INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 12/1 axa 9
  • Woɖo Tenɔnɔ Sesĩe le Suku Teƒe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woɖo Tenɔnɔ Sesĩe le Suku Teƒe
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Afi Kae Halloween Dzɔ Tso?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nyateƒe Si Ku Ðe Halloween Ŋu
    Nyɔ!—2013
  • Azã Nyanyɛwo Ŋuti Nyateƒenya La
    Nyɔ!—2001
  • Azã Nyanyɛwo—Modzakaɖeɖe Ko Wonyea?
    Nyɔ!—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 12/1 axa 9

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya ta

Woɖo Tenɔnɔ Sesĩe le Suku Teƒe

BIBLIA gblɔe ɖi be: “Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ.” (Yesaya 54:13) Ne míakekee ɖe enu la, míate ŋu azã “viwòwo” na Mawu subɔla siwo le anyigba dzi ƒe ha bliboa katã, siwo dome ɖevi suewo hã le. Egbea dzila Kristotɔwo kpɔa egbɔ be ‘Yehowa nafia nu’ yewo viwo le aƒeme kple le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me.

Gake Kristotɔ sɔhɛwo doa go kuxi sesẽwo ne woyi suku. Wokpɔnɛ zi geɖe be ele be yewoanɔ te sesĩe ɖe nusiwo yewosrɔ̃ le Biblia me dzi. Nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna si tso Micronesia fia be ne wonɔ te sesĩe la, eɖea vi na sukuviawo kple nufialaawo siaa.

Le ɣetoɖoƒe Pacific-ƒukpo sue si nye Tol si le Chuuk Ƒukpowo dome dzi la, afima suku nufialawo gblɔ na ɖeviawo be woadzra ɖo akpɔ gome le sukua ƒe Halloween (Ame Kɔkɔewo Katã ƒe Ŋkekenyui) ɖuɖu me. Sukuvi Ðasefoawo nya be le ŋkekenyuia ɖuɣi la, woaɖo atsyɔ̃ ado awu abe ŋɔliwo, gbetsi vɔ̃wo, kple adzetɔwo ene—siwo katã do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ kɔnuwo. Ðevi siawo ƒe dzitsinya meɖe mɔ na wo be woakpɔ gome le eme o.a

Le hehe si wona wo tso Biblia me le aƒeme kple Kristo-hamea me ta la, wonya be nuwɔna mawo medzea Mawu ŋu o, ne modzakaɖeɖe tae wowɔ wo gɔ̃ hã. Bene ɖeviawo nate ŋu aɖe woƒe tenɔnɔ me nyuie wu la, wokpe Barak si nye Ðasefo dutanyanyuigblɔla siwo le ƒukpoa dzi dometɔ ɖeka be wòava ƒo nu na yewoƒe nufialawo.

Esi nufialaawo se numeɖeɖea vɔ la, wowɔ ɖoɖo be yewoakpe zi evelia ale be Barak naƒo nu na sukua ƒe nufialawo katã. Le kpekpe sia me la, Barak gblɔ kpeɖodzinya siwo fia nusi tututu Ame Kɔkɔewo Katã ƒe Ŋkekenyuia nye. Eɖe nya siwo wògblɔ la tso Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ geɖe kple agbalẽ bubuwo me. Nusiwo nufialawo kple sukudzikpɔlawo se tso azã la ƒe dzɔtsoƒe, ŋutinya, kple eƒe dzɔdzɔ tso mawusubɔsubɔ me ŋu la wɔ nuku na wo. Woɖoe be nufialawo nakpe ta bene yewoanya alesi yewoakpɔ nya la gbɔe.

Ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, woɖe gbeƒã nyametsotso aɖe si womenɔ mɔ kpɔm na kura o. Wote fli ɖe dzadzraɖo siwo katã wɔm wole ɖe Ame Kɔkɔewo Katã ƒe Ŋkekenyuia ŋu me. Sukua magaɖu Ame Kɔkɔewo Katã ƒe Ŋkekenyui le ƒe ma me kura o. Nu nyui ka gbegbee nye si do tso sɔhɛ Ðasefo siawo ƒe tameɖoɖo kplikpaa be yewoawɔ nu nyui le suku me! Mele be ɖeviwo navɔ̃ alo ŋu nakpe wo gbeɖe be woatsi tre sesĩe ɖe Biblia me nyateƒea ƒe akpa dzi o.

Le xexeame godoo la, Yehowa Ðasefowo fiaa wo viwo be woasrɔ̃ nu vevie le suku. Wogana hehe Ðasefo sɔhɛwo be woanɔ agbe ɖe Biblia me gɔmeɖosewo nu eye ne mɔnukpɔkpɔ su wo si la woagblɔ woƒe mɔkpɔkpɔ kple dzixɔsewo na sukuvi bubuwo. Ne nu nyui medo tso eme alo va enumake abe alesi wòva emee le nya sia me ene o hã la, dzideƒo kple dzidzeme si dona tsoa nu nyui wɔwɔ me la asu sɔhɛwo si. Eye vevietɔ wu la, woate ŋu aka ɖe edzi be edze yewoƒe Dziƒofofo ŋu eye ayra yewo ɖe yewoƒe toɖoɖo nuteƒewɔwɔtɔe ta.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Hena nyatakaka bubuwo le Ame Kɔkɔewo Katã ƒe Ŋkekenyui kple alesi wòdzɔ tso gbɔgbɔyɔyɔ mee ŋuti la, kpɔ January 8, 1994, ƒe Nyɔ! si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe