INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 3/15 axa 17-22
  • Na Gɔmesese Nadzɔ Ŋuwò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Gɔmesese Nadzɔ Ŋuwò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gɔmesese Hiã Etɔxɛe
  • Ke Gadededɔme Hã Ðe?
  • Ne Agbaɖuɖu Va
  • Ke ne Wofi Ame le Aye Me Hã Ðe?
  • Gɔmesese Kple Nyametsotso Wɔwɔ
  • Bi Wò Dzi ɖe Gɔmesese Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Àte Ŋu Atu Gɔmesese Geɖe Wu Ðoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • “Yehowa Naa Nunya”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nukae Wò Dɔwɔna Abia Tso Asiwò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 3/15 axa 17-22

Na Gɔmesese Nadzɔ Ŋuwò

“Tamebubu akpɔ dziwò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò.”—LODODOWO 2:11.

1. Nuka mee gɔmesese ate ŋu adzɔ mía ŋu le?

YEHOWA di be nàwɔ gɔmesese ŋudɔ. Nukatae? Elabena enya be adzɔ ŋuwò le mɔtetre vovovowo me. Lododowo 2:10-19 me nyawo dze egɔme be: “Ekema nunya age ɖe wò dzi me, eye sidzedze avivi wò luʋɔ nu. Tamebubu akpɔ dziwò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò.” Adzɔ ŋuwò tso nuka me? Tso nuwo abe “mɔ vɔ̃,” amesiwo gblẽa mɔ dzɔdzɔe ɖi, kple amesiwo ƒe agbenɔnɔ katã le sakasaka si me.

2. Nukae nye gɔmesese, eye ka ƒomevie Kristotɔwo dina vevie?

2 Àɖo ŋku edzi be gɔmesesee nye susu ƒe ŋutete si wòtsɔna dea vovototo nuwo domee. Nugɔmesela te ŋu kpɔa vovototo siwo le susuwo alo nuwo dome dzea sii eye wòbua nu ŋu nyuie. Mí Kristotɔwo míedi vevie be míatsɔ gbɔgbɔmegɔmesese si wotu ɖe Mawu ƒe Nya la me sidzedze vavãtɔ dzi awɔ dɔe. Ne míele Ŋɔŋlɔawo srɔ̃m la, ɖeko wòle abe gbɔgbɔmegɔmesese ƒe xɔtukpewo kum míele ene. Nusiwo míesrɔ̃na ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nyametsotso siwo dzea Yehowa ŋu.

3. Aleke míawɔ gbɔgbɔmegɔmesese nasu mía si?

3 Esi Mawu bia tso Israel-fia Salomo si be wòagblɔ yayra si dim wòle la, egblɔ be: “Na dzi nyanu wò dɔla, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ, eye wòade vovo nyui kple vɔ̃ dome.” Salomo bia gɔmesese, eye Yehowa na gbogbo aɖee. (Fiawo I, 3:9; 5:10) Be gɔmesese nasu mía si la, ehiã be míado gbe ɖa, eye ele be míatsɔ “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ƒe agbalẽ siwo kɔa nu me la asrɔ̃ Mawu ƒe Nya lae. (Mateo 24:45-47) Esia wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu be míatu gbɔgbɔmegɔmesese ɖo vaseɖe esime míazu ‘ame tsitsiwo le gɔmesese ƒe ŋutete me,’ bene míate ŋu ‘ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome [alo, ade dzesi wo tso wo nɔewo gbɔ].’—Korintotɔwo I, 14:20; Hebritɔwo 5:14.

Gɔmesese Hiã Etɔxɛe

4. Nukae wòfia be ame ƒe ŋku dzi ‘nadza,’ eye aleke wòate ŋu aɖe vi na míi?

4 Ne gɔmesese nyuitɔ le mía si la, míate ŋu awɔ nu wòasɔ ɖe Yesu ƒe nyawo nu, be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple [Mawu ƒe] dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ [ŋutilãmenu siawo] katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mateo 6:33) Yesu gagblɔ be: “Ŋutilã ƒe akaɖi enye wò ŋku; ne wò ŋku dzi dza la, wò ame blibo la katã hã me lakɔ.” (Luka 11:34) Ame ƒe ŋku nye kpɔɖeŋukaɖi. Ŋku si dzi “dza” la, ato nyateƒe, anɔ nu ɖeka ŋu tẽ. Ne míaƒe ŋku le nenema la, míate ŋu aɖe gɔmesese afia ahazɔ eye míakli nu le gbɔgbɔ me o.

5. Le dɔwɔnyawo me la, nuka dzie wòle be míaɖo ŋkui le nusita woɖo Kristo-hamea ɖo ŋu?

5 Le esi ame aɖewo nana woƒe ŋku dzi nadza teƒe la, wotsɔ dɔwɔɖoɖo dzroamewo dzi kuxiwo ɖe edzi na woawo ŋutɔ kple ame bubuwo. Gake ele be míaɖo ŋku edzi be “nyateƒe ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ” ye Kristo-hame la nye. (Timoteo I, 3:15) Abe xɔ ƒe sɔtiwo ene la, hamea ʋlia Mawu ƒe nyateƒea ta, menye ame aɖeke ƒe dɔwɔnyawo ta o. Menye asitsanyawo, nudzadzrawo, alo dɔwɔnyawo dodo ɖe ŋgɔ tae woɖo Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo ɖo o. Ele be míatsri mía ŋutɔwo míaƒe dɔwɔnyawo gbɔgblɔ le Fiaɖuƒe Akpata me. Gbɔgbɔmegɔmesese kpena ɖe mía ŋu be míakpɔe be Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo, Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒewo, takpekpe suewo kple gãawo nye afisiwo Kristotɔwo ƒe hadede kple gbɔgbɔ me numedzodzrowo yia edzi le. Ne míetsɔa gbɔgbɔmeƒomedodowo doa asitsanyawo ɖe ŋgɔe la, ne mede ɖeke o la, ɖe mafia be míedea asixɔxɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu tututu oa? Mele be míazã hamea me kadodowo atsɔ adi gae gbeɖe o.

6. Nukatae mele be míadzra adzɔnuwo alo agblɔ dɔwɔnyawo le hamea ƒe kpekpewo me o?

6 Ame aɖewo zã teokrasi kadodowo tsɔ dzra atikewo alo lekewɔnuwo, nunyiametikewo, telefonkaƒoƒowo, xɔtunuwo, mɔzɔɖoɖowo, kɔmpiuta ƒe dɔwɔɖoɖowo kple eŋutinuwo, kple bubuwoe. Gake menye hamea ƒe kpekpewo mee wòle be woadzra adzɔnuwo le alo agblɔ nuwo dzadzra ŋu nyawo le o. Míate ŋu ase gɔmeɖose si dzi wotu nya sia ɖo gɔme ne míeɖo ŋku edzi be Yesu ‘nyã amesiwo katã tsɔ alẽwo kple nyiwo vɛ la do goe le gbedoxɔa me eye wòtrɔ gaɖuɖɔlawo ƒe ga kɔ ɖe anyi, eye wòtu asi woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi. Eye egblɔ na amesiwo nɔ akpakpawo dzram la bena: Mitsɔ nusiawo dzoe le afisia, eye migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wɔ nudzraƒee o!’—Yohanes 2:15, 16.

Ke Gadededɔme Hã Ðe?

7. Nukatae gɔmesese kple ŋuɖɔɖɔɖo hiã le gadededɔme ŋu?

7 Gɔmesese kple ŋuɖɔɖɔɖo hiã ne míedi be míade ga asitsadɔ si me agbaɖuɖu ate ŋu anɔ me. Tsɔe be ame aɖe di be yeado ga eye wòdo ŋugbe siawo tɔgbe na wò be: “Meka ɖe edzi na wò be àkpɔ viɖe geɖe tso eme godoo.” “Wò ga aɖeke matsi eme o. Kakaɖedzi blibo le dɔ sia ŋu.” Kpɔ nyuie le kakaɖedzinamenya mawo ŋu. Anye be ɖe mele nuwo ŋu bum nyuie o alo alakpa dam wòle, elabena ƒã hafi nàte ŋu aka ɖe gadededɔme dzi. Le nyateƒe me, ame gblẽku aɖewo tsɔ numevivi da adzo hamea me tɔwo alea. Esia na míeɖo ŋku ‘ame mavɔ̃mawu’ siwo va tra ɖe ƒe alafa gbãtɔ me hamea me, ‘eye wotrɔ Mawu ƒe amenuveve la yi ɖe agbe baɖa nɔnɔ me’ dzi. Amesiawo nɔ abe tɔmekpe siwo nu le tsutsuẽ siwo ate ŋu atɔ ʋu alo asi tsiƒulawo eye wòawu wo ene. (Yuda 4, 12) Ele eme baa be ayemefifila ŋuklẽlawo ƒe susu to vovo na wo tɔ ya, gake hamea me tɔwo dzie woawo hã dzena.

8. Nukae dzɔ ɖe dɔ aɖewo siwo dze abe ɖe viɖe geɖe atso eme ene dzi?

8 Kristotɔ siwo si susu nyui le gɔ̃ hã gblɔ dɔ siwo dze abe viɖe geɖe anɔ wo me ene ŋu nya na nɔvi bubuwo, eye woawo kple amesiwo de ga dɔ siawo me la ƒe ga si wode dɔa me la fiã. Esia na mɔnukpɔkpɔwo ge le Kristotɔ gbogbo aɖewo si le hamea me. Ne eva dzɔ be mazu-gatɔ-kaba ƒe dɔwo va zu ayemefififi la, ayemefifila la koe wòɖea vi na, eye zi geɖe la, amea buna vĩ enumake. Aleke gɔmesese ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòasi le nusiawo nui?

9. Nukatae wòhiã be míazã gɔmesese le nya siwo amewo agblɔ le gadededɔme ŋu me?

9 Susu si dze le gɔmesese me ƒe ɖee nye be woate ŋu ase nusi do viviti gɔme. Ŋutete sia hiã bene míate ŋu ada nya siwo amewo gblɔna le gadededɔmewo ŋu la akpɔ. Kristotɔwo kana ɖe wo nɔewo dzi, eye wo dometɔ aɖewo asusui be gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo made ta dɔ siwo agblẽ woƒe haxɔsetɔwo ƒe ga dome la me o. Gake Kristotɔ dɔwɔla nyenye mefia be ame bi ɖe dɔwɔnyawo me kokoko o.

10. Nukatae Kristotɔ aɖewo dina be yewoado dɔwɔga le haxɔsetɔwo gbɔ, eye nukae ate ŋu adzɔ ɖe ga mawo siwo wode dɔ me la dzi?

10 Kristotɔ aɖewo dia gadodo na dɔwɔwɔ le haxɔsetɔwo gbɔ elabena gadoha nyuiwo mado ga na wo gbeɖe be woatsɔ awɔ dɔ si me agbaɖuɖu ate ŋu anɔ o. Woflu ame geɖe wosusu be ne yewotsɔ yewoƒe ga de dɔ me ko la, yewoate ŋu akpɔ ga kaba bɔbɔe dɔ boo aɖeke mawɔmawɔe alo dɔ aɖeke kura mawɔmawɔe. Bubu si nɔa gadede dɔa me ŋu hea ame aɖewo, gake ga si wodzra ɖo le woƒe agbe me dome gblẽna! Kristotɔ aɖe de ga gbogbo aɖe dɔ aɖe me, eye wònɔ mɔ kpɔm be le kwasiɖa eve ko me yeakpɔ viɖe alafa memamã 25 ɖe ga ma dzi. Eƒe ga ma katã fiã esi adzɔha ma gblɔ be yewoɖu agba. Le dɔwɔnya bubu me la, xɔtula aɖe do ga gbogbo aɖe le amewo si le hamea me. Edo viɖe gbogbo aɖe si sɔ gbɔ akpa xexe ƒe ŋugbe na wo gake agba boŋ ye wòva ɖu eye ga siwo wòdo tsi me.

Ne Agbaɖuɖu Va

11. Nuxlɔ̃amenya kae Paulo gblɔ le ŋukeklẽ kple galɔlɔ̃ ŋu?

11 Agbaɖuɖu na dzi ɖe le Kristotɔ aɖewo ƒo eye wòna amesiwo de ga dɔwɔɖoɖo siwo me afɔku le me la dometɔ aɖewo kura bu woƒe gbɔgbɔmemenyenye. Gɔmesese mazãmazã atsɔ adzɔ ame ɖokui ŋui zu taɖui kple dzigbagbã na amewo. Ŋukeklẽ zu mɔ̃ ɖe ame geɖewo. Paulo ŋlɔ be: “Ŋukeklẽ la [womegayɔ] eŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, abe alesi wòdze ame kɔkɔewo ene.” (Efesotɔwo 5:3) Egaxlɔ̃ nu be: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔtetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.”—Timoteo I, 6:9, 10.

12. Ne Kristotɔwo le dɔ wɔm kple wo nɔewo la, nuka dzie wòle vevie be woaɖo ŋkui?

12 Ne galɔlɔ̃ ge ɖe Kristotɔ aɖe me la, ate ŋu awɔ nuvevi geɖe eɖokui le gbɔgbɔ me. Farisitɔwo nye galɔ̃lawo, eye esiae nye ame geɖe ƒe nɔnɔme le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me. (Luka 16:14; Timoteo II, 3:1, 2) Gake ele be Kristotɔ ‘naɖe galɔlɔ̃ ɖa keŋkeŋ’ le eƒe agbenɔnɔ me. (Hebritɔwo 13:5) Ele eme be Kristotɔwo ate ŋu awɔ dɔ kple wo nɔewo alo woadze dɔ gɔme ɖekae ya. Gake ne wole nusiawo wɔm la, mele be woatsɔ dzeɖoɖoawo kple numedzodzroawo atsaka hamea ƒe nyawo o. Eye ɖo ŋku edzi be: Le gbɔgbɔmenɔviwo gɔ̃ hã dome la, miwɔ agbalẽ ɖe dɔwɔnyawo dzi ɣesiaɣi. Nyati si ƒe tanyae nye “Midee Agbalẽ Me!” si dze le February 8, 1983, Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe axa 13 vaseɖe 15 la me nyawo akpe ɖe mía ŋu vevie le nya sia me.

13. Aleke nàzã Lododowo 22:7 le dɔwɔnyawo mee?

13 Lododowo 22:7 gblɔ na mí be: “Amesi doa nugbana la, dɔla wònye na agbanatɔ.” Zi geɖe la, enye nusi me nunya mele o be míatsɔ mía ɖokui alo mía nɔvi awɔ subɔvii nenema. Ne ame aɖe bia gadodo le mía si na dɔ aɖe si me agbaɖuɖu ate ŋu anɔ wɔwɔ la, nunya anɔ eme be míabu eŋu kpɔ be ɖe amea ate ŋu axe fea hã. Ðe wonyae be enye ame si dzi woate ŋu aka ɖo eye woaɖo ŋu ɖe eŋua? Le nyateƒe me la, ele be míanyae be ga si míado na amea ate ŋu atsi eme elabena dɔwɔƒe geɖe ɖua agba. Dɔwɔɖoɖoa dede agbalẽ me ɖeɖe mefia be dɔa adze edzi o. Eye kakaɖedzitɔe la, nunya mele eme be woado ga na ame wu ga si ne etsi me hã la, magblẽ nu le ame ŋu boo o.

14. Nukatae wòle be míawɔ nu le gɔmesese me ne hati Kristotɔ si míedo ga na la ƒe dɔ dze anyi?

14 Ehiã be míaɖe gɔmesese afia ne míedo ga na Kristotɔ aɖe be wòatsɔ awɔ dɔe eye gaa dome gblẽ, togbɔ be menye anukware ye amea meɖi o tae o hã. Ne menye mía nɔvi si do gaa le mía si gbɔe dɔa ƒe anyidzedze tso o la, ɖe míate ŋu agblɔ be edze agɔ le mía dzi le mɔ aɖe nua? Ao, elabena ɖe míelɔ̃ faa hafi do gaa nɛ, ɖewohĩ míenɔ deme xɔm ɖe eta, eye mewɔ anukwaremaɖimaɖinu aɖeke o. Esi menye anukwaremaɖimaɖinu aɖekee wòwɔ o ta la, mesɔ be míatsɔ nya ɖe gadola la ŋu o. Vi kae wòaɖe be míakplɔ mía nɔvi Kristotɔ ɖianukware si wòhiã be wòana setɔwo nanya be yeƒe dɔ ɖu agba la ayi ʋɔnui le esi dɔ aɖe si ŋu wobu susu nyui ɖo la medze edzi o ta?—Korintotɔwo I, 6:1.

15. Nukawo ŋue wòle be woabu ne setɔwo gblɔ be dɔwɔƒe aɖe ɖu agba?

15 Ɣeaɖewoɣi la, amesiwo ƒe dɔwɔƒe ɖu agba la nana setɔwo nyana be yewoɖu agba bene woatsɔ aɖe agba le yewo ɖokui dzii. Esi Kristotɔwo mesẽa fe o ta la, togbɔ be setɔwo aɖe fe aɖewo xexe ƒe agba le fenyila la dzi hã la, ame aɖewo tsɔ dzitsinya nyui see le wo ɖokui me be enye yewoƒe agbanɔamedzi be yewoadze agbagba axe fe siwo me wote fli ɖo ne amesiwo ŋu yewonyi fe le alɔ̃ be yewoaxɔe. Gake ne nɔvi aɖe na amesi do ga nɛ ƒe ga tsi me evɔ eya le agbe ɖum ɖe? Alo ne amesi do ga va kpɔ ga emegbe gake metsɔ ɖeke le agba si wònye nɛ be wòaxe fea me o ɖe? Ekema nya aku ɖe gadola la ƒe dzedze be wòasubɔ le agbanɔamedzinɔƒe aɖe le hamea me ŋu.—Timoteo I, 3:3, 8; kpɔ September 15, 1994, Gbetakpɔxɔ, ƒe axa 30-1.

Ke ne Wofi Ame le Aye Me Hã Ðe?

16. Afɔ kawoe míate ŋu aɖe ne ewɔ na mí be wofi mí le aye me le dɔwɔnyawo me?

16 Gɔmesese ana míakpɔe adze sii be menye dɔ sia dɔ mee wokpɔa viɖe le o. Ke ne ayemefie wònye wofi ɖe? Woɖe ayemefififi gɔme be enye “eɖoɖo koŋ able ame, awɔ ayemenu, alo atrɔ gbo nyateƒea be woable ame nu ne wòaɖe asi le eƒe nu xɔasi aɖe ŋu alo be wòaɖe asi le gome si nye etɔ le se nu la ŋu.” Yesu Kristo gblɔ afɔ siwo woate ŋu aɖe ne ame aɖe susu be yeƒe haxɔsetɔ fi ye le aye me. Yesu gblɔ le Mateo 18:15-17 be: “Ne nɔviwò wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋutiwò la, yi ɖaɖee fiae le mia kple eya ɖeka ko dome; ne eɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò. Ke ne meɖo to wò o la, yi ɖatsɔ ame ɖeka alo eve kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, bena le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu la woaɖo kpe nya sia nya dzi. Ke ne meɖo to woawo hã o la, yi ɖagblɔe na hame la, eye ne meɖo to hame la hã o la, na ne wòanɔ na wò abe trɔ̃subɔla kple nudzɔla ene.” Kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ɖe eyome la fia be nuvɔ̃ siwo ku ɖe ganyawo ŋu, si me ayemefififi hã le, ye nɔ susu me nɛ.—Mateo 18:23-35.

17, 18. Ne amesi gblɔna be Kristotɔe yenye fi mí le aye me la, aleke gɔmesese ate ŋu adzɔ mía ŋui?

17 Gake masɔ le Ŋɔŋlɔawo nu be woaɖe afɔ siwo woyɔ le Mateo 18:15-17 la ne kpeɖodzi aɖeke meli be ɖe wofi amea le aye me alo ne naneke gɔ̃ hã meli si ana woabui nenema o. Gake ne amesi be Kristotɔe yenye fi mí le aye me ŋutɔŋutɔ ya ɖe? Gɔmesese ate ŋu adzɔ mía ŋu be míagaɖe afɔ si aƒo ɖi hamea ƒe ŋkɔ o. Paulo xlɔ̃ nu ehati Kristotɔwo be woana woawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu eye kura gɔ̃ hã woaba wo wu be woatsɔ nɔvi aɖe ayi ʋɔnui.—Korintotɔwo I, 6:7.

18 ‘Alakpa kpakple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ meyɔ’ mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu akuakuawo ‘me fũ’ abe afakala aɖe si ŋkɔe nye Baryesu ene o. (Dɔwɔwɔwo 13:6-12) Eyata mina míazã gɔmesese ne míaƒe ga fiã le dɔwɔnya siwo me mía haxɔsetɔwo le me. Ne míele nyaa tsɔtsɔ yi ʋɔnui ŋu bum la, ele be míabu dɔ siwo wòate ŋu awɔ ɖe mía ŋutɔwo, amea alo ameawo, hamea, kple egodotɔwo dzi la ŋu. Ga si woaɖo eteƒe na mí yometiti ate ŋu agblẽ ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesi gbogbo bubu aɖewo dome na mí. Nyadrɔ̃lawo kple sedɔwɔla bubuwo koe wòawɔ kesinɔtɔwoe. Ewɔ nublanui be Kristotɔ aɖewo tsɔ teokrasi mɔnukpɔkpɔwo sa vɔe le wo ɖokui ƒoƒo ɖe nusiawo me fũ akpa ta. Ne míena nusiawo kplɔ mí trae alea la, ana dzi nadzɔ Satana, gake Yehowa ƒe dzie míedi be míado dzidzɔ na. (Lododowo 27:11) Gake ne míelɔ̃ be míaƒe ga natsi me la, ate ŋu axe mɔ na dzigbagbã gã si wòanye na mí eye mana míagblẽ ɣeyiɣi na mía ŋutɔwo kple hamemegãwo o. Akpɔ hamea ƒe ŋutifafa ta eye wòana míavo ayi edzi atsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo anɔ nɔƒe gbãtɔ ɖom.

Gɔmesese Kple Nyametsotso Wɔwɔ

19. Nukae gbɔgbɔmegɔmesese kple gbedodoɖa awɔ na mí ne míele nyametsotso sesẽwo wɔm?

19 Le nyateƒe me la, nyametsotso wɔwɔ le ga alo dɔwɔnyawo me ate ŋu anye taɖui ŋutɔ. Gake gbɔgbɔmegɔmesese ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míabu nya la ƒe akpa sia akpa ŋu eye míawɔ nyametsotso siwo me nunya le. Hekpe ɖe eŋu la, ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me ate ŋu ana “Mawu ƒe ŋutifafa” mí. (Filipitɔwo 4:6, 7) Eyae nye dziɖeɖi kple tomefafa si tsoa ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Yehowa me. Kakaɖedzitɔe la, ŋutifafa sia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míada asɔ ne míedze ŋgɔ nyametsotso sesẽwo.

20. Nukae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ le dɔwɔnyawo kpakple hamea ƒe nyawo gome?

20 Mina míaɖoe kplikpaa be míagaɖe mɔ be masɔmasɔwo le dɔwɔnyawo me nagblẽ míaƒe ŋutifafa alo hamea tɔ me o. Ele be míaɖo ŋku edzi be kpekpeɖeŋu nana mí le gbɔgbɔ me tae Kristo-hamea li ɖo, menye míaƒe asitsanyawo tae o. Ele be dɔwɔnyawo nanɔ vo na hamea ƒe dɔwo. Ehiã be míazã gɔmesese kple ŋuɖɔɖɔɖo ne míedi be míadze dɔ si me agbaɖuɖu ate ŋu anɔ la gɔme. Eye mina nukpɔsusu si da sɔ nanɔ mía si le nya siawo me ɣesiaɣi, eye míadi Fiaɖuƒea ƒe nuwo gbãgbiagbã. Ne haxɔsetɔ aɖe ƒe dɔwɔƒe ɖu agba la, mina míadi mɔnu si ade amesiame si ŋu nya la ku ɖo dzi wu.

21. Aleke míate ŋu azã gɔmesesee wòasɔ kple Filipitɔwo 1:9-11 me nyawo?

21 Le esi míatsi dzi ɖe ganya kple nu bubu siwo mehiã boo o ŋu fũ akpa teƒe la, mina mía dometɔ ɖesiaɖe nabi eƒe dzi ɖe gɔmesese ŋu, ado gbe ɖa abia Mawu ƒe mɔfiafia, eye wòanɔ Fiaɖuƒea dim gbãgbiagbã. Abe alesi Paulo do gbe ɖae ene la, ‘mina míaƒe lɔlɔ̃ nadzi ɖe edzi wu le sidzedze vavãtɔ kple nugɔmesese blibo me bene míate ŋu aka ɖe nusiwo le vevie wu dzi eye míagazu nuɖiaɖia na ame bubuwo’ alo na mía ŋutɔwo o. Fifia esi Kristo zu Fia eye wòbɔbɔ nɔ dziƒofiazikpui dzi la, mina míaɖe gbɔgbɔmegɔmesese afia le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. Eye mina ‘dzɔdzɔenyenye kutsetse nayɔ mí fũ to Yesu Kristo me, be wòanye kafukafu na mía Mawu,’ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa.—Filipitɔwo 1:9-11.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Nukae nye gɔmesese?

◻ Nukatae gɔmesese hiã vevie le dɔwɔnyawo me le Kristotɔwo dome?

◻ Aleke gɔmesese ate ŋu akpe ɖe mía ŋui ne ewɔ na mí be hati Kristotɔ aɖe fi mí le aye me?

◻ Akpa kae wòle be gɔmesese nawɔ le míaƒe nyametsotsowo wɔwɔ me?

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Gɔmesese akpe ɖe mía ŋu be míatsɔ aɖaŋu si Yesu ɖo le Fiaɖuƒea didi gbãgbiagbã ŋu la awɔ dɔe

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]

Mide dɔwɔnyawo agbalẽ me ɣesiaɣi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe