INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 12/1 axa 18-21
  • Nu Ka Tae Womexɔ Mesia La Dzi Se o?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Womexɔ Mesia La Dzi Se o?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Wokpɔ Mɔ Na La Meva Eme O
  • Subɔsubɔhakplɔlawo Mexɔ Edzi Se O
  • Amewo Ƒe Vlodoame Kple Yometiti
  • Srɔ̃ Nu Tso Ame Siwo Gbe Yesu La Ƒe Nuwɔnawo Me
  • Mesia La! Ame Si Dzi Mawu Ato Ana Ðeɖe Ameƒomea
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Ame Kae Nye Yesu Kristo?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Amekae Nye Yesu Kristo?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Yesu Kristo—Amesi Dzi Mi̇́ato Adze Si Mawu
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 12/1 axa 18-21

Nu Ka Tae Womexɔ Mesia La Dzi Se o?

ESIME Yesu nɔ anyigba dzi la, nya siwo wògblɔ la wɔ dɔ ɖe amehawo dzi ŋutɔ, eye nukunu siwo wòwɔ la wɔ mo yaa na wo. Le esia ta ame geɖe “xɔ edzi se,” eye wolɔ̃ ɖe edzi be eyae nye Mesia, alo Kristo, si ŋu nya wogblɔ ɖi la. Woƒo nya ta be: “Ne Kristo la va la, mawɔ dzesi siwo lolo wu esiwo wɔm ŋutsu sia le o ɖe, miekpɔe nenema oa?”—Yohanes 7:31.

Togbɔ be kpeɖodzi geɖe ŋutɔ ɖee fia be Yesu ye nye Mesia la hã la, ame siwo kpɔ Yesu hese eƒe nyawo la dometɔ akpa gãtɔ meva zu xɔsetɔwo o. Nublanuitɔe la, ame siwo xɔ edzi se le gɔmedzedzea me la dometɔ aɖewo va trɔ ʋu le eyome. Nu ka tae ame geɖe mexɔe se be Yesu ye nye Mesia la o, togbɔ be kpeɖodzi sẽŋu geɖewo li hã? Na míadzro susu siwo tae la me akpɔ. Ne míele eme dzrom la, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe wòate ŋu adzɔ be nye hã mawɔ vodada ma tɔgbi egbea?’

Nu Si Wokpɔ Mɔ Na La Meva Eme O

Le Yesu dziɣi la, Yudatɔ geɖe nɔ mɔ kpɔm na Mesia la ƒe vava. Esime Yesu nye vidzĩ, eye wotsɔe va gbedoxɔa me la, ame siwo “nɔ Yerusalem ƒe ɖeɖe la lalam” to Mesia si ŋugbe wodo dzi la, va kpɔe ɖa. (Luka 2:38) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ame siwo kpɔ dɔ siwo Yohanes Amenyrɔɖetsimela nɔ wɔwɔm teƒe la nɔ gbɔgblɔm be: “Alo eyae nye Kristo laa?” (Luka 3:15) Ke hã, nu kae Yudatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la nɔ mɔ kpɔm be Mesia la ava wɔ?

Le ɣeyiɣi mawo me la, Yudatɔ geɖe xɔe se be Mesia la ava ɖe yewo tso Roma dziɖuɖu si nɔ yewo tem ɖe anyi la si me, eye wòagbugbɔ Israel ƒe fiaɖuƒea aɖo anyi le anyigba dzi. Hafi Yesu nadze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme la, Yudatɔwo ƒe kplɔla zazɛ̃nyahela aɖewo tsi tsitre henɔ dzi dem ƒo na amewo be woadze aglã ɖe dziɖuɖu si nɔ anyi ɣemaɣi la ŋu. Anɔ eme be nu si ame mawo wɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe susu dzi le nu si wonɔ mɔ kpɔm be Mesia la ava wɔ la me.

Ke hã, Yesu ya ƒe nuwɔna to vovo sãa na ale si aʋatso Mesia mawo wɔ nui. Mede dzi ƒo na amewo be woadze aglã ɖe dziɖuɖu ŋu o, ke boŋ efia nu amewo be woalɔ̃ woƒe futɔwo, eye woabɔbɔ wo ɖokui na ŋusẽtɔwo. (Mateo 5:41-44) Togbɔ be amewo dze agbagba be yewoaɖoe fia hã la, melɔ̃ o. Ke boŋ egblɔ be yeƒe fiaɖuƒe “menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.” (Yohanes 6:15; 18:36) Ke hã, susu siwo nɔ ameawo ŋutɔwo si xoxo ku ɖe Mesia la ŋu gakpɔtɔ nɔ ŋusẽ gã aɖe kpɔm ɖe wo dzi.

Yohanes Amenyrɔɖetsimela la ŋutɔ kpɔ nukunu siwo ɖo kpe edzi be Yesu nye Mawu ƒe Vi la teƒe. Gake esi wolé Yohanes de gaxɔ me la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖe Yesu gbɔ be woabiae be: “Wòe nye Ame Si Gbɔna laa, alo ɖe wòle be míakpɔ mɔ na ame bubua?” (Mateo 11:3) Ðewohĩ Yohanes menɔ kakam ɖe edzi nenye be Yesu ye nye Ðela si tututu ƒe ŋugbe wodo, si ana nu si Yudatɔwo nɔ mɔ kpɔm na la nava eme o.

Enɔ sesẽm na Yesu ƒe apostolowo be woase egɔme be woawui, eye emegbe woafɔe ɖe tsitre. Gbe ɖeka esi Yesu ɖe eme na wo be ele be Mesia la nakpe fu, eye wòaku la, Petro “ɖe kpɔe, hete mokaka nɛ.” (Marko 8:31, 32) Ɣemaɣi la, Petro mese nu si tae wòle be Yesu naku abe Mesia la ene gɔme o.

Esi Yesu yi Yerusalem ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na ƒe 33 Mía Ŋɔli ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia la, amehawo va kpee, do vivi ɖe eŋu hedoe ɖe dzi be enye Fia. (Yohanes 12:12, 13) Gake le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe la, nɔnɔmea va trɔ! Le kwasiɖa ma me la, wolé Yesu hewui. Le Yesu ƒe ku megbe la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ eve fa konyi be: “Míenɔ mɔ kpɔm be ame siae aɖe Israel.” (Luka 24:21) Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre, eye wòɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo gɔ̃ hã la, woganɔ esusum kokoko be Mesia la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi ɖe anyigba dzi. Wobiae be: “Aƒetɔ, ɖe nègbugbɔ le fiaɖuƒe la ɖom anyi na Israel le ɣeyiɣi sia mea?” Eme kɔ ƒãa be nu si amewo susu vodadatɔe be Mesia la ava wɔ la, ƒo ke ɖe to ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒe dzi kple susu me vevie.—Dɔwɔwɔwo 1:6.

Esi Yesu yi dziƒo, eye wòkɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe nusrɔ̃lawo dzi vɔ megbe la, eƒe nusrɔ̃lawo va se egɔme nyuie be Mesia la aɖu dzi abe Fia ene le dziƒo. (Dɔwɔwɔwo 2:1-4, 32-36) Apostolo Petro kple Yohanes ɖe gbeƒã Yesu ƒe tsitretsitsi ŋu nya dzinɔameƒotɔe, eye woto nukunu si wowɔ dzi ɖee fia be Mawu nɔ megbe na yewo. (Dɔwɔwɔwo 3:1-9, 13-15) Yerusalemtɔ akpe geɖe ɖo to, eye wova zu xɔsetɔwo. Ke esia medze Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ŋu kura o. Fifia wotsi tsitre ɖe apostoloawo kple nusrɔ̃lawo hã ŋu abe ale si ko wotsi tsitre ɖe Yesu ŋu ene. Nu ka tae Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo tsi tsitre ɖe Yesu ŋu vevie nenema gbegbe ɖo?

Subɔsubɔhakplɔlawo Mexɔ Edzi Se O

Kaka Yesu nava anyigba dzi la, Yudatɔwo ƒe subɔsubɔnuwɔnawo kple nuŋububu va to vovo sãa na nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ. Subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi ɣemaɣi, siwo nye Zadukitɔwo, Farisitɔwo, kple agbalẽfialawo la, lé amegbetɔ ƒe kɔnyinyiwo me ɖe asi sesĩe, eye wo dzi wɔwɔ nɔ vevie na wo wu Mawu ƒe Nya si wòna woŋlɔ ɖi la dzi wɔwɔ. Enuenu la, wonɔ fɔ bum Yesu be eda le Sea dzi le esi wòda gbe na amewo nukutɔe le Sabat dzi ta. Esi Yesu klo nu le woƒe alakpanufiafiawo dzi la, eto esia dzi ɖee fia be womenye kplɔla nyuiwo o, eye be Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu hã o. Gakpe ɖe eŋu la, Yesu ya metso ame ŋkutawo ƒe ƒome aɖeke me o, eye mede mawunya sɔsrɔ̃ ƒe suku si woawo ya de la o. Eya ta mewɔ nuku o be esesẽ na dadala mawo be woalɔ̃ ɖe edzi be Yesu ye nye Mesia la! Ale si Yesu ɖe ha wo la ku dzi na wo ale gbegbe be “wode adaŋu ɖe [Yesu ŋu], ne woawui.”—Mateo 12:1-8, 14; 15:1-9.

Ke esi Yesu ƒe nukunuwo nɔ kpe ɖom edzi be eyae nye Mesia la, evɔ subɔsubɔhakplɔla mawo melɔ̃ ɖe edzi o ɖe, ke aleke woaɖe wo ɖokui nu fifia? Wolɔ̃ ɖe edzi be nukunuawo dzɔ ya. Gake woto alakpanyawo dzi te kpɔ be yewoagana amewo naxɔ Yesu dzi se o, esi wogblɔ be Satana ƒe ŋusẽe wòtsɔ nɔ nukunuawo wɔm. Nya si wogblɔe nye: “Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia Beelzebul dzie ame sia tona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo.”—Mateo 12:24.

Susu vevi bubu aɖe hã le eme tae wogbe gbidii be yewomalɔ̃ ɖe edzi be Yesu ye nye Mesia la o. Esi Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre megbe la, subɔsubɔha vovovoawo ƒe kplɔlawo ƒo takpli hede adaŋu gblɔ bena: “Nu kae míawɔ, elabena ame sia le dzesi geɖewo wɔm? Ne míeɖe mɔ nɛ alea la, ekema wo katã woaxɔ edzi ase, eye Romatɔwo ava, eye woaxɔ míaƒe nɔƒe kple míaƒe dukɔa siaa le mía si.” Esi subɔsubɔhakplɔla mawo nɔ vɔvɔ̃m be yewoƒe ŋusẽ kple ɖoƒe age le yewo si ta la, woɖo nugbe ɖe Yesu kple Lazaro siaa ŋu be yewoawu wo!—Yohanes 11:45-53; 12:9-11.

Amewo Ƒe Vlodoame Kple Yometiti

Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ƒe nuwɔnawo wɔe be amewo doa vlo ame sia ame si alɔ̃ ɖe edzi be Yesu ye nye Mesia la. Wodana le ɖoƒe si wole ta, eye wodoa vlo ame sia ame si xɔ Yesu dzi se la henɔa gbɔgblɔm be: “Miekpɔ amegãwo alo Farisitɔwo dometɔ aɖe wòxɔ edzi se kpɔa?” (Yohanes 7:13, 48) Yudatɔwo ƒe kplɔlawo dometɔ aɖewo abe Nikodemo kple Yosef si tso Arimatia ene, va zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo, gake womena ame aɖeke nya nu tso woƒe xɔsea ŋu o, le vɔvɔ̃ ta. (Yohanes 3:1, 2; 12:42; 19:38, 39) Yudatɔwo ƒe kplɔlawo tso nya me be “ne ame aɖe ʋu eme be [Yesu ye] nye Kristo la, ele be woanyae le ƒuƒoƒe la me.” (Yohanes 9:22) Nu si wowɔna na ame siawoe nye be wogbea nu le wo gbɔ alo ɖea wo le ha me.

Le gɔmedzedzea me la, wotsi tsitre ɖe Yesu ƒe apostolowo kple nusrɔ̃lawo ŋu, gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova nɔ wo yome tim ŋutasesẽtɔe. Esi apostoloawo ɖe gbeƒã dzinɔameƒotɔe ta la, Sanhedrin, si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ la tu nu kpli wo vevie. (Dɔwɔwɔwo 5:40) Tsitretsiɖeŋulawo tso nusrɔ̃la Stefano nu alakpatɔe be egblɔ busunya. Sanhedrin la me tɔwo tso kufia nɛ, eya ta woƒu kpee wòku. Eyome “yometiti gã aɖe fɔ ɖe te ɖe hame si nɔ Yerusalem la ŋu; wo katã woka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria nutowo me.” (Dɔwɔwɔwo 6:8-14; 7:54–8:1) Esi nunɔlagã la kple “amegãwo” he yometiti sẽŋu aɖe va Yesu yome dzelawo dzi la, Saul, si va zu apostolo Paulo emegbe la, hã nɔ alɔ dom wo.—Dɔwɔwɔwo 9:1, 2; 22:4, 5.

Togbɔ be woti Kristotɔwo yome vevie alea hã la, woƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi kabakaba le Yesu ƒe ku megbe gɔ̃ hã. Ke hã, togbɔ be ame akpe geɖe va zu xɔsetɔwo hã la, Kristotɔwo nɔ ʋɛ wu ne wotsɔ wo sɔ kple ame siwo menye Kristotɔwo o, siwo nɔ Palestina le ƒe alafa gbãtɔ me. Ne ame aɖe ʋu eme le gaglãgbe be yenye Kristo yome dzela la, ate ŋu adzɔ be woaɖee le ha me alo woasẽ ŋuta le eŋu.

Srɔ̃ Nu Tso Ame Siwo Gbe Yesu La Ƒe Nuwɔnawo Me

Abe ale si míekpɔe va yi ene la, susu totro si nɔ amewo si ku ɖe Mesia la ŋu, amewo ƒe nyaƒoɖeamenu, kple yometiti wɔe be ame siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me dometɔ geɖe mete ŋu xɔ Yesu dzi se o. Egbea hã, alakpanya siwo amewo se tso Yesu kple eƒe nufiafiawo ŋu ate ana nu sia ke nadzɔ. Le kpɔɖeŋu me, wofia nu ame geɖe be Mawu Fiaɖuƒea le woƒe dzi me, alo be amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze dzie woato aɖoe anyi. Wona ame aɖewo hã xɔe se be woate ŋu ato dzɔdzɔmeŋutinunya alo mɔɖaŋununya dzi akpɔ amegbetɔƒomea ƒe kuxiwo gbɔ, si wɔnɛ be amewo susunɛ be megahiã be yewoaɖo ŋu ɖe Mesia la ŋu o. Ðeklemiɖela geɖe gblɔna egbea be dɔ siwo Yesu wɔ, siwo ŋu nya woŋlɔ ɖe Biblia me la menye nu siwo dzɔ ŋutɔŋutɔ o, eye esia wɔnɛ be amewo mexɔa Yesu dzi se be eyae nye Mesia la o.

Dzixɔse kple nufiafia mawo wɔe be ame geɖe tɔtɔ le nu si tututu Mesia la ava wɔ la gome, alo womenya nu si tae wòahiã be yewoabu nya ma ŋu o. Gake le nyateƒe me la, ne ame aɖe di be yeadzro kpeɖodziawo me akpɔ la, nu geɖe li egbea siwo ɖo kpe edzi be Yesu ye nye Mesia la wu esi nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me. Hebri Ŋɔŋlɔ bliboa, si ƒo nu tso nyagblɔɖi geɖe siwo ku ɖe nu siwo Mesia la ava wɔ ŋu la le mía si, eye Biblia me Nya Nyui Gbalẽawo ƒo nu tso ale si nyagblɔɖi siawo va eme ɖe Yesu dzii la ŋu.a

Kpeɖodziwo geɖe li siwo dzi mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu anɔ te ɖo awɔ tiatia nyuitɔ le nya sia ŋu. Eye ehiã kpata be míatso nya me le nya sia ŋu. Nu ka tae? Elabena Biblia na míenya be eteƒe madidi o, Yesu, Mesia la, si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia la, ava ɖe ame siwo katã le anyigbaa gblẽm la ɖa, eye wòaɖo dziɖuɖu dzɔdzɔe si ana toɖolawo katã nanɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi la anyi. (Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 11:15, 18; 21:3-5) Etsɔme nyuie sia ate ŋu asu asiwò ne èdze agbagba srɔ̃ nu tso Yesu ŋu fifia heɖee fia be yexɔ edzi se. Eya ta tsɔ Yesu ƒe nya siwo gbɔna la nya vevii. Egblɔ bena: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ aɖaka si le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe axa 200 lia si ƒe tanyae nye “Nyagblɔɖi Siwo Ku Ðe Mesia La Ŋu.” Yehowa Ðasefowo tae.

[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 20]

Ne ɖe ènɔ anyi le Yesu ŋɔli la, àkpɔ Mesia la adze siia?

[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 21]

Mègana nu si le susu me na wò xoxo ku ɖe Yesu ŋu la nana be nàdo kpo nyateƒe si ku ɖe eya amea ŋu la sɔsrɔ̃ o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe