Anye ne Àxɔ Mesia Laa?
YESU KRISTO ɖe gbeƒã Mawu ƒe Nya la le Israel-viwo dome ƒe etɔ̃ kple afã. Gake esi wòwu eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa nu la, eŋɔlimetɔ akpa gãtɔ gbee be menye Mesia, alo “Amesiamina” si ŋugbe Mawu do wònye o. Nukatae?
Biblia na míekpɔ susu geɖe siwo tae ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo mexɔ Yesu be eyae nye Mesia la o la dze sii. Susu siawo dometɔ etɔ̃ na ame geɖe melɔ̃ ɖe ɖoƒe si Yesu le fifia dzi be enye Mesia Fia si le dzi ɖum o.
“Míedi be, Míakpɔ Dzesi”
Susu siwo ta ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo mexɔ Mesia la o dometɔ ɖekae nye be womelɔ̃ ɖe Ŋɔŋlɔawo me dzesi siwo fia asi eƒe Mesianyenye dzi o. Ɣeaɖeɣi la, amesiwo nɔ to ɖom Yesu biae be wòawɔ dzesi atsɔ aɖo kpe edzi be Mawu gbɔe ye tso. Le kpɔɖeŋu me, Mateo 12:38 ka nya ta be agbalẽfialawo kple Farisitɔ aɖewo gblɔ be: “Nufiala, míedi be, míakpɔ dzesi tso gbɔwò.” Ðe Yesu mewɔ dzesiwo na wo xoxo oa? Ẽ, ewɔe.
Yesu wɔ nukunu geɖe ɣemaɣi xoxo. Etrɔ tsi wòzu wein, eda gbe le ŋutsuvi si ɖo kudo nu ŋu, eyɔ dɔ Petro lɔ̃xo si dze dɔ, ena anyidzela aɖe ŋuti kɔ, ena lãmetututɔ aɖe zɔ, ena ŋutsu aɖe si dze dɔ ƒe 38 sɔŋ la ƒe lãme sẽ, ena ŋutsu aɖe si titi lé asi na ƒe asi gaɖɔ ɖo, eda dɔléle vɔ̃wo na ame geɖe, eyɔ dɔ aʋafia aɖe ƒe dɔla, efɔ ahosi aɖe ƒe viŋutsu ɖe tsitre, eye wòda gbe le ŋutsu aɖe si nye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la ŋu. Kanaan, Kapernaum, Yerusalem kple Nain ye nukunu siawo dzɔ le. Hekpe ɖe eŋu la, nukunu siawo ŋu nya ɖi le Yudea kple eŋu duwo katã me.—Yohanes 2:1-12; 4:46-54; Mateo 8:14-17; 8:1-4; 9:1-8; Yohanes 5:1-9; Mateo 12:9-14; Marko 3:7-12; Luka 7:1-10; 7:11-17; Mateo 12:22.
Eme kɔ be dzesi siwo ɖo kpe edzi be Yesue nye Mesia la nɔ anyi fũ. Togbɔ be ewɔ dzesi geɖe le ameawo ƒe ŋkume hã la, womexɔ edzi se o. Amesiwo kpɔ kpeɖodzi be Mawue dɔ Yesu evɔ womexɔe be eyae nye Mesia la o la ƒe ŋku gbã le gbɔgbɔ me. Woƒe dzi sẽ eye wòku atri ɖe nyateƒea ŋu.—Yohanes 12:37-41.
Ke egbea ya ɖe? Ame aɖewo gblɔna be, “Nusi mekpɔ kple ŋku dzi ko maxɔ ase.” Gake ɖe afɔɖeɖe ma nyoa? Biblia me nyagblɔɖiwo ɖee fia be woɖo Yesu Dziƒofiae le Mesia Fiaɖuƒea me xoxo. Esi míakpɔe kple ŋku o ta la, míehiã dzesi si ana míakpɔ eƒe dziɖulanyenye, si de dzesi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo ƒe gɔmedzedze adze sii. Èle dzesiawo kpɔma?—Mateo 24:3.
Biblia gblɔ be aʋawɔwɔ, anyigbaʋuʋu, nuɖuɖu ƒe veve, kple dɔvɔ̃ siwo tɔgbe medzɔ kpɔ o ye ade dzesi Kristo ƒe dziɖulanyenye abe Mesia Fia ene ƒe gɔmedzedze. Le “ŋkeke mamleawo” me la, ɖokuitɔdidi, ŋukeklẽ, kple ɖokuidzimaɖumaɖue anye amewo ƒe nɔnɔme. (Timoteo II, 3:1-5; Mateo 24:6, 7; Luka 21:10, 11) Le ɣeyiɣikɔntabubu ƒe kpeɖodzi megbe la, ŋkeke mamlɛawo me nudzɔdzɔ vovovo 20 ɖee fia be Mesia ƒe dziɖuɖua dze egɔme le ƒe 1914 me.—Kpɔ Gbetakpɔxɔ, March 1, 1993, axa 5.
“Galɔ̃lawo”
Ŋutilãmenudidie ganye susu bubu si ta Yudatɔwo gbe Yesu be menye eyae nye Mesia la o. Asixɔxɔ dede kesinɔnuwo ŋu fũ na ame geɖe mete ŋu dze Yesu yome o. Le kpɔɖeŋu me, wonya Farisitɔwo nyuie be wonye “galɔ̃lawo.” (Luka 16:14) Bu alesi wòdzɔ le ɖekakpui dziɖula aɖe gome, amesi va Yesu gbɔ hebiae nusi wòawɔ akpɔ agbe mavɔ la ŋu kpɔ. Yesu ɖo eŋu be: “Lé seawo me ɖe asi.” Edze ƒã be ɖekakpuia kpɔe be wobia nu geɖe wu se aɖewo dzi wɔwɔ ko, eyata ebia be: “Mewɔ nusiawo katã dzi tso nye ɖevime ke; nuka gasusɔ nama?” Yesu gblɔ nɛ be: “Ðadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme.” Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbe enye si—be woanye Mesia la ƒe nusrɔ̃la! Gake dziɖula la lé blanui hedzo. Nukata? Elabena kesinɔnu si le anyigba dzi nɔ vevie nɛ wu kesinɔnu si le dziƒo.—Mateo 19:16-22.
Nɔnɔmea metrɔ o. Mesia Fia la yomedzela vavã zuzu fia be woatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ na nu bubu ɖesiaɖe, anyigba dzi kesinɔnuwo hã le eme. Esia wɔwɔ asesẽ na amesi ƒe susu le ŋutilãmenudidi ŋu. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃tɔ dutanyanyuigblɔla aɖewo siwo le Ɣedzeƒedukɔ aɖe me ƒo nu tso Biblia ŋu na nyɔnu aɖe. Esi srɔ̃tɔawo kpɔe be adi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa Mawu kple Via, Yesu Kristo, ŋu la, wotsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nɛ. Aleke wòwɔ nui? Ebia be: “Ðe magazine siawo ana makpɔ ga geɖea?” Ŋutilãmenuwo nɔ vevie na nyɔnua wu gbɔgbɔmenuwo.
Srɔ̃tɔ mawo ke srɔ̃ Biblia kple ɖekakpui aɖe eye wòdze kpekpewo dede gɔme le Fiaɖuƒe Akpata me. Edzilawo gblɔ nɛ be: “Èle wò ɣeyiɣi gblẽm. Ele be nàgadi dɔ bubu awɔ le fiẽ me be nàkpɔ ga geɖe.” Ewɔ nublanui ŋutɔ be dzilawo nade dzi ƒo na wo viwo be woatsɔ ŋutilãmenudidi aɖo ŋgɔ na nusɔsrɔ̃ tso Mesia Fia la ŋu! Chinatɔwo doa lo be: “Ne kesinɔnuwo le dziɖula si ʋuu hã la, mate ŋu aƒle agbenɔƒe akpe ewo o.”
Ame geɖe va kpɔe be nusɔsrɔ̃ tso Mesia Fia la ŋu kple eyomedzedze meɖe mɔ ɖe galɔlɔ̃ ŋu o. Nyɔnu aɖe si nye Yehowa ƒe Ðasefo si ɖo eya ŋutɔ ƒe dɔwɔƒe si me wòkpɔa ga geɖe le la gblɔ be: “Gakpɔkpɔ vivina ŋutɔ, gake mehiã o. Menye gae na wokpɔa dzidzɔ o.” Ele Betel fifia le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe le Europa.
‘Vɔvɔ̃ na Yudatɔwo’
Amegbetɔvɔvɔ̃ hã nye susu bubu si ta Yudatɔwo mexɔ Yesu be eyae nye Mesia la o. Lɔlɔ̃ ɖe eƒe Mesianyenye dzi le gaglãgbe nye bubu ɖeɖe le wo ɖokui ŋu. Nusia sesẽ na ame aɖewo akpa. Bu Nikodemo, amesi nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si woyɔna be Sanhedrin la me tɔ ŋu kpɔ. Dzesi siwo Yesu wɔ kple eƒe nufiafiawo wɔ dɔ ɖe edzi, eyata elɔ̃ ɖe edzi be: “Rabi, míenya bena, nufiala nènye tso Mawu gbɔ va; elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi, siwo nèwɔna o, ne menye Mawue li kplii o.” Gake zã me hafi Nikodemo yi Yesu gbɔ, ɖewohĩ be Yudatɔ bubuwo magakpɔe adze sii o ta.—Yohanes 3:1, 2.
Ame geɖe siwo se Yesu ƒe nuƒo la, amewo ƒe ŋudzedzekpɔɖeameŋu nɔ vevie na wo wu Mawu tɔ. (Yohanes 5:44) Esime Yesu yi Yerusalem Agbadɔmeŋkekenyuia ɖu ge le ƒe 32 M.Ŋ. me la, “liʋiliʋilili sɔ gbɔ le amehawo dome le eŋuti.” (Míawoe te gbe ɖe edzi) Ame aɖeke meƒo nu tso Yesu ŋu kple dzideƒo o “elabena wovɔ̃ Yudatɔwo.” (Yohanes 7:10-13) Ŋutsu aɖe si Yesu ʋu ŋku na dzilawo gɔ̃ hã medi be yewoagblɔ be Mawu teƒenɔlae wɔ nukunua o. Woawo hã “wovɔ̃ na Yudatɔwo.”—Yohanes 9:13-23.
Ame aɖewo kpɔe dze sii egbea be Yesu nye Mesia Fia si le dzi ɖum fifia le dziƒo, gake wovɔ̃na be yewoaʋu eme le gaglãgbe. Bubu si amewo magade wo ŋu o sesẽ na wo akpa. Le kpɔɖeŋu me, le Germania la, Ðasefo aɖe dzro Biblia me kple ŋutsu aɖe eye ŋutsua ʋu eme be: “Nya si mi Ðasefowo mieɖea gbeƒãe tso Biblia ŋu nye nyateƒe. Gake ne mezu Ðasefo egbea la, kaka ŋu nake ko amesiame see. Aleke woabum le dɔwɔƒe, nutoa me, kple habɔbɔ si me mía kple nye ƒomea míele me? Nyemate ŋu anɔ enu o.”
Nukae hea amegbetɔvɔvɔ̃ vɛ? Dada, didi be yeaxɔ ŋkɔ le ƒomea kple xɔlɔ̃wo dome, vɔvɔ̃ na fewuɖuɖu kple ŋukpedoame, kple dzitsitsi be yeƒe nuwɔna ava to vovo na ame akpa gãtɔ tɔ. Seselelãme siawo zua dodokpɔ, vevietɔ na amesiwo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo. Le kpɔɖeŋu me, esi nyɔnu aɖe srɔ̃ nu tso Paradiso si Mesia Fiaɖuƒea aɖo ɖe anyigba dzi le Yesu Kristo ƒe dziɖuɖu te ŋu la, edzɔ dzi nɛ ŋutɔ. Gake disco dede vivia enu ale gbegbe, eye amegbetɔvɔvɔ̃ na mete ŋu ƒoa nu le mɔkpɔkpɔ sia ŋu na ame bubuwo o. Mlɔeba la, elé dzi ɖe ƒo eye wòƒoa nu tso Biblia ŋu na amewo faa. Eƒe disco xɔlɔ̃wo gbee, gake srɔ̃a kple edzilawo ɖe ɖetsɔleme fia. Nyɔnua kple dadaa va xɔ nyɔnyrɔ, eye srɔ̃a kple fofoa dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Amegbetɔvɔvɔ̃ dzi ɖuɖu ƒe teƒeɖoɖo ka gbegbee nye si!
Èxɔ Mesia la Nyateƒea?
Esi Yesu nɔ kudɔ ƒom le fuwɔametia ŋuti la, eƒe nusrɔ̃la aɖewo nɔ afima. Wokpɔe be eyae nye Mesia si ƒe nya wogblɔ ɖi. Yuda-dumegãwo hã nɔ afima, amesiwo ganɔ dzesi biam kokoko le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. “Neɖe ye ŋutɔ ɖokui hã, ne esia nye Kristo [alo Mesia] Mawu ƒe ame tiatia la.” (Luka 23:35) Ke dzesi biabia dzi ko woanɔa? Yesu wɔ nukunu gbogbo aɖewo. Hekpe ɖe eŋu la, eƒe dzidzi, subɔsubɔdɔ, dodokpɔ, ewuwu, kple tsitretsitsi na Hebri Ŋɔŋlɔawo me nyagblɔɖi geɖe va eme.—Kpɔ “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta, axa 343-4.
Amesiwo le Yesu ŋu tom le yiyim ɖu fewu le eŋu elabena wogbe eƒe Mesianyenye ŋuti kpeɖodziwo. (Mateo 27:39, 40) Asrafowo tsɔ ŋutilãmenudidi mã Yesu ƒe awuwo ɖe wo nɔewo dome, eye wodzidze nu ɖe eƒe awu ʋlaya dzi. (Yohanes 19:23, 24) Amegbetɔvɔvɔ̃ hã nɔ eme le go aɖewo me. Le kpɔɖeŋu me, bu Yosef si tso Arimatia, si hã nye Sanhedrin la me tɔ ŋu kpɔ. Enye “Yesu ƒe nusrɔ̃la le adza me le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta.” Esi Mesia la ku vɔ la, Yosef kple Nikodemoe dzra Yesu ƒe kukua ɖo. Yosef to esia me ɖu eƒe amegbetɔvɔvɔ̃ dzi.—Yohanes 19:38-40.
Ðe nènɔ agbe le ƒe alafa gbãtɔ me la, anye ne àxɔ Yesu be eyae nye Mesia laa? Ema wɔwɔ abia be nàlɔ̃ ɖe Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodziwo dzi, nàgbe ŋutilãmenudidi ƒe susu, eye màna amegbetɔvɔvɔ̃ naɖu dziwò o. Ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nabia eɖokui le ŋkeke mamlɛ siawo me be, ‘Ðe mexɔ Yesu fifia be enye Mesia Fia le dziƒoa?’ Akpɔ anyigba dzi nyawo gbɔ kpuie. Ne edzɔ nenema la, ɖe ànɔ amesiwo xɔ Yesu Kristo le nyateƒe me be eyae nye Mesia si ŋugbe wodo la domea?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 28]
Megagbe kpeɖodzi siwo li be Yesue nye Mesia Fia la gbeɖe o
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Zi geɖe la, nusɔsrɔ̃ tso Mesia ŋu fia be míagavɔ̃ nya siwo amewo agblɔ o