Nusi Yehowa Dze Na Tsɔtsɔ Nɛ
ABE ALESI TIMOLEON VASILIOU GBLƆE ENE
Le Biblia fiafia ta la, wolém le du si nye Aidhonochori me. Kpovitɔwo ɖe afɔkpa le afɔ nam hete nye afɔƒome ƒoƒo. Esi ƒoƒoa nɔ edzi yim la, nye afɔwo ku ɖe ŋunye, eye nyemeganɔ veve sem o. Hafi magblɔ nusi gbɔ ameƒoƒo sia si yia edzi le Greece ɣemaɣi tso la, mina magblɔ alesi mewɔ va zu Biblia-fiala na mi.
ESI wodzim le ƒe 1921 me megbe kpuie la, míaƒe ƒomea ʋu yi du si ŋkɔe nye Rodholívos me le Greece ƒe dziehekpa dzi. Le nye sɔhɛmenɔɣi la, nye to sẽ ŋutɔ. Esi mexɔ ƒe 11 la, mete atamanono. Emegbe meva zu ahatsunola kple tsatsadala, eye medea aglotuƒewo zã sia zã kloe. Hadzidzi vivia nunye, eyata mege ɖe haƒoha aɖe me le afima. Kaka ƒe ɖeka nava yi la, mete ŋu ƒoa haƒoha la ƒe haƒonu akpa gãtɔ. Gake le ɣeyiɣi ma ke me hã la, mesrɔ̃a nu vevie eye melɔ̃ dzɔdzɔenyenye.
Esi Xexemeʋa II nɔ edzi yim le ƒe 1940 ƒe gɔmedzedze la, wokpe míaƒe haƒohaa be míava ƒo ha le nyɔnuvi sue aɖe ƒe kuteƒe. Le yɔdoa to la, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo nɔ avi fam henɔ nu xam ɖokuidzimaɖumaɖutɔe. Mɔkpɔkpɔ si bu ɖe wo keŋkeŋ la wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. Mete ɖokuinye biabia be, ‘Nukatae míekuna? Ðe gɔmesese si le agbe ŋu de ŋgɔ wu ɣeyiɣi kpui si míenɔa agbea? Afikae makpɔ ŋuɖoɖoawo le?’
Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, mekpɔ Nubabla Yeye aɖe le agbalẽti aɖe dzi le míaƒe aƒeme. Meɖee hedze exexlẽ gɔme. Esi mexlẽ Yesu ƒe nya siwo le Mateo 24:7 si ƒo nu tso aʋa gãwo ƒe dzɔdzɔ ŋu be woanye yeƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi ƒe akpa aɖe la, eme va nɔ kɔkɔm nam be míaƒe ɣeyiɣia ŋue eƒe nyawo anya ku ɖo. Le kwasiɖa siwo kplɔe ɖo me la, mexlẽ Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔ sia zi gbɔ zi geɖe.
Emegbe le December 1940 me la, meyi ɖasrã ƒome aɖe si te ɖe mía ŋu—si nye ahosi aɖe kple via atɔ̃awo kpɔ. Mekpɔ be woli kɔ agbalẽviwo ɖe woƒe xɔdzisasrã dzi, eye le wo dome la, mekpɔ agbalẽ aɖe si ƒe tanyae nye A Desirable Government, si Watch Tower Bible and Tract Society ta. Menɔ dzisasrãa dzi xlẽ agbalẽvi bliboa katã. Nusi mexlẽ la na mexɔe se bliboe be míele nusi Biblia yɔ be “ŋkeke mamlɛawo” me vavã, eye be eteƒe madidi o Yehowa Mawu ahe nuɖoanyi sia ava nuwuwui eye wòatsɔ dzɔdzɔenyenyexexe yeye aɖo eteƒe.—Timoteo II, 3:1-5; Petro II, 3:13.
Nusi wɔ dɔ ɖe dzinye koŋue nye Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi siwo fia be nuteƒewɔlawo anɔ paradiso me le anyigba dzi tegbee eye be fukpekpe kple ku maganɔ anyi akpɔ o le xexe yeye ma me le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te. (Psalmo 37:9-11, 29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Esi menɔ agbalẽa xlẽm la, medo gbe ɖa da akpe na Mawu ɖe nusiawo ta, eye mebiae be wòafia nusi eƒe nudidiwo nye lam. Eme va kɔ nam be edze be matsɔ nye luʋɔ blibo asubɔ Yehowa Mawui.—Mateo 22:37.
Nusi Mesrɔ̃ Tsɔtsɔ Wɔ Dɔe
Tso ɣemaɣi la, medzudzɔ atamanono, dzudzɔ ahamumu, eye metɔ te tsatsadada. Meƒo ahosia ƒe vi atɔ̃awo kple tsɛnye etɔ̃ nu ƒu eye meƒo nu tso nusiwo mesrɔ̃ le agbalẽvia me ŋu na wo. Eteƒe medidi o, mí katã míedze nu sue si míenya la gbɔgblɔ na ame bubuwo. Togbɔ be míedo go Ðasefo aɖeke kpɔ o hã la, wova nɔ mía yɔm le nutoa me be Yehowa Ðasefowo. Tso gomedzedzea me ke la, mezãa gaƒoƒo si wu alafa ɖeka ɣleti sia ɣleti nɔa nu wɔnuku siwo mesrɔ̃ la gblɔm na amewo.
Greece ƒe Orthodɔks-ha si le afima ƒe nunɔlawo dometɔ ɖeka yi dudzikpɔla gbɔ ɖatso mía nu nɛ. Gake le ŋkeke aɖewo siwo do ŋgɔ me la, sɔhɛ Ðasefo aɖe fɔ sɔ aɖe si tra mɔ eye wòkplɔe yi na enyilawo, si ŋu míawo míese nya aɖeke le o. Le anukwareɖiɖi sia ta la, dudzikpɔla la dea bubu Ðasefowo ŋu, eye wògbe nunɔlaa ƒe nyawo sese.
Gbeɖeka esi menɔ gbeƒã ɖem le asime le October 1941 me lɔƒo la, ame aɖe gblɔ Yehowa Ðasefo aɖe si nɔ du si te ɖe mía ŋu me ŋu nya mese. Enye kpovitɔ tsã eye eŋkɔe nye Christos Triantafillou. Meyi egbɔ eye wòna menya be tso ƒe 1932 me kee yenye Ðasefo. Aleke gbegbe dzi dzɔm enye si esi wòtsɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ xoxo gbogbo aɖewo nam! Agbalẽ siawo kpe ɖe ŋunye ŋutɔ be mewɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me.
Le ƒe 1943 me la, metsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzii. Ɣemaɣi la, menɔ Biblia srɔ̃m kple amewo le kɔƒe etɔ̃ siwo te ɖe mía ŋu me—kɔƒe siawoe nye Dhravískos, Palaeokomi, kple Mavrolofos. Mezãa agbalẽ si nye The Harp of God tsɔ srɔ̃a Biblia kpli amewo. Mlɔeba la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mekpɔ woɖo Yehowa Ðasefowo ƒe hame ene le nuto siawo me.
Gbeƒãɖeɖe Togbɔ Be Mɔxenuwo Li Hã
Le ƒe 1944 me la, Greece do le Germanytɔwo ƒe amedzidzedze te, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, kadodo va nɔ mía kple Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Athens dome. Alɔdzedɔwɔƒea mia asim be mava wɔ gbeƒãɖeɖedɔa le nuto aɖe si me ame aɖeke mese Fiaɖuƒegbedasia le kpɔ o me. Esi meʋu yi afima la, metsɔ ɣleti etɔ̃ wɔ dɔ le agble aɖe dzi eye mewɔ gbeƒãɖeɖedɔa le ƒea ƒe ɣleti mamlɛawo me.
Le ƒe ma me la, enye yayra nam be nɔnye, kple ahosia kpakple viawo xɔ nyɔnyrɔ, negbe ahosia ƒe vinyɔnu ɖevitɔ, si ŋkɔe nye Marianthi, si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1943 me eye wòzu srɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ le ƒe ma ƒe November me. Ƒe blaetɔ̃ megbe la, fofonye hã va zu Ðasefo xɔnyɔnyrɔ le ƒe 1974 me.
Le ƒe 1945 ƒe gɔmedzedze la, míexɔ Gbetakpɔxɔ gbãtɔ si wogbugbɔ ƒo le mɔ̃ dzi tso alɔdzedɔwɔƒea. Nyati si ŋuti wòƒo nu le ƒe tanyae nye “Miheyi Ðawɔ Dukɔwo Katã Ne Woanye Nusrɔ̃lawo.” (Mateo 28:19) Mía kple Marianthi míeʋu le mía de enumake ɖawɔ dɔ le anyigbamama siwo le Strymon Tɔsisi ƒe ɣedzeƒekpa dzi si gbɔ didi me. Ðasefo bubuwo va kpe ɖe mía ŋu emegbe.
Zi geɖe la, míezɔa afɔ ƒuƒlu kilometa geɖe toa baliwo me kple towo dzi hafi yia kɔƒewo me. Míewɔ esia kple susu be míaƒe afɔkpawo naganyi kaba o elabena ne wonyi la, bubu aɖeke megale mía si míatsɔ aɖo wo teƒe o. Tso ƒe 1946 vaseɖe ƒe 1949 ƒeawo me la, dukɔmeviʋa nɔ nu gblẽm le Greece, eye afɔku nɔ mɔzɔzɔ me ŋutɔ. Ame kukuwo kaka ɖe mɔwo to keŋ.
Le esi teƒe be nɔnɔmeawo ƒe sesẽ naɖe dzi le mía ƒo la, míeyi subɔsubɔdɔa dzi kple veviedodo. Zi geɖe la, mesena le ɖokuinye me abe hakpala la ene, amesi ŋlɔ bena: “Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o, elabena wòe le gbɔnye; wò atikplɔ kple wò atizɔti faa akɔ nam.” (Psalmo 23:4) Le ɣeyiɣi sia me la, míedzona le mía ƒeme kwasiɖa geɖe nɔa gbeadzisubɔsubɔdɔ wɔm zi geɖe, eye ɣeaɖewoɣi la, mezãa gaƒoƒo 250 le dzinu ɖeka me tsɔ wɔa subɔsubɔdɔae.
Míaƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ le Aidhonochori
Kɔƒe siwo me míede le ƒe 1946 me dometɔ ɖekae nye Aidhonochori, si wotso ɖe to aɖe tame. Míedo go ŋutsu aɖe le afima si gblɔ na mí be ŋutsu eve aɖewo le kɔƒea me siwo di be yewoase Biblia me gbedasia. Gake le vɔvɔ̃ na ehaviwo ta, ŋutsua medi be yeafia woƒe aƒeme mí o. Gake míeva ke ɖe woƒe aƒewo ŋu mlɔeba eye woxɔ mí nyuie. Le nyateƒe me la, le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, amewo yɔ akpataa me taŋ! Wonye ƒometɔwo alo xɔlɔ̃ veviwo. Alesi wonɔ anyi kpoo henɔ to ɖom míi la wɔ nuku nam ale gbegbe. Eteƒe medidi o míese be wonɔ didim vevie be yewoakpɔ Yehowa Ðasefowo, gake le Germanytɔwo ƒe amedzidzeɣiawo me la, wo dometɔ aɖeke menɔ nutoa me o. Nukae nyɔ woƒe ɖetsɔleme?
Ƒome ƒe ta eveawo nye ame ŋkutawo le Kɔmiunisttɔwo ƒe dunyahehabɔbɔ me le afima, eye wodze egɔme le Kɔmiunisttɔwo ƒe nukpɔsusuwo dom ɖe ameawo gbɔ. Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, wova ke ɖe agbalẽ si nye Government, si Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta la ŋu. Esi woxlẽe la, woxɔe se be dziɖuɖu si ko de blibo hele dzɔdzɔe si woakpɔ mɔ nae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea.
Míenɔ nu ƒom na ŋutsu siawo kple wo xɔlɔ̃wo vaseɖe zãtiƒe ke. Biblia me ŋuɖoɖo siwo wokpɔ na woƒe biabiawo dze wo ŋu ale gbegbe. Gake le esia megbe kpui la, Kɔmiunisttɔ siwo le kɔƒea me la ɖo nugbe be yewoawum elabena wobum amesi na amesiwo nye yewoƒe ŋgɔnɔlawo tsã la trɔ. Edzɔ be ŋutsu si gblɔ ɖetsɔlemetɔawo ŋu nya nam le kɔƒea me la hã nɔ amesiwo ƒo ƒu le fĩe gbãtɔ ma me la dome. Mlɔeba la, ewɔ ŋgɔyiyi le Biblia sɔsrɔ̃ me eye emegbe wòxɔ nyɔnyrɔ va zu Kristotɔ hamemegã.
Yometiti si Nu Sẽ
Esi míeke ɖe amesiawo siwo nye Kɔmiunisttɔwo tsã ŋu megbe teti la, kpovitɔ eve va ge ɖe aƒe si me míenɔ nusɔsrɔ̃ wɔm kpli amewo le la me. Wolé mí ame ene hekplɔ mí kple tu yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒee. Kpovitɔwo ƒe amegã teƒenɔla si le afima, amesi dome kadodo kplikplikpli nɔ kple Greece Orthodɔks-ha ƒe kplɔlawo blu ɖe mía ta. Mlɔeba ebia be, “Nukae mawɔ na mi?”
Kpovitɔ siwo tsi tre ɖe mía megbe la tsɔ nusɔsɔe do ɣli gblɔ bena, “Mina míaƒo wo nyuie!”
Ɣemaɣi la, zã tsi ŋutɔ. Kpovitɔawo tu mí ɖe xɔ si le xɔa te la me heyi ɖe ahadzraƒe si te ɖe wo ŋu. Esi wono aha mu nyuie la, wotrɔ gbɔ eye woɖem do goe.
Esi mekpɔ nɔnɔme si me wonɔ la, mekpɔe dzesii be woate ŋu awum ɣesiaɣi. Eyata medo gbe ɖa na Mawu be wòana ŋusẽm ne mate ŋu anɔ te ɖe fukpekpe ɖesiaɖe si ava dzinye la nu. Wotsɔ ati aɖewo, eye abe alesi megblɔe le gɔmedzedzea me ene la, wote nye afɔƒome ƒoƒo. Le esia megbe la, woƒo nye afisiafi, eye wogatsɔm ƒu gbe ɖe xɔtexɔa me ake. Emegbe woɖe mí amesiwo wolé la dometɔ bubu eye wote eya hã ƒoƒo.
Le ɣeyiɣi ma me la, mezã mɔnukpɔkpɔa tsɔ dzra sɔhɛ Ðasefo eve siwo susɔ la ɖo ɖe dodokpɔ si le ŋgɔ la ŋuti. Gake, ɖe eteƒe la, kpovitɔawo gaɖem do goe. Woɖe awu le ŋunye, eye abe gaƒoƒo ɖeka sɔŋ ene la, wo dome ame atɔ̃ nɔ ƒonyem henɔ woƒe asrafofɔkpawo tum nye ta dzi. Emegbe wotsɔm ƒu gbe ɖe xɔtexɔa me eye menɔ ɖime abe gaƒoƒo 12 sɔŋ ene.
Esi woɖe asi le mía ŋu mlɔeba la, ƒome aɖe si nɔ kɔƒea me xɔ mí míetsi wo gbɔ le zã ma me eye wokpɔ mía dzi. Ŋufɔke la, míedze mɔ trɔ yina aƒe. Ƒoƒoa na ɖeɖi te mía ŋu eye ŋusẽ vɔ le mía ŋu ale gbegbe be míetsɔ gaƒoƒo enyi zɔ gaƒoƒo eve ƒe mɔae. Ƒoƒoa na mete ale gbegbe be Marianthi mete ŋu kpɔm dzesii o.
Dzidziɖedzi Togbɔ Be Tsitretsiɖeŋuwo li Hã
Le ƒe 1949 me esi dukɔmeviʋa gakpɔtɔ nɔ edzi yim la, míeʋu yi Thessalonica. Wode dɔ asi nam be manye subɔla ƒe kpeɖeŋutɔ le hame ene siwo le dugãa me la dometɔ ɖeka me. Le ƒe ɖeka megbe la, hamea dzi ɖe edzi ale gbegbe be míema eme, eye wode dɔ asi nam be manye subɔla, alo dzikpɔla zimenɔla le hamea me. Le ƒe ɖeka megbe la, hame yeyea dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve kloe, eye míegama eme ake!
Dzi ku tsitretsiɖeŋulawo le alesi Yehowa Ðasefowo nɔ dzidzim ɖe edzii le Thessalonica la ta. Gbeɖeka esi megbɔ tso dɔme le ƒe 1952 me la, wotɔ dzo míaƒe aƒe wòfia keŋkeŋ. Marianthi mete ŋu ɖe naneke o negbe eƒe agbe ko. Esi míeyi kpekpe fiẽ ma la, míeɖe nusitae míetsɔ awu ƒoɖiwo vae la me—nusianu si nɔ mía si la fiã. Mía nɔvi Kristotɔwo fa na mí ŋutɔ eye wokpe ɖe mía ŋu.
Le ƒe 1961 me la, wode mɔzɔzɔdɔ asi nam, mesrãa hame bubu kpɔna kwasiɖa ɖesiaɖe be mado ŋusẽ nɔviawo le gbɔgbɔ me. Le ƒe 27 siwo kplɔe ɖo me la, mía kple Marianthi míesrã nutome sue kple nutome gã siwo le Macedonia, Thrace, kple Thessaly kpɔ. Togbɔ be nye lɔlɔ̃tɔ Marianthi meganɔ nu kpɔm tututu o tso ƒe 1948 me hã la, etsɔ dzideƒo subɔ kplim eye wònɔ te ɖe xɔse ƒe dodokpɔ geɖe nu. Wolé eya hã, drɔ̃ ʋɔnui, eye wodee mɔ zi geɖe. Emegbe eƒe lãme te gbegblẽ, eye wòku le ƒe 1988 me le avuwɔwɔ kple kansa ƒe geɖe megbe.
Le ƒe ma ke me la, woɖom mɔɖela vevii le Thessalonica. Fifia, le Yehowa subɔsubɔ ƒe 56 kple edzivɔwo megbe la, mete ŋu gadzea agbagba kpɔa gome le subɔsubɔdɔa ƒe akpawo katã me. Ɣeaɖewoɣi la, mesrɔ̃a Biblia kple ɖetsɔlemetɔ siwo ade 20 sɔŋ kwasiɖa siaa kwasiɖa.
Meva kpɔe dze sii be míedze nufiafiadɔ gã aɖe si ayi edzi age ɖe Yehowa ƒe xexe yeyea me eye wòayi edzi hena ƒe akpe ɖeka la wɔwɔ gɔme vavã. Ke hã mese le ɖokuinye me be menye ɣeyiɣi si me míawɔ alɔgblɔdɔ, ahe nuwo wɔwɔ ɖe megbe, alo agblẽ ɣeyiɣi anɔ nusiwo dzroa míaƒe ŋutilã wɔm lae nye esia o. Meda akpe na Mawu be wòle kpekpem ɖe ŋunye be mawɔ ɖe ŋugbe si medo le gɔmedzedzea me ke la dzi, elabena Yehowa dze vavã be wòaxɔ míaƒe luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔ.
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Menɔ dutoƒo nuƒo ƒom esime woxe mɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Mía kple srɔ̃nye, Marianthi