INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb21 January axa 7
  • Takpekpe Gãwo Naa Mɔnukpɔkpɔ Mí Míeɖea Lɔlɔ̃ Fia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Takpekpe Gãwo Naa Mɔnukpɔkpɔ Mí Míeɖea Lɔlɔ̃ Fia
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Ƒoa Eƒe Ame Kpɔdzidzɔwo Nu Ƒu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Yehowa Ðasefowo Awɔ Dukɔwo Dome Takpekpewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Dukɔwo Dome Takpekpe le Ƒe 2003 Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • “Wodoa Gbe Vovovo Gake Lɔlɔ̃ Na Wowɔ Ðeka”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
mwb21 January axa 7

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Takpekpe Gãwo Naa Mɔnukpɔkpɔ Mí Míeɖea Lɔlɔ̃ Fia

Nɔvi siwo tso dukɔ vovovowo me va dukɔwo dome takpekpe aɖea le foto ɖem ɖekae.

Nu ka tae takpekpe gã siwo míewɔna la dzɔa dzi na mí ŋutɔ? Abe ale si wònɔ le blema Israel enea, takpekpe siwo míewɔna egbea naa mɔnukpɔkpɔ mí míewɔa ɖeka kple mía nɔvi haxɔsetɔ alafa alo akpe geɖewo subɔa Yehowa. Míesea vivi na gbɔgbɔmenuɖuɖu damiwo. Ha tuameɖo siwo míedena kple mía xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo hã dzɔa dzi na mí. Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu siawo ŋu ʋãa mí míedena ŋkeke etɔ̃awo katã.

Ne míeva ƒo ƒu ɖekae la, menye nu siwo aɖe vi na míawo ɖeɖe ŋu koe wòle be míabu o, ele be míabu ale si míaɖe lɔlɔ̃ afia ame bubuwo hã ŋu. (Ga 6:10; Heb 10:24, 25) Míaɖee afia be míele mía nɔviwo ƒe nyonyo dim ne mímexea wo ŋgɔ alo daa nu ɖe zikpui siwo mímazã o dzi o. (Flp 2:3, 4) Takpekpewo naa mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe mí be míadze xɔlɔ̃ yeyewo. Míate ŋu aɖoe be míaɖo dze kple ame aɖe si míenya tsã o hafi takpekpea nadze egɔme, alo le ɖiɖiɖemeɣia, alo ne míekpã. (2Ko 6:13) Esia ate ŋu awɔe be míava dze xɔlɔ̃ siwo anɔ anyi ɖaa! Vevietɔ wua, ne amewo kpɔe be míelɔ̃a mía nɔewo vevie la, woate ŋu atiae be yewo hã yewoasubɔ Yehowa.—Yh 13:35.

MIKPƆ VIDEO SI NYE “LƆLƆ̃ NU METSINA GBEÐE O”! DUKƆWO DOME TAKPEKPE, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Foto si tso video si nye ‘‘Lɔlɔ̃ Nu Metsina Gbeɖe O’! Dukɔwo Dome Takpekpe’ me. Nɔvi siwo tso duta kple nɔvi siwo le afi si wole dukɔwo dome takpekpe aɖe wɔm lea le atuu wɔm tsɔ le wòezɔ dom na wo nɔewo.

    Aleke nɔviwo ɖe lɔlɔ̃ fia nɔvi siwo tso duta va ƒe 2019 dukɔwo dome takpekpea?

  • Foto si tso video si nye ‘‘Lɔlɔ̃ Nu Metsina Gbeɖe O’! Dukɔwo Dome Takpekpe’ me. Nɔvi siwo tso duta kple nɔvi siwo le afi si wole takpekpea wɔm lea le foto ɖem ɖekae.

    Nu ka tae lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si le Yehowa ƒe amewo dome la ɖe dzesi?

  • Foto si tso video si nye ‘‘Lɔlɔ̃ Nu Metsina Gbeɖe O’! Dukɔwo Dome Takpekpe’ me. Korea nɔvi aɖewo lé nuŋɔŋlɔ siwo fia ‘míawoe zɔ’ ɖe asi, eye wole asi ʋuʋum na ame siwo le takpekpea vam.

    Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ƒe akpa kawo dzie Dɔdzikpɔha me tɔwo he susu yi?

  • Foto si tso video si nye ‘‘Lɔlɔ̃ Nu Metsina Gbeɖe O’! Dukɔwo Dome Takpekpe’ me. Nyɔnuvi aɖe lé ‘Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe’ Biblia si wòxɔ teti koe ma la ɖe asi, eye dzi le edzɔm.

    Aleke wò hã nàte ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia le míaƒe takpekpewo me?

    Aleke Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ kpe ɖe mía nɔviwo ŋu le Germany kple South Korea?

  • Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe