INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 67
  • Afi Kae Halloween Dzɔ Tso?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Afi Kae Halloween Dzɔ Tso?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Halloween ƒe ŋutinya kple eŋu kɔnuwo
  • Ðe ale si Halloween dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me la le veviea?
  • Nyateƒe Si Ku Ðe Halloween Ŋu
    Nyɔ!—2013
  • Azã Nyanyɛwo Ŋuti Nyateƒenya La
    Nyɔ!—2001
  • Azã Nyanyɛwo—Modzakaɖeɖe Ko Wonyea?
    Nyɔ!—2001
  • Woɖo Tenɔnɔ Sesĩe le Suku Teƒe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 67
Ðevi etɔ̃ siwo dzra ɖo le Halloween ƒe awu me, wotɔ ɖe aƒe aɖe si wodo Halloween ƒe atsyãwo na la ƒe ʋɔtru nu.

Afi Kae Halloween Dzɔ Tso?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Biblia meƒo nu tso Halloween, si nye azã si ame geɖe ɖuna le October 31 dzi la ŋu o. Ke hã, afi si Halloween dzɔ tso le blema kple kɔnu siwo yia edzi le azã sia ɖuɖu me mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafiawo o.

Nyati sia adzro nya siawo me

  • Halloween ƒe ŋutinya kple eŋu kɔnuwo

  • Ðe ale si Halloween dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me la le veviea?

  • Nu ka tae woyɔa azã sia be Halloween?

Halloween ƒe ŋutinya kple eŋu kɔnuwo

  • Samhain: Agbalẽ si nye The World Book Encyclopedia gblɔ tso Halloween ŋu be edzɔ tso “Kelt-tɔwo ƒe trɔ̃zã aɖe si woɖuna ƒe 2,000 aɖewoe nye esi va yi la me. Kelt-tɔwo xɔe se be kukuawo va zɔna le agbagbeawo dome le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me. Le Samhainɖuɣi la, agbagbeawo ate ŋu ayi aɖakpɔ kukuawo ɖa.”—Kpɔ akpa si nye “Nu Ka Tae Woyɔa Azã Sia Be Halloween?”

  • Halloween ƒe awudodowo, kpetikewo, nuwɔnawo kple nunanawo: Agbalẽ aɖe gblɔ be Kelt-tɔ aɖewo doa awu ɖivɔvɔ̃wo ale be gbɔgbɔ siwo le tsatsam la “nabui be yewo tɔwoe wonye” ale be womaɖe fu na yewo o. Wo dometɔ aɖewo hã naa kpetike gbɔgbɔawo be woatsɔ akpata wo.a

    Aŋtiɖiɖigoe aɖe si me kpetikewo le mu ɖe kplɔ dzi eye kpetikeawo kɔ ɖe kplɔa dzi.

    Le blema Europa la, Katolikotɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo da asi ɖe trɔ̃subɔla siwo dome wonɔ la ƒe dzixɔsewo dzi eye wonaa woƒe hameviwo nɔa tsatsam tso aƒe me yi aƒe me nɔa nunana suesuewo biam.

  • Ame kuku siwo wobe wodona le zã me va noa ʋu le lãme na amewo (VAMPIRE), adzetɔwo, amegbetɔ siwo wobe wotrɔna zua amegãxiwo, ame kuku siwo wobe wotrɔna zua amegbetɔwo (ZOMBIE): Tso blema kee woxɔe se be nu siawo do ka kple gbɔgbɔ vɔ̃wo. Agbalẽ aɖe ɖɔ wo be wonye “gbɔgbɔ dziŋɔ siwo ƒe ŋusẽ de ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔ” eye wògblɔ be “kadodo kplikplikpli aɖe nɔa woawo kple ku, ame kukuwo alo vɔvɔ̃ na ku dome.”—Halloween Trivia.

  • Halloween ƒe aŋanyiwo: Le blema Britain la, “amewo nɔa tsatsam tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu nɔa amewo biam be woana nuɖuɖu yewo ne yewoado gbe ɖa ɖe wo ta,” eye woléa “sabala ƒomevi aɖe si me woɖe to ɖo hesi vele ɖo la ɖe asi. Wɔna sia fia luʋɔ siwo tsi ŋutiklɔdzo me.” (Halloween—From Pagan Ritual to Party Night) Ame aɖewo gblɔna be wozãa akaɖi siawo tsɔ nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo. Le ƒe 1800-awo me la, Dziehe Amerikatɔwo va tsɔ aŋanyi ɖɔli sabala ƒomevi ma elabena aŋanyiwo bɔ eye enɔa bɔbɔe be woaɖe to ɖe wo me.

Ðe ale si Halloween dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me la le veviea?

Ɛ̃. Togbɔ be ame aɖewo bua Halloween be enye azãɖuɖu dzro aɖe si nana yewokpɔa dzidzɔ eye megblẽa nu le ame aɖeke ŋu o hã, kɔnu siwo wowɔna le azã sia ɖuɖu me mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafiawo kura o. Aʋatsodzixɔse siwo ku ɖe kukuawo kple gbɔgbɔ makpɔmakpɔ siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃wo dzie wotu Halloween ƒe azã ɖo.

De dzesi manyakpukpui siwo gbɔna siwo ɖe ale si Mawu bua dzixɔse siwo le amewo si ku ɖe Halloween ŋu fia:

  • “Nukala, afakala alo ŋɔliyɔla meganɔ dowòme o.”—5 Mose 18:10-12.

    Efia be: Mawu meda asi ɖe edzi be míatee kpɔ be míado ka kple kukuawo alo awɔ nu wòadze abe ɖe míedi be míaƒo nu kple wo ene o.

  • “Kukuawo meganya naneke kura o.”—Nyagblɔla 9:5.

    Efia be: Esi wonye be kukuawo meganya naneke o taa, womate ŋu aƒo nu kple agbagbeawo o.

  • “[Migade ha] kple gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Miate ŋu anɔ nu nom le Yehowa ƒe kplu nu aganɔ nu nom le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu nu o.”—1 Korintotɔwo 10:20, 21.

    Efia be: Ele be ame siwo di be yewoƒe nu nadze Mawu ŋu naƒo asa na kadodo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo keŋkeŋ.

  • ‘Minɔ te sesĩe ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu; elabena míele kame tem kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo.’—Efesotɔwo 6:11, 12.

    Efia be: Mele be kadodo aɖeke kura nanɔ Kristotɔwo kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo dome o, eye mele be woaƒo wo ɖokui ɖe woƒe azãɖuɖu aɖeke me o.

a Kpɔ agbalẽ si nye Halloween: An American Holiday, an American History, axa 4.

Nu ka tae woyɔa azã sia be Halloween?

Ŋkɔ Halloween do ƒome kple Kelt-tɔwo ƒe trɔ̃zã si nye Samhain. Agbalẽ si nye World Book Encyclopedia gblɔ be: “Samhain . . . gɔmee nye dzomeŋɔli ƒe nuwuwu. Azã sia fiaa vuvɔŋɔli ɣleti siwo me viviti nɔa anyi la ƒe gɔmedzedze eye woɖunɛ le November 1 lɔƒo. Le ƒe 700 va se ɖe 800-awo mea, sɔlemehaa ɖo azã yeye aɖe anyi si woyɔna be Ame Kɔkɔewo Katã Ƒe Ŋkeke (All Saints’ Day), eye woɖunɛ le ŋkeke sia dzi. Wogayɔa Ame Kɔkɔewo Katã Ƒe Ŋkeke sia be Ame Kɔkɔewo Katã (All Hallows’). Eŋlisigbe me nya si nye Hallow gɔmee nye ame kɔkɔe (saint). Eye woyɔa zã si do ŋgɔ na All Hallows’ ƒe azã la be All Hallows’ Eve, eye wova nɔ eyɔm kpuie ko be All Hallow e’en. Wogava tso ŋkɔ sia dzi kpuie wòtrɔ zu Halloween.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe