INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 7/8 axa 12-16
  • Meke Ðe Kesinɔnu Vavãtɔ Ŋu Le Australia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Meke Ðe Kesinɔnu Vavãtɔ Ŋu Le Australia
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nye Ðevime Fukpekpewo
  • Mawusubɔsubɔ Didi le Anyigba Yeye Dzi
  • Kadodo Ðo Mía Kple Kɔƒea me Nunɔlaa Dome
  • Míetrɔ Yi Greece
  • Yometiti Dze Egɔme
  • Wolé Mí Hedrɔ̃ Nya na Mí
  • Míegatrɔ Yi Australia
  • Nusi Yehowa Dze Na Tsɔtsɔ Nɛ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • ‘Mele Ƒu Tsom’ Wu Ƒe 50 Fifia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • “Mefɔ Lotamekpe ɖe Sika Teƒe”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Mawu Ŋuɖoɖeŋutɔ La Subɔsubɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 7/8 axa 12-16

Meke Ðe Kesinɔnu Vavãtɔ Ŋu Le Australia

APRIL 1971 mee wòdzɔ. Esi menɔ Australia ƒe adre megbe la, metrɔ va ƒonyemeawo srã ge kpɔ le Greece ɣeyiɣi kpui aɖe koe nye sia. Ɣetrɔ me esi menɔ kplɔ̃ ŋu kpoo le nuɖuɖudzraƒe aɖe le Karies-dua ƒe dublɔ dzi la, dua me nunɔla aɖe kple dumegã wova nɔ anyi dze ŋgɔm. Edze ƒã be wodi be yewoado dzre nam.

Womedo gbe hã nam hafi nunɔla la gblɔ be ɖeko meʋu yi Australia ga wɔ ge o. Ne megblɔ be nya la dzem kpo la, ekema efia be metsɔ nya la tsɛe. Meɖo eŋu tufafatɔe alesi mate ŋui be, meke ɖe kesinɔnu aɖe si xɔ asi boo wu ga la ŋu esime menɔ Australia.

Nye ŋuɖoɖoa wɔ nuku nɛ gake ebia be yeanya nusi mewɔnɛ. Megblɔ be gbã la, mesrɔ̃e be ŋkɔ le Mawu si. Menɔ eƒe mo kpɔm gã hegblɔ be: “Eye nusiae nègbe fiafiam.” Hafi wòake nu la, mebiae be: “Taflatse, àte ŋu ayɔ Mawu si Yesu wɔnɛ le kpɔɖeŋugbedodoɖa si wòfia mí be: ‘Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!’ me la ŋkɔ nama?”—Mateo 6:9.

Nyaʋiʋlia ŋutinya kaka ɖe ablɔa dzi enumake eye le aɖabaƒoƒo ewo ko me, amesiwo ade 200 va kpe ta. Nunɔla la va tsi dzodzodzoe. Mete ŋu ɖo nya si mebiae le Mawu ƒe ŋkɔ ŋu la ŋuti nam o eye ŋuɖoɖo nyui aɖeke menɔ esi le Biblia me biabia bubuwo ŋu o. Alesi ŋu kpee la dze esi wònɔ kplɔ̃subɔla la yɔm edziedzi be wòatsɔ ouzo si nye Helatɔwo ƒe aha sesẽ aɖe vɛ.

Gaƒoƒo eve sɔŋ va yi. Fofonye va nɔ diyem, gake esi wòkpɔ nusi nɔ dzɔdzɔm la, enɔ anyi ɖe dzogoe aɖe dzi kpoo nɔ nu kpɔm. Numedzodzro ʋãme sia yi edzi vaseɖe zã ga 11:30 esime ahamula aɖe va nɔ aƒa dom leléle. Megblɔ na nukpɔlawo ɣemaɣi be zã do ta amesiame nayi aƒeme.

Nukae he nyaʋiʋli sia vɛ? Nukata nunɔla la kple dumegã la di be yewoado dzre nam? Nye agbenɔnɔ le Greece ƒe akpa sia ƒe ŋutinya sue aɖe akpe ɖe ŋuwò nànya nusitae.

Nye Ðevime Fukpekpewo

Wodzim le Karies-kɔƒe me le Peloponnisos le ƒe 1940 ƒe December me. Míeda ahe ŋutɔ, eye esi nyemenɔ suku dem o ta la, mekpena ɖe Danye ŋu míewɔa dɔ le mɔligble dzi tso ŋdi vaseɖe fiẽ, metsia tre ɖe tsi me wòva ɖoa klonu nam. Esi mewu gɔmedzesuku nu esime mexɔ ƒe 13 la, dzinyelawo dem dɔ me. Hafi masrɔ̃ dɔ ava zu pɔmpi-wɔla kple fesredela la, dzinyelawo tsɔ ƒo kilogram 500 kple nuɖami kilogram 20 si de sɔsɔ ge kple woƒe ƒe bliboa katã ƒe nukpɔkpɔ la na nye Aƒetɔ.

Dɔsɔsrɔ̃ menɔ bɔbɔe kura o—adzo le aƒe gbɔ ʋĩ ahanɔ dɔ wɔm tso fɔfɔ me vaseɖe zãtitina zi geɖe. Mebua tɔtrɔ yi aƒe ŋu ɣeaɖewoɣi gake nyemate ŋu awɔ nusia ɖe dzinyelawo ŋu o. Wotsɔ wo ɖokui sa vɔ ɖe tanye ɖokuitɔmadimaditɔe. Eyata nyemegblɔ nye kuxiwo na wo kpɔ o. Megblɔna na ɖokuinye be: ‘Aleke ke wògasẽe hã la, ele be nàdo dzi.’

Meva srãa dzinyelawo kpɔ ɖekaɖeka le ƒeawo me eye mlɔeba mewu dɔa sɔsrɔ̃ nu esime mexɔ ƒe 18. Meɖoe azɔ be mayi Atene, fiadua me, afisi dɔkpɔkpɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo le wu. Mekpɔ dɔ le afima eye mehaya xɔ. Metsoa dɔ me vaa aƒeme gbesiagbe, nye ŋutɔ meɖaa nu, kplɔa xɔ me, eye metsɔ ɣeyiɣi ʋee si nɔ asinye la nɔa Eŋlisigbe, Germaniagbe, kple Italiagbe srɔ̃mee.

Sɔhɛ bubuwo ƒe gbegblẽnyawo gbɔgblɔ kple agbegbegblẽnɔnɔ ɖea fu nam ŋutɔ, eyata nyemedea ha kple wo o. Gake esia na metsi akogo. Wobia tso asinye be mawɔ asrafodɔ esime mexɔ ƒe 21, eye megayi gbeawo sɔsrɔ̃ dzi le ɣeyiɣi ma me. Emegbe le March 1964 me esime medo le asrafodɔa me la, meʋu yi Australia va nɔ Melbourne.

Mawusubɔsubɔ Didi le Anyigba Yeye Dzi

Mexɔ ɣeyiɣi hafi mekpɔ dɔ o eye medo go Helatɔ bubu si hã ʋu va, eŋkɔe nye Alexandra eye míeɖe mía nɔewo esi meva ɖo afima ɣleti ade megbe. Le ƒe geɖe megbe le ƒe 1969 me la, nyɔnu tsitsi aɖe si nye Yehowa Ðasefo va mía ƒeme eye wòtsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nam. Magazineawo ƒe nu dzɔ dzi nam eyata metsɔ wo dzra ɖo hegblɔ na srɔ̃nye be wòagatsɔ wo aƒu gbe o. Ƒe ɖeka megbe la, Ðasefo eve bubu gava eye wobe yewoawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kplim femaxee. Melɔ̃, eye nusi mesrɔ̃ le Ŋɔŋlɔawo me lae nye nusi tututu menɔ didim be gɔmesese si bu le nye agbe me la nagatrɔ ava.

Esi nye aƒelika see be mele nu srɔ̃m kple Ðasefoawo ko la, ehe nye susu yi Nyanyuigblɔlawo ƒe ha aɖe dzii be eyae nye subɔsubɔha nyuitɔ. Esia ta nye hã meva nɔ nu srɔ̃m kple Nyanyuigblɔlawo ƒe hamemegã ɖeka. Eteƒe medidi o medze Nyanyuigblɔlawo kple Ðasefoawo ƒe kpekpewo dede gɔme elabena meɖoe kplikpaa be make ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu.

Menɔ nu me kum le Orthodoks-subɔsubɔha la hã ŋu le ɣeyiɣi ma ke me be malé hehe si wonam abe Helatɔ ene la me ɖe asi. Esi megblɔ susu si ta meva ɖo le sɔleme gbãtɔ me la, nunɔla la gblɔ nam be madzo. Esi wònɔ nusia wɔm la, egblɔ be Helatɔwo míenye eyata mesɔ be míade ha kple Ðasefoawo alo Nyanyuigblɔlawo o.

Eƒe nuwɔna wɔ nuku nam gake mebu ɖe tame be: ‘Ðewohĩ nunɔla sia menye sɔlemeha la teƒenɔla nyui aɖeke o.’ Nukutɔe la, sɔlemeha evelia hã ƒe nunɔla wɔ nusia ke. Gake egblɔ nam be mawunyaŋununyala aɖe fiaa nu le Biblia-srɔ̃suku me le yeƒe sɔleme Memleɖa fiẽ ɖesiaɖe. Wogaɖe dzi le ƒo nam wu esi meyi sɔlemeha etɔ̃lia me.

Gake meɖoe be made Biblia-srɔ̃suku si wodena le sɔlemeha evelia me la, eye meyi le Memleɖa si kplɔe ɖo gbe. Evivia nunye ŋutɔ ne mele agbalẽa dzi kpɔm wole Biblia-gbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo xlẽm. Esi woxlẽ akpa si gblɔ be Kornelio dze klo ɖe Petro kɔme la, mawunyaŋununyala la de nu eme eye wògblɔ be Petro wɔe nyuie be wògbe be Kornelio nagade ta agu na ye o. (Dɔwɔwɔwo 10:24-26) Mekɔ asi dzi azɔ be biabia aɖe le asinye.

“Ɛhɛ̃, nuka dim nèle be yeanya?”

“Enyo, ne apostolo Petro gbe be woagasubɔ ye o ɖe, ke nukata eƒe kpetata le mía si eye míesubɔ nɛ?”

Ðoɖoe zi toŋtoŋ aɖabaƒoƒo geɖe. Emegbe ɖeko wòwɔ abe bɔmb aɖee wó ene. Amewo do dziku eye wonɔ biabiam be, “Afika nètso?” Nyaʋiʋli nɔ edzi gaƒoƒo eve sɔŋ eye ɣli de dzi bobobo. Mlɔeba esi medzo yina la, wotsɔ agbalẽ aɖe nam be matsɔ yi aƒemee.

Nya gbãtɔ siwo mexlẽ esime meʋu agbalẽa enye: “Helatɔwo míenye eye míaƒe subɔsubɔha kɔ ʋu ɖi be woatsɔ alé míaƒe kɔnuwo me ɖe asi.” Menya be menye Helatɔwo koe Mawu li na o, eyata metso kadodo me kple Hela Orthodoks Sɔlemeha la enumake. Tso ɣemaɣi dzi la, Ðasefoawo koe meyi nusɔsrɔ̃ dzi kple. Mexɔ nyɔnyrɔ̃ le April 1970 me tsɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe dzi na Yehowa eye srɔ̃nye hã xɔe le ɣleti ade megbe.

Kadodo Ðo Mía Kple Kɔƒea me Nunɔlaa Dome

Le ƒe ma ƒe nuwuwu lɔƒo la, nunɔla si nɔ mía de le Greece ɖo lɛta ɖem be maɖo ga ɖa woatsɔ adzra kɔƒea me sɔlemexɔ ɖoe. Nyemeɖo ga ɖa o ke agbalẽ si nye Nyateƒe, Si kplɔa ame yia Agbe Mavɔ Mee boŋ metsɔ ɖo ɖee heŋlɔ lɛta kpe ɖe eŋu be mezu Yehowa Ðasefo azɔ eye mexɔe se be meke ɖe nyateƒea ŋu. Esi wòxɔ lɛtaa la, eɖe gbeƒãe le sɔleme be ame aɖe si ʋu yi Australia dze aglã.

Emegbe vidada siwo ƒe viŋutsuwo le Australia nɔ nunɔlaa biam ne yewo vie alo menye ye o. Danye yi eƒeme gɔ̃ hã va ɖe kuku nɛ be wòagblɔe na ye. Egblɔ nɛ be: “Nublanuitɔe la, viwòe.” Danye gblɔ nam emegbe be ɖe wòwu ye la, ne enyo na ye wu be wògblɔ nya sia na ye tso ŋunye.

Míetrɔ Yi Greece

Le míaƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ megbe la, mía kple srɔ̃nye míedi be míatrɔ ayi Greece aɖagblɔ nu nyui siwo míesrɔ̃ le Biblia me la ŋu nya na ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo. Eyata le April 1971 me la, míekplɔ mía vinyɔnuvi Dimitria ɖe asi hetrɔ va ɖu mɔkeke didi aɖe le Kiparissia, anye kilometa 30 tso mía de Karies. Yameʋutikit yiyi kple gbɔgbɔ si míexɔ la ana míanɔ afima ɣleti ade.

Esi míeɖo aƒe le ŋkeke evea gbe ƒe zã me la, Danye wo avi eye wògblɔ nam kple avigbe be metra eye medo ŋukpe ƒomea. Enɔ avi dzi hehehe, helehele tsi akɔta nɛ eye wòɖe kuku nam be matrɔ le mɔ “gbegblẽ” si metsɔ la dzi. Gbafa ƒoe eye wòlulu ɖe nye asi me. Medze agbagba be maɖe nu me nɛ esi ŋu ke eye megblɔ nɛ be Mawu si ŋuti wòfia nu mí le tso vidzĩme ke lɔlɔ̃tɔe ŋuti sidzedze koe dzi ɖe edzi nam. Esi ŋu ke ƒe fiẽ mee mía kple nunɔlaa kple dumegã míekpe ŋgo ma si nyemaŋlɔ be akpɔ o.

Tsɛnye ŋutsuvi eve siwo le Atene gbɔ va Easter ɖu ge. Wo ame evea siaa gbe be yewomate ɖe ŋunye o abe ke anyidzelae menye ene. Gake gbeɖeka tsitsitɔ dze toɖoɖo gɔme. Esi míeɖo dze gaƒoƒo geɖe megbe la, egblɔ be yelɔ̃ ɖe nusiwo katã mefia ye tso Biblia me la dzi. Tso gbemagbe edea dzinye le ƒomea me tɔ mamleawo gbɔ.

Emegbe meɖia tsa yia Atene edziedzi va nɔa nɔvinyeŋutsua gbɔ. Ne meyi ko la, ekpea ƒomea me tɔ bubuwo be woava se nyanyuia. Edzɔ dzi nam ŋutɔ esi wo kple srɔ̃a kpakple ƒometɔ etɔ̃ bubu siwo wowɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kplii la xɔ nyɔnyrɔ̃ emegbe tsɔ ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzi!

Kwasiɖawo va nɔ yiyim kabakaba eye hafi míaƒe ɣleti adea nawu enu la, Ðasefo aɖe si le hame si didi tso mía de anye kilometa 70 la va srã mí kpɔ. Etɔ asi edzi be kpekpeɖeŋu hiã le gbeƒãɖeɖedɔa me le nutoa me eye wòbia nenye be mebu anyitsitsi ŋu. Metsɔe ɖo ŋkume na srɔ̃nye le zã ma me.

Mí ame evea míelɔ̃ ɖe edzi be anyitsitsi asesẽ. Gake edze ƒã be ehiã vevie be ameawo nase Biblia me nyateƒea. Mlɔeba míetso nya be míanɔ anyi ƒe ɖeka alo eve teti. Srɔ̃nye atrɔ ayi Australia ava dzra míaƒe aƒe kple ʋu ahalɔ nusiwo wòate ŋui la vɛ. Esi míetso nya me vɔ la, míeyi dua me le ŋufɔke va haya xɔ. Míede mía vi hã gɔmedzesuku le afima.

Yometiti Dze Egɔme

Eteƒe medidi o wokpe aʋa blibo kpli mí. Kpovitɔwo, sukudzikpɔlaa, kple nufialawo tsi tre ɖe mía ŋu. Dimitria gbea atitsogadzesi wɔwɔ le suku. Sukumegãwo yɔ kpovitɔwo be woado ŋɔdzi nɛ ne wòalɔ̃ awɔe gake enɔ te sesĩe. Wodɔ ame ɖem be mava kpɔ sukudzikpɔla la eye wòtsɔ lɛta si bisiɔpgã ŋlɔ be makplɔ Dimitria dzoe le sukua la fiam. Gake esi medzro nu me kple sukudzikpɔlaa ɣeyiɣi didi aɖe la, woɖe mɔ nɛ be wòanɔ sukua.

Meva see be ŋutsu aɖe kple srɔ̃a le Kiparissia, amesiwo de Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe eye míete ŋu ganyɔ woƒe ɖetsɔleme. Mía kple srɔ̃nye míekpea Ðasefowo tso kɔƒe si te ɖe mía ŋu me vaa wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ le mía ƒeme hã. Gake emegbe kpuie la, kpovitɔwo va lé mí katã bia gbe mí. Wotsɔ nya ɖe ŋunye be metsɔ nye aƒea wɔ tadeaguƒee mɔɖegbalẽvi maxɔmaxɔ. Gake esi womede mí gaxɔ me o ta la, míeyi míaƒe kpekpea wɔwɔ dzi.

Togbɔ be mekpɔ dɔ hã la, esi bisiɔp la see ko la, edo ŋɔdzi na nye dɔtɔ be ne menyãm le dɔ me o la, yeana woatu eƒe dɔwɔƒea. Wonɔ pɔmpwo kple gakpowo ƒe dɔwɔƒe aɖe dzram eye míeƒlee. Nunɔla eve va enumake be yewoatu dɔwɔƒea eye le kwasiɖa ʋee aɖewo megbe la, bisiɔpgã la de se be woaɖe míaƒe ƒomea le ha me. Ɣemaɣi wobua amesiame si woɖe le Helatɔwo ƒe Orthodoks Sɔlemehaa me be enye ame tsigbe. Woda kpovitɔ aɖe ɖe míaƒe fiasea ŋgɔ be wòagaɖe mɔ ame aɖeke nage ɖe eme o. Togbɔ be asisiwo menɔ mía si o hã la, míesẽ ŋkume ʋua fiasea gbesiagbe. Mía ŋu nya va tsi dua me hoo.

Wolé Mí Hedrɔ̃ Nya na Mí

Mía kple ame bubu aɖe míetsɔ eƒe dzokeke Memleɖa aɖe yina ɖase ɖi ge le kɔƒe si tsɔ mía gbɔ me. Kpovitɔwo tɔ te mí le afima eye wokplɔ mí yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒee, míenɔ afima kwasiɖanuwuwua katã. Wode mí keteke Dzoɖa ŋdi trɔ yi Kiparissia. Eɖi le dua me be wolé mí eye amehawo va ɖi anyi ɖe ketekeɖoƒea be yewoakpɔ mía kple kpovitɔ siwo nɔ mía ŋu dzɔm.

Esi woɖe míaƒe asibidɛnufli vɔ la, wokplɔ mí yi dziɖuɖua ƒe amenutsola gbɔe. Edze egɔme be yeaxlẽ kɔƒea me tɔ siwo kpovitɔwo bia gbee la ƒe amenutsonyawo sesĩe míase. Amenutsonya gbãtɔe nye: “Wogblɔ na mí be Yesu Kristo zu Fia le ƒe 1914 me.”

Amenutsola la bia dzretɔe be: “Afikae míese nya yeye ma tsoe?”

Mezɔ ɖe ŋgɔgbe va tsɔ Biblia si nɔ eƒe kplɔ̃ dzi eye meke Mateo 24 be wòaxlẽe. Ehe ɖe megbe vie gake emegbe exɔ Biblia eye wòdze exexlẽ gɔme. Esi wòxlẽe aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la, egblɔ kple dzidzɔ be: “Nyateƒe, ne aleae nyaa le la, ekema ele be madzudzɔ agbe si nɔm mele fifia ava nɔ saɖagaxɔ me!”

Megblɔ blewuu be: “Ao. Ele be nàsrɔ̃ Biblia me nyateƒea eye nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã nake ɖe nyateƒea ŋu.”

Senyala ʋee aɖewo va ɖo eye míete ŋu ɖi ɖase na wo dometɔ aɖewo le ŋkekea me. Nublanuitɔe la, esia gafɔ amenutsonya bubu ɖe te—dzimetɔtrɔ na amewo sesẽtɔe!

Míehe ʋɔnunya etɔ̃ le ƒe ma me gake mlɔeba la, wotso afia na mí le wo katã me. Dzi si míeɖu la na amewo ƒe nɔnɔme ka trɔ ɖe mía ŋu vie. Tso ɣemaɣi dzi la, wova tena ɖe mía ŋu faa hesea nya si míegblɔna le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu la nyuie wu.

Mlɔeba wova ɖo ƒuƒoƒo sue si nɔ mía ƒeme le Kiparissia wòzu hame. Woɖe Kristotɔ hamemegã aɖe ɖo ɖe míaƒe hame yeyea me eye wotiam subɔsubɔdɔwɔlae. Eteƒe medidi o Ðasefo dovevienu 15 vaa kpekpeawo edziedzi le mía ƒeme.

Míegatrɔ Yi Australia

Esi ƒe eve kple ɣleti etɔ̃ va yi vɔ la, míetso nya me be míagatrɔ ayi Australia. Ƒe siwo míetsɔ nɔ afisia va yi kabakaba ŋutɔ. Vinyenyɔnuvi Dimitria lé eƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi eye wòɖe subɔsubɔdɔwɔla aɖe le hame aɖe me le Melbourne. Mezu hamemegã fifia le Helagbe me hame aɖe me le Melbourne, hame sia mee srɔ̃nye kple mía vinyɔnu Martha si xɔ ƒe 15 hã le.

Hame sue si míegblẽ ɖe Kiparissia va lolo ɖe edzi fifia eye dzinyuitɔ geɖe siwo le afima ʋu woƒe dzi ɖe Biblia me nyateƒea ŋu. Meɖi tsa yi Greece le ƒe 1991 ƒe dzomeŋɔli me va nɔ afima kwasiɖa ʋee aɖewo, eye meƒo dutoƒonuƒo le Kiparissia, ame 70 ye va. Dzidzɔtɔe la, nɔvinyenyɔnu Maria va zu Yehowa subɔla togbɔ be ƒometɔwo tsi tre ɖe eŋu hã.

Meda akpe be mekpɔ mɔnu ke ɖe kesinɔnu vavãtɔ ŋu le Australia—mía Wɔla Yehowa Mawu kple eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua ŋuti sidzedze kple gɔmesese su asinye. Tameɖoɖo ŋutɔŋutɔ va le nye agbe ŋu azɔ eye mía kple nye ƒomea míele etsɔ me si ava kpuie la lalam esime Mawu ƒe dziƒodziɖuɖua ƒe yayrawo axɔ anyigba bliboa dzi.—Abe alesi George Katsikaronis gblɔe ene.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Kiparissia, afisi meva nɔ esi megbɔ tso Australia

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Mía kple srɔ̃nye Alexandra

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe