INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 9/1 axa 8-13
  • Se La Do Ŋgɔ Na Kristo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Se La Do Ŋgɔ Na Kristo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mose ƒe Sea—Eƒe Taɖodzinu
  • Se si me Nublanuikpɔkpɔ Kple Veveseseɖeamenu Dze le Kɔte
  • Se la Zazã ɖe Mɔ Gbegblẽ Nu
  • Farisitɔwo ƒe Ha la ƒe Ðiƒoƒo Se La
  • Nusɔsrɔ̃ tso Farisitɔwo ƒe Vodadawo Me
  • “Yehowa Ƒe Se De Blibo”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Kristo Ƒe Se La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nusi Mose ƒe Sea Fia na Wò
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Se Siwo Wogblɔ Kple Nu Ko Nukata Wova Ŋlɔ Wo Ði?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 9/1 axa 8-13

Se La Do Ŋgɔ Na Kristo

“Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Nye ŋugbledede wònye ɖaa.”—PSALMO 119:97.

1. Se kae fiaa mɔ dziƒonuwo ƒe zɔzɔ?

TSO Hiob ƒe ɖevime ke la, anɔ eme be eléa ŋku ɖe ɣletiviwo ŋu eye wo kpɔkpɔ wɔa nuku nɛ ŋutɔ. Ðewohĩ edzilawo fia ɣletivihatsotso gãwo kple nusiwo wonya tso se siwo fiaa mɔ ɣletivihatsotsoawo ƒe zɔzɔ to yame ŋu lae. Ne èbu eŋu kpɔ la, blematɔwo zãa ɣletivihatsotso gã dzeani mawo ƒe zɔzɔ tsɔ dea dzesi azãgbewo ƒe tɔtrɔe. Gake togbɔ be Hiob tsɔ ɣeyiɣi gbogbo aɖe lé ŋku ɖe ɣletiviwo ƒe hatsotso siawo ŋu eye wowɔ nuku nɛ hã la, menya naneke tso ŋusẽ triakɔ siwo lé wo ɖekae ɖe ƒuƒoƒo me ŋu o. Eyata mete ŋu ɖo nya ŋu na Yehowa Mawu o, esi wòbiae be: “Ènya dziƒo ƒe sewoa?” (Hiob 38:31-33) Nyateƒee, see kplɔa ɣletiviwo—se siwo wɔa dɔ ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ hegoglo ale gbegbe be egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mese wo gɔme bliboe o.

2. Nukatae míate ŋu agblɔe be nuwɔwɔ ɖesiaɖe le se te?

2 Yehowa ye nye Senala Gãtɔ kekeake le xexeame godoo. See fiaa mɔ eƒe dɔwɔwɔwo katã. Via lɔlɔ̃a si nye “nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi” la wɔ ɖe Fofoa ƒe se dzi nuteƒewɔwɔtɔe do ŋgɔ na xexeme si wokpɔna la ƒe dzɔdzɔ! (Kolosetɔwo 1:15) See kplɔa mawudɔlawo hã. (Psalmo 103:20) See kplɔa lãwo gɔ̃ hã elabena wozɔna ɖe dzɔdzɔmese siwo wo Wɔla la de wo me le wo wɔwɔ me la dzi.—Lododowo 30:24-28; Yeremya 8:7.

3. (a) Nukatae ameƒomea hiã na se? (b) Nuka dzie Yehowa to ɖu Israel-dukɔa dzi?

3 Ke amegbetɔwo ya ɖe? Togbɔ be wotsɔ nunanawo abe nunya, agbenyuinɔnɔ, kple gbɔgbɔmemenyenye yra míi hã la, míegahiã Mawu ƒe se agbɔsɔsɔme aɖe kokoko be wòafia mɔ mí le ŋutete siawo zazã me. Mía dzila gbãtɔ Adam kple Xawa de blibo, eyata se ʋee aɖewo koe wohiã be wòafia mɔ wo. Ele be lɔlɔ̃ na wo Fofo si le dziƒo nanye nusi aʋã wo be woatsɔ dzidzɔ aɖo toe hafi. Gake wogbe toɖoɖo. (Mose I, 1:26-28; 2:15-17; 3:6-19) Emetsonue nye be woƒe dzidzimeviwo zu nuwɔwɔ siwo ŋu nuvɔ̃ le siwo hiã se geɖe wu be wòafia mɔ wo. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Yehowa kpɔ hiahiã sia gbɔ lɔlɔ̃tɔe. Ede se siwo le tẽ na Noa be eya hã nade na eƒe ƒomea. (Mose I, 9:1-7) Ƒe alafawo megbe la, Mawu to Mose dzi tsɔ Se siwo me woɖe tsitotsito eye woŋlɔ wo ɖi la na Israel-dukɔ yeye la. Esiae nye zi gbãtɔ si Yehowa tsɔ eƒe sewo kplɔ dukɔ blibo kpɔ. Ŋkuléle ɖe Se ma ŋu akpe ɖe mía ŋu míase akpa vevi si Mawu ƒe sewo wɔna le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me egbea gɔme.

Mose ƒe Sea—Eƒe Taɖodzinu

4. Nukata wòanye nu sesẽ na Abraham ƒe dzidzimevi siwo wotia la be Dzidzimevi si ƒe ŋugbe wodo la nadzɔ tso wo me?

4 Apostolo Paulo si nye Sea srɔ̃la akuaku la bia be: “Azɔ la, nuka ta se la li ɖo?” (Galatiatɔwo 3:19) Be míake ɖe ŋuɖoɖoa ŋu la, ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa do ŋugbe na exɔlɔ̃ Abraham be Dzidzimevi aɖe atso eƒe ƒomea me si ahe yayra wɔnukuwo vɛ na dukɔwo katã. (Mose I, 22:18) Gake kuxi sesẽ aɖee nye si: menye Abraham ƒe dzidzimevi tiatia siwo nye Israel-viwo la katãe lɔ̃ Yehowa o. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, wo dometɔ aɖewo zu kɔlialiatɔwo, aglãdzelawo—ɖewo zu tosẽla siwo kpɔkplɔ zu dɔ! (Mose II, 32:9; Mose V, 9:7) Le ame mawo gome la, esi wodzi wo ɖe Mawu ƒe amewo dome ta koe wonye eƒe dukɔ ɖo, ke menye woawo ŋutɔ ƒe tiatia ye o.

5. (a) Nukae Yehowa fia Israel-viwo to Mose ƒe Sea dzi? (b) Aleke wotrɔ asi le Sea ŋui be wòakpɔ ŋusẽ ɖe amesiwo le ete la ƒe agbenɔnɔ dzii?

5 Aleke ame mawo awɔ Dzidzimevi si ƒe ŋugbe wodo la nadzɔ to wo me eye wòaɖe vi na wo? Le esi teƒe be Yehowa nazii ɖe wo dzi abe alesi wozãa mɔe ene la, efia nu wo to eƒe sea dzi boŋ. (Psalmo 119:33-35; Yesaya 48:17) Le nyateƒe me la, Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “se” si nye toh·rahʹ la gɔmee nye “nufiafia.” Nukae wòfia? Nu vevitɔ si wòfia Israel-viwoe nye be wohiã Mesia la, amesi aɖe wo tso nuvɔ̃ ƒe nɔnɔme si me wole la me. (Galatiatɔwo 3:24) Sea fia mawuvɔvɔ̃ kple toɖoɖo hã wo. Le ɖekawɔwɔ me kple Abraham ƒe ŋugbedodoa la, Israel-viwo anye Yehowa ƒe ɖasefowo na dukɔ bubuwo katã. Eyata Sea afia agbenɔnɔ ŋuti se kɔkɔ deŋgɔ siwo aƒo nu nyuie tso Yehowa ŋu la wo; akpe ɖe Israel-viwo ŋu be woaɖe wo ɖokui ɖa tso dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe nuwɔna gblẽkuwo gbɔ.—Mose III, 18:24, 25; Yesaya 43:10-12.

6. (a) Se ɖekaɖeka abe nenie le Mose ƒe Sea me, eye nukatae xexlẽme ma mesɔ gbɔ akpa o? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) (b) Numekɔkɔ kae míakpɔ ne míesrɔ̃ Mose ƒe Sea?

6 Eyata mewɔ nuku be se siwo le Mose ƒe Sea me la sɔ gbɔ o—wowu ɖekaɖeka 600 sɔŋ.a Se siawo siwo woŋlɔ ɖi la kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe tadedeagu, dziɖuɖu, agbenɔnɔ, kple ʋɔnudrɔ̃nyawo dzi, ɖe nuɖuɖu kple dzadzɛnyenye gɔ̃ hã dzi. Gake ɖe wòfia be ɖoɖo kpaɖii kple sedede geɖe siwo me ameŋububu mele o koe Sea nyea? Kura o! Se sia sɔsrɔ̃ ana míase nu geɖe gɔme le Yehowa ƒe amenyenye si me lɔlɔ̃ le la ŋu. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

Se si me Nublanuikpɔkpɔ Kple Veveseseɖeamenu Dze le Kɔte

7, 8. (a) Aleke nublanuikpɔkpɔ kple veveseseɖeamenu dze kɔte le Sea mee? (b) Aleke Yehowa zã Sea nublanuikpɔkpɔtɔe le Dawid gome?

7 Wote gbe ɖe nublanuikpɔkpɔ kple veveseseɖeamenu, vevietɔ na ame dahewo alo wɔnamanɔsitɔwo, dzi le Sea me. Wode dzesi ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo koŋ be woakpɔ wo ta. (Mose II, 22:21-23) Wokpɔ dɔwɔlãwo ta be womagasẽ ŋuta le wo ŋu o. Wode bubu nunɔamesi ƒe gomenɔamesi veviwo ŋu. (Mose V, 24:10; 25:4) Togbɔ be Sea bia be woawu amewula hã la, wowɔ ɖoɖo le eme be woakpɔ nublanui na amesiwo mebua wu ame o. (Mose IV, 35:11) Edze ƒã be mɔɖeɖe aɖe li na Israel-ʋɔnudrɔ̃lawo be woatso nya me le to si woahe ɖe agɔdzedze aɖewo ta, le nɔnɔme si agɔdzela la ɖe fia nu.—Tsɔe sɔ kple Mose II, 22:7 kpakple Mose III, 6:1-7.

8 Yehowa ɖo kpɔɖeŋu ɖi na ʋɔnudrɔ̃lawo le alesi wòtɔa afɔ to sesĩe le Se la ŋudɔwɔwɔ me le afisi wòhiã le gake ekpɔa nublanui le afisi wòanya wɔ le me. Wokpɔ nublanui na Fia Dawid, amesi wɔ ahasi gawu ame kpee. Menye ɖe Yehowa mehe to nɛ o, elabena mekpɔ eta tso nu dziŋɔ siwo tso eƒe nuvɔ̃a me la me o. Gake le Fiaɖuƒe nubabla la kple esi Dawid ŋutɔ nye nublanuikpɔla eye wòɖe dzimetɔtrɔ ƒe nɔnɔme deto fia ta la, womewui o.—Samuel I, 24:5-8; Samuel II, 7:16; Psalmo 51:3-6; Yakobo 2:13.

9. Akpa kae lɔlɔ̃ wɔ le Mose ƒe Sea me?

9 Gakpe ɖe eŋu la, wote gbe ɖe lɔlɔ̃ ƒe vevienyenye dzi le Mose ƒe Sea me. Kpɔe ɖa le susu me be egbe dukɔwo dometɔ aɖe nabia le woƒe sewo me be woaɖe lɔlɔ̃ afia ŋutɔŋutɔ! Eyata menye amewuwu nu koe Mose ƒe Sea de se ɖo o; egade se hã be: “Nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.” (Mose III, 19:18) Menye ŋlɔmiwɔwɔ le amedzrowo ŋu koe wògbe na ame o; ede se hã be: “Nalɔ̃e abe ɖokuiwò ene; elabena miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi.” (Mose III, 19:34) Menye ahasiwɔwɔ koe wòbu fɔe o; ede se hã be ŋutsu nado dzidzɔ na srɔ̃a! (Mose V, 24:5) Le Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia ɖeɖe me la, wozã Hebrigbe me nya siwo fia lɔlɔ̃ wòade zi gbɔ zi 20. Yehowa ka ɖe alesi eya ŋutɔ lɔ̃ Israel-viwoe dzi na wo—le ɣeyiɣi siwo va yi me, ɣemaɣi, kple etsɔme. (Mose V, 4:37; 7:12-14) Le nyateƒe me la, se vevitɔ kekeake le Mose ƒe Sea mee nye: “Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la.” (Mose V, 6:5) Yesu gblɔ be Se blibo la katã ku ɖe sedede sia, si ŋu ame havi lɔlɔ̃ hã kpe ɖo la ŋu. (Mose III, 19:18; Mateo 22:37-40) Eyata mewɔ nuku o be hakpala la ŋlɔ be: “Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Nye ŋugbledede wònye ɖaa.”—Psalmo 119:97.

Se la Zazã ɖe Mɔ Gbegblẽ Nu

10. Aleke Yudatɔ akpa gãtɔ bu Mose ƒe Se lae?

10 Eyata aleke gbegbe wòwɔ nublanui enye si be Israel meɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe Mose ƒe Sea ŋu o! Dukɔa gbe wɔwɔ ɖe Sea dzi, wometsɔ ɖeke le eme o, alo woŋlɔe be gɔ̃ hã. Wotsɔ dukɔ bubuwo ƒe subɔsubɔnuwɔna nyɔŋuwo ƒo ɖi tadedeagu dzadzɛ lae. (Fiawo II, 17:16, 17; Psalmo 106:13, 35-38) Eye woda Sea dzi le mɔ bubuwo hã nu.

11, 12. (a) Aleke Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo ƒe hatsotsowo va gblẽ nui le Ezra ƒe ŋkekeawo megbe? (Kpɔ aɖaka la me nyawo.) (b) Nukatae blema rabiwo susui be ehiã be ‘yewoatɔ kpɔ ɖe Sea ŋu’?

11 Amesiwo gblɔ be yewoe nye Sea fiala kple etakpɔlawo tututue wɔ nusiwo vɔ̃ɖi wu ɖe eŋu la dometɔ aɖewo. Nusia dzɔ le agbalẽŋlɔla nuteƒewɔla Ezra ƒe ŋkekeawo me le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me megbe. Ezra ho aʋa ɖe dukɔ bubuawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo ŋu vevie eye wòte gbe ɖe Sea xexlẽ kple efiafia dzi. (Ezra 7:10; Nexemya 8:5-8) Sea fiala aɖewo gblɔ be Ezra ƒe afɔɖoƒewo tom yewole eye woɖo nusi wova yɔ be “Ƒuƒoƒe Gã” la. Nya siwo ƒuƒoƒe sia gblɔ ƒe ɖee nye se sia be: “Mitɔ kpɔ ɖe Sea ŋu.” Efiala mawo gblɔ be Sea le abe abɔ xɔasi aɖe ene. Be ame aɖeke megaɖo afɔ abɔa me madzemadzee to dada le eƒe seawo dzi me o la, wogade se bubuwo kpee, si woyɔna be “Se si Wogblɔ Kple Nu” ale be amewo megawɔ naneke si agogo vodada ma o.

12 Ame aɖewo agblɔ be Yudatɔwo ƒe kplɔlawo tɔ dzɔ be wose le wo ɖokui me nenema. Le Ezra ƒe ŋkekea megbe la, dutadziɖuɖuwo, vevietɔ Hela, ye ɖu Yudatɔwo dzi. Woɖo subɔsubɔhakplɔlawo ƒe ƒuƒoƒowo le Yudatɔwo dome bene woatsi tre ɖe Helatɔwo ƒe xexemenunya ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu. (Kpɔ aɖaka si le axa 10.) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la ƒuƒoƒo siawo ƒe ɖewo va ʋli ho kple Lewi-nunɔlawo le Sea fiafia me eye woto wo ŋu gɔ̃ hã. (Tsɔe sɔ kple Maleaxi 2:7.) Va ɖo ƒe 200 D.M.Ŋ. me la, se siwo wogblɔ kple nu ko va nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe Yudatɔwo ƒe agbenɔnɔ dzi. Gbã la, wogblɔ be womegaŋlɔ se siawo ɖi o bene womegabu wo be wosɔ kple Se si woŋlɔ ɖi la o. Gake vivivi la, wova da amegbetɔ ƒe susu ɖe ŋgɔ na Mawu tɔ, ale be “kpɔtɔtɔ” sia va gblẽ nu le “abɔ” si tututu ta wobe yewoakpɔ la ŋu.

Farisitɔwo ƒe Ha la ƒe Ðiƒoƒo Se La

13. Nukae Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔla aɖewo gblɔ be eyatae wòle be yewoade sewo?

13 Rabiwo susui be esi Torah, alo Mose ƒe Sea, de blibo ta la, ele be wòaɖo nya sia nya si afɔ ɖe te la ŋu. Ne míagblɔe tututu la, mawuvɔvɔ̃ medze le nukpɔsusu sia me o. Le nyateƒe me la, eʋu mɔ na rabiwo be woazã amegbetɔ ƒe tagbɔɖaɖɛ awɔe wòadze abe Mawu ƒe Nya dzie wotu se siwo ku ɖe nya sia nya ŋu—ɖewo ɖe ame ŋutɔ ƒe nyawo ŋu, bubuwo ɖe nyamaɖinyɛwo ŋu—la ɖo ene.

14. (a) Aleke Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo he Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖose si ku ɖe wo ɖokui ɖeɖe ɖe vovo ŋu me wògbɔ emee? (b) Nukae fia be rabiwo ƒe sewo mete ŋu kpɔ Yudatɔwo ta tso trɔ̃subɔsubɔ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te o?

14 Subɔsubɔhakplɔlawo kekea Ŋɔŋlɔawo ƒe dzidzenuwo ɖe nu wògbɔa eme zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, Mose ƒe Sea bia be woaɖe wo ɖokui ɖe vovo tso dukɔwo gbɔ, gake rabiwo ƒe nufiafia fia be woaɖi gbɔ nusianu si menye Yudatɔwo tɔ o susumanɔmee. Wofia nu be mele be Yudatɔ nagblẽ eƒe nyi ɖe Trɔ̃subɔlawo ƒe amedzrodzeƒe o, elabena “wobui ɖe” Trɔ̃subɔla “ŋu be ɖe wodɔa lã gbɔ.” Womeɖe mɔ be Yuda-nyɔnu nakpe ɖe Trɔ̃subɔla nyɔnu ŋu ne ele ku lém o, elabena “ava kpe ɖe eŋu wòadzi vi si ava zu trɔ̃subɔla.” Esi wòsɔ be rabiwo meka ɖe Helatɔwo ƒe kamedefefewɔƒewo dzi o ta la, wode se ɖe kamedefefe ɖesiaɖe nu. Ŋutinya ɖo kpe edzi be esia wɔwɔ mekpɔ Yudatɔwo ta boo aɖeke tso Trɔ̃subɔlawo ƒe dzixɔsewo me o. Le nyateƒe me Farisitɔwo ŋutɔ va fia Helatɔwo ƒe trɔ̃subɔsubɔ ƒe nufiafia si nye luʋɔ makumaku!—Xezekiel 18:4.

15. Aleke Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo tro dzadzɛnyenye kple ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ ƒe sewoe?

15 Farisitɔwo tro dzadzɛnyenye ŋu sewo hã. Wogblɔna be ne ɖe woana mɔ Farisitɔwo la, woakɔ ɣea gɔ̃ hã ŋu. Woƒe sea fia be “afɔdzimayimayi kaba” nye ɖiƒoƒo le ame ŋu! Asikɔklɔ va zu kɔnu sesẽ aɖe, eye asi si woaklɔ gbã kple alesi woaklɔe ŋu sewo hã li. Wobua nyɔnuwo koŋ be wo ŋu mekɔ kura o. Rabiwo nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo me se si nye be ‘womegate ɖe’ ƒometɔ aɖeke ‘ŋu o’ (si le nyateƒe me nye sedede ɖe ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ nu la) dzi de se be mele be nyɔnu nadze ŋgɔ srɔ̃a nanɔ eyome o; eye mele be ŋutsua naɖo dze kplii le asime o.—Mose III, 18:6.

16, 17. Aleke wokeke kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat ɖuɖu ƒe sea ɖe enui le se si wogblɔ kple nu ko me, eye nukae do tso eme?

16 Esi vɔ̃ɖi wue nye alesi se si wogblɔ kple nu ko tsɔ Sabat se la wɔ alɔmeɖenui le gbɔgbɔ me. Se bɔbɔe aɖe koe Mawu de na Israel be: Migawɔ dɔ aɖeke le kwasiɖaa ƒe ŋkeke adrelia dzi o. (Mose II, 20:8-11) Gake se si wogblɔ kple nu la kekee ɖe enu wòva zu dɔ ƒomevi vovovo siwo ade 39 siwo wɔwɔ nu wode se ɖo, eye ɖewoe nye kɔsasa alo etutu, ka tsɔtsɔ lé nu zi eve, Hebri-ŋɔŋlɔdzesi eve ŋɔŋlɔ, kple bubuawo. Azɔ hã se gbogbo aɖewo le dɔ vovovo siawo dometɔ ɖesiaɖe wɔwɔ ŋu. Kɔ kawoe wobe womegasa alo atu o eye kawoe woate ŋu awɔ faa? Woɖo esia ŋu le amewo ŋutɔ ƒe se siwo wode kple nu la me. Dɔdada va zu dɔ si nu wode se ɖo. Le kpɔɖeŋu me, se meɖe mɔ be woabla ata si ŋe na lã le Sabat dzi o. Ne aɖu le ame aɖe vem la, ate ŋu ade vinegar eƒe nuɖuɖu faa, gake mele be wòana vinegar la naka eƒe aɖu ŋu hafi wòamii o. Ne eka eŋu la, ava da eƒe aɖuvee la!

17 Eyata le Yudatɔ akpa gãtɔ gome la, gbɔgbɔmegɔmesese si le Sabat-sea ŋu la bu ɖe wo ɖe amegbetɔ ƒe sedede alafa geɖeawo me. Esime Yesu Kristo si nye “Sabat ƒe aƒetɔ” la wɔ nukunu gã dodzidzɔnamewo le Sabat dzi la, metsɔ fu lãme na agbalẽfialawo kple Farisitɔwo o. Nusi me wotsɔ ɖe le koe nye be edze abe ɖe metsɔ ɖeke le yewoƒe sededewo me o ene.—Mateo 12:8, 10-14.

Nusɔsrɔ̃ tso Farisitɔwo ƒe Vodadawo Me

18. Dɔ kae se siwo wogblɔ kple nu ko kple kɔnyinyiwo wɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe.

18 Kpuie ko la, míagblɔ be wotsɔ se kple kɔnyinyi siawo va tsi ɖe Mose ƒe Sea ŋu abe alesi adzawo léna ɖe meli ŋu goŋgoŋui ene. Melitɔ dzea agbagba ɖesiaɖe floa nugbagbevi ɖefuname siawo ɖa le eƒe meli ŋu elabena woɖea melia ƒe duƒuƒu dzi kpɔtɔna eye wogblẽa aŋɔ si wosi nɛ be megalé ɣebia o la. Nenema ke se siwo wogblɔ kple nu kple kɔnuwo zu agba wodo ɖe Sea dzi eye ena wowɔ eŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu. Gake le esi teƒe be rabiwo naɖe se siawo siwo mekpe ɖe eŋu o ɖa la, woyi edzi tsɔ geɖe kpee boŋ. Kaka Mesia la nava wu Sea nu la, “adzawo” bɔ ɖe “meli” la ŋu ale gbegbe be zɔɖeɖe zu agba nɛ! (Tsɔe sɔ kple Lododowo 16:25.) Le esi subɔsubɔhakplɔla siawo nakpɔ Sea ta teƒe la, wowɔ vodada si nye edzidada boŋ. Gake nukatae se siwo wotsɔ tɔ “kpɔ” ɖe eŋu la do kpo nu?

19. (a) Nukatae ‘kpɔ si wotɔ ɖe Sea ŋu’ mete ŋu ɖe vi o? (b) Nukae fia be xɔse vavãtɔ menɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo si o?

19 Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo mete ŋu se egɔme be dzimee wohoa aʋa ɖe vɔ̃ɖiwɔwɔ ŋu tsonɛ ke menye segbalẽwo mee o. (Yeremya 4:14) Nusi akpe ɖe ame ŋu wòate ŋu aɖu edzie nye lɔlɔ̃—lɔlɔ̃ na Yehowa, eƒe se, kple gɔmeɖose dzɔdzɔeawo. Lɔlɔ̃ sia tɔgbe naa woléa fu nusi Yehowa lé fui nenema ke. (Psalmo 97:10; 119:104) Amesiwo ƒe dzime lɔlɔ̃ na Yehowa yɔ alea la yia edzi wɔa nuteƒe na eƒe seawo le xexe gblẽku sia me. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe su Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo si be woafia nu ameawo ale be woaƒã lɔlɔ̃ sia ɖe wo me wòaʋã wo be woatsɔe awɔ dɔe. Nukata wodo kpo ewɔwɔ? Edze ƒã be xɔse menɔ wo si o. (Mateo 23:23, Reference Bible ƒe etenuŋɔŋlɔ) Ne ɖe woxɔ edzi se be Yehowa ƒe gbɔgbɔ ate ŋu awɔ dɔ ɖe amegbetɔ siwo me nuteƒewɔwɔ le ƒe dzi dzi la, anye ne womasee le wo ɖokui me be ele be yewoaɖo tɔ ɖe ame bubuwo ƒe agbenɔnɔ dzi nenema gbegbe o. (Yesaya 59:1; Xezekiel 34:4) Esi xɔse menɔ wo si o ta la, womete ŋu ƒã xɔse ɖe amewo me o; amewo ƒe sededee wotsɔ do agba kpekpe na wo.—Mateo 15:3, 9; 23:4.

20, 21. (a) Ŋusẽ kae kɔnyinyiwo tsɔtsɔ bu nuwo ŋui kpɔ ɖe Yuda-subɔsubɔ dzi? (b) Nufiame kae le nusi dzɔ ɖe Yuda-subɔsubɔa dzi me na mí?

20 Yudatɔwo ƒe kplɔla mawo mena lɔlɔ̃ nɔ anyi o. Woƒe kɔnyinyiwo na gotagomenuwo wɔwɔ xɔ amewo me, eye wotsia dzi ɖe sedziwɔwɔ ŋu be amewo nakpɔ—esiawo katã na alakpanuwɔwɔ te ŋu xɔ aƒe ɖe wo me. (Mateo 23:25-28) Woƒe seawo na wokpɔ nu gbogbo aɖe si woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu amewoe. Eyata Farisitɔ dadala amedzizilawo bui be yewotɔ dzɔ be yewoɖe ɖeklemi Yesu Kristo ŋutɔ hã. Woŋlɔ Sea ƒe taɖodzinu ŋutɔŋutɔ be eye wogbe Mesia vavã ɖeka la. Eyata egblɔ na Yuda-dukɔa be: “Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.”—Mateo 23:38; Galatiatɔwo 3:23, 24.

21 Nufiame kae le eme na mí? Eme kɔ ƒã be kɔnyinyi ƒe susu sesẽ kpaɖii medoa Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛ ɖe ŋgɔ o! Gake ɖe esia le fiafiam be mele be Yehowa subɔlawo nanɔ se aɖeke te o ne menye ɖe woŋlɔe woakpɔ tẽ le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me oa? Ao. Be míase ŋuɖoɖo bliboa la, mina míakpɔ alesi Yesu Kristo ɖɔ li Mose ƒe Sea kple se yeye si nyo wui la ɖa.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Gake mesɔ gbɔ kura o ne míetsɔe sɔ kple egbe dukɔwo ƒe sewo. Le kpɔɖeŋu me, United States ƒe se siwo bla dukɔa katã la sɔ gbɔ yɔ agbalẽ ƒe axa 125,000, eye wogatsɔa yeyewo kpenɛ ƒe sia ƒe.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

◻ Aleke Mawu ƒe se kpɔ ŋusẽ ɖe nuwɔwɔ ɖesiaɖe dzii?

◻ Nukae nye Mose ƒe Sea ƒe taɖodzinu vevitɔ?

◻ Nukae fia be wode asixɔxɔ gã nublanuikpɔkpɔ kple veveseseɖeamenu ŋu le Mose ƒe Sea me?

◻ Nukatae Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo tsɔ se gbogbo aɖe kpe ɖe Mose ƒe Sea ŋu, eye nukae do tso eme?

[Aɖaka si le axa 10]

Yudatɔwo ƒe Subɔsubɔhakplɔlawo

Agbalẽfialawo: Wobu wo ɖokui Ezra teƒenɔlawo kple Sea gɔmeɖelawoe. Agbalẽ si nye A History of the Jews gblɔ be, “menye agbalẽfialawo katãe nye ame deŋgɔwo o, eye agbagba siwo wodzena be yewoaɖe gɔmesese ɣaɣla siwo le sea me la me wɔnɛ be zi geɖe wova zua se siwo ŋu gɔmesese mele o kple mɔxenu manyatalenuwo. Esiawo dzina ɖe edzi va zua kɔnu, eye wova trɔna zua ameteɖeanyinu matrɔmatrɔwo.”

Hasid-subɔsubɔ: Ŋkɔ sia gɔmee nye “mawuvɔ̃lawo” alo “ame kɔkɔewo.” Woyɔ wo abe hatsotso ene zi gbãtɔ le ƒe 200 D.M.Ŋ. me, eye wonye amesiwo kpɔ ŋusẽ le dunyahehe me, wonye zazɛ̃nyahela siwo ʋlia Sea ƒe dzadzɛnyenye ta be Helatɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖi nagagblẽ nu le eŋu o. Hasid-subɔsubɔ mã ɖe hatsotso etɔ̃ me: Farisitɔwo, Zadukitɔwo, kple Essenetɔwo.

Farisitɔwo: Agbalẽnyala aɖewo susui be woɖe ŋkɔa tso nya siwo wozãna na “Voɖelawo,” alo “Vonɔlawo” me. Le nyateƒe me, wotea tɔ ɖe vonɔnɔ na Trɔ̃subɔlawo dzi sesĩe, gake wobua woƒe habɔbɔa be eɖe vovo na Yudatɔ gbɔlowo, amesiwo wobu be womenya se si wogblɔ kple nu ko la me se gbogboawo o—eye be yewode ŋgɔ wu wo. Ŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ le Farisitɔwo ŋu be: “Abe ƒuƒoƒo ene la, wowɔa nu ɖe amewo ŋu abe ɖeviwo ene, eye wotsɔa kɔnuwo wɔwɔ ƒe nu suetɔ kekeake wɔa se sesẽe.” Agbalẽnyala bubu hã gblɔ be: “Farisitɔwo ƒe subɔsubɔ la de se gbogbo aɖewo siwo ku ɖe nusianu ŋu, eye esia na be wotsɔa nyamaɖinyɛwo wɔa nya gãwoe si wɔnɛ be wotsɔa nya gãwo boŋ zua nyamaɖinyɛwoe (Mat. 23:23).”

Zadukitɔwo: Wonye ƒuƒoƒo aɖe si kple dziɖuɖume ŋkutawo kpakple nunɔlawo dome nɔ kplikplikpli. Wotsi tre ɖe agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ŋu vevie, eye wogblɔna be se si wogblɔ kple nu ko ƒe ŋusẽ mede Se si woŋlɔ ɖi la nu o. Woƒe gege le nyaʋiʋli sia me dze le Mishnah la ŋutɔ me be: “[Wɔwɔ ɖe] Agbalẽfialawo ƒe nyawo [dzi] sẽ wu [wɔwɔ ɖe] Se [si woŋlɔ ɖi dzi.]” Talmud la, si me numeɖeɖe geɖe wu nɔ le se si wogblɔ kple nu ko ŋu, gblɔ kura gɔ̃ hã be: “Agbalẽfialawo ƒe nyawo xɔ asi . . . wu Torah la me nyawo.”

Essenetɔwo: Wonye nuteameɖokuilawo ƒe hatsotso aɖe si ɖea wo ɖokui ɖe aga eye wotsoa du ɖe vovo. The Interpreter’s Dictionary of the Bible gblɔ be Essenetɔwo ƒe nya dzi sẽ wu Farisitɔwo tɔ gɔ̃ hã eye “ɣeaɖewoɣi la, woƒe Farisi gbenɔnɔ gbɔ Farisitɔwo ŋutɔ kura tɔ ŋu.”

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ðewohĩ Hiob dzilawo fia se siwo fiaa mɔ ɣletivihatsotsowo lae

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe