Àte ŋu Alɔ̃ Mawu Nyateƒea?
MAWU gblɔ be: “Ame aɖeke makpɔm aganɔ agbe o.” (Mose II, 33:20) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, tso keke Biblia-ŋlɔɣi ke la, kpeɖodzi aɖeke meli be amegbetɔ aɖe ƒo nu kplii tẽ o. Ðe medze nu sesẽ—si manya wɔ gɔ̃ hã o—be nàtu lɔlɔ̃ deto ɖo na amesi mekpɔ kple ŋku alo se eƒe gbe tẽ kpɔ oa? Ðe wòanya wɔ nyateƒe be ƒomedodo si me lɔlɔ̃ le nanɔ mia kple Xexeamewɔla la domea?
Mele be ɖikeke aɖeke nanɔ eŋu o be anya wɔ be nàtu ƒomedodo kplikplikpli ɖo kple Mawu. Míexlẽ le Mose V, 6:5 be wode se na Israel-dukɔa be: “Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la.” Emegbe Yesu Kristo gaɖo kpe se sia dzi na eyomedzelawo eye wògblɔ kpe ɖe eŋu be: “Esia enye se gbãtɔ, si le vevie.” (Mateo 22:37, 38) Ðe Biblia axlɔ̃ nu mí be míalɔ̃ Mawu ne ƒomedodo sia gbɔ manya ɖo oa?
Gake ɖe Yehowa di tso mía si be mialɔ̃ ye le esi wòde eƒe se ta koa? Ao. Mawu wɔ ame eve gbãtɔwo hede eyama lɔlɔ̃ ƒe ŋutete wo me. Womezi Adam kple Xawa dzi be lɔlɔ̃ ƒe ƒomedodo nanɔ wo kple wo Wɔla la dome o. Ke boŋ Mawu da wo ɖe nɔnɔme nyui si me woatu lɔlɔ̃ deto ɖo na eyama le la me. Woa ŋutɔwoe awɔ tiatia—be woate ɖe Mawu ŋu wu loo alo woate ɖa le eŋu.
Adam kple Xawa tiae be yewoadze aglã. (Mose I, 2:16, 17; 3:6, 7) Gake ŋutete anɔ woƒe dzidzimeviwo si be woana lɔlɔ̃ ƒe ƒomedodo nanɔ wo kple Wɔla la dome.
Zɔzɔ Kple Mawu Vavã La
Le kpɔɖeŋu me le Biblia me la, woyɔ Abraham be enye Mawu “xɔlɔ̃.” (Yakobo 2:23) Gake menye Abraham koe se vivi le ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu o. Biblia ƒo nu tso amegbetɔ madeblibo bubu geɖe siwo ɖe lɔlɔ̃ vavãtɔ na Yehowa fia eye ‘wozɔ kple Mawu vavã la’ ŋu.—Mose I, 5:24; 6:9; Hiob 29:4; Psalmo 25:14; Lododowo 3:32.
Wometsɔ Mawu lɔlɔ̃ kple numalɔ̃malɔ̃ le egbɔ dzi Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema o. Ele be woatui ɖo. Alekee? To eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ, Yehowa, nyanya me. (Mose II, 3:13-15; 6:2, 3) To dzesidede eƒe anyinɔnɔ kple eƒe Mawunyenye me. (Hebritɔwo 11:6) To eƒe nuwɔna siwo me lɔlɔ̃ le ŋu bubu edziedzi me. (Psalmo 63:7) To woƒe ememe susuwo gbɔgblɔ na Mawu le gbedodoɖa me dzi. (Psalmo 39:13) To nusɔsrɔ̃ tso eƒe nyuiwɔwɔ ŋu me. (Zaxarya 9:17) To vɔvɔ̃ si sɔ be woava wɔ nusi avee la tutu ɖo me.—Lododowo 16:6.
Àte ŋu ava zu Mawu xɔlɔ̃ ahazɔ kpliia? Nyateƒee, màte ŋu akpɔ Mawu alo ase eƒe gbe o. Gake Yehowa kpe wò be nava ‘dze yeƒe agbadɔ me,’ anye ye xɔlɔ̃. (Psalmo 15:1-5) Eyata anya wɔ be nàlɔ̃ Mawu. Gake aleke nàtu lɔlɔ̃ ƒe ƒomedodo kplikplikpli ɖo kple eyamae?