INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 11/1 axa 22-27
  • ‘Mele Ƒu Tsom’ Wu Ƒe 50 Fifia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Mele Ƒu Tsom’ Wu Ƒe 50 Fifia
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nye Biabiawo ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Wolém
  • Kufiatsotso La
  • Aʋa Megbe Dɔwɔnawo
  • Menye Nye Ðekae Gali O
  • Yehowa ƒe Yayra Xɔasiwo
  • Subɔsubɔ Le Yehowa Ƒe Beléle Lɔlɔ̃tɔe me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nusi Yehowa Dze Na Tsɔtsɔ Nɛ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Yehowa Sinu Kpɔkpɔ Dzigbɔɖitɔe tso Nye Ðevime Ke
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Dunyahela Sesẽ Aɖe Si Va Zu Kristotɔ Akpaɖekedzimadela
    Nyɔ!—2002
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 11/1 axa 22-27

‘Mele Ƒu Tsom’ Wu Ƒe 50 Fifia

ABE ALESI EMMANUEL PATERAKIS GBLƆE ENE

Ƒe alafa wuiasiekee nye sia si apostolo Paulo xɔ amekpekpe si tɔgbe mebɔ o be: “Tso ƒu va Makedonia, eye naxɔ na mí!” Paulo lɔ̃ faa xɔ ‘nyanyuia gbɔgblɔ’ ƒe mɔnukpɔkpɔ yeye sia. (Dɔwɔwɔwo 16:9, 10) Togbɔ be amekpekpe si mexɔ la metso keke ɣemaɣi ke o hã la, ƒe 50 enye sia si melɔ̃ be ‘matso ƒu’ age ɖe anyigba yeyewo dzi le didi si le Yesaya 6:8 nu be: “Nyee nye esi, dɔm!” Nye mɔzɔzɔ gbogboawo na wotsɔ vividoɖeameŋuŋkɔ nam be Modzakaɖetsaɖila Matɔmatɔ la, gake nye dɔwɔnawo meɖi modzakaɖetsaɖila tɔ kura o. Zi geɖe ne meɖo nye amedzrodzeƒexɔ me teti ko la, menɔa klo dzi daa akpe na Yehowa ɖe eƒe ametakpɔkpɔ ta.

W ODZIM January 16, 1916, le Hierápetra, le Crete, ɖe Orthodɔks ƒome si lɔ̃a mawusubɔsubɔ vevie la me. Tso nye ɖevime ke la, Dada kplɔa mía kple nɔvinyenyɔnu etɔ̃ yia sɔleme le Kwasiɖagbe. Fofonye ya lɔ̃a aƒeme nɔnɔ nɔa Biblia xlẽm. Medea bubu fofonye ŋu blibo—ŋutsu anukwareɖila, ame nyui, kple nublanuikpɔla ye wònye—eye eƒe ku esime mexɔ ƒe asieke la te ɖe dzinye ŋutɔ.

Esi mexɔ ƒe atɔ̃ la, meɖo ŋku edzi be mexlẽ nya aɖe le suku si gblɔ be: “Nusianu si ƒo xlã mí la ɖea gbeƒãe be Mawu li.” Esi menɔ tsitsim la, meva ka ɖe nya sia dzi blibo. Eyata esi mexɔ ƒe 11 la, meŋlɔ nyati aɖe eye nya siwo le Psalmo 104:24 nye eƒe tanya be: “Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya me; anyigba yɔ fũ kple wò nuwɔwɔwo.” Dzɔdzɔmenuwo ƒe nukununyenye lé dzi nam, nu suewo abe atiku siwo to aʋalã ale be yaƒoƒo te ŋu ƒoa wo dzonae tso ati si dzi woge tsoe ƒe vɔvɔli te la gbɔ ene gɔ̃ hã léa dzi nam. Kwasiɖa ɖeka le esi metsɔ nusi meŋlɔ la na megbe la, míaƒe nufiala xlẽe na sukuxɔmeviwo katã, eye wògaxlẽe na suku bliboa katã. Nufialawo nɔ tsitre tsim ɖe Kɔmiunist-nufiafiawo ŋu ɣemaɣi, eye edzɔ dzi na wo esi wose alesi meʋli Mawu ƒe anyinɔnɔ tae. Nye ya la, dzidzɔ koe wònye nam be meɖe alesi mexɔ Wɔla la dzi see fia.

Nye Biabiawo ƒe Ŋuɖoɖowo

Zi gbãtɔ si medo go Yehowa Ðasefowo le ƒe 1930-awo me la gakpɔtɔ le susu me nam nyuie. Emmanuel Lionoudakis nɔ gbeƒã ɖem le Crete ƒe du kple kɔƒewo katã me. Mexɔ agbalẽvi geɖe le egbɔ, gake esi ƒe ŋkɔe nye Where Are the Dead? koŋ ye wɔ dɔ ɖe dzinye wu. Mevɔ̃na na ku ale gbegbe be megbe gege ɖe xɔ si me fofonye ku ɖo la me. Esi menɔ agbalẽvi sia xlẽm gagbugbɔ nɔ exlẽm eye meva nya nusi Biblia gblɔ le nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu la, mekpɔe be vɔvɔ̃ si nɔ menye le alakpadzixɔse ta la bu vĩ.

Zi ɖeka le ƒe sia ƒe ƒe dzomeŋɔli la, Ðasefoawo vaa mía de eye wogatsɔa agbalẽ bubuwo vanɛ nam be maxlẽ. Nye Ŋɔŋlɔawo gɔmesese nɔ dzidzim ɖe edzi vivivi, gake meganɔa Orthodɔks Sɔleme dem. Gake agbalẽ si nye Deliverance na mewɔ tɔtrɔ vevi aɖe. Eɖe vovototo si le Yehowa ƒe habɔbɔ kple Satana tɔ dome fia kɔte. Tso ɣemaɣi la, mete Biblia kple Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ ɖesiaɖe si dzi nye asi asu la sɔsrɔ̃ edziedzi. Esi woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo nu le Greece ta la, mesrɔ̃a nu le adzame le zã me. Ke hã la, nusi srɔ̃m menɔ ƒe dzo nɔ menye ale gbegbe be nyemate ŋu agbe egbɔgblɔ na amesiame o. Eteƒe medidi o kpovitɔwo va nɔ ŋku lém ɖe ŋunye, wova ɖiaam edziedzi zã kple keli nɔa agbalẽwo dim.

Mede kpekpe zi gbãtɔ le ƒe 1936 me le Iráklion, si gbɔ didi kilometa 122. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be medo go Ðasefoawo. Wo dometɔ akpa gãtɔ nye ɖokuibɔbɔlawo, geɖe nye agbledelawo, gake wona meka ɖe edzi be nyateƒe lae nye sia. Afimae meɖe adzɔgbe na Yehowa le.

Nyemaŋlɔ nye nyɔnyrɔxɔxɔ be gbeɖe o. Le zã aɖe me le ƒe 1938 me la, Nɔviŋutsu Lionoudakis kplɔ mía kple nye Biblia-nusrɔ̃vi eve míeyi ƒuta le viviti tsiɖitsiɖi me. Esi wòdo gbe ɖa vɔ la, enyrɔ mí ɖe tsia me.

Wolém

Ne nyemavivi nume o la, zi gbãtɔ si meyi gbeƒã ɖeƒe la, nya veviwo dzɔ. Medo go suku xɔlɔ̃ xoxo aɖe si zu nunɔla, eye mía kplii míeɖo dze vivi aɖe. Gake egblɔ emegbe be le bisiɔp ƒe gbeɖeɖe nu la, ele be yeana woalém. Esime míenɔ lalam le dudzikpɔla ƒe dɔwɔƒe be kpovitɔwo natso kɔƒe si te ɖe mía ŋu me ava la, amewo va ƒo ƒu ɖe gota. Eyata metsɔ Helagbe me Nubabla Yeye si nɔ dɔwɔƒea eye mete nuƒo si metu ɖe Mateo ta 24 dzi la ƒoƒo na wo. Gbã la, ameawo medi be yewoaɖo to o, gake nunɔla la de nu eme. Egblɔ be: “Mina neƒo nu. Míaƒe Biblia ye.” Mete ŋu ƒo nu gaƒoƒo ɖeka kple afã. Eyata ŋkeke gbãtɔ si meyi gbeadzie meƒo dutoƒonuƒo gbãtɔ. Esi kpovitɔawo meva ɖo haɖe o ta la, dudzikpɔla kple nunɔla la ɖoe be yewoana ame aɖewo nanyãm do goe le dua me. Le mɔa ƒe xatsaƒe gbãtɔ la, medze duƒuƒu gɔme sesĩe alesi mate ŋui be kpe siwo dam wonɔ la nagadzem o.

Kpovitɔ eve siwo ŋu bisiɔp la kpe ɖo la va lém le dɔ me le ŋufɔke. Le kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea la, meɖi ɖase na wo tso Biblia me, gake esi bisiɔp la ƒe mɔɖeɖedzesi si se bia be wòatu agbalẽ dzi mele nye Biblia-srɔ̃gbalẽwo dzi o ta la, wotso nunye be mele dzime trɔm na amewo kple be mele agbalẽ siwo ŋu se meɖe mɔ ɖo o la mãm. Woɖe asi le ŋunye be woava drɔ̃ ʋɔnum emegbe.

Wova drɔ̃ ʋɔnum le ɣleti ɖeka megbe. Megblɔ le ɖokuinyenuɖeɖe me be gbe si Kristo ɖe be míaɖe gbeƒã ko dzi wɔm menɔ. (Mateo 28:19, 20) Ʋɔnudrɔ̃la la ɖo eŋu alɔmeɖeɖetɔe be: “Vinye, ati ŋue woklã Amesi ɖe gbe ma ɖo. Dzɔgbevɔ̃etɔe la, womena ŋusẽm be mahe to ma tɔgbe na wò o.” Gake ɖekakpui senyala aɖe si nyemedze si o la tsi tre ʋli tanye be, esi Kɔmiunisttɔnyenye kple mawudzimaxɔse bɔ alea gbegbe ta la, ele be wòanye dada na ʋɔnudrɔ̃ƒea be ɖekakpuiwo li siwo lɔ̃ be yewoaʋli Mawu ƒe Nya la ta. Emegbe ezɔ tum eye wòkafum vevie le nya siwo meŋlɔ tsɔ ʋli ɖokuinye ta si le nusiwo woŋlɔ ɖi le ŋutinye me la ta. Esi wòwɔ dɔ ɖe edzi be nyemetsi kura o ta la, egblɔ be yeaʋli tanye ga maxɔmaxɔe. Le esi teƒe be mayi game ɣleti etɔ̃ si nye ɣeyiɣi kpuitɔ kekeake si woadem game hafi la, ŋkeke ewo pɛ koe wodem xɔ eye wona mexe tohefe si nye drachma 300. Ðeko tsitretsiɖeŋu ma gado ŋusẽ nye tameɖoɖo kplikpaa be masubɔ Yehowa eye be maʋli nyateƒea ta.

Esi wogalém ɣebubuɣi la, ʋɔnudrɔ̃la la de dzesi alesi mete ŋu nɔ nya yɔm tso Biblia me bɔbɔe. Ebia tso bisiɔp la si be wòado go le yeƒe ɔfis, egblɔ nɛ be: “Èwɔ wò dɔ vɔ. Makpɔ egbɔ.” Eɖe eƒe Biblia ɖe go eye míeƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu ŋdɔ bliboa katã. Nudzɔdzɔ mawo de dzi ƒo nam be mayi dɔa dzi togbɔ be mele fu kpem gake.

Kufiatsotso La

Le ƒe 1940 me la, woyɔm na asrafodɔ wɔwɔ eye meŋlɔ agbalẽ tsɔ ɖe nusita nyemadi be woaxɔm o la me. Wolém le ŋkeke eve megbe eye kpovitɔwo ƒom vevie. Emegbe wokplɔm yi aʋagbedzi le Albania, afisi wohem yi asrafoʋɔnudrɔ̃ƒe le, esi megbe aʋawɔwɔ ta. Asrafomegãwo gblɔ nam be ŋusẽ si nye nuwɔna akpɔ ɖe asrafowo dzie ka yewo wu, ke menye nye nya ƒe dzɔdzɔ loo alo eƒe madzɔmadzɔ ye o. Wotso kufia nam, gake mekpɔ gbɔdzɔe gã ŋutɔ, elabena vodada si nɔ ʋɔnunya la me wɔe be wotrɔ kufiatsotsoa zu dɔ sesẽ wɔwɔ ƒe ewo. Menɔ nye agbe ƒe ɣleti ʋee siwo kplɔe ɖo la le asrafogaxɔ aɖe me le Greece le fukpekpe sesẽwo me, eye megale nusiwo wògblẽ le ŋunye ŋkɔ sem le lãme kokoko.

Gake gaxɔmenɔnɔ mena medzudzɔ gbeƒãɖeɖe o. Kura o! Esi ame geɖe nɔ nya biam le nusita dumevi gbɔlo ava nɔ asrafogaxɔ me ŋu ta la, dzeɖoɖo gɔmedzedze nɔa bɔbɔe. Dze siawo dometɔ aɖe si meɖo kple ɖekakpui dzimekɔkɔetɔ aɖe trɔ zu Biblia-nusɔsrɔ̃ le gakpɔa me. Megado go ŋutsu sia ake le takpekpe aɖe me le ƒe 38 megbe. Exɔ nyateƒea eye wòzu hame dzikpɔla le Lefkás-ƒukpo dzi.

Esi Hitler ƒe asrafowo dze Yugoslavia dzi le ƒe 1941 me la, woɖe mí yi keke anyiehe ke le gaxɔ aɖe me le Preveza. Le mɔa dzi la, Germaniatɔwo ƒe bɔmbdayameʋuwo dze míaƒe mɔzɔha la dzi, eye womena nuɖuɖu mí gamenɔlawo o. Esi abolo sue si nɔ asinye vɔ la, medo gbe ɖa na Mawu be: “Ne wò didie wònye be dɔ nawum maku esi nèɖem tso kufiatsotsoa me vɔ la, ekema wò lɔlɔ̃nu nava eme.”

Le ŋufɔke la asrafo aɖe ɖe kpɔm esime wonɔ míaƒe ŋkɔwo yɔm, eye esi megblɔ afisi metso, amesiwo nye dzinyelawo, kple nusita mele gaxɔ me nɛ la, egblɔ be makplɔ ye ɖo. Ekplɔm yi asrafowo ƒe nuɖuƒee le dua me, eye wòfia kplɔ̃ aɖe si dzi abolo, nyinotsibabla, kple alẽlã memee le lam, eye wògblɔ nam be maɖu nu. Meɖe eme nɛ be esi gamenɔla 60 bubuawo mekpɔ naneke aɖu o ta la, nye dzitsinya meɖe mɔ nam be maɖui o. Asrafoa ɖo eŋu be: “Nyemate ŋu akpɔ nuɖuɖu na amesiame o! Fofowò wɔ dɔmenyo ŋutɔ na fofonye kpɔ. Wòe wòle be mawɔ nyui na ke menye na ame bubuawo o.” Meɖo eŋu nɛ be: “Ne nenemae la, ke ɖeko matrɔ adzo.” Ebu tame sẽ eye emegbe ena akplo gã aɖem be made nuɖuɖu alesinu mate ŋui eme.

Esi metrɔ yi gaxɔa me la, meda akploa ɖe anyi gblɔ be: “Mía tɔwo, mia tɔe.” Le ŋkeke si do ŋgɔ ƒe fiẽ la, wotsɔ nya ɖe ŋunye be nye tae gamenɔla bubuawo le fu kpem elabena megbe be nyemawɔ ɖeka kpli yewo ado gbe ɖa na Ðetugbi Nɔaƒe Maria o. Gake Kɔmiunisttɔ aɖe ʋli tanye. Azɔ esi wòkpɔ nuɖuɖua la, ebia etɔwo be: “Afika miaƒe ‘Ðetugbi Nɔaƒe Maria’ la le? Miegblɔ be ŋutsu sia tae míegbɔna kukuge, gake eyae tsɔ nuɖuɖu vɛ na mí.” Emegbe etrɔ ɖe ŋunye gblɔ be: “Emmanuel! Va do gbe ɖa.”

Le ema megbe kpuie la, Germania-srafowo ƒe zɔɖeɖe tu mí na be gaxɔŋudzɔlawo si dzo, eye ablɔɖemɔ ʋu ɖi na mí. Meyi Patras be maɖadi Ðasefo bubuwo hafi aɖo ta Athens le May 1941 ƒe nuwuwu. Afimae mete ŋu kpɔ awu kple afɔkpa aɖewo le eye megale tsi zi gbãtɔ le ƒe ɖeka kple edzivɔ me. Vaseɖe Germaniatɔwo ƒe afima dzi ɖuɖu ƒe nuwuwu la, wotɔa tem edziedzi ne mele gbeƒã ɖem, gake womelém kpɔ o. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Míedaa tu Yehowa Ðasefowo le Germania. Gake afisia ya la, anyo mía ŋu be míaƒe futɔwo katã nanye Ðasefowo!”

Aʋa Megbe Dɔwɔnawo

Abe ɖe aʋawɔwɔ meti Greece ene o la, dukɔmeviʋa gade mamã eme tso ƒe 1946 va ɖo ƒe 1949, eye ame akpe geɖe ku. Esi kpekpewo dede ɖeɖe dzaa ate ŋu ana woalé ame ɣemaɣi ta la, nɔviawo hiã dzideƒo ŋutɔ bene woate ŋu anɔ te sesĩe. Wotso kufia na nɔvi geɖe le woƒe akpaɖekedzimademade ta. Togbɔ be ele alea hã la, ame geɖe xɔ Fiaɖuƒegbedasia, eye míenyrɔa ame eve alo etɔ̃ kwasiɖa ɖesiaɖe. Tso ƒe 1947 me la, meva nɔ dɔ wɔm le Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe si le Athens le ŋkeke me eye mewɔa dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔ ɖasrãa hamewo kpɔ le zã me.

Le ƒe 1948 me la, edzɔ dzi nam be wokpem be mava de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku le United States. Gake kuxi aɖe nɔ anyi. Le esi wodem game kpɔ ta la, nyemate ŋu axɔ mɔzɔgbalẽvi o. Gake nye Biblia-nusrɔ̃viwo dometɔ ɖeka nye asrafomegã aɖe xɔlɔ̃. Le nusrɔ̃vi sia ta la, nye asi te ŋu su mɔzɔgbalẽvia dzi le kwasiɖa ʋee aɖewo megbe. Gake eɖe fu nam vie be esi wòsusɔ vie madze mɔ la, wolém be menɔ Gbetakpɔxɔ mãm. Kpovitɔ aɖe kplɔm yi Dukɔa ƒe Dedienɔnɔ Kpovitɔwo ƒe tatɔ gbɔ le Athens. Ewɔ nuku nam ŋutɔ be amesia nye nye aƒelikawo dometɔ ɖeka! Kpovitɔa gblɔ nusita wolém vɛ eye wòtsɔ magazineawo nɛ. Nye aƒelika la ɖe Gbetakpɔxɔ magazine gbogbo aɖewo le eƒe kplɔ̃ŋuɖakavi me eye wògblɔ nam be: “Tata yeyetɔ mele asinye o. Mate ŋu atsɔ ɖekaa?” Aleke gbegbe mekpɔ gbɔdzɔe nye si esi mekpɔ be Yehowa kpe ɖe ŋunye le nya siawo me!

Gilead ƒe klass 16 lia dede le ƒe 1950 me nye nuteƒekpɔkpɔ tuameɖo aɖe. Le eƒe nuwuwu la, woɖom ɖe Cyprus, afisi meva kpɔe le emegbe kpuie be nunɔlawo ƒe tsitretsiɖeŋu nu sẽ le afima abe alesi wòle le Greece ene. Zi geɖe míedzea ŋgɔ subɔsubɔha ƒe zazɛ̃nyaheha siwo ƒe tame Orthodɔks nunɔlawo de adãe. Le ƒe 1953 me la, womegalɔ̃ ɖe mɔ ɖe nye Cyprus nɔnɔ ŋu o, eyata wode dɔ asi nam le Istanbul, Turkey. Nyemenɔ afisia hã eteƒe didi o. Dunyahehe me nyaʋiʋli siwo nɔ Turkey kple Greece dome wɔe be togbɔ be gbeƒãɖeɖedɔa nɔ ku nyuiwo tsem hã la, ele be madzo ayi dɔdasi bubu gbe—le Egipte.

Esime menɔ gaxɔ me la, Psalmo 55:7, 8 vaa susu me nam. Dawid gblɔ le afima be yedi vevie be yeasi ayi gbedzi. Nyemebui kpɔ be gbaɖegbe la afima tututue mava nɔ o. Le ƒe 1954 me le ŋkeke geɖe ƒe mɔzɔzɔ le keteke kple Nile dzi tɔdziʋu me megbe la, meva ɖo afisi meyina mlɔeba—Khartoum, le Sudan. Nusi ko medi be mawɔe nye be male tsi amlɔ anyi. Gake meŋlɔ be be ŋdɔkutsu mee. Tsi si nɔ gago me le xɔa ta la bebe ta nam, si na meva nɔ alakuku ɖɔm ɣleti geɖe vaseɖe esime nye tayiŋubi la ku.

Zi geɖe mesenɛ le ɖokuinye me be mesa ɖe aga le afima, nye ɖeka mele Sahara titina, afisi didi wu kilometa 1600 tso hame si te ɖe afima ŋu wu la gbɔ, gake Yehowa lém ɖe te eye wòdoa ŋusẽm be mayi dɔa dzi. Ɣeaɖewoɣi dzideƒo tsoa afisi nyemenɔ mɔ kpɔm na kura o. Medo go Khartoum Blemanudzraɖoƒe ƒe amegã gbeɖeka. Esea nu gɔme eye míeɖo dze vivi aɖe. Esi wòse be Greektɔe menye la, ebia tso asinye be mate ŋu akpe ɖe ye ŋu míayi blemanudzraɖoƒea ne maɖe nuŋɔŋlɔ aɖewo siwo le aɖaŋunu siwo wofɔ le ƒe alafa adelia ƒe sɔlemexɔ aɖe me ŋu gɔme hã. Esi menɔ xɔgɔmexɔ ʋeʋẽ aɖe me gaƒoƒo atɔ̃ megbe la, mekpɔ agba sue aɖe si ŋu Yehowa ƒe ŋkɔ si woŋlɔ wònye Hebrigbe me Ŋɔŋlɔdzesi Ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔe la le. Kpɔ alesi dzi dzɔm ɖa! Ebɔ le Europa be nàke ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋu le sɔlemexɔwo me, gake mebɔ kura le keke Sahara titina ya o!

Le ƒe 1958 me dukɔwo dome takpekpe megbe la, wode dɔ asi nam menye alɔdzewo dzikpɔla be masrã nɔviwo kpɔ le dukɔ kple anyigbamamã 26 me le Titinaɣedzeƒe kple Ɣedzeƒe Lɔƒo kpakple Mediterranea nutowo me. Zi geɖe nyemenyaa alesi mawɔ ado le kuxi sesẽwo me o, gake Yehowa ɖeam le eme.

Beléle si Yehowa ƒe habɔbɔa tsɔna naa Ðasefo siwo sa ɖe aga le dukɔ aɖewo me la wɔa dɔ ɖe dzinye ɣesiaɣi. Ɣeaɖeɣi la, medo go nɔvi Indiatɔ aɖe si nɔ dɔ wɔm le amikuƒe aɖe. Edze abe eya ɖeka koe nye Ðasefo le dukɔ ma me ene. Agbalẽwo nɔ esi le gbegbɔgblɔ vovovo 18 me le eƒe aɖaka me wònaa eƒe dɔwɔhatiwo. Le afisia si wode se ɖe duta subɔsubɔha ɖesiaɖe nu kura gɔ̃ hã la, mía nɔvia meŋlɔ agba si le edzi be wòaɖe gbeƒã nyanyuia be o. Ewɔ nuku na etɔwo be wokpɔ be woɖo eƒe subɔsubɔha teƒenɔla aɖe ɖa be wòava srãe kpɔ.

Ƒe 1959 mee meɖi tsa yi Spain kple Portugal. Dukɔ evea siaa nɔ asrafowo ƒe dzizizidziɖuɖu te ɣemaɣi, eye woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ nu kura. Mete ŋu zã ɣleti ɖeka tsɔ wɔ kpekpe siwo wu alafa ɖeka, mede dzi ƒo na nɔviawo be woagana ta o togbɔ be kuxiwo li gake.

Menye Nye Ðekae Gali O

Menye tre nɔ Yehowa subɔm le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔ me wu ƒe 20 sɔŋ, gake nye mɔzɔzɔ enuenu teƒe ɖeka manɔmanɔ va tim zi ɖeka. Ɣeyiɣi sia me lɔƒoe medo go Annie Bianucci si nye mɔɖela vevi le Tunisia. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1963 me. Eƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple nyateƒea, eɖokuitsɔtsɔ na subɔsubɔdɔa wɔwɔ kple eƒe nufiafiaɖaŋu, kpakple gbe geɖe siwo wòte ŋu gblɔna la nye yayra vavã le míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔ kple nutome sue dɔwo wɔwɔ me le dziehe kple ɣetoɖoƒe Afrika kpakple le Italy.

Wode dɔ asi na mía kple srɔ̃nye le August 1965 me, le Dakar, Senegal, afisi mɔnukpɔkpɔ su asinye mewɔ ɖoɖo ɖe afima ƒe alɔdzedɔwɔƒe ŋu le. Senegal ɖe dzesi le eƒe mɔɖeɖe ɖe subɔsubɔhawo ŋu ta, ɖikeke mele eme o be eƒe dziɖula, Léopold Senghor tae, amesi nye Afrika Dukplɔla ʋee siwo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Malawi Dziɖula Banda tsɔ de Yehowa Ðasefowo dzi le yometiti vɔ̃ɖi si dzɔ le Malawi le ƒe 1970-awo me la dometɔ ɖeka.

Yehowa ƒe Yayra Xɔasiwo

Esi medzo le Gilead le ƒe 1951 me yi ɖe Cyprus la, mɔzɔkplo adre ye metsɔ zɔ mɔe. Esi madzo le Turkey la, eɖiɖi ɖo atɔ̃. Gake le mɔzɔzɔ geɖe ta la, ele be agba kpekpeme kilogram 20 si ŋu woɖe mɔ ɖo, siwo me nye agbalẽŋlɔmɔ̃ sue hã le la ko tsɔtsɔ namam. Gbeɖeka megblɔ na Nɔviŋutsu Knorr, si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi be: “Miekpɔ tanye tso ŋutilãmenudidi me. Miena menɔa agbe ɖe nunɔamesi kilogram 20 ko nu, eye esɔe nam.” Nyemebui be naneke to ŋunye le esi nu geɖe mele asinye ta o.

Nye kuxi vevitɔe nye alesi manɔ gegem ɖe dukɔwo me aganɔ dzodzom le wo me. Gbeɖeka le dukɔ aɖe si me woxe mɔ ɖe dɔa nu le la, dedzidɔwɔla aɖe dze nye nuŋlɔɖiwo me tsatsa gɔme. Esia anye afɔku na Ðasefo siwo le dukɔ ma me, eyata meɖe lɛta aɖe si srɔ̃nye ŋlɔ ɖo ɖem la tso nye awudziwui me eye megblɔ na dedzidɔwɔla la be: “Mekpɔ be lɛta xexlẽ dzɔa dzi na wò. Àdi be yeaxlẽ lɛta sia si srɔ̃nye ŋlɔ nam si mele nuŋlɔɖiawo me o la hã?” Esi ŋu kpee la, edo taflatse eye wòna medzo.

Mía kple srɔ̃nye míenye dutanyanyuigblɔlawo le Nice, si le France ƒe anyiehe gome tso ƒe 1982 me ke. Le nye lãmegbegblẽ ta la, nyemagate ŋu awɔ dɔ geɖe abe alesi mewɔnɛ tsã ene o. Gake mefia be míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖe kpɔtɔ o. Míekpɔe be ‘míaƒe agbagbadzedze menye dzodzro o.’ (Korintotɔwo I, 15:58) Edzɔa dzi nam ne mekpɔ ame gbogbo siwo mɔnukpɔkpɔ su asinye mesrɔ̃ nu kpli wo le ƒe siwo va yi la me hekpe ɖe ƒonyemetɔ siwo wu 40 siwo le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe la ŋu.

Nusiwo metsɔ sa vɔe le agbe si menɔ esi menɔa ‘ƒu tsom’ nɔ duwo me yim la mete ɖe dzinye le mɔ aɖeke nu o. Ne èbu eŋu kpɔ la, nusiwo míetsɔna saa vɔe ƒe ɖeke meli si ate ŋu asɔ kple nusiwo Yehowa kple Via, Kristo Yesu wɔ na mí la o. Ne mebu tame le ƒe 60 siwo va yi esi medze si nyateƒea ŋu la, mate ŋu agblɔ be Yehowa yram geɖe ŋutɔ. Abe alesi Lododowo 10:22 gblɔe ene la, ‘Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔe.’

Ðikeke aɖeke mele eme o be Yehowa ƒe “amenuveve nyo wu agbe.” (Psalmo 63:4) Esi amegãkuku me fukpekpewo le dzidzim ɖe edzi la, megblɔa hakpala si gbɔgbɔ ʋã la ƒe nyawo le nye gbedodoɖawo me zi geɖe be: “Yehowa, wòe mesi tso, megana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o! Elabena wòe nye nye mɔkpɔkpɔ, Aƒetɔ Yehowa, nye nusi ŋu meɖoa ŋu ɖo tso nye ɖevime ke! Mawu, èfia num tso nye ɖevime ke, eye meɖe gbeƒã wò nukunuwo vaseɖe fifi. Eyata, Mawu, megagblẽm ɖi o vaseɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me.”—Psalmo 71:1, 5, 17, 18.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple srɔ̃nye, Annie, egbea

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe