INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 3/15 axa 12-17
  • Bi Wò Dzi ɖe Gɔmesese Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Bi Wò Dzi ɖe Gɔmesese Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gɔmesese Kple Míaƒe Nuƒoƒo
  • Gɔmesese Kple Míaƒe Zɔzɔme
  • Gɔmesese Kple Gbɔgbɔ si Míeɖena Fiana
  • Gɔmesese Kple Míaƒe Ƒomea
  • Gɔmesese Kple Alesi Míenɔa Agbee
  • Kpɔ Yehowa Sinu Ɣesiaɣi Hena Gɔmesese Kpɔkpɔ
  • Gbɔgbɔmegɔmesese Nenɔ Asiwò Fũ
  • Àte Ŋu Atu Gɔmesese Geɖe Wu Ðoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Na Gɔmesese Nadzɔ Ŋuwò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • “Yehowa Naa Nunya”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Srɔ̃ Yesu Ƒe Dzideƒo Kple Nugɔmesese
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 3/15 axa 12-17

Bi Wò Dzi ɖe Gɔmesese Ŋu

“Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso.”—LODODOWO 2:6.

1. Aleke míawɔ abi míaƒe dzi ɖe gɔmesese ŋu?

YEHOWA ye nye míaƒe Nufiala Gãtɔ. (Yesaya 30:20, 21) Gake nukae wòle be míawɔ bene ‘sidzedze Mawu ŋutɔŋutɔ’ si dze le eƒe Nya la me naɖe vi na mí? Eƒe akpa aɖee nye be ‘míabi míaƒe dzi ɖe gɔmesese ŋu’—míadi vevie tso dzi me be nɔnɔme sia nasu mía si eye míaɖee afia. Ele be míadi nusia le Mawu gbɔ, elabena nunyala la gblɔ be: “Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso.” (Lododowo 2:1-6) Nukae nye sidzedze, nunya, kple gɔmesese?

2. (a) Nukae nye sidzedze? (b) Nukae nàgblɔ be nunya nye? (d) Nukae nye gɔmesese?

2 Sidzedze nye nuwo nyanya nyuie to nuteƒekpɔkpɔ, ŋkuléleɖenuŋu, alo nusɔsrɔ̃ me. Nunya nye ŋutete si kpena ɖe ame ŋu wotsɔa sidzedze wɔa dɔe. (Mateo 11:19) Fia Salomo tsɔ nunya wɔ dɔe esime nyɔnu eve nɔ ɖevi ɖeka ʋlim eye ɖesiaɖe be yee dzii eye ezã nusi wònya tso vidada ƒe dɔmetɔtrɔ ɖe eƒe dɔmeviwo ŋu tsɔ kpɔ nyahehea gbɔe. (Fiawo I, 3:16-28) Gɔmesese nye “bibi nyuie ɖe nuŋububu me.” Enye “ŋutete si susu tsɔ dea vovototo nuwo domee.” (Webster’s Universal Dictionary) Ne míebi míaƒe dzi ɖe gɔmesese ŋu la, Yehowa anae mí to Via dzi. (Timoteo II, 2:1, 7) Gake aleke gɔmesese ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa vovovowo dzii?

Gɔmesese Kple Míaƒe Nuƒoƒo

3. Aleke nàɖe Lododowo 11:12, 13 mee eye nukae wòfia ne wogblɔ be ‘dzi mele ame si o’?

3 Gɔmesese kpena ɖe mía ŋu be míekpɔnɛ dzea sii be “ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.” (Nyagblɔla 3:7) Nɔnɔme sia kpena ɖe mía ŋu be míaɖɔ ŋu ɖo le nya si míagblɔ hã me. Lododowo 11:12, 13 gblɔ be: “Ame manyanu [amesi si dzi mele o, NW] doa vlo ehavi; ke ame nyanu zia kpi. Amegɔmezɔla ʋua go nya ɣaɣla, ke nyateƒetɔ ɣlaa nya.” Vavãe, ŋutsu alo nyɔnu si doa vlo ehavi la, ‘dzi mele esi o.’ Nyagɔmeɖegbalẽŋlɔla Wilhelm Gesenius gblɔ be ame ma “mesea nu gɔme o.” Mete ŋu bua nu ŋu nyuie o, eye esi wozã nya “dzi” la, efia be agbe nyui mele amea si o. Ne amesi gblɔna be Kristotɔe yenye ƒoa nu yakayaka ale be eƒe nuƒoa va zu ameŋunyagbɔgblɔ alo dzu la, ke ele be hamemegã siwo woɖo la natso ɖe nya la ŋu atsi nɔnɔme gbegblẽ sia nu le hamea me.—Mose III, 19:16; Psalmo 101:5; Korintotɔwo I, 5:11.

4. Nukae Kristotɔ nugɔmesela wɔnuteƒewo wɔna le nya ɣaɣlawo ŋu?

4 Gake ‘nugɔmeselawo’ ya mele abe amesiwo “si dzi mele o” ene o, wozia ɖoɖoe ne esɔ be woazi ɖoɖoe. Womeʋua go nya ɣaɣla o. (Lododowo 20:19) Esi nugɔmeselawo nya be ne yewomeɖɔ ŋu ɖo le nuƒoƒo me o la, ate ŋu agblẽ nu ta, ‘wowɔa nuteƒe le gbɔgbɔ si woɖena fiana me.’ Wowɔa nuteƒe na wo nɔvi haxɔsetɔwo eye womeʋua go nya ɣaɣla siwo ate ŋu ade wo afɔku me o. Nya ɣaɣla sia nya ɣaɣla si woagblɔ na Kristotɔ nugɔmeselawo ku ɖe hamea ŋu la, wonaa wotsia woawo ɖeɖe dome vaseɖe esime Yehowa ƒe habɔbɔa kpɔ be esɔ be yeana woanya le ye ŋutɔ yeƒe agbalẽwo me.

Gɔmesese Kple Míaƒe Zɔzɔme

5. Aleke ‘ame manyanuwo’ bua hadzegbenɔnɔe, eye nukatae?

5 Biblia ƒe lododowo kpe ɖe mía ŋu be míawɔ gɔmesese ŋudɔ bene míagava awɔ nu madzemadze o. Le kpɔɖeŋu me, Lododowo 10:23 gblɔ be: “Alesi nu vlo wɔwɔ nye fefenui na bometsila la, nenema nunya le na nugɔmesela.” Amesiwo bua hadzedze alo nuvlowɔwɔ “fefenui” la metsɔa ɖeke le woƒe zɔzɔme ƒe gbegblẽ me o eye womedenɛ akɔnta me be amesiame gbɔna akɔnta bu ge na Mawu o. (Romatɔwo 14:12) ‘Bometsila’ siawo ƒe tamebubu trona ale gbegbe be wova nɔa ebum be Mawu mele yewoƒe nugbegblẽwɔwɔ kpɔm o. Nya si woƒe nuwɔnawo nɔa gbɔgblɔm enye: ‘Yehowa meli o.’ (Psalmo 14:1-3; Yesaya 29:15, 16) Esi mawumegɔmeɖosewo mefiaa mɔ wo o ta la, gɔmesese mele wo si o eye womate ŋu abu nu ŋu wòasɔ hã o.—Lododowo 28:5.

6. Nukatae hadzegbenɔnɔ nye bometsitsi, eye aleke míabui ne gɔmesese le mía si?

6 “Nugɔmesela” nya be menye ‘fefenue’ hadzedze nye o. Enya be medzea Mawu ŋu o eye ate ŋu agblẽ ƒomedodo si le mía kplii dome la me. Nɔnɔme ma nye bometsitsi elabena ekloa bubu le ame ŋu, egblẽa srɔ̃ɖeɖe me, egblẽa nu le ame ƒe susu kple ŋutilã ŋu, eye wògblẽa ame dome le gbɔgbɔ me. Eyata mina míabi míaƒe dzi ɖe gɔmesese ŋu eye míatsri hadzegbenɔnɔ alo agbegbegblẽnɔnɔ ƒomevi ɖesiaɖe.—Lododowo 5:1-23.

Gɔmesese Kple Gbɔgbɔ si Míeɖena Fiana

7. Nukawoe nye nusiwo dzikudodo gblẽna le ame ƒe lãmesẽ ŋu dometɔ aɖewo?

7 Ne míebi míaƒe dzi ɖe gɔmesese ŋu la, ekpena ɖe mía ŋu hã be míaɖu míaƒe gbɔgbɔ dzi. Lododowo 14:29 gblɔ be: “Dzigbɔɖitɔ la, nunya geɖe le esi; ke dɔmedzoetɔ doa boblo bometsitsi.” Nusiwo ta nugɔmesela dzea agbagba be yemado dziku helĩhelĩ o dometɔ ɖekae nye be egblẽa nu le míaƒe lãmesẽ ŋu. Ate ŋu aho ʋusɔgbɔdɔ na ame alo wòaxɔ akɔtadɔ. Ðɔktawo yɔ dziku kple dɔmedzoe dodo de seselelãme siwo te ŋu hoa gbɔxi, ŋutigbalẽdɔlélewo, dɔgbo ƒe nuɖuɖu matumatu nyuie, kple dɔmebiwo alo hea wo vɛ na ame la dome.

8. Nuka mee dzimagbɔɖi ate ŋu akplɔ mí adee, gake aleke gɔmesese ate ŋu akpe ɖe mía ŋui le esia me?

8 Menye esi nu magblẽ le míaƒe lãmesẽ ŋu o ɖeɖeko tae wòle be míazã gɔmesese eye ‘míagbɔ dzi ɖi’ ɖo o. Dzimagbɔɖi ate ŋu ana míawɔ bometsinu siwo ava ave mí emegbe. Gake gɔmesese naa míebua nusi ate ŋu adzɔ ne míekpɔa míaƒe aɖe dzi o alo tsia klokloklo dzi la ŋu eye esia kpena ɖe mía ŋu be míawɔ numanyamanyanu atsɔ ‘ado boblo bometsitsi’ o. Vevietɔ gɔmesese kpena ɖe mía ŋu míekpɔnɛ dzea sii be dɔmedzoe ate ŋu atɔtɔ míaƒe tamebubu, ale be míagate ŋu awɔ míaƒe susu ŋudɔ nyuie o. Esia agblẽ nu le míaƒe ŋutete be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye míanɔ agbe ɖe eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawo nu la ŋu. Vavãe, dzikudodo helĩhelĩ ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu le gbɔgbɔ me. Le nyateƒe me la, woyɔ “dɔmedzoedodowo” de ‘ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ’ nyɔŋu siwo ana míate ŋu anyi Mawu Fiaɖuƒea ƒe dome o la dome. (Galatiatɔwo 5:19-21) Eyata esi míenye Kristotɔ nugɔmeselawo ta la, mina ‘míaɖe abla le nusese me, míanɔ blewu le nuƒoƒo me, anɔ blewu hã le dziku me.’—Yakobo 1:19.

9. Aleke gɔmesese kple nɔvilɔlɔ̃ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ masɔmasɔwo gbɔe?

9 Ne míekpɔ dziku la, gɔmesese ƒe amesinɔnɔ abia be míazi ɖoɖoe bene dzre gã aɖeke nagadzɔ o. Lododowo 17:27 gblɔ be: “Amesi mekea nu kplakplakpla o la, sidzedze le esi, eye ame ɖɔŋuɖo enye nugɔmesela.” Gɔmesese kple nɔvilɔlɔ̃ akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ be ehiã be míaɖu mía ɖokui dzi ne míedi be míagblɔ nya aɖe si agblẽ nu le ame ŋu. Ne dzikunya aɖe dzɔ xoxo la, lɔlɔ̃ kple ɖokuibɔbɔ aʋã mí be míaɖe kuku aɖɔ nuwo ɖo. Gake tsɔe be ame aɖe dze agɔ le mía dzi. Ke mina míaƒo nu na eya ɖeka le tufafa kple ɖokuibɔbɔ me eye míaƒe taɖodzinu vevitɔ nanye be míana ŋutifafa nanɔ anyi.—Mateo 5:23, 24; 18:15-17.

Gɔmesese Kple Míaƒe Ƒomea

10. Akpa kae nunya kple gɔmesese wɔna le ƒomegbenɔnɔ me?

10 Ehiã be ƒomea me tɔwo naɖe nunya kple gɔmesese afia, elabena nɔnɔme siawo atu aƒea ɖo. Lododowo 24:3, 4 gblɔ be: “Nunya wotsɔna tua xɔe, gɔmesese wotsɔna lia kee, eye sidzedze wotsɔna dea kesinɔnu nyui vovovowo woƒe xɔwo me taŋtaŋ.” Nunya kple gɔmesese le abe xɔtukpe nyui siwo wotsɔna tua ƒomegbenɔnɔ si kpɔa dzidzedze la ene. Gɔmesese kpena ɖe dzila Kristotɔwo ŋu be wonaa wo viwo ɖea woƒe seselelãmewo kple dzimaɖitsitsiwo gblɔna. Nugɔmesela te ŋu ɖoa dze, ete ŋu ɖoa to sea srɔ̃a ƒe seselelãmewo kple tamesusuwo, eye wòsea wo gɔme yia eme hã.—Lododowo 20:5.

11. Aleke nyɔnu srɔ̃tɔ si sea nu gɔme ate ŋu ‘atu eƒe aƒe ɖoe’?

11 Ðikekemanɔmee la, nunya kple gɔmesese hiã vevie le ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ anɔ me. Le kpɔɖeŋu me, Lododowo 14:1 gblɔ be: “Nyɔnuwo ƒe nunya tua woƒe xɔ; ke bometsitsi tsɔa eya ŋutɔ ƒe asi gbãnɛ ƒua anyi.” Nyɔnu srɔ̃tɔ nugɔmesela nyanu si bɔbɔa eɖokui ɖe srɔ̃a te alesi dze la adze agbagba be nuwo nadze edzi na aƒekɔa eye ato esia wɔwɔ me akpe asi ɖe eƒe ƒomea tutuɖo ŋu. Nusiwo ‘atu eƒe aƒea ɖo’ ƒe ɖee nye be aƒo nu nyui le srɔ̃a ŋu ɣesiaɣi eye esia ana ame bubuwo nade bubu ŋutsua ŋu ɖe edzi. Eye nyɔnu zazɛ̃ senugɔme si me Yehowa vɔvɔ̃ kple bubudede eŋu le la ƒe nu anyo amewo ŋu woakafui.—Lododowo 12:4; 31:28, 30.

Gɔmesese Kple Alesi Míenɔa Agbee

12. Aleke amesiwo ‘si dzi mele o’ bua bometsitsii, eye nukatae?

12 Gɔmesese kpena ɖe mía ŋu be míaƒe nuwɔnawo katã toa mɔ ɖeka. Esia dze le Lododowo 15:21, si gblɔ be: “Bometsitsi enye ame manyanuwo ƒe dzidzɔ; ke nugɔmesela toa mɔ dzɔdzɔe.” Aleke míase lododo sia gɔmee? Bometsinu alo movinuwɔwɔ dzɔa dzi na ŋutsu, nyɔnu, kple sɔhɛ manyanuwo. ‘Dzi mele wo si o,’ si fia be wometsɔa susu nyui wɔa nui o, eye numanyamanya tsi ɖe wo ŋu ale gbegbe be dzi dzɔa wo ɖe bometsitsi ŋu.

13. Nukae Salomo kpɔ dze sii le nukoko kple nya veviwo tsɔtsɔ wɔ fefenyae ŋu?

13 Israel-fia Salomo si sea nu gɔme la kpɔe be naneke mele nya veviwo tsɔtsɔ wɔ fefenyae me o. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Megblɔ le nye dzi me be: Matsɔ dzidzɔ atee akpɔ, eye maɖu agbe! Ke esia hã toflokoe. Megblɔ na nukoko be: Aɖaʋae! eye na dzidzɔ be: nuka esia ya awɔ?” (Nyagblɔla 2:1, 2) Salomo, amesi nye nugɔmesela la, kpɔe be dzidzɔkpɔkpɔ kple nukoko ɖeɖe menaa ame ƒe dzi dzea eme o, elabena dzidzɔ akuaku si nɔa anyi didina mele wo me o. Nukoko ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaŋlɔ míaƒe kuxiwo be sẽ, gake woaganɔ mía dzi kokoko eye ɖewohĩ woado gã ɖe edzi gɔ̃ hã. Esɔ be Salomo yɔ nukoko be “aɖaʋa.” Nukatae? Elabena susumanɔme nukoko naa womegate ŋu bua nuwo ŋu nyuie o. Ate ŋu ana míatsɔ nya veviwo awɔ fefenyawoe. Womate ŋu agblɔ le dzidzɔ si fiasã me nukokoedoamelawo ƒe nyawo kple nuwɔnawo dona na ame tɔgbe ŋu be wokpɔa viɖe aɖe le eme o. Ne míese nusi Salomo te kpɔ le nukoko kple dzidzɔ ƒuƒlu kpɔkpɔ ŋu gɔme la, akpe ɖe mía ŋu míaganye “amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu” o.—Timoteo II, 3:1, 4.

14. Aleke nugɔmesela toa ‘mɔ dzɔdzɔee’?

14 Aleke nugɔmesela toa ‘mɔ dzɔdzɔee’? Gbɔgbɔmegɔmesese kple mawumegɔɖosewo ŋudɔwɔwɔ kplɔa amewo toa mɔ dzɔdzɔe dzi tẽ. Byington ƒe gɔmeɖeɖe gblɔe kaŋ be: “Bometsitsi nye dzidzɔ gã na tagbɔmanɔsitɔ, gake nunyala ya ayi ŋgɔ tẽ.” ‘Nugɔmesela’ ɖea mɔ dzɔdzɔe na eƒe afɔ eye wòte ŋu dea vovototo nyui kple vɔ̃ dome elabena ewɔa Mawu ƒe Nya la ŋudɔ le eƒe agbe me.—Hebritɔwo 5:14; 12:12, 13.

Kpɔ Yehowa Sinu Ɣesiaɣi Hena Gɔmesese Kpɔkpɔ

15. Nukae míesrɔ̃ tso Lododowo 2:6-9 me nyawo me?

15 Bene míato mɔ dzɔdzɔe dzi le míaƒe agbe me la, ele be mí katã míalɔ̃ ɖe edzi be blibomademade le mía ŋu eye míakpɔ Yehowa sinu be wòana gbɔgbɔmegɔmesese mí. Lododowo 2:6-9 gblɔ be: “Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso; edzraa dzɔgbenyui vavã ɖo ɖi na nuteƒewɔlawo, akpoxɔnu wònye na amesiwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o, ne wòakpɔ nu dzɔdzɔe ƒe toƒe ta, eye wòadzɔ eƒe [mawumeme] ƒe mɔ ŋuti. Ekema àse dzɔdzɔenyenye, nu dzɔdzɔe kple nuteƒewɔwɔ gɔme; mɔ nyuiwo katã gɔme nase.”—Tsɔe sɔ kple Yakobo 4:6.

16. Nukatae nunya, gɔmesese, alo aɖaŋudede aɖeke meli ɖe Yehowa ŋu o?

16 Esi míenya alesi míehiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋui la, mina míatsɔ ɖokuibɔbɔ aku eƒe Nya la me ayi eme ʋĩ atsɔ adi eƒe lɔlɔ̃nu gɔmesesee. Eya sie nunya si de blibo le go sia go me le, eye eƒe aɖaŋuɖoɖo ɖea vi ɣesiaɣi. (Yesaya 40:13; Romatɔwo 11:34) Le nyateƒe me, aɖaŋu ɖesiaɖe si tsi tre ɖe eŋu la nye dzodzro. Lododowo 21:30 gblɔ be: “Nunya kple gɔmesese kpakple aɖaŋuɖoɖo aɖeke meli ɖe Yehowa ŋu o.” (Tsɔe sɔ kple Lododowo 19:21.) Gbɔgbɔmegɔmesese si asu mía si to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ƒe agbalẽwo tsɔtsɔ srɔ̃ Mawu ƒe Nya lae me koe akpe ɖe mía ŋu be míaƒe zɔzɔme nanɔ dzɔdzɔe le agbe me. (Mateo 24:45-47) Eyata mina míawɔ ɖe Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi le míaƒe agbe me, elabena míenya be aleke ke aɖaŋuɖoɖo sia aɖaŋuɖoɖo si tsi tre ɖe eƒe Nya la ŋu adze aɖaŋu nyuie hã la, mate ŋu anɔ te ɖe eƒe Nya la nu o.

17. Nukae ate ŋu adzɔ ne woɖo aɖaŋu gbegblẽ?

17 Kristotɔ nugɔmesela siwo ɖoa aɖaŋu nyae be ele be aɖaŋuɖoɖoa nanɔ te ɖe Mawu ƒe Nya la dzi bliboe eye be ehiã Biblia sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede hafi woaɖo nya ŋu. (Lododowo 15:28) Ne womeɖo nya veviwo ŋu nyuie o la, ate ŋu agblẽ nu geɖe. Eyata Kristotɔ hamemegãwo hiã gbɔgbɔmegɔmesese eye ele be woado gbe ɖa abia Yehowa ƒe mɔfiame ne wole agbagba dzem be yewoakpe ɖe yewoƒe haxɔsetɔwo ŋu le gbɔgbɔ me.

Gbɔgbɔmegɔmesese Nenɔ Asiwò Fũ

18. Ne kuxi aɖe ado mo ɖa le hamea me la, aleke gɔmesese ate ŋu akpe ɖe mía ŋui be míada asɔ le gbɔgbɔ me?

18 Be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu la, míehiã “gɔmesese . . . le nuwo katã me.” (Timoteo II, 2:7) Biblia sɔsrɔ̃ kutrikukutɔe kple wɔwɔ ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kple eƒe habɔbɔa ƒe mɔfiafia dzi akpe ɖe mía ŋu be míanya nusi wòle be míawɔ ne míedze ŋgɔ nɔnɔme siwo akplɔ mí ade nugbegblẽwɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be womewɔ nane le hamea me abe alesi míesusu be ele be woawɔe ene o. Gbɔgbɔmegɔmesese akpe ɖe mía ŋu be míakpɔe be esia menye nusita míadzudzɔ hadede kple Yehowa ƒe amewo ahadzudzɔ Mawu subɔsubɔ o. Bu mɔnukpɔkpɔ si wònye be míasubɔ Yehowa, gbɔgbɔmeblɔɖe si me míele, dzidzɔ si míate ŋu akpɔ le subɔsubɔ me esi míenye Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo la ŋu kpɔ. Gbɔgbɔmegɔmesese kpena ɖe mía ŋu be nukpɔsusu nyuitɔ nɔa mía si eye be míanyae be Mawue míeɖe adzɔgbe na eye ele be míade asixɔxɔ tɔxɛ mía kplii dome ƒomedodo ŋu, eɖanye nuka wɔm ame bubuwo le o. Ne naneke meli míawɔ le teokrasimɔ nu atsɔ akpɔ nya la gbɔe o la, ke ele be míagbɔ dzi ɖi akpɔ Yehowa sinu be wòaɖɔ nuwo ɖo. Le esi míadzo alo míabu mɔkpɔkpɔ teƒe la, mina ‘míakpɔ mɔ na Yehowa.’—Psalmo 42:6, 12.

19. (a) Nu vevi kawoe Paulo do gbe ɖa bia na Filipitɔwo? (b) Aleke gɔmesese ate ŋu akpe ɖe mía ŋui ne nane me mekɔ na mí tututu o?

19 Gbɔgbɔmegɔmesese kpena ɖe mía ŋu be míayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu kple eƒe amewo. Paulo gblɔ na Filipi Kristotɔwo be: “Esia ŋuti medoa gbe ɖa ɖo, bena miaƒe lɔlɔ̃ la nanɔ agbɔ sɔm ɖe dzi wu le sidzedze kple dzimenusese katã me, bena miate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome, ne mianye ame dzadzɛwo kple nuɖiaɖia manɔŋuitɔwo ɖe Kristo ƒe ŋkeke la ŋu.” (Filipitɔwo 1:9, 10) Bene míate ŋu abu nuwo ŋu wòasɔ nyuie la, míehiã ‘sidzedze vavãtɔ kple gɔmesese blibo.’ Helagbe me nya si gɔme woɖe le afisia be “dzimenusese” alo gɔmesese la fia “agbenyuinɔnɔ ŋuti sidzedze ɖaɖɛ.” Ne míesrɔ̃ nane la, míedi be míanya alesi wòdo ƒome kple Mawu kpakple Kristoe eye míade ŋugble le alesi wòna Yehowa ƒe amenyenye kple nunanawo me gakɔ ɖe edzii na mí la ŋu. Esia dzia míaƒe gɔmesese kple míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusi Yehowa Mawu kple Yesu Kristo wɔ na mí ŋu la ɖe edzi. Ne nane me mekɔ na mí tututu o la, gɔmesese akpe ɖe mía ŋu be míakpɔe adze sii be mele be míagbe nu vevi siwo katã míesrɔ̃ le Mawu, Kristo, kple Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu la dzixɔxɔse o.

20 Míaƒe gbɔgbɔmegɔmesese adzi ɖe edzi fũ ne míetsɔa míaƒe tamesusuwo kple nuwɔnawo sɔna kple Mawu ƒe Nya la. (Korintotɔwo II, 13:5) Ne míewɔa esia le mɔ si tua ame ɖo nu la, akpe ɖe mía ŋu be míabɔbɔ mía ɖokui, míagbe ame bubuwo ƒe susu xɔxɔ o eye míanye vodadadileameŋulawo o. Gɔmesese akpe ɖe mía ŋu be wòaɖe vi na mí ne woɖɔ mí ɖo eye míaka ɖe nusiwo le vevie wu dzi. (Lododowo 3:7) Eyata esi míedi be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu ta la, mina míadi be eƒe Nya la ŋuti sidzedze vavãtɔ nayɔ mí fũ. Esia akpe ɖe mía ŋu be míanya nyui tso vɔ̃ gbɔ, míanya nusi le vevie wu ŋutɔŋutɔ, eye míalé mía kple Yehowa dome ƒomedodo xɔasi la me ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe. Míate ŋu awɔ nusiawo katã ne míebi míaƒe dzi ɖe gɔmesese ŋu. Gake nu bubu aɖe hã gahiã. Ele be míana gɔmesese nadzɔ mía ŋu.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Nukatae wòle be míabi míaƒe dzi ɖe gɔmesese ŋu?

◻ Aleke gɔmesese ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuƒoƒo kple agbenɔnɔ dzii?

◻ Dɔ kae gɔmesese ate ŋu awɔ ɖe míaƒe gbɔgbɔ dzi?

◻ Nukatae wòle be míakpɔ Yehowa sinu ɣesiaɣi hena gɔmesese kpɔkpɔ?

20. Aleke míawɔ míaƒe gbɔgbɔmegɔmesese nadzi ɖe edzi fũ?

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Gɔmesese kpena ɖe mía ŋu be míaɖu míaƒe gbɔgbɔ dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Fia Salomo si si gɔmesese le kpɔe be nya veviwo tsɔtsɔ wɔ fefenyae menaa dzidzeme vavãtɔ ame o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe