INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 4/1 axa 26
  • Fiaɖuƒenukua Wuwu le Mɔnukpɔkpɔ Ðesiaɖe Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fiaɖuƒenukua Wuwu le Mɔnukpɔkpɔ Ðesiaɖe Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Mietrɔ Nye Nukpɔsusu Ku Ðe Yehowa Ðasefowo Ŋu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Dunyahela Sesẽ Aɖe Si Va Zu Kristotɔ Akpaɖekedzimadela
    Nyɔ!—2002
  • Ðe Egbɔkpɔnua Ke Ganye Kuxia ƒe Akpa Aɖea?
    Nyɔ!—2001
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 4/1 axa 26

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Fiaɖuƒenukua Wuwu le Mɔnukpɔkpɔ Ðesiaɖe Me

MAWU ƒe Nya, Biblia, de veviedodonu ƒe dzi ƒo. Fia Salomo gblɔ be: “Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye megadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye esi alo ekemɛ alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.”—Nyagblɔla 11:6.

Yehowa Ðasefowo ƒãa “nukuwo” to Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia gbɔgblɔ me le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si sɔ me. Le dukɔ kple ƒukpo 230 kple edzivɔ me la, woyi edzi ‘le Kristo Yesu ŋuti nyanyuia gblɔm madzudzɔmadzudzɔe.’ (Dɔwɔwɔwo 5:42) Nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna la fia alesi Yehowa Ðasefowo ‘mele alɔgblɔlɔ wɔm’ le gbeƒãɖeɖedɔa me ‘o.’

◻ Le Rupublic of Cape Verde la, Yehowa Ðasefo aɖe nɔ gbeadzisubɔsubɔdɔa me va to gaxɔ aɖe gbɔ. Gameme aɖewo nɔ ati tame le gaxɔa ƒe xɔxɔnu. Esi gamemeawo kpɔ Ðasefoa le anyi me ɖa la, wodo ɣli bia be yewohiã magazine aɖewo. Ðasefoa tsɔ kpe bla ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo ŋu da do ɖe wo to glia dzi. Nusi do tso ɖetsɔleme gbãtɔ sia mee nye be wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ 12 gɔme. Gamemeawo dometɔ etɔ̃ tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Mawu hetsɔ wo ɖokui na xɔ nyɔnyrɔ. Gamemeawo dometɔ ɖeka nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla alo mɔɖela ƒe ɖeka kple edzivɔe nye sia. Ke aleke wowɔa gbeadzisubɔsubɔdɔe le gaxɔawo me? Gbã la, womã gaxɔawo ɖe anyigbamamãwo me. Azɔ Ðasefo etɔ̃awo mã anyigbamamã la ɖekaɖeka eye wowɔa dɔ tso gaxɔ ɖeka me yi bubu me. Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siawo trɔ yi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia la gbɔ abe alesi tututu Yehowa Ðasefowo wɔna le xexeame godoo ene—le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me. Gake nusi to vovoe nye alesi wowɔa Biblia-nusɔsrɔ̃wo edziedzii. Le esi teƒe be gamemeawo nana woasrɔ̃ Biblia kpli wo zi ɖeka alo zi eve ko kwasiɖa sia kwasiɖa abe gaƒoƒo ɖeka ene la, wo dometɔ aɖewo lɔ̃ srɔ̃a nu gbesiagbe! Azɔ hã gaxɔdzikpɔlagã ɖe mɔ na Ðasefoawo be woawɔ hame ƒe kpekpe ɖesiaɖe le gaxɔa me.

◻ Nyɔnu aɖe si le Portugal nyi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ gbogbo aɖewo ƒe dome esi mamaa ku. Esi menye Yehowa Ðasefoe wònye o ta la, agbalẽawo xɔxɔ medzɔ dzi nɛ o. Evɔ medi hã be yeagblẽ wo dome o. Gbeɖeka egblɔ na Yehowa Ðasefo aɖe si va egbɔ le aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa wɔwɔ me be woƒe agbalẽwo le ye si. Ðasefoa bia nyɔnua be enya asixɔxɔ vavã si le agbalẽawo ŋu hã. Eɖo eŋu be: “Ne mato nyateƒe tututu la, nyemenya asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ si le wo ŋu o, evɔ ɖe, aleke mawɔ anya?” Nyɔnua lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye eye eteƒe medidi hafi mamaa ƒe agbalẽawo va xɔ asi nɛ o. Fifia eya hã nye Yehowa Ðasefo si xɔ nyɔnyrɔ. Gawu la, vianyɔnu kple woƒe ƒomea xɔlɔ̃ vevi aɖe hã le Biblia srɔ̃m. Domenyinyi xɔasi ka gbegbee nye si agbalẽawo va nye!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe