INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/99 axa 1
  • Srɔ̃ Yehowa ƒe Ameŋkumemakpɔmakpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Srɔ̃ Yehowa ƒe Ameŋkumemakpɔmakpɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Èsrɔ̃a Mía Mawu Si Mekpɔa Ame Ŋkume O Laa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Kpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa Ƒe Nɔnɔmewo Ŋu Bliboe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyanyuia Tsɔtsɔ Ðo Ame Geɖe Wu Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tsɔ Ðe Le Eme na Amewo—To Gbeƒãɖeɖe Ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 12/99 axa 1

Srɔ̃ Yehowa ƒe Ameŋkumemakpɔmakpɔ

1 Yehowa tsɔ ɖe le eme na amewo. Exɔa amesiame si wɔa eƒe lɔlɔ̃nu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe. (Dɔw. 10:34, 35) Esime Yesu ɖe gbeƒã na amewo la, eya hã mekpɔ ame ŋkume o. (Luka 20:21) Ehiã be míasrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu abe alesi Paulo wɔe ene, amesi ŋlɔ be: “Aƒetɔ ma kee nye wo katã tɔ, eyae nye kesinɔtɔ na amesiwo katã yɔnɛ.”—Rom. 10:12.

2 Gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe nyanyuia na amesiwo katã míedoa goe hea ŋutikɔkɔe vɛ na Mawu. Ele be míayi edzi agblɔ gbedasi wɔnuku sia na ame bubuwo, metsɔ le woƒe ameƒomevinyenye, ɖoƒe, agbalẽnyanya alo hokpɔkpɔ me o. (Rom. 10:11-13) Esia fia be míaɖe gbeƒã na amesiwo aɖo to—ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo, kple tsitsiawo. Ehiã be míayi ʋɔtru ɖesiaɖe nu be mɔnukpɔkpɔ nasu aƒemenɔla ɖesiaɖe si be wòase nyateƒea.

3 Tsɔ Ðe Le Eme na Amesiame: Míaƒe taɖodzinue nye be míaƒo nu kple amesiame si ŋu míate ŋu ake ɖo. Le esia ta gbeƒãɖela aɖewo kpɔ dzidzedze esime woɖe gbeƒã na amewo le ɖɔktawo ƒe ɔfiswo, kɔdziwo, hadomedɔwɔƒewo, kple atikemuame zãlawo kple ahatsunolawo ƒe kɔdziwo. Gakpe ɖe eŋu la, gbeƒãɖelawo ɖi ɖase na sukudzikpɔlawo, kple aɖaŋuɖolawo, kpakple ʋɔnudrɔ̃lawo. Ne míeyi dziɖuɖumegãwo gbɔ la, esɔ be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe dɔ nyui siwo wɔm wole le nutoa me ŋu. De bubu wo ŋu, eye nàtia nyati siwo sɔ ɖe dɔ si ƒomevi wɔm wole kple kuxi siwo wodoa goe nu.

4 Gbeɖeka la, nɔvinyɔnu aɖe te ŋu ƒo nu na ʋɔnudrɔ̃la aɖe le eƒe ɔfis. Le dze vivi aɖe ɖoɖo vɔ megbe la, ʋɔnudrɔ̃laa gblɔ be: “Ènya nusi dzɔa dzi nam le Yehowa Ðasefowo ŋua? Gɔmeɖose li ke siwo dzi womedana le o le wo si.” Woɖi ɖase nyui aɖe na bubume sia.

5 Míate ŋu anya nusi le amewo ƒe dzime o. Gake ne míeƒo nu na amesiame si míedoa goe la, afia be míexɔ Mawu dzi se be ate ŋu afia mɔ míaƒe dɔa. Gakpe ɖe eŋu la, esia naa mɔnukpɔkpɔ amewo be woase gbedasi si naa mɔkpɔkpɔ la bene woawɔ afɔɖeɖe. (Tim. I, 2:3, 4) Mina míawɔ míaƒe ɣeyiɣiwo ŋudɔ nyuie eye míadze agbagba asrɔ̃ Yehowa ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ, atsɔ nyanyuia ayi na amesiwo katã ŋu míate ŋu ake ɖo.—Rom. 2:11; Ef. 5:1, 2.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe