wogatsɔ agbalẽawo nɔ ame bubuwo ƒe xɔse tum ɖoe.

Esi mehaya la, woɖem yi gaxɔ aɖe me le Hague. Esime menɔ afima la, medo go Leo C. van der Tas, si nye sesrɔ̃la si wode gaxɔ me be etsi tre ɖe Nazitɔwo ƒe amedzidzedzea ŋu. Mese nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu kpɔ o, eye enye mɔnukpɔkpɔ nam be maɖi ɖase nɛ. Ɣeaɖewoɣi la, enyɔam le zãtiƒe biaa nyam. Mete ŋu miãa nu ɖe alesi Ðasefowo ƒe nu nyoa eŋu la dzi o, vevietɔ esime wòva nya be woate ŋu aɖe asi le mía ŋu nenye be míade asi agbalẽ te atsɔ agbe nu le míaƒe xɔse gbɔe ko hafi. Leo va zu senyala le aʋa la megbe eye wòʋli nya geɖe siwo ku ɖe mawusubɔsubɔblɔɖe ŋu la na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa.

Wodem keteke le April 29, 1944 dzi, hena ŋkeke 18 ƒe mɔzɔzɔ heyi ɖe Germania, si me fukpekpe geɖe nɔ. Wodem game le Buchenwald fuwɔamegaxɔ me le May 18 lia dzi. Vaseɖe esime Dukɔ Siwo Bla Nu wɔ aʋa tsi tre ɖe Germania ƒe Asrafowo ŋu nava na ablɔɖe mí abe ƒe ɖeka ene megbe la, agbenɔnɔ dzi ŋɔ wu gbɔgblɔ. Ame akpe geɖe ku, wo dometɔ geɖe ku le míaƒe ŋkume. Esi megbe be nyemawɔ dɔ le mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe si wowɔa aʋawɔnuwo le o ta la, wona meva wɔ dɔ le afisi tsi ƒoɖiwo sina tona.

Gbeɖeka woda bɔmb mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒea. Ame geɖe lɔe ɖe eme yi ɖe asrafoxɔwo me hena dedienɔnɔ, eye ame bubuwo si yi ɖe avewo me. Bɔmb siwo tra va dze asrafoxɔawo dzi, eye bɔmb siwo tɔa dzo nu la de dzo aveawo me. Nukpɔkpɔa dzi ŋɔ ŋutɔ! Ame geɖe fiã agbagbee! Mekpɔ teƒe nyui aɖe be ɖo, eye esime dzobibia nu fa la, mezɔ to ame kuku gbogboawo ŋu trɔ yi ɖe asaɖa la me.

Ame geɖe nya nu tso Nazitɔwo ƒe Ametsɔtsrɔ̃ Gã la me nu dziŋɔwo ŋu egbea. Meda akpe na Yehowa be edo ŋusẽ nye tamebubuŋusẽ ale be nu dziŋɔ siwo teƒe mekpɔ la mekpɔ ŋusẽ ɖe nye susu dzi le ƒe siawo katã me o. Ne mebu tame le nye gamenɔɣia ŋu la, nusi mesena le ɖokuinye me gbãe nye dzidzɔ si mekpɔna be mewɔ nuteƒe na Yehowa hena eƒe ŋkɔ ŋutikɔkɔ.—Psalmo 124:6-8.

Dɔwɔwɔ le Aʋa Megbe

Esi mekpɔ ablɔɖe hetrɔ yi Amsterdam vɔ megbe la, meyi ɖe alɔdzedɔwɔƒea tẽ be woade dɔ asi nam. Metsi dzi vevie be woana manya nusiwo katã dzɔ esime nyemenɔ anyi o. Nonnie nɔ dɔ wɔm le afima xoxo. Le aʋawɔɣia ƒe ƒe mamlea me la, ewɔ agbalẽtsɔladɔ nɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo tsɔm yi na hameawo. Womegalée kpɔ ya o, togbɔ be eto nɔnɔme siwo me wolée kloe le me hã.

Mewɔ mɔɖeɖedɔa le Haarlem ɣeyiɣi kpui aɖe, gake wona meyi ɖawɔ dɔ le Agbalẽwo Ðoɖoɖa Dɔwɔƒe le alɔdze si le Amsterdam le ƒe 1946 me. Mía kple Nonnie míeɖe mía nɔewo le ƒe 1948 ƒe nuwuwu lɔƒo, eye mí ame evea míedzo le alɔdzedɔwɔƒea yi ɖe mɔɖeɖedɔa wɔƒe. Míaƒe mɔɖeɖedɔa wɔƒee nye Assen. Ƒe wuieve do ŋgɔ la, mía kple Richard Brauning míeva nɔ avɔgbadɔ me le afima le dzɔmeŋɔli ɖaɖea gbeƒã. Mese be woda tu Richard wòku esi wonɔ mɔ dzi yina fuwɔamegaxɔ aɖe me.

Edze ƒã be nye gamenɔɣia gblẽ nu le nye lãmesẽ ŋu. Esi woɖe asi le ŋunye tso Buchenwald ƒe ade megbe la, dɔléle na metsi aba dzi ɣleti ene sɔŋ. Ƒe geɖe megbe le ƒe 1957 me la, yɔmekpe va dze dzinye ƒe bliboa katã. Ŋusẽ vɔ le lãme nam, gake nye mɔɖeɖegbɔgbɔa nu gakpɔtɔ sẽ. Le nye dɔléɣiwo la, mezãa mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe tsɔ ɖia ɖasee. Mesusu be mɔɖeɖegbɔgbɔ siae nye nu vevitɔ si na nye dɔléɣiawo mena mezu dɔnɔ viɖemanɔŋutɔ o. Mía kple Nonnie míeɖoe kplikpaa be míaku ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu vaseɖe afisi míaƒe lãmesẽ aɖe mɔ se ɖo.

Esi mehaya vɔ megbe la, woɖo mí ɖe Breda-dugã me. Ƒe 21 enye sia va yi si menye nutome subɔla va srã dugã sia kpɔ zi gbãtɔ. Hame sue si me Ðasefo 34 le ye nɔ anyi esime míeva ɖo le ƒe 1959 me. Egbe sia si nye ƒe 37 megbe la, wodzi ɖe edzi ɖo hame ade siwo me Ðasefo siwo wu 500 le, eye wokpea ta ɖe Fiaɖuƒe Akpata etɔ̃ me! Míedoa go ame geɖe siwo va dze si Biblia me nyateƒea to míaƒe agbagbadzedze aɖewo me le mía gbɔ kpekpewo kple takpekpewo me. Zi geɖe la, míesena le mía ɖokui me abe alesi apostolo Yohanes see le eɖokui me ene esi wòŋlɔ be: “Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia be, mese bena, vinyewo zɔna le nyateƒe me o.”—Yohanes III, 4.

Míetsi fifia. Mexɔ ƒe 86 eye Nonnie xɔ 78, gake magblɔ be mɔɖeɖedɔa nye dɔ si naa lãmesẽ ame. Tso esime meva le Breda la, mekpɔ ta na dɔléle akpa gãtɔ siwo mexɔ le nye gamenɔɣi. Mewɔ dɔ siwo tse ku ƒe geɖe le Yehowa ƒe subɔsubɔ me hã.

Ne míetrɔ kpɔ ƒe geɖe ƒe subɔsubɔ tsekuawo la, enaa mí ame evea siaa míekpɔa dzidzɔ. Míaƒe gbedodoɖa gbesiagbee nye be zi alesi míegale gbɔgbɔm ko la, Yehowa nana gbɔgbɔ kple ŋusẽ si ana míayi eƒe subɔsubɔdɔa dzi la mí. Míetsɔ kakaɖedzi gblɔa hakpala la ƒe nyawo be: “Kpɔ ɖa, Mawue nye xɔnametɔ, [Yehowa] lé nye luʋɔ ɖe asi.”—Psalmo 54:6.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Le tsitre ɖe avɔgbadɔ si me míenɔ esime míenɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le ƒe 1930-awo me gbɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Tɔdziʋu si míezãna tsɔ yia anyigbamamã siwo sa ɖe aga la mee

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Wole nya biamem le takpekpe me le ƒe 1957 me

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Mía kple srɔ̃nye egbea

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe