Mɔkpɔkpɔ Si Nyo Wu Na Luʋɔ la
ROMA-SRAFOWO mekpɔ mɔ na nusia o. Esi woge ɖe Masada-mɔ̃ si le to dzi, si nye Yudatɔwo ƒe aglãdzeha la ƒe du mamlɛtɔ me la, wodzra wo ɖokui ɖo ɖe woƒe futɔwo ƒe aʋakpekpe kpli wo, aʋawɔlawo ƒe aƒadodo, kple nyɔnuwo kpakple ɖeviwo ƒe asiƒuƒu nu ŋu. Ðe ema teƒe la, dzo ƒe bibi kpotokpoto koe wo se. Esi Romatɔawo tsa le mɔ̃ si ganɔ bibim me la, wova nya nu dziŋɔ si dzɔ ŋutɔŋutɔ: woƒe futɔwo—siwo ade ame 960—ku xoxo! Yudatɔ aʋawɔlawo wu woƒe ƒometɔwo, emegbe wowu wo nɔewo ɖekaɖeka. Ŋutsu mamlɛtɔ wu eɖokui.a Nukae na wowu amehawo kple wo ɖokui ŋɔdzitɔe ale?
Josephus si nye ɣemaɣi me ŋutinyaŋlɔla gblɔ be luʋɔ makumaku ƒe dzixɔsee nye nu vevi si gbɔ wòtso. Gbã la, Eleazar Ben Jair si nye Zazɛ̃nyahelawo ƒe ŋgɔnɔla le Masada dze agbagba be yeaƒoe ɖe etɔwo nu be bubu anɔ wo ɖokui wuwu me ŋu wu be Romatɔwo nawu wo alo be woazu kluvi na wo. Esi wòkpɔ be wonɔ hehem ɖe megbe la, etsɔ seselelãme lédziname aɖe ƒo nu le luʋɔ ŋu na wo. Egblɔ na wo be mɔxenu koe ŋutilã la nye, enye gaxɔ na luʋɔ la. Eyi edzi be: “Gake ne woɖe gae tso nu kpekpe si le ehem va anyigba kple esi me wosikae ɖo si me la, ekema ŋusẽ kɔkɔe kple ŋutete si seɖoƒe meli na o la sua esi, ezua nusi amegbetɔ ƒe ŋku mate ŋu akpɔ o abe Mawu Ŋutɔ ene.”
Aleke wowɔ nui? Josephus gblɔ be esi Eleazar ƒo nu ʋuu hekɔ nu me alea vɔ megbe la, “eƒe nyaselawo katã tso nya ɖe enu eye dzonɔameme sẽŋu aɖe ɖo wo me eye woɖe abla yi ɖawɔ nua.” Josephus gblɔ kpee be: “Wo katã lɔe ɖe eme abe gbɔgbɔ aɖee dze wo dzi ene, amesiame tsi dzi be yeawɔe kaba do ŋgɔ na ye nɔvi, . . . didi sẽŋu aɖe ge ɖe wo me ale gbegbe be wowu wo srɔ̃wo, wo viwo, kple woawo ŋutɔ wo ɖokui.”
Kpɔɖeŋu dziŋɔ sia fia alesi gbegbe luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la ate ŋu atrɔ alesi amegbetɔ bua ku le dzɔdzɔme nui. Wofia edzixɔselawo be woagabu ku be enye amegbetɔ ƒe futɔ o, ke boŋ be mɔ aɖe ko wònye wòʋu na luʋɔ la be wòaɖanɔ agbe si de ŋgɔ wu. Gake nukata Yudatɔ Zazɛ̃nyahela mawo xɔe se alea? Ame geɖe asusu be ɖe woƒe ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo, Hebri Ŋɔŋlɔawo, fia be gbɔgbɔ si le agbe la le ame me, luʋɔ si doa go ɖanɔa agbenɔnɔ dzi le ku megbe. Nenemae wòle nyateƒea?
Luʋɔ la le Hebri Ŋɔŋlɔawo Me
Kpuie ko la, ao. Wogblɔ na mí le Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ, Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me be luʋɔ menye nusi le asiwò o, enye nusi wò nènye. Míexlẽ le Adam, amegbetɔ gbãtɔ wɔwɔ ŋu be: “Ame la zu luʋɔ gbagbe.” (Mose I, 2:7) Hebrigbe me nya neʹphesh, si wozã na luʋɔ le afisia dze wu zi gbɔ zi 700 le Hebri Ŋɔŋlɔawo me, gake mefia zi ɖeka hɔ̃ hã be enye amegbetɔ ƒe akpa aɖe si le vovo, nye dziƒonu, alo gbɔgbɔ o. To vovo na ema la, luʋɔ nye nusi ŋu woate ŋu aka asii, nusi li ŋutɔŋutɔ, nusi woate ŋu akpɔ.
Di mawunyakpukpui siwo gbɔna le wò ŋutɔ wò Biblia me, elabena Hebrigbe me nya neʹphesh dze le wo dometɔ ɖesiaɖe me. Wofia kɔte be luʋɔ ate ŋu aɖo afɔku, ŋɔdzi me, eye woate ŋu afii adzoe gɔ̃ hã (Mose V, 24:7, NW; Ʋɔnudrɔ̃lawo 9:17, NW; Samuel I, 19:11, NW); ate ŋu aka asi nu ŋu (Hiob 6:7); woate ŋu ade kunyowui (Psalmo 105:18, NW) nuɖuɖu adzroe, nutsitsidɔ ate ŋu awɔ funyafunyae, eye dɔwuame kple tsikɔwuame ate ŋu ana gbafa naƒoe; ate ŋu adze dɔ si ana wòaɖi ku alo nuxaxa ate ŋu ana wòatsi zãdomadɔalɔ̃e. (Mose V, 12:20, NW; Psalmo 35:13; 69:10, NW; 106:15, NW; 107:9; 119:28) Ne míagblɔe bubui la, esi wòe nye luʋɔ, wò ameti bliboa ta la, nusianu si dzɔ ɖe dziwò la dzɔ ɖe wò luʋɔ la dzi.b
Ekema ɖe ema fia be luʋɔ ate ŋu aku ŋutɔŋutɔa? Ẽ. Womeƒo nu kura le Hebri Ŋɔŋlɔawo me be amegbetɔwo ƒe luʋɔ mekuna o ke boŋ be ‘wotsrɔ̃e ɖa,’ alo wowui le nuvɔ̃ aɖe wɔwɔ ta, woƒu nui vevie, wowui, wotsrɔ̃e, kple be wovuvui. (Mose II, 31:14, NW; Mose V, 19:6; 22:26, NW; Psalmo 7:2, NW) Xezekiel 18:4 gblɔ be: “Luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la—eyae aku.” Eme kɔ be esi mí katã míewɔ nuvɔ̃ ta la, kue nye amegbetɔwo ƒe luʋɔ ƒe nuwuwu. (Psalmo 51:7) Wogblɔ na ame gbãtɔ Adam be nuvɔ̃ ƒe tohee nye ku—menye ekpɔkplɔ ayi gbɔgbɔ me nutowo me kple makumakunyenye o. (Mose I, 2:17) Eye esi wòwɔ nuvɔ̃ la, wotso afia be: “Anyi nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!” (Mose I, 3:19) Esime Adam kple Xawa ku la, nusi Biblia yɔna zi geɖe be ‘luʋɔ kukuwo’ koe wozu.—Mose IV, 5:2; 6:6, NW.
Mewɔ nuku o be The Encyclopedia Americana gblɔ le luʋɔ si le Hebri Ŋɔŋlɔawo me ŋu be: “Amegbetɔ ŋuti nukpɔsusu si le Nubabla Xoxoa mee nye nu ƒe ɖekanyenye, menye luʋɔ kple ŋutilã ƒe ɖekawɔwɔ o.” Egblɔ kpee be: “Womesusu gbeɖe be Nefesh . . . la wɔa nu le eɖokui si ŋutilã la manɔmee o.”
Eyata nukae Yudatɔ nuteƒewɔlawo xɔ se be ku nye? Kpuie ko la, woxɔe se be ku nye agbemanɔmanɔ. Psalmo 146:4 gblɔ nusi dzɔna ne gbɔgbɔ, alo agbeŋusẽ la do go le ame me: “Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.”c Nenema ke Fia Salomo ŋlɔ be ame kukuwo “menya naneke o.”—Nyagblɔla 9:5.
Ke nukata ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ geɖewo abe Zazɛ̃nyahela siwo nɔ Masada ene xɔ luʋɔ makumaku dzi se nenema gbegbe?
Helatɔwo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi
Menye Biblia mee Yudatɔwo kpɔ nukpɔsusu sia tsoe o, ke boŋ tso Helatɔwo gbɔe. Edze abe ƒe alafa adre kple atɔ̃ lia D.M.Ŋ. domee nukpɔsusua tso Helatɔwo ƒe vivimeha nyaɣaɣladzixɔselawo dome ge ɖe Helatɔwo ƒe xexemenunyafiafia me ene. Woxɔ agbenɔnɔ le ku megbe ƒe nukpɔsusu si nye be luʋɔ vɔ̃ɖiwo axɔ fetu si me vevesese le dzi se ɣeyiɣi didi aɖe, eye nukpɔsusua va xɔ aƒe ɖi eye wòkaka. Xexemenunyalawo he glãka madzudzɔmadzudzɔe le alesi luʋɔ la le ŋutɔŋutɔ ŋu. Homer gblɔ be luʋɔ la dona enumake le ame ƒe kuɣi eye wòtea gbe hɔ̃ɔ, hexlɔ̃na tsuitsuitsui, alo hoo. Epicurus gblɔ be kpekpeme le luʋɔ la si nyateƒe, eyata enye nusi le sue ŋutɔ.d
Gake ɖewohĩ ame vevitɔ kekeake si ʋli luʋɔ makumaku tae nye Helatɔ xexemenunyala Plato si nɔ anyi le ƒe alafa enelia D.M.Ŋ. me. Alesi wòɖɔ eƒe nufiala Socrates ƒe kui la ɖe kakaɖedzi si sɔ kple Zazɛ̃nyahela siwo nɔ Masada ƒe alafa geɖe megbe la tɔ fia. Abe alesi agbalẽnyala Oscar Cullmann gblɔe ene la, “Plato gblɔ alesi Socrates ku le ŋutifafa kple dziɖeɖi blibo mee la na mí. Socrates ƒe ku nyo ŋutɔ. Ku ƒe ŋɔdzi aɖeke medze le egome o. Socrates mate ŋu avɔ̃ na ku o, elabena le nyateƒe me, enaa míevona tsoa ŋutilã la si me. . . . Kue nye luʋɔ la ƒe xɔlɔ̃ vevitɔ. Nenemae wòfiaa nui; eye nenemae wòku wòsɔ pɛ kple eƒe nufiafia.”
Edze ƒã be Maccabetɔwo ŋɔli, le ƒe alafa evelia do ŋgɔ na Kristo mee Yudatɔwo va nɔ nufiafia sia dzi xɔm se tso Helatɔwo gbɔ. Josephus gblɔ na mí be ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. mee Farisitɔwo kple Essenetɔwo—Yuda subɔsubɔha xɔŋkɔwo—va ku ɖe nufiafia sia ŋu. Dzixɔse ma dze le hakpanya aɖewo siwo dze abe ɣemaɣie woŋlɔ wo ene la me.
Ke Yesu Kristo hã ɖe? Ðe wo kple eƒe nusrɔ̃lawo hã xɔ nukpɔsusu sia tso Hela-subɔsubɔhawo gbɔ hefiaea?
Kristotɔ Gbãtɔwo ƒe Nukpɔsusu le Luʋɔ Ŋu
Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo mebu luʋɔ la abe alesi Helatɔwo bui ene o. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le Yesu xɔlɔ̃ Lazaro ƒe ku ŋuti kpɔ. Nenye ɖe luʋɔ makumaku aɖe nɔ Lazaro si si doa go enumake le ablɔɖe kple dzidzɔ me le ku megbe la, ɖe Yohanes ta 11 ƒe nuŋlɔɖia mato vovo kura oa? Nenye ɖe Lazaro nɔ agbe henɔ vivi sem le dziƒo la, anye ne Yesu agblɔe na eyomedzelawo kokoko; gake nya si sɔ kple esi le Hebri Ŋɔŋlɔawo me boŋ ye wògblɔ na wo be Lazaro le alɔ̃ dɔm, meganya naneke o. (Kpukpui 11) Nenye ɖe Yesu xɔlɔ̃a nɔ vivi sem le agbe yeye wɔnuku aɖe me la, anye ne dzi adzɔe godoo; gake míekpɔ be enɔ eƒe ku fam le dutoƒo boŋ. (Kpukpui 35) Le nyateƒe me la, nenye Lazaro ƒe luʋɔ ɖe wònɔ dziƒo henɔ aglo tum le makumakunyenyegbenɔnɔ dodzidzɔname aɖe me la, anye ne Yesu masẽ ŋuta le eŋu nenema gbegbe ayɔe be wòagava nɔ agbe le “gaxɔ” si nye amegbetɔ ƒe ŋutilã madeblibo me le ameƒome si dzea dɔ kuna la dome hena ƒe ʋee aɖewo akpee o.
Ðe Lazaro gbɔ agbe va nɔ ŋutinya lédzinamewo gblɔm le ŋkeke ene wɔnuku siwo wònye gbɔgbɔmeme si do go le ŋutilã me ablɔɖetɔe la ŋua? Ao, megblɔe o. Luʋɔ makumaku dzixɔselawo agblɔ be esi nusiwo wòkpɔ la wu gbɔgblɔ nɛ tae. Gake numeɖeɖe ma me mekɔ o; ne èbu eŋu kpɔ la, ɖe Lazaro mate ŋu agblɔ ema teti na eƒe lɔlɔ̃tɔwo oa—be yekpɔ nane teƒe si wu gbɔgblɔ na ye oa? Ke boŋ Lazaro megblɔ naneke kura le nusiwo teƒe wòkpɔ esime wòku la ŋu o. Bu eŋu kpɔ—ezi kpi ɖe nya si ŋu amegbetɔwo tsi dzi ɖo vevie be yewoanya nu tsoe wu nu bubu ɖesiaɖe la dzi: alesi ku le! Gɔmesese ɖeka koe le ɖoɖoezizi ma ŋu. Nya aɖeke meli wòagblɔ o. Kukuawo le alɔ̃ dɔm, womenya naneke o.
Eyata ɖe Biblia ƒo nu le ku ŋu be enye luʋɔ ƒe xɔlɔ̃, be enye wɔna dzro aɖe si kplɔa ame toa agbe ƒe go aɖe me yia bubu mea? Ao! Le nyateƒe Kristotɔwo abe apostolo Paulo ene gome la, ku menye xɔlɔ̃ o; enye “futɔ mamlɛtɔ.” (Korintotɔwo I, 15:26) Kristotɔwo mebua ku be enye dzɔdzɔmenu o, ke boŋ be edzi ŋɔ, mele dzɔdzɔme nu o, elabena enye nuvɔ̃ kple aglãdzedze ɖe Mawu ŋu ƒe emetsonu. (Romatɔwo 5:12; 6:23) Menɔ tame si Mawu ɖo ɖe ameƒomea ŋu le gɔmedzedzea me la me kura o.
Gake mɔkpɔkpɔ le nyateƒe Kristotɔwo si le luʋɔ ƒe kuku gome. Lazaro ƒe tsitretsitsi nye Biblia me nuŋlɔɖi gbogboawo dometɔ ɖeka si ɖe mɔkpɔkpɔ si le Ŋɔŋlɔawo me na luʋɔ kukuwo fia nyuie—tsitretsitsi. Tsitretsitsi ƒomevi eve ŋue Biblia fia nu le. Tsitretsitsi va agbe mavɔ me le Paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ li na ameƒomea akpa gãtɔ siwo le alɔ̃ dɔm le yɔdo me, woɖanye ame dzɔdzɔewo alo ame madzɔmadzɔwo o. (Luka 23:43; Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15) Woafɔ hatsotso sue aɖe si Yesu yɔ be wonye yeƒe “ha sue” la ayi makumakugbenɔnɔ me be woanye gbɔgbɔmemewo le dziƒo. Amesiawo siwo dome Kristo ƒe apostolowo le la aɖu fia kple Kristo Yesu ɖe ameƒomea dzi eye woana blibodede nasu wo si.—Luka 12:32; Korintotɔwo I, 15:53, 54; Nyaɖeɖefia 20:6.
Ke nukata míekpɔ be Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo mele nu fiam tso tsitretsitsi ŋu o ke amegbetɔ ƒe luʋɔ ƒe makumakunyenye boŋ ŋutie wole nu fiam le? De ŋugble le ŋuɖoɖo si mawunyaŋununyala Werner Jaeger na le The Harvard Theological Review me le ƒe 1959 me la ŋu kpɔ: “Nyateƒenya vevi si le Kristotɔwo ƒe nufiafiawo ƒe ŋutinya mee nye be Origen, si nye amesi to Kristotɔwo ƒe mawunyaŋunufiafiawo vɛ la nye Plato ƒe xexemenunyasrɔ̃la le suku si le Alexandria. Eyae tsɔ luʋɔ ŋuti nufiafia gbogbo siwo wòxɔ tso Plato gbɔ la kpe ɖe Kristotɔwo ƒe nufiafiawo ŋu.” Eyata sɔlemeha la wɔ nusi tututu Yudatɔwo wɔ ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la! Wode Helatɔwo ƒe xexemenunya dzi eye wogblẽ Biblia me nufiafiawo ɖi.
Afisi Nufiafia la Dzɔ tso Ŋutɔŋutɔ
Azɔ ame aɖe abia atsɔ aʋli luʋɔ makumaku nufiafia la tae be, Nukata xexeame ƒe subɔsubɔha geɖe ŋutɔ fiaa nusia ke le mɔ vovovowo nu mahã? Ŋɔŋlɔawo na ŋuɖoɖo si me kɔ si tae nufiafia sia bɔ ɖe xexeame ƒe subɔsubɔhawo me ɖo.
Biblia gblɔ na mí be “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la [si] me” eye wòtɔ asi Satana koŋ dzi be eyae nye “xexe sia me fia.” (Yohanes I, 5:19; Yohanes 12:31) Edze ƒã be xexeame ƒe subɔsubɔhawo medo le Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me o. Ke boŋ wona xaxa kple dzrewɔwɔ dzi ɖe edzi ŋutɔ le egbe xexeame. Eye le luʋɔ ƒe nya la gome la, edze abe Satana ƒe susue woɖena fiana koŋ ene. Alekee?
Ðo ŋku alakpa gbãtɔ si woda la dzi. Mawu gblɔ na Adam kple Xawa be ne wowɔ nuvɔ̃ ɖe ye ŋu la ku kee woaku. Gake Satana ka ɖe edzi na Xawa be: “Miele kuku ge akpɔ o.” (Mose I, 3:4) Le nyateƒe me la, Adam kple Xawa wova ku; wotrɔ zu anyi abe alesi Mawu gblɔe ene. Satana, “aʋatsokafofo” la meɖe asi le eƒe alakpadada gbãtɔ la ŋu kpɔ o. (Yohanes 8:44) Le subɔsubɔha gbogbo siwo da Biblia ƒe nufiafia ƒu alo ŋe aɖaba ƒu edzi keŋkeŋ me la, nukpɔsusu sia kee wogafiana: ‘Mèle kuku ge akpɔ o. Wò ŋutilã ate ŋu aku, gake wò luʋɔ ya agayi edzi anɔ agbe, tegbee—abe Mawu ene!’ Nenema koe Satana hã gblɔ na Xawa be anɔ “abe Mawu ene”!—Mose I, 3:5.
Aleke wòanyo wue nye si be mɔkpɔkpɔ si wotu ɖe nyateƒe dzi, ke menye ɖe alakpa alo amegbetɔ ƒe xexemenunya dzi o nanɔ ame si. Aleke wòanyo wue nye si be míaka ɖe edzi be míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku la mele naneke nyam le yɔdo me o tsɔ wu be míatsi dzi ɖe luʋɔ makumaku aɖe ƒe afisi míasusu be ele la ŋu! Mele be ame kukuwo ƒe alɔ̃dɔdɔ sia nado vɔvɔ̃ na mí alo wòana míalé blanui o. Míate ŋu abu ame kukuwo le mɔ aɖe nu be wole gbɔɖemeƒe aɖe si le dedie. Nukata wole dedie? Elabena Biblia ka ɖe edzi na mí be ame kuku siwo Yehowa lɔ̃ la le agbe le gɔmesese tɔxɛ aɖe nu. (Luka 20:38) Wole agbe le eƒe susu me. Nya ma faa akɔ na ame ale gbegbe elabena seɖoƒe meli na eƒe ŋkuɖoɖonudzi o. Edi vevie be yeagbɔ agbe amegbetɔ lɔlɔ̃tɔ miliɔn gbogbo aɖewo ne yeana mɔnukpɔkpɔ wo be woanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi.—Tsɔe sɔ kple Hiob 14:14, 15.
Tsitretsitsiŋkeke kɔkɔe la ava, elabena Yehowa ƒe ŋugbedodowo katã ava eme godoo. (Yesaya 55:10, 11) Wò ya bu nyagblɔɖi sia ƒe emevava ŋu kpɔ: “Wò ame kukuwo agbɔ agbe, eye nye ame kukuwo afɔ ɖe tsitre! Minyɔ, mi ketu me tɔwo, eye mitso aseye, elabena miaƒe zãmu enye kekeli ƒe zãmu, eye anyigba [agadzi amesiwo ku xoxoxo la ake, The New English Bible].” (Yesaya 26:19) Eyata ame kuku siwo le alɔ̃ dɔm le yɔdo me la le dedie abe vidzĩ si le dadaa ƒe vidzidɔ me ene. ‘Woagadzi’ wo kpuie, woagbɔ agbe wo va paradisonyigba dzi!
Mɔkpɔkpɔ kae agate ŋu anyo wu ema?
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Woka nya ta be nyɔnu eve kple ɖevi atɔ̃ yi ɖaɣla wo ɖokui eye wotsi agbe. Emegbe nyɔnuawo gblɔ nusiwo dzɔ la na Romatɔ siwo ɖe wo aboyoe.
b Gake abe alesi wozãa nya geɖe le mɔ vovovo nui ene la, gɔmesese bubuwo le nya neʹphesh hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu afia wò amenyenye ememetɔ, vevietɔ le wò seselelãme detowo gome. (Samuel I, 18:1, NW) Ate ŋu afia agbe si ame le esi wònye luʋɔ hã.—Fiawo I, 17:21-23.
c Hebrigbe me nya si wozãna na “gbɔgbɔ” lae nye ruʹach, si gɔmee nye “[ŋɔtime]gbɔgbɔ” alo “ya.” Ne wozãe na amegbetɔwo la, menye gbɔgbɔ me nu aɖe si le agbe le eɖokui sie wòfiana o, ke boŋ abe alesi The New International Dictionary of New Testament Theology gblɔ ene la, efiana “ame la ƒe agbeŋusẽ.”
d Menye eya ɖeɖekoe bui le mɔ wɔmoya siawo nu o. Le ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe gblɔ le nyateƒe me be yeda ame geɖe ƒe luʋɔwo kpɔ to woƒe kpekpeme le ku megbe teti ɖeɖe tso woƒe kpekpeme do ŋgɔ na woƒe ku teti me.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Yudatɔ Zazɛ̃nyahela siwo nɔ Masada la xɔe se be ku ana yewoƒe luʋɔ navo