Mawu Ƒe Nya La Wɔa “Nukunuwo”
ABE ALESI THÉRÈSE HÉON GBLƆE ENE
Gbeɖeka le ƒe 1965 me la, mege ɖe adzɔnuwo dzraƒe aɖe eye mena Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo asitsalaawo. Esi metrɔ dzo yina la, mese ɣli sesẽ aɖe. Tukpe aɖe dze anyigba le nye afɔ xa. Asitsalaawo dometɔ ɖeka ɖe alɔme gblɔ be, “Nenemae wòle be woatu nu kple Yehowa Ðasefowoe.”
NUDZƆDZƆ ma do vɔvɔ̃m—gake menye esi ana madzudzɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa o. Biblia me nyateƒe siwo mesrɔ̃ la xɔ asi ale gbegbe be nyemaɖe mɔ naneke nawɔe be madzudzɔ nye subɔsubɔdɔa o. Na maɖe nusita megblɔ nya sia ɖo la me.
Esi wodzim le July 1918 megbe la, dzinyelawo ʋu ɖanɔ Cap-de-la-Madeleine, si nye kɔƒe sue aɖe le Quebec, Canada, si woyɔna be Nukunuwo Dzɔƒe. Amedzrowo nyea zi vaa afisia va dea ta agu le Ðetugbi Maria ƒe vɔsaxɔ me. Togbɔ be womate ŋu aɖo kpe nukunu siwo wogblɔ be Maria wɔna dzi o hã la, Mawu ƒe Nya la wɔ nusiwo sɔ kple nukunuwo kloe le ame geɖe ƒe agbe me esi kɔƒea lolo ɖe edzi zu du si me tɔwo wu 30,000.
Esime mexɔ abe ƒe 20 ene la, fofonye kpɔ alesi metsɔ dzo ɖe mawusubɔsubɔnyawo ŋui eye wòtsɔ eƒe Biblia nam. Esi medze exexlẽ gɔme la, ewɔ nuku nam ŋutɔ esi mekpɔe le Mose II ta 20 me be wotsri nɔnɔmewɔwɔwo subɔsubɔ kura. Enumake la, nyemegaxɔ Katoliko Sɔlemeha la ƒe nufiafiawo dzi se o eye medzudzɔ Misa wɔƒe dede. Nyemedi be made ta agu na legbawo o. Megaɖoa ŋku nya si fofonye nɔa gbɔgblɔm dzi be, “Thérèse, mele sɔleme yi ge oa?” Meɖoa eŋu be, “Ao, mele Biblia xlẽm.”
Esi meɖe srɔ̃ le September ƒe 1938 me megbe gɔ̃ hã la, Biblia xexlẽ gakpɔtɔ nye nye agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe. Esi srɔ̃nye Rosaire wɔa dɔ le zã me zi geɖe ta la, eva zu numame nam be maxlẽ Biblia esime wòle dɔ me. Eteƒe medidi o meva ƒo nya ta be Mawu ƒe amewo anɔ anyi, eye medze wo didi gɔme.
Alesi Medi Mawu ƒe Amewoe
Esime menye ɖevi la, nusi mesrɔ̃ le sɔleme na mevɔ̃a anyimlɔƒe yiyi kple susu be kaka nye ŋkume nakɔ la, ke manyɔ ɖe dzomavɔ me. Be mate ŋu aɖu vɔvɔ̃ ma dzi la, megblɔna na ɖokuinye zi geɖe be lɔlɔ̃ ƒe Mawu mana nu dziŋɔ ma nadzɔ o. Meyi edzi nɔ Biblia xlẽm kple dzideƒo nɔ nyateƒea dim. Menɔ abe Etiopiatɔ aƒedzikpɔla si xlẽ nu gake mese egɔme o la ene.—Dɔwɔwɔwo 8:26-39.
Nɔvinyeŋutsu André kple srɔ̃a siwo nɔ xɔdɔme aɖe me le dzisasrã si nɔ mía tɔ te me la dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo le ƒe 1957 me lɔƒo. Megblɔ na nɔvinyeŋutsua srɔ̃ be ne Ðasefoawo gava le gbeƒã ɖem le aƒea me la, ne wòaƒo xɔdzisasrã la atsɔ ana manya. Ekema nyemaʋu ʋɔ na wo o. Gbeɖeka la, eŋlɔ be mena menya o.
Gbemagbe la, meʋu ʋɔa eye medo go Kay Munday, si nye mɔɖela, esi nye alesi woyɔna na Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Eƒo nu nam tso Mawu ƒe ŋkɔ ŋu heɖe eme be ŋkɔ le Mawu si si nye Yehowa. Esi wòdzo vɔ megbe la, medii le nye Biblia me be maka ɖe edzi be ɖe nya siwo wògblɔ la wɔ ɖeka kple Biblia kpukpuiwo nyateƒe hã. Numekuku si mewɔ la do dzidzɔ nam ŋutɔ.—Mose II, 6:3, Douay Version ƒe etenuŋɔŋlɔ; Mateo 6:9, 10; Yohanes 17:6.
Esi Kay gatrɔ va la, míeɖo dze le Katolikotɔwo ƒe Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia si gblɔ be Mawu nye ame etɔ̃ le Mawu ɖeka me la ŋu. Emegbe medzro nye ŋutɔ nye Biblia me be nye ŋutɔ makpɔe be mefia Mawuɖekaetɔ̃ o. (Dɔwɔwɔwo 17:11) Numedzodzro si mewɔ la ɖee fia be Yesu melolo de Mawu nu o. Ðe wowɔe. Gɔmedzedze li nɛ, gake meli na Yehowa ya o. (Psalmo 90:1, 2; Yohanes 14:28; Kolosetɔwo 1:15-17; Nyaɖeɖefia 3:14) Esi nusi srɔ̃m menɔ la dze ŋunye ta la, edzɔ dzi nam be mayi Biblia me dzeɖoɖoawo dzi.
Gbeɖeka le November, 1958 ƒe sno ya sesẽ aɖe me la, Kay kpem be míayi nutome sue takpekpe aɖe si wɔm wonɔ fiẽ ma le xɔ aɖe si wohaya la me. Melɔ̃ yi eye nuƒoawo vivi nunye. Emegbe le dzeɖoɖo kple Ðasefo aɖe si te ɖe ŋunye me la, mebia be, “Ðe wòle be Kristotɔ vavãtɔ naɖe gbeƒã tso aƒeme yi aƒemea?”
Eɖo ŋu be: “Ẽ, ele be woaɖe gbeƒã nyanyuia, eye Biblia ɖee fia be amewo gbɔ yiyi le woƒe aƒewo me nye gbeƒãɖeɖemɔnu vevi aɖe.”—Dɔwɔwɔwo 20:20.
Aleke nyaŋuɖoɖo sia dzɔ dzi nam enye si! Ena meka ɖe edzi be meke ɖe Mawu ƒe amewo ŋu. Nenye ɖe wògblɔ be “Ao, mehiã o” la, anye ne nyemaka ɖe edzi be nyateƒea ŋue meke ɖo o, elabena menya nusi Biblia gblɔ le gbeƒãɖeɖe tso aƒeme yi aƒeme ŋu. Tso ema dzi la, meyi ŋgɔ kabakaba le gbɔgbɔ me.
Le nutome sue takpekpe ma megbe la, medze Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe siwo wowɔna le du si te ɖe mía ŋu si nye Trois-Rivières me la dede gɔme. Kay kple eƒe zɔhɛ Florence Bowman koe nye Ðasefo siwo nɔ Cap-de-la-Madeleine. Megblɔ na wo gbeɖeka be, “Mava míayi gbeƒãɖeƒe etsɔ.” Edzɔ dzi na wo be meyi kpli wo.
Gbeƒãɖeɖe le Mía De
Mesusu be amesiame axɔ Biblia ƒe gbedasia, gake mekpɔe enumake be menye nenemae o. Esime wode dɔ asi na Kay kple Florence le afi bubu la, nye ɖeka koe susɔ ɖe dua me nɔ gbeƒã ɖem Biblia ƒe nyateƒea tso aƒeme yi aƒeme. Dzi meɖe le ƒonye o eye nye ɖeka meyi edzi nɔ gbeƒã ɖem abe ƒe eve sɔŋ vaseɖe esime mexɔ nyɔnyrɔ le June 8, 1963 dzi. Gbemagbe ke la, meƒo ɖokuinye ɖe dɔ si woyɔna ɣemaɣi be mɔkeke me mɔɖeɖedɔa me.
Mewɔ mɔkeke me mɔɖeɖedɔa ƒe ɖeka. Eye Delvina Saint-Laurent do ŋugbe nam be ne mezu gbesiagbe mɔɖela la, yeava Cap-de-la-Madeleine awɔ dɔ kplim zi ɖeka le kwasiɖa ɖesiaɖe me. Eyata mekpe mɔɖeɖedɔbiagbalẽvia ɖo. Gake nublanuitɔe la, Delvina ku esi wòsusɔ kwasiɖa eve ne madze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme. Nuka mawɔ? Ã, mekpe dɔbiagbalẽvia ɖo eye nyemedi be magbugbɔ o. Eyata medze nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme le October 1964 me. Nye ɖeka mewɔ dɔ tso aƒeme yi aƒeme le ƒe ene siwo kplɔe ɖo me.
Katolikotɔ dovevienu siwo nɔ Cap-de-la-Madeleine la tsia tre ɖe ŋunye zi geɖe. Wo dometɔ aɖewo yɔ kpovitɔwo kple susu be yewoaxe mɔ nam be nyemagaɖe gbeƒã o. Abe alesi megblɔe le gɔmedzedzea ene la, gbeɖeka asitsala aɖe da tu nye afɔ xa be yeatsɔ ado vɔvɔ̃m. Gake esia zu nya blibo le dua me. Afima ƒe television dɔwɔƒe gblɔ be enye aʋahoho ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu. Nudzɔdzɔ bliboa va zu ɖaseɖiɖi nyui aɖe. Ke eva dzɔ le ƒe ewo megbe be asitsala si da tu nye afɔ xa la ƒe ƒometɔ aɖe ŋutɔ hã va zu Ðasefo.
“Nukunu” Siwo Mawu ƒe Nya la Wɔ
Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, mekpɔ be tsitretsitsi ɖe Biblia me nyateƒeawo ŋu nu nɔ fafam ʋɛʋɛʋɛ le Cap-de-la-Madeleine. Le ƒe 1968 me lɔƒo la, Ðasefo bubuwo ʋu va afisia, eye dua me tɔwo dze Biblia me nyateƒea xɔxɔ gɔme. Esia ta le ƒe 1970-awo ƒe gɔmedzedze me lɔƒo la, Biblia-nusɔsrɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi ale gbegbe. Eva ɖo afisi wòhiã be mabia tso Ðasefo bubuwo si be woaxɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe siwo wɔm menɔ la awɔ ale be mate ŋu ayi edzi aganɔ gome kpɔm le aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me.
Gbeɖeka ɖetugbi aɖe xɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee le gbɔnye. Ɣemaɣi la, eƒe zɔhɛ nye ɖekakpui nuvlowɔla aɖe si ɖi ʋunyaʋunyawɔla si ŋkɔe nye André si de nu dzeɖoɖoa me. Esi míeɖo dze kple André la, enyɔ eƒe ɖetsɔleme eye míedze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. Emegbe kpuie la, edze nuƒoƒo tso nusi srɔ̃m wònɔ la ŋu na exɔlɔ̃wo.
Menɔ Biblia srɔ̃m kple adzohamenɔla ene siwo dometɔ ɖeka meƒoa nu fũ o gake ɖoa to vevie la ɣeaɖeɣi. Eŋkɔe nye Pierre. Mía kple srɔ̃nye míese ʋɔƒoƒo gbeɖeka le zã ga eve me lɔƒo. Kpɔ nudzɔdzɔa ɖa le susu me: Adzohamenɔla ene tsitre ɖe afima be yewoabia nyam. Dzɔgbenyuitɔe la, Rosaire mefa konyi le sasrãkpɔ ma siwo mesɔ ɖe ɣeyiɣi dzi o ŋu kpɔ o.
Gbã la, ŋutsu enea nɔa kpekpeawo dem. Gake André kple Pierre koe do vevie nu. Wova nɔ agbe nɔm ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu eye woxɔ nyɔnyrɔ. Ŋutsu eve siawo le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe wu ƒe 20 enye sia. Esi wodze nusɔsrɔ̃ gɔme la, wonya wo nyuie le woƒe nuvlowɔwɔ ta eye kpovitɔwo nɔa ŋku lém ɖe wo ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, kpovitɔwo va nɔa wo dim ne míewu míaƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe nu alo le hame ƒe kpekpewo me. Edzɔ dzi nam be meɖe gbeƒã na “ame ƒomeviwo katã,” eye nye ŋutɔ mekpɔ alesi Mawu ƒe Nya wɔa tɔtrɔ siwo le nyateƒe me la, woɖi nukunuwo.—Timoteo I, 2:4, NW.
Nenye ɖe wogblɔ nam le nye subɔsubɔdɔa gɔmedzeɣi be Fiaɖuƒe Akpata ava nɔ Cap-de-la-Madeleine eye Yehowa ƒe amewo nayɔe taŋtaŋ la, nyemaxɔe ase o. Edzɔ dzi nam be hame sue si nɔ Trois-Rivières-du si te ɖe mía ŋu me la dzi ɖe edzi ɖo hame ade siwo le dzidzim ɖe edzi eye wokpea ta le Fiaɖuƒe Akpata etɔ̃ me, tsɔ kpe ɖe ɖeka si le Cap-de-la-Madeleine ŋu.
Enye dzidzɔ nam be nye ŋutɔ mekpe ɖe ame abe 30 ŋu woɖe adzɔgbe eye woxɔ nyɔnyrɔ. Fifia si mexɔ ƒe 78 la, mate ŋu agblɔ nyateƒetɔe be edzɔ dzi nam be metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Gake ele be malɔ̃ ɖe edzi be, dzi ɖena le ƒonye ɣeaɖewoɣi. Be maɖu edzi ɣemaɣiwo la, meʋua nye Biblia eye mexlẽa emenya aɖewo siwo faa akɔ nam ŋutɔ. Manya wɔ nam gbeɖe be ŋkeke aɖe nava yi si nyemaxlẽ Mawu ƒe Nya la o. Esi dea dzi ƒo koŋue nye Yohanes 15:7, afisi gblɔ be: “Ne mienɔa menye, eye nye nyawo hã nɔa mia me la, ekema nusi ke mielɔ̃ bia la, woawɔe na mi.”
Mele mɔ kpɔm be makpɔ Rosaire le xexeme yeye si ɖo vɔ la me. (Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Enɔ ŋgɔyiyi wɔm nyuie ɖo ta nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ hafi wòku le ƒe 1975 me. Fifia la, meɖoe kplikpaa be maku kutri le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me eye mayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le Yehowa ƒe dɔa me.