INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 4/1 axa 29
  • Yehowa Ðasefowo Awɔ Dukɔwo Dome Takpekpewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Ðasefowo Awɔ Dukɔwo Dome Takpekpewo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dukɔwo Dome Takpekpe le Ƒe 2003 Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Yehowa Ƒoa Eƒe Ame Kpɔdzidzɔwo Nu Ƒu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Takpekpe Gãwo Naa Mɔnukpɔkpɔ Mí Míeɖea Lɔlɔ̃ Fia
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Ƒe 1998 “Mawu ƒe Agbemɔ” Nutome Gã Takpekpewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 4/1 axa 29

Yehowa Ðasefowo Awɔ Dukɔwo Dome Takpekpewo

Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha le ɖoɖo wɔm be woawɔ dukɔwo dome takpekpewo le ƒe 1998 me. Wotsɔ dzidzɔ lɔ̃ ɖe gbeƒãɖeɖe sia dzi le Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania ƒe ƒe sia ƒe takpekpe si wowɔ le Jersey-dugã ƒe Takpexɔ me le Memleɖa, October 5, 1996.

Woawɔ dukɔwo dome takpekpe geɖe akpe ɖe nutome gã takpekpe siwo wowɔna ɖaa la ŋu le Dziehe Amerika le ƒe 1998 domedome. Míele mɔ kpɔm be Ðasefo akpe alafa geɖe atso anyigba ƒe akpa geɖe ava takpekpe siawo. Be dukɔ geɖe alesinu ate ŋui me tɔwo nava la, woaka takpekpedela xexlẽme aɖe na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe 100 kple edzivɔ siwo li la dometɔ ɖesiaɖe be woayi du si me woawɔ dukɔwo dome takpekpe si woatia na wo la le Dziehe Amerika.

Ele nyanya kɔte be menye amesiwo adi be yewoazɔ mɔ ayi Dziehe Amerika la katãe ate ŋu ayi o. Gake ɖewohĩ ame akpe geɖe ate ŋu ade dukɔwo dome takpekpe si tsɔ wo gbɔ wu. Míele ɖoɖowo wɔm be woawɔ dukɔwo dome takpekpewo le dukɔ eve alo etɔ̃ me le Europa eye woawɔ bubuwo hã le Afrika, Asia, Latin Amerika, South Pacific kple le Caribbean.

Le ɣeyiɣi si sɔ me la, Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒewo ana hame siwo le woƒe anyigbamamãwo me nanya takpekpedu alo du siwo me wole wo kpem be woayi. Woana nyanya le takpekpeŋkekeawo kple takpekpedelawo tiatia ƒe ɖoɖowo ŋu. Amesiwo ƒe susu me wòle be yewoakpe takpekpedelawo tiatia ƒe mɔbiagbalẽwo ɖo la adi be yewoadze ga dzadzraɖo gɔme ɖe wɔna vevi siawo ŋu.

Yehowa Ðasefo siwo katã le xexeame godoo ate ŋu akpɔ mɔ na nusi wodzra ɖo ɖi le ƒe 1998 dukɔwo dome takpekpe siawo me. Ðoɖowɔɖi sia kee woazã le nutome gã takpekpewo me le dukɔwo katã me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe