INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 11/15 axa 25-27
  • Èsrɔ̃a Mía Mawu Si Mekpɔa Ame Ŋkume O Laa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èsrɔ̃a Mía Mawu Si Mekpɔa Ame Ŋkume O Laa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa ƒe Ameŋkumemakpɔmakpɔ Ŋutinya
  • Nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ƒe Ameŋkumemakpɔmakpɔ Me
  • Kpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa Ƒe Nɔnɔmewo Ŋu Bliboe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Srɔ̃ Ale Si Yehowa Mekpɔa Ame Ŋkume O
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Srɔ̃ Yehowa, Mía Mawu Si Mekpɔa Ame Ŋkume O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Srɔ̃ Yehowa ƒe Ameŋkumemakpɔmakpɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 11/15 axa 25-27

Èsrɔ̃a Mía Mawu Si Mekpɔa Ame Ŋkume O Laa?

AMEŊKUMEMAKPƆMAKPƆ—afikae woakpɔe le? Ame aɖe li si mekpɔa ame ŋkume kura o, mebua nazã o, medea ame dzi o, eye medea vovo amewo dome o. Ame mae nye Yehowa Mawu, ameƒomea Wɔla la. Gake ƒe alafa 19 lia me Eŋlisitɔ agbalẽŋlɔla Charles Lamb gblɔ le amegbetɔwo ŋu kaŋ be: “Magblɔ kpuie be nazãbubu yɔ menye fũ—si nye ŋudzedzekpɔɖeameŋu kple ŋudzedzemakpɔɖeameŋu.”

Amegbetɔwo do kpo nu kura le ameŋkumemakpɔmakpɔ me. Israel-fia nunyala Salomo de dzesii ƒe alafa geɖe enye sia be “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Fuléle ameƒomevi bubu, dukɔwo dome nyaʋiʋliwo, kple dzrewɔwɔ le ƒomewo me le dzidzim ɖe edzi. Eyata ɖe míate ŋu abu eŋu le nyateƒe me be amegbetɔwo ate ŋu awɔ nu ameŋkumemakpɔmakpɔe le wo ɖokui sia?

Ehiã be míadze agbagba vevie akpɔ míaƒe nuwɔna dzi ahaɖe nazãbubu sesẽ ɖesiaɖe si anɔ mía me ɖa. (Efesotɔwo 4:22-24) Nɔnɔme siwo atso míaƒe hadomegbenɔnɔ kple sukudede gbɔ, siwo atsi ɖe míaƒe ƒomea, ameƒomevinyenye, kple dukɔa me la ate ŋu anɔ mía si le manyamanya me. Zi geɖe la, tamesusu siawo siwo dze abe ɖe wo nu mesẽ o ene la te ŋu tsina ɖe ame me eye wòna wowɔa nu ameŋkumekpɔkpɔtɔe. Scotlandtɔ senyala kple nuŋɔŋlɔmetola Lord Francis Jeffrey gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be: “Naneke menɔa ɣaɣla ɖe ame ɣeyiɣi didi dea alesi eƒe nazãbubu nu sẽe manyamanya nu o.”

Lenaa lɔ̃ ɖe edzi be agbagbadzedze vevie hiã bene míawɔ avu kple ameŋkumekpɔkpɔ ƒe didi la. Be ame nadzudzɔ nazãbubu la, egblɔ be, “ebia agbagbadzedze geɖe elabena alesi wonyi amee kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi ŋutɔ.” Lena lɔ̃ ɖe edzi hã be ehiã be woanɔ ŋku ɖom edzi na ame ɣesiaɣi.

Yehowa ƒe Ameŋkumemakpɔmakpɔ Ŋutinya

Yehowa nye ameŋkumemakpɔmakpɔ ƒe kpɔɖeŋu deblibo. Míexlẽ nu tso alesi wòɖe ameŋkumemakpɔmakpɔ fia le nu wɔwɔ kple amegbetɔwo me la le Biblia ƒe gɔmedzedze ke. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe le kpɔɖeŋu kple ŋkuɖodzinya nyui siawo me.

Yehowa kpɔ nyawo gbɔ ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe ale be Yudatɔ apostolo Petro ɖe gbeƒã nyanyuia na Kornelio kple Trɔ̃subɔla bubuwo le ƒe 36 M.Ŋ. me. Petro gblɔ ɣemaɣi be: “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

Yehowa ɖe eƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ fia ɣesiaɣi le nusianu si wòwɔ kple amegbetɔƒomea me. Kristo Yesu gblɔ le Fofoa ŋu be: “Eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.” (Mateo 5:45) Petro gakafu Yehowa be enye Mawu si mekpɔa ame ŋkume o be: “Egbɔ dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.”—Petro II, 3:9.

Le Noa ƒe ŋkekea me, esime “amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa la,” Yehowa ɖoe be yeatsrɔ̃ ameƒome ƒe xexe ma. (Mose I, 6:5-7, 11, 12) Gake Noa kpa aɖakaʋu le Mawu ƒe sedede nu eye edze nyuie eŋɔlimetɔwo kpɔ. Esime Noa kple viaŋutsuwo nɔ aɖakaʋua kpam la, eganye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” hã. (Petro II, 2:5) Togbɔ be Yehowa nya be dzidzime ma ƒe dzimedidi nye vɔ̃ hã la, ena wogblɔ gbedasi si me kɔ na wo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe. Ena Noa kpa aɖakaʋu heɖe gbeƒã be wòawɔ dɔ ɖe woƒe susu kple dzi dzi. Mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe nɔ wo si be woaxɔe, gake “womedze sii o, vaseɖe esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii.”—Mateo 24:39.

Yehowa ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye si! Eʋãa Mawu subɔlawo le ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ameŋkumemakpɔmakpɔe nenema ke. Azɔ hã la, womegbea gbeƒãɖeɖe Yehowa ƒe hlɔ̃biaŋkeke la o. Wogblɔa Yehowa ƒe gbedasia le amewo katã ŋkume ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe be amesiame nase.—Yesaya 61:1, 2.

Ŋugbe si Yehowa do na blemafofowo Abraham, Isak, kple Yakob na wòdze ƒã be Mawu si mekpɔa ame ŋkume o ye wònye. Woƒe ƒome tɔxɛa mee Ame tiatia si me ‘anyigba dzi dukɔwo katã ayra wo ɖokui le’ la ato ava. (Mose I, 22:18; 26:4; 28:14) Kristo Yesue va nye Ame tiatia ma. Yehowa to Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi dzi ʋu agbexɔxɔ ƒe mɔ ɖi na ameƒomea me tɔ toɖolawo. Ẽ, Kristo ƒe tafevɔsa ƒe viɖewo li ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.

Le Mose ƒe ŋkekea me la, Yehowa ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ dze le mɔ ɖedzesi aɖe nu le Zelofxad vinyɔnuwo gome. Nyɔnu atɔ̃ siawo ɖo xaxa me le wo fofo ƒe domenyinu ŋu le Ŋugbedodonyigba la dzi. Edzɔ alea elabena enye kɔnu le Israel be anyigba ƒe domenyinu nayi ɖe viŋutsuwo si me. Gake Zelofxad medzi ŋutsuvi aɖeke si anyi domea hafi wòku o. Ale wɔ Zelofxad vinyɔnu atɔ̃awo yi Mose gbɔ be wòakpɔ nya la me na yewo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe, be: “Nukaŋuti mía fofo ŋkɔ atsrɔ̃ le eƒe ƒome la me, le esi viŋutsu mele esi o ta? Eyata na anyigba mí ɖe mía fofo nɔviwo dome.” Yehowa se woƒe kokoƒoƒo eye wògblɔ na Mose be: “Ne ŋutsu aɖe ku, eye viŋutsu mele esi o la, ekema eƒe domenyinu nayi ɖe vianyɔnu si me.”—Mose IV, 27:1-11.

Ameŋkumemakpɔmakpɔ ƒe ɖoɖo si me lɔlɔ̃ le ka gbegbee nye si! Be to ɖeka ƒe domenyinu magayi ɖe to bubu si me ne vianyɔnuawo ɖe srɔ̃ o ta la, wobia be woaɖe srɔ̃ “ɖe wo fofo ƒe to la me.”—Mose IV, 36:5-12.

Yehowa ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ me gakɔ ɖe edzi le ʋɔnudrɔ̃la kple nyagblɔɖila Samuel ƒe ŋkekea me. Yehowa dɔe be wòasi ami na fia yeye le Yuda-toa me tso Isai Betlexemtɔ la ƒe ƒome me. Gake viŋutsu enyie nɔ Isai si. Kae woasi ami na aɖoe fia? Eliab ƒe atsudzɔdzɔ dze Samuel ŋu ŋutɔ. Gake dzedzeme meflu Yehowa o. Egblɔ na Samuel be: “Megakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o . . . Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.” Dawid, Isai ƒe vi ɖevitɔe wotia.—Samuel I, 16:1, 6-13.

Nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ƒe Ameŋkumemakpɔmakpɔ Me

Anyo be Kristotɔ hamemegãwo nasrɔ̃ Yehowa to ŋkuléle ɖe haxɔsetɔ ƒe gbɔgbɔ me nɔnɔmewo ŋu me. Ele bɔbɔe be míatsɔ mía ŋutɔwo ƒe dzidzenu akpɔ amee, eye míaɖe mɔ míaƒe seselelãmewo natsyɔ míaƒe nyametsotso dzi. Hamemegã aɖe gblɔ be, “medzea agbagba be mawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu le mɔ si dzea Yehowa ŋu nu, menye le alesi nye ŋutɔ mesusui nu o.” Viɖe ka gbegbee nye si wòanye be Yehowa subɔlawo katã nazã eƒe Nya la wòanye dzidzenu na wo!

Biblia me kpɔɖeŋu siwo míegblɔ va yi akpe ɖe mía ŋu míaɖe ameƒomevi alo dukɔmevi nyenye ƒe nazãbubu sesẽwo ɖa. Ne míesrɔ̃a Yehowa ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ la, míakpɔ Kristo-hamea ta tso nazãbubu, vovototodeameme, kple amedzidede me.

Apostolo Petro kpɔe be “Mawu mekpɔa ame ŋku me o.” (Dɔwɔwɔwo 10:34) Amedzidede kple ameŋkumemakpɔmakpɔ mezɔna o eye etsia tre ɖe lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ ƒe gɔmeɖosea ŋu. Yesu kpe ame dahewo, gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, kple ame bɔbɔɖeanyiwo, eye wòwɔ woƒe agba la wodzoe. (Mateo 11:28-30) Eto vovo sã na Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo, amesiwo ɖu aƒetɔ ɖe dukɔa dzi, eye wotsɔ se gbogbowo do agba kpekpe na woe. (Luka 11:45, 46) Nusia wɔwɔ kple hotsuitɔwo kpakple ameŋkutawo dzidede mesɔ kple Kristo ƒe nufiafiawo kura o.—Yakobo 2:1-4, 9.

Egbea la, Kristotɔ hamemegãwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe Kristo ƒe tanyenye te eye wowɔa nu ɖe Yehowa ƒe ame ɖeadzɔgbewo katã ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe. Esi wole ‘Mawu ƒe alẽha si wode asi na wo kplɔm la,’ womedea ame aɖeke dzi le ganɔamesi, masɔmasɔ, alo ƒomekadodo ta o. (Petro I, 5:2) Kristotɔ hamemegãwo doa ameŋkumemakpɔmakpɔ ƒe gbɔgbɔ ɖe ŋgɔ le hamea me to Mawu si mekpɔa ame ŋkume o la sɔsrɔ̃ kple wɔwɔ ɖe eƒe nuxlɔ̃ame le amedzidede ŋu dzi me.

Yehowa Ðasefowo ƒe Kristo-hamea nye xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ. Enye ɖaseɖiɖi ŋutɔŋutɔ be amesiwo me nazãbubu kple ameŋkumekpɔkpɔ mele o ate ŋu anɔ anyi le Yesu Kristo ƒe mɔfiafia te. Ðasefoawo ‘do amenyenye yeye, si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu la le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavã la me.’ (Efesotɔwo 4:24) Ẽ, wole nu srɔ̃m tso Yehowa, Mawu si mekpɔa ame ŋkume o, ƒe kpɔɖeŋu deblibo la me eye mɔkpɔkpɔ le wo si be yewoanɔ agbe tegbee le xexe yeye si me ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke kura manɔ o me.—Petro II, 3:13.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ŋkɔ bubue míezã.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Apostolo Petro kpɔe be Mawu mekpɔa ame ŋkume o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe