Aleke Gbegbee Nèxɔ Tsitretsitsia Dzi Se?
“Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe.”—YOHANES 11:25.
1, 2. Nukata wòhiã be Yehowa subɔla naka ɖe tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa dzi?
ALEKE gbegbee nèkpɔa mɔ na tsitretsitsi lae? Ðe wòkpɔa tawò tso vɔvɔ̃ na ku me eye wòfaa akɔ na wò ne wò ame vevi aɖewo kua? (Mateo 10:28; Tesalonikatɔwo I, 4:13) Ðe nèle abe blema mawusubɔla siwo to ƒoƒo, fewuɖuɖu, fuwɔame, kple gaxɔmenɔnɔ me le esi tsitretsitsi dzixɔsea do ŋusẽ wo ta enea?—Hebritɔwo 11:35-38.
2 Ẽ, mele be ɖikeke aɖeke kura nanɔ Yehowa subɔla ɖianukware me be tsitretsitsi aɖe ava o, eye ele be eƒe kakaɖedzi nakpɔ ŋusẽ ɖe alesi wònɔa agbee dzi. Ewɔa nuku ne èbu eŋu be le Mawu ƒe ɣeyiɣi dzi la, atsiaƒu, ku, kple tsiẽƒe aɖe ame kuku siwo le wo me la ana, eye mɔnukpɔkpɔ asu amesiawo siwo woafɔ ɖe tsitre si be woanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi.—Nyaɖeɖefia 20:13; 21:4, 5.
Agbenɔnɔ le Etsɔme Ŋuti Ðikekewo
3, 4. Dzixɔse kae kpɔtɔ le ame geɖe si le agbenɔnɔ le ku megbe ŋu?
3 Kristodukɔa fia nu tso gbaɖegbe ke be ame ganɔa agbe le ku megbe. Nyati aɖe si le U.S. Catholic magazine me gblɔ be: “Le ƒeawo me la, Kristotɔwo te kpɔ be yewoanɔ te ɖe agbe sia me dziɖeleameƒo kple fukpekpewo nu to mɔkpɔkpɔ na agbe bubu aɖe si me ŋutifafa kple dzidzeme le, si me woakpɔ dziɖeɖi kple dzidzɔ le la nɔnɔ me.” Le dukɔ siwo me Kristodukɔ ƒe sɔlemehawo sɔ gbɔ ɖo me gɔ̃ hã la, togbɔ be amewo megatsɔa ɖeke le mawusubɔsubɔ me o eye wodoa vloe le go aɖewo me hã, ame geɖe gaxɔe se kokoko be nane anya nɔ anyi le ku megbe. Gake nu geɖe li siwo dzi womeka ɖo o.
4 Nyati aɖe si le Time magazine me gblɔ be: “Amewo gaxɔ [agbenɔnɔ le ku megbe] dzi se kokoko: ɖeko womegaka ɖe nusi tututu wobu be wònye la dzi boo o eye woƒe mawunyagblɔlawo megaƒoa nu tso eŋu edziedzi kura o.” Nukata subɔsubɔhawo ƒe osɔfowo megaƒoa nu le agbenɔnɔ le ku megbe ŋu fũ abe tsã ene o? Mawusubɔsubɔ ŋuti nunyala Jeffrey Burton Russell gblɔ be: “Mebu be [osɔfowo] medi be yewoaƒo nu tso nya la ŋu o elabena wokpɔe be ava hiã be yeawoadze ŋgɔ amewo ƒe ɖikeke le nya la ŋu.”
5. Aleke ame geɖe bua dzomavɔ nufiafia lae egbea?
5 Le sɔlemeha geɖe me la, wogblɔna be dziƒo kple dzomavɔ me yiyi ye agbenɔnɔ le ku megbe nye. Eye ne osɔfowo medi be yewoaƒo nu tso dziƒoyiyi ŋu o la, ke madzro wo kura be woaƒo nu tso dzomavɔ ŋu o. Nyadzɔdzɔgbalẽ me nyati aɖe gblɔ be: “Le ŋkeke siawo me la, sɔlemeha siwo xɔe se be woahe to na ame aɖewo ɖaa le dzomavɔ aɖe me . . . gɔ̃ hã megatea gbe ɖe dzixɔsea dzi boo o.” Le nyateƒe me la, egbegbe mawunyaŋutinunyala akpa gãtɔ megaxɔe se be teƒe ŋutɔŋutɔ aɖe si wowɔa funyafunya amewo le ye hell nye abe alesi wofia le Titinaɣeyiɣiawo me ene o. Ke boŋ wotrɔ susu ɖe hell si me “nublanuikpɔkpɔ” dze le wu ŋu. Egbegbe nukpɔsusuwo taʋlila geɖe gblɔ be womewɔa fu nuvɔ̃wɔla siwo le hell ŋutɔŋutɔ o, ke boŋ ɖe wokpea fu le esi “wo kple Mawu dome mã le gbɔgbɔ me” ta.
6. Aleke ame aɖewo kpɔnɛ be xɔse mele yewo si o ne wodze ŋgɔ afɔku?
6 Ðewohĩ tsitɔtɔ sɔlemeha ƒe nufiafia ale be wòagaɖe fu na amesiwo li egbea ƒe susu o ana ame aɖewo matsi tre ɖe eŋu ya o, gake ena sɔlemedela miliɔn geɖe meganyaa nusi dzi woaxɔ ase o. Eyata ne amesiawo dze ŋgɔ ku ŋkume kple ŋkume la, wokpɔnɛ be xɔse mele yewo si o. Woƒe nɔnɔme ɖi nyɔnu aɖe si ƒe ƒometɔ geɖe tsi afɔku wɔnublanui aɖe me tɔ. Esi wobiae ne eƒe subɔsubɔdzixɔsewo na wòkpɔ akɔfafa la, eɖo eŋu kakaɖedzimanɔsitɔe be, “Ewɔ nam nenema.” Gake ne ɖe wòɖo eŋu kple kakaɖedzi be yeƒe mawusubɔsubɔ me dzixɔsewo kpe ɖe ye ŋu hã la, ɣeyiɣi didi kae eƒe dzixɔseawo aɖe vi nɛ ase ɖo ne menye gɔmeɖoanyi nyui dzie wotui ɖo o? Ele vevie be míabu nya sia ŋu elabena ne míagblɔe le nyateƒe me la, nusi sɔlemeha akpa gãtɔ fiana to vovo sasasã na nusi Biblia fia.
Kristodukɔa ƒe Nukpɔsusu le Agbenɔnɔ le Ku Megbe Ŋu
7. (a) Dzixɔse ɖeka kae le sɔlemeha akpa gãtɔ si? (b) Aleke mawunyaŋutinunyala aɖe ɖe luʋɔ makumaku ƒe nufiafia mee?
7 Togbɔ be vovototowo le Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo me hã la, wo katã kloe lɔ̃ ɖe edzi be luʋɔ makumaku le amegbetɔwo si si nɔa agbe le ŋutilã ƒe ku megbe. Ame akpa gãtɔ xɔe se be ne ame ku la, eƒe luʋɔ ate ŋu ayi dziƒo. Ame aɖewo vɔ̃na be ɖewohĩ yewoƒe luʋɔ ava yi dzomavɔ aɖe alo ŋutiklɔdzo me. Gake luʋɔ makumaku ye kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nukpɔsusu le agbenɔnɔ le etsɔme ŋu dzi. Mawunyaŋutinunyala Oscar Cullmann ƒo nu tso esia ŋu le eƒe numeɖeɖe si wota ɖe agbalẽ si nye Immortality and Resurrection me la me. Eŋlɔ bena: “Ne míebia Kristotɔ ɖesiaɖe egbea . . . be nukae wòsusu be Nubabla Yeyea fia le nusi adzɔ ɖe amegbetɔ dzi le ku megbe ŋu la, woƒe akpa gãtɔ aɖo eŋu na mí be: ‘luʋɔ ƒe numakumakunyenye.’ ” Gake Cullmann gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Kristotɔnyenye me nugɔmemasemase gãtɔ kekeakewo dometɔ ɖekae dzixɔse sia si le ame geɖe si la nye.” Cullmann gblɔ be esime yegblɔ nya sia zi gbãtɔ la, amewo do ɣli ɖe ye ta. Ke hã nyateƒee wòto.
8. Mɔkpɔkpɔ kae Yehowa tsɔ ɖo ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ ŋkume?
8 Yehowa Mawu mewɔ amegbetɔwo be woaku ayi dziƒo o. Menɔ eƒe tameɖoɖo me le gɔmedzedzea me be woaku gɔ̃ hã o. Ewɔ Adam kple Xawa wode blibo eye wòna mɔnukpɔkpɔ wo be woatsɔ woƒe dzidzimevi dzɔdzɔewo ayɔ anyigba dzii. (Mose I, 1:28; Mose V, 32:4) Wogblɔ na mía dzila gbãtɔwo be ne wogbe toɖoɖo Mawu ko hafi woaku. (Mose I, 2:17) Ne ɖe woyi edzi wɔ wo Fofo si le dziƒo ƒe gbe dzi la, anye ne woayi edzi anɔ anyigba dzi tegbee.
9. (a) Nukae nye nyateƒe si ku ɖe amegbetɔ ƒe luʋɔ ŋu? (b) Nukae dzɔna ɖe luʋɔ dzi ne eku?
9 Gake nublanuitɔe la, Adam kple Xawa meɖo to Mawu o. (Mose I, 3:6, 7) Apostolo Paulo ƒo nu tso nu wɔnublanui siwo do tso eme ŋu be: “To ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.” (Romatɔwo 5:12) Adam kple Xawa ku, le esi teƒe be woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Nukae va dzɔ? Ðe luʋɔ makumaku nɔ wo si siwo woakplɔ ayi dzomavɔ aɖe me le woƒe nuvɔ̃ taa? Nya si Biblia gblɔ wòto vovo na esia enye be esi wowɔ Adam le gɔmedzedzea me la, “[ezu] luʋɔ gbagbe.” (Mose I, 2:7) Wometsɔ luʋɔ na amegbetɔ o; eva zu luʋɔ, si nye ame gbagbe. (Korintotɔwo I, 15:45) Menye Adam koe nye “luʋɔ gbagbe” o ke boŋ abe alesi Hebrigbe si me woŋlɔ Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ɖo ɖee fia ene la, lã siwo bɔbɔ ɖe anyi wu hã nye “luʋɔ gbagbewo”! (Mose I, 1:24, NW) Esime Adam kple Xawa ku la, wova zu luʋɔ kukuwo. Mlɔeba la, nusi tututu Yehowa gblɔ na Adam la dzɔ ɖe wo dzi: “Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!”—Mose I, 3:19.
10, 11. Nya ka dzie New Catholic Encyclopedia lɔ̃ ɖo le Biblia ƒe nufiafia le luʋɔ ŋu, eye aleke míatsɔ esia asɔ kple nusi Biblia gblɔ?
10 New Catholic Encyclopedia lɔ̃ ɖe nya vevi sia dzi. Egblɔ le eƒe nyati si nye “Luʋɔ (le Biblia me)” la me be: “Mamã aɖeke mele ŋutilã kple luʋɔ me le Nubabla Xoxoa [alo Hebri Ŋɔŋlɔawo] me o.” Egblɔ kpe ɖe eŋu be le Biblia me la, nya “luʋɔ” “mefia luʋɔ si le vovo tso ametia alo amea ŋutɔ gbɔ gbeɖe o.” Le nyateƒe me la, luʋɔ “nye nua ŋutɔŋutɔ eɖanye le lãwo gome loo alo le amegbetɔwo gome o.” Nyateƒetoto alea nya se, gake ame aɖe abia be nukata womena sɔlemedelawo katã nya nyateƒenya siawo o.
11 Dzitsitsi kple vɔvɔ̃ ka gbegbee nye si woaɖe ɖa le sɔlemedelawo me ne ɖe wonya nyateƒenya bɔbɔe sia si le Biblia me be: “Luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku,” ke menye be wòakpe fu le dzomavɔ me o! (Xezekiel 18:4) Togbɔ be esia to vovo sã na nusi Kristodukɔa fiana hã la, esɔ ɖe nya si gbɔgbɔ ʋã Salomo nunyala la wògblɔ nu pɛpɛpɛ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, fetu aɖeke megali na wo [le agbe sia me] o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be. Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe [ameƒomea ƒe yɔdo], afisi yi ge nala o.”—Nyagblɔla 9:5, 10.
12. Afikae Kristodukɔa kpɔ eƒe luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la tsoe?
12 Nukata Kristodukɔa fiaa nusi to vovo sasasã na nya si Biblia gblɔ? New Catholic Encyclopedia ƒe nyati si ƒe tanye nye “Luʋɔ, Amegbetɔ, Woƒe Makumakunyenye” gblɔ be menye Biblia mee Sɔlememegã gbãtɔwo kpɔ kpeɖodzi na luʋɔ makumaku dzixɔse le o, ke “hakpanyaŋlɔlawo kple xexemenunyalawo kpakple Helatɔwo ƒe blema nukpɔsusu me boŋue wokpɔe le . . . Emegbe edze agbalẽnyala mawo ŋu be woazã Plato ƒe nufiafia alo Aristotle ƒe gɔmeɖosewo afia nui.” Egblɔ be emegbe wotsɔ “Plato ƒe xexemenunyafiafia kple Plato ƒe Nufiafia si ŋu wotrɔ asi le”—kpakple luʋɔ makumaku dzixɔse hã—de “Kristotɔwo ƒe mawunyafiafia vevitɔwo me.”
13, 14. Nukata susu mele eme be woakpɔ mɔ be woakpɔ numekɔkɔ tso trɔ̃subɔla Helatɔ xexemenunyafialawo gbɔ o?
13 Ðe wòsɔ be amesiwo gblɔna be Kristotɔwo yewonye la natrɔ ɖe Helatɔ trɔ̃subɔla siwo nye xexemenunyafialawo ŋu be yewoasrɔ̃ nu tso agbenɔnɔ le ku megbe ƒe mɔkpɔkpɔ si gɔme nya se bɔbɔe ŋu hafia? Mesɔ kura o. Esime Paulo ŋlɔ lɛta na Kristotɔ siwo nɔ Korinto le Hela la, egblɔ be: “Xexe sia me nunya enye bometsitsi le Mawu gbɔ, elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Eléa nunyalawo le woƒe aɖaŋu vɔ̃ me.’ Eye wogaŋlɔ be: ‘[Yehowa, NW] dzea si nunyalawo ƒe susuwo bena, wonye dzodzro.’ ” (Korintotɔwo I, 3:19, 20) Trɔ̃subɔlawoe blema Helatɔwo nye. Eyata aleke wòava dzɔ be nyateƒe natso wo gbɔ? Paulo bia Korintotɔwo be: “Ðekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? Elabena míawoe nye Mawu gbagbe la ƒe xɔ, abe alesi Mawu gblɔ ene bena: ‘Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ.’ ”—Korintotɔwo II, 6:16.
14 Israel-dukɔa dzie woto tsɔ nyateƒe kɔkɔewo ŋuti ɖeɖefia na le gɔmedzedzea me. (Romatɔwo 3:1, 2) Le ƒe 33 M.Ŋ. megbe la, wotsɔe na to ƒe alafa gbãtɔ me amesiaminawo ƒe Kristo-hamea dzi. Esi Paulo nɔ nu ƒom tso ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ŋu la, egblɔ be: “Míawo la Mawu ɖe [nusiwo wodzra ɖo ɖi na amesiwo lɔ̃ eyama] la fia mí to eƒe gbɔgbɔ dzi.” (Korintotɔwo I, 2:10; kpɔ Nyaɖeɖefia 1:1, 2 hã.) Helatɔwo ƒe xexemenunya mee Kristodukɔa ɖe luʋɔ makumaku nufiafia la tsoe. Menye nya siwo Mawu ɖe fia Israel alo to ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea dzie o.
Ame Kukuwo ƒe Mɔkpɔkpɔ Vavãtɔ
15. Le Yesu ƒe nya nu la, mɔkpɔkpɔ vavã kae li na ame kukuwo?
15 Ne luʋɔ makumaku meli o la, ke mɔkpɔkpɔ kae li na ame kukuwo? Le nyateƒe me la, eyae nye tsitretsitsi, si nye Biblia me nufiafia vevi kple Mawu ƒe ŋugbedodo si wɔ nuku vavã. Yesu ɖe tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ la fia esime wògblɔ na exɔlɔ̃ Marta be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe.” (Yohanes 11:25) Yesu dzixɔxɔse fia be woaxɔ tsitretsitsia dzi ase, ke menye luʋɔ makumaku o.
16. Nukata nunya le eme be míaxɔ tsitretsitsia dzi ase?
16 Yesu ƒo nu tso tsitretsitsia ŋu do ŋgɔ esime wògblɔ na Yudatɔ aɖewo be: “Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe; eye . . . woado go.” (Yohanes 5:28, 29) Nusi ŋu Yesu le nu ƒom tsoe le afisia la to vovo sã na luʋɔ makumaku si nɔa agbe le ametia ƒe kuku megbe kple eƒe dziƒoyiyi tẽ. Enye amesiwo le yɔdo me ƒe alafa geɖe alo ƒe akpe geɖe gɔ̃ hã ƒe ‘dodo’ le etsɔme. Efia be luʋɔ kukuwo agava nɔ agbe. Manya wɔ oa? Mesesẽ na Mawu “amesi gagbɔa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nusiwo meli o, abe nusiwo li la ene” o. (Romatɔwo 4:17) Ðikelawo ɖua fewu le dzixɔse si nye be woagbɔ agbe amewo tso ku me la ŋu, gake esɔ ɖe nyateƒenya sia nu nyuie be “Mawue nye lɔlɔ̃” eye be “[enye] teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.”—Yohanes I, 4:16; Hebritɔwo 11:6.
17. Nukae Mawu ato tsitretsitsia dzi awɔ?
17 Ne míebu eŋu kpɔ la, aleke Mawu aɖo eteƒe na amesiwo ‘wɔ nuteƒe vaseɖe ku me’ ne megbɔ agbe wo o? (Nyaɖeɖefia 2:10) Tsitretsitsia ana hã be Mawu nawɔ nusi ŋu apostolo Yohanes ŋlɔ nu tsoe la ade goe be: “Esia ŋuti Mawuvi la ɖe eɖokui fia, bene yeagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo.” (Yohanes I, 3:8) Le Eden-bɔa me ke la, Satana va zu ameƒome bliboa katã wula esime wòkplɔ mía dzila gbãtɔwo de nuvɔ̃ kple ku me. (Mose I, 3:1-6; Yohanes 8:44) Yesu te Satana ƒe dɔwo me gbegblẽ esime wòtsɔ eƒe agbe deblibo xe tafe si sɔ tsɔ ʋu mɔ ɖi be wòaɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ ƒe kluvinyenye si dome wonyi wònye Adam ƒe tomaɖomaɖo si wòɖo koŋ wɔ me tsonu la me. (Romatɔwo 5:18) Amesiwo ku le Adam ƒe nuvɔ̃ sia ta ƒe tsitretsitsi agagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me ɖe edzi.
Ametia Kple Luʋɔ
18. Aleke Helatɔ xexemenunyala aɖewo wɔ nui esime Paulo gblɔ be wofɔ Yesu ɖe tsitre, eye nukatae?
18 Esime apostolo Paulo nɔ Atene la, eɖe gbeƒã nyanyuia fia ameha siwo dome Helatɔ xexemenunyala aɖewo nɔ. Woɖo to se eƒe numeɖeɖe le Mawu vavã ɖeka la kple eƒe yɔyɔ va dzimetɔtrɔ gbɔe ŋu. Gake nukae va dzɔ? Paulo ƒo eƒe nuƒoa ta be: “[Mawu] ɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsu aɖe, si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.” Nya ma de zi ameawo me. “Esi wose ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti nya la, ame aɖewo ɖe alɔme ɖe eŋuti.” (Dɔwɔwɔwo 17:22-32) Mawunyaŋutinunyala Oscar Cullmann gblɔ be: “Ðewohĩ esesẽ na Helatɔ siwo xɔ luʋɔ makumaku dzi se be woaxɔ Kristotɔwo ƒe gbeƒãɖeɖe le tsitretsitsia ŋu wu ame bubuwo. . . . Womate ŋu ana xexemenunyafialagã siwo nye Socrates kple Plato ƒe nufiafia nawɔ ɖeka kple Nubabla Yeyea me tɔ le mɔ aɖeke nu o.”
19. Aleke Kristodukɔa ƒe mawunyaŋutinunyalawo te kpɔ be yewoana tsitretsitsi nufiafia la nawɔ ɖeka kple luʋɔ makumaku ƒe nufiafia?
19 Togbɔ be ele nenema hã la, le ƒe siwo kplɔ xɔsegbegbe gã si va le apostoloawo ƒe ku megbe ɖo me la, mawunyaŋutinunyalawo dze agbagba vevie be yewoatsɔ Plato ƒe luʋɔ makumaku dzixɔsea awɔ ɖeka kple Kristotɔwo ƒe tsitretsitsi nufiafia la. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ame aɖewo va lɔ̃ ɖe egbɔkpɔnu yeye aɖe dzi si nye be: Ne ame ku la, luʋɔa mãna (ame aɖewo gblɔ be “ekpɔ ablɔɖe”) tso ŋutilã la gbɔ. Emegbe le Outlines of the Doctrine of the Resurrection (Tsitretsitsi Nufiafia me Nyawo) si R. J. Cooke ŋlɔ ƒe nya nu la, le Ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi la “woana ŋutilã ɖesiaɖe nagawɔ ɖeka kple eya ŋutɔ ƒe luʋɔ, eye luʋɔ ɖesiaɖe nawɔ ɖeka kple eya ŋutɔ ƒe ŋutilã.” Wogblɔ be ŋutilã ƒe ɖekawɔwɔ kple eƒe luʋɔ si mekuna o le etsɔme lae nye tsitretsitsia.
20, 21. Amekawoe fia nyateƒe si ku ɖe tsitretsitsia ŋu wòto mɔ ɖeka, eye vi kae esia ɖe na wo?
20 Nya sia kpɔtɔ nye sɔlemeha gãwo ƒe nufiafia vevi. Togbɔ be adze na mawunyaŋutinunyalawo be nukpɔsusu sia sɔ hã la, sɔlemedela akpa gãtɔ menya naneke tso eŋu o. Ðeko woxɔe se be yewoayi ɖe dziƒo tẽ ne yewoku. Le susu sia ta le Commonweal ƒe tata si nye May 5, 1995, tɔ me la, nuŋlɔla John Garvey gblɔe kple ŋkubiã be: “Edze abe Kristotɔ akpa gãtɔ ƒe dzixɔse [le agbenɔnɔ le ku megbe ŋu] sɔ ɖe Plato ƒe nufiafia si ŋu wotrɔ asi le nu ŋutɔ wu Kristotɔwo ƒe dzixɔse vavã ɖesiaɖe, eye menye Biblia dzie wotui ɖo o.” Le nyateƒe me la, alesi Kristodukɔa ƒe osɔfowo tsɔ Plato ɖɔ li Biblia la wɔe be wona tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ si le Biblia me la bu ɖe woƒe alẽhawo.
21 Gake Yehowa Ðasefowo gbea trɔ̃subɔlawo ƒe xexemenunya eye wokuna ɖe Biblia ƒe nufiafia si nye tsitretsitsi ŋu. Wokpɔnɛ be nufiafia sia doa ŋusẽ ame, enaa dzidzeme, eye wòfaa akɔ na ame. Le nyati siwo kplɔe ɖo me la, míakpɔ kakaɖedzi si tututu le tsitretsitsi ƒe nufiafia si le Biblia me ŋu kple alesi wòsɔe na amesiwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le kple amesiwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be woafɔ wo ɖe tsitre woava nɔ agbe le dziƒo siaa. Míekafui be nàgbɔ dzi ɖi axlẽ lɛta gbãtɔ si woŋlɔ na Korintotɔwo la ƒe ta 15, be nàtsɔ adzra ɖo ɖe nyati siawo me dzodzro ŋu.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Nukata wòle be míaka ɖe tsitretsitsia dzi vevie?
◻ Mɔkpɔkpɔ kae Yehowa tsɔ ɖo Adam kple Xawa ŋkume?
◻ Nukata nunya mele eme be woadi nyateƒe le Helatɔwo ƒe xexemenunya me o?
◻ Nukata tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa sɔ?
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Esime mía dzila gbãtɔwo wɔ nuvɔ̃ la, agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo
[Nɔnɔmetata si le axa 12]
Luʋɔ makumaku dzixɔse si nɔ Plato si va kpɔ ŋusẽ ɖe sɔlemeha me agbalẽnyalawo dzi
[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso si le axa 12]
Musei Capitolini, Roma