Srɔ̃ɖeɖe Siwo Dea Bubu Yehowa Ŋu
Ethiopia ye woŋlɔ nyati si gbɔna ku ɖe Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖewo ŋu le gbã ɖe Amharicgbe me be wòana mɔfiame nyuiwo dukɔ ma me tɔ geɖe siwo va zu Yehowa Ðasefowo nyitsɔ laa la. Eƒo nu tso wo gbɔ kɔnu kple nuwɔna aɖewo siwo ɖewohĩ masɔ kple mia gbɔ tɔ o ŋu. Adzɔ dzi na wò be nàkpɔ vovototo si le wo dome. Azɔ hã nyatia gblɔ Biblia me aɖaŋuɖoɖo si da sɔ si nàkpɔ be esɔ nenye be srɔ̃ɖekɔnuwo to vovo le mia gbɔ gɔ̃ hã.
“KRISTOTƆWO ƒe Srɔ̃ɖeɖe Siwo Hea Dzidzɔ Vɛ” ye nye tanya si woɖo na nusɔsrɔ̃nyati nyui aɖe si dze le October 1, 1984 ƒe Gbetakpɔxɔ me. Nyati si kplɔe ɖo le tata ma me ƒe tanyae nye “Kpɔ Dzidzɔ ɖe Ðoɖo Nu le Srɔ̃ɖenuɖukplɔ̃ɖoƒewo.” (Aɖaŋuɖoɖo bubu si me nunya le la le agbalẽ siwo nye Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me, ta 2, kple Your Youth—Getting the Best Out Of It, ta 19 kple 20 me na amesiwo le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum.)a Ame geɖe va zu Yehowa Ðasefo tso esime nyati mawo do, eyata míedi be míagadzro nyati aɖewo siwo sɔ na míaƒe nutoa koŋ, kpakple nya vevi bubu siwo akpe ɖe mía ŋu míawɔ srɔ̃ɖeɖe siwo ade bubu Yehowa, srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila ŋu la me.
Biabia si ŋu míabu gbãe nye, Ɣekaɣie wòle be woawɔ srɔ̃ɖeɖe? Ŋkeke siwo woɖo na srɔ̃ɖeɖe le mía gbɔ kɔnu nu dzie wòle be ŋkekea nadzea? Mía detɔwo ƒe dzixɔse enye be srɔ̃ɖeɖe ɖesiaɖe si woawɔ le ŋkeke bubu dzi le ƒea me la madze edzi o. Enye aʋatsodzixɔse si ŋu kpeɖodzi mele o, elabena srɔ̃tɔ siwo le Yehowa subɔm le dzidzɔ kple ɖekawɔwɔ me la dometɔ geɖe meɖe srɔ̃ le ɣeyiɣi si woɖo na srɔ̃ɖeɖe le dekɔnu nu dzi o. Míexɔ aklama dzi se o. (Yesaya 65:11; Kolosetɔwo 2:8) Ne míeɖo srɔ̃ɖeŋkeke wòsɔ kple míaƒe ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo ƒe aʋatsodzixɔsewo la, ke womakpɔ vovototo si le nyateƒe kple aʋatso dome o. Nya lae nye be Kristotɔwo ate ŋu aɖe srɔ̃ le ɣleti ɖesiaɖe me.
Ne wowɔ ɖoɖo be woaƒo srɔ̃ɖenuƒo esi woɖe srɔ̃ le dziɖuɖu gbɔ vɔ megbe la, manyo be wɔna eveawo dome nadidi ŋkeke geɖewo o. Ne srɔ̃tɔawo adi be woaƒo srɔ̃ɖenuƒo le Fiaɖuƒe Akpata me la, ele be woakpɔ hamemegãwo do ŋgɔ abia be yewodi be yewoazã akpataa. Hamemegãwo aka ɖe edzi be ɖoɖo siwo woawɔ ɖe wɔnawo ŋu mana yewoƒe dzitsinya nabu fɔ yewo o. Ele be woaɖo ɣeyiɣia be magblẽ hamea ƒe dɔwɔna aɖeke me o. Nɔviŋutsu si wotia be wòaƒo srɔ̃ɖenuƒoa akpe kple ŋugbetɔsrɔ̃a kple ŋugbetɔa do ŋgɔ aɖo aɖaŋu nyui na wo ahanya be womenɔ agbe gbegblẽ si axe mɔ na srɔ̃ɖeɖea alo se aɖe li axe mɔ na wo o, eye be yelɔ̃ ɖe kplɔ̃ɖoɖo ƒe ɖoɖo ɖesiaɖe si woawɔ ɖe eyome dzi. Ele be srɔ̃ɖenuƒoa naxɔ abe gaƒoƒo afã ene eye woaƒoe le bubu me, ate gbe ɖe gbɔgbɔmenuwo dzi. Srɔ̃ɖenuƒoa le vevie sã wu kplɔ̃ɖoɖo ɖesiaɖe si woava wɔ.
Kristotɔ ƒe srɔ̃ɖeɖe nye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe si me míaɖee afia le be ‘míenye xexeame ƒe akpa aɖeke o.’ (Yohanes 17:14; Yakobo 1:27) Ele be míaƒe ɖoɖodzizɔzɔ naɖe dzesi. Efia be míawɔ ɖe game dzi, menye be amewo nava nɔ mía lalam, si ɖewohĩ agblẽ hamea ƒe dɔwɔnawo me o. Ele be ŋugbetɔa vevietɔ nalé ŋku ɖe akpa sia ŋu, elabena ƒometɔ xexemetɔwo ate ŋu aƒoe ɖe enu be wòatsi megbe—abe emae ana eƒe ame vevi nyenye nagadze ene. Gamedzinɔnɔ ana Kristotɔ nɔvinyɔnu si tsi le gbɔgbɔ me naɖee afia be gbɔgbɔ me nɔnɔmewo abe ɖokuibɔbɔ kple ameŋububu ene le vevie na ye! Azɔ hã ne wotsɔ fotoɖela be wòaɖe foto wɔnaa la, ehiã be nuwo nazɔ ɖe ɖoɖo nu. Asɔ be míagblɔ na fotoɖela la be wòado kot, abla taya, ado atalegbe si dze hafi ava eye be eƒe fotoɖeɖea magatɔtɔ nuƒoa o. Mele be wòaɖe foto ne wole gbe dom ɖa o. Míaƒe ɖoɖodzizɔzɔ ade bubu Yehowa ŋu ahanye ɖaseɖiɖi nyui aɖe. Mehiã kura be míazɔ ɖe xexemetɔwo ƒe srɔ̃ɖekɔnuwo si atsyɔ nu gɔmesese si tututu le srɔ̃ɖeɖea ŋu dzi o.
Menye kplɔ̃ kokoko woaɖo hafi srɔ̃ɖeɖe nadze edzi o, gake Ŋɔŋlɔawo hã metsi tre ɖe dzidzɔɣeyiɣi ma ŋu o. Gake ele be Kristotɔ vavãwo ƒe ƒuƒoƒo sia nato vovo tso xexemetɔwo ƒe kplɔ̃ɖoɖowo gbɔ, afisi nugbɔmewɔwɔ, ahatsunono, nutsuɖuɖu, ha gbegblẽwo ƒoƒo, gbegblẽɣeɖuɖuwo, kple dzrewɔwɔ gɔ̃ hã nɔna. Biblia yɔ “ahamumu” kpe ɖe ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo ŋu. (Galatiatɔwo 5:21) Ne amewo mesɔ gbɔ o la, ŋku te ŋu nɔa wo ŋu nyuie wu. Mehiã be woatu agbadɔ be nenemae amewo wɔnɛ ta o. Ne ame aɖe atso nya me be yeatu agbadɔ le nɔƒe nana alo yame ƒe nɔnɔme ta la, eya ŋutɔ ƒe nyae.
Nuteƒekpɔkpɔ fia be mɔ nyuitɔ si dzi woato be amewo masɔ gbɔ o enye be woaɖo amekpegbalẽvi tɔxɛ ɖe amesiwo ava. Amewo kpekpe ɖekaɖeka nyo wu hame bliboa kpekpe, eye esi míenye Kristotɔ ɖoɖodzizɔlawo ta la, ele be míalɔ̃ ɖe ame xexlẽme si wokpe dzi. Amekpegbalẽvi akpe ɖe mía ŋu hã be amesi woɖe le hame mava kplɔ̃ɖoƒea si aɖe fu na mí o, elabena ne edzɔ nenema la, ɖewohĩ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe adi be yewoadzo. (Korintotɔwo I, 5:9-11) Ne srɔ̃tɔawo akpe ƒometɔwo alo ame nyanyɛ dzimaxɔsetɔwo la, ɖikeke mele eme o be ɖewo ko woakpe, eye woabu “haxɔsetɔwo” ƒe vava ŋu wu. (Galatiatɔwo 6:10) Ame aɖewo tiae be yewoakpe ame nyanyɛ xexemetɔwo alo ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo ava srɔ̃ɖenuƒoa seƒe wu be woava srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea. Nukatae? Edzɔ kpɔ zi geɖe be ƒometɔ xexemetɔwo wɔ ŋukpenanu le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe ale gbegbe be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe kpɔe be yewomagate ŋu anɔ anyi o. Srɔ̃tɔ aɖewo wɔ ɖoɖo be yewoaɖo kplɔ̃ kpokploe aɖe akpe ƒometɔ kplikplikpliwo kple xɔlɔ̃ Kristotɔwo ko.
Asɔ be woaɖo “nuɖuɖudzikpɔla” abe alesi Yohanes 2:8, 9 gblɔe ene. Ŋugbetɔsrɔ̃a atia Kristotɔ si dzi woaka ɖo, amesi akpɔ egbɔ nuwo nazɔ ɖe ɖoɖo nu eye woawɔ nusi le eteƒe. Ne xɔlɔ̃wo tsɔ nunanawo vɛ la, ele be woawɔe wòaganye ‘adegbeƒoƒo’ o. (Yohanes I, 2:16) Woate ŋu aƒo ha atsɔ ado dzidzɔe evɔ manye hagbe manyomanyo, ha si woaƒo wòade dzi bobobo, alo atsiã gbegblẽ o. Ame geɖe kpɔe be enyo ŋutɔ be hamemegã aɖe naƒo ha siwo ƒo ge woala la ase do ŋgɔ. Ɣeɖuɖu ate ŋu azu mɔ̃ aɖe ame, elabena dekɔnuɣeɖuɖu geɖe tso vidzidzi ƒe ɣeɖuɖu me eye nudzodzro manyomanyowo nɔa eme. “Srɔ̃ɖekpɔnɔa kple ahanoɣia” nye ɣeyiɣi si me xexemetɔwo wɔa nu ɖokuidzimaɖumaɖutɔe ɣeaɖewoɣi. Le nyateƒe me la, Kristotɔ srɔ̃tɔ geɖe tso nya me be yewomatsɔ aha muame aɖeke ayi srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒee o, ale woƒoa asa na kuxiwo.
Esi wònye míedi be míade bubu Yehowa ŋu ta la, míawɔ nu amewo nakpɔ be nu le mía si ne woƒe susu nava mía dzi madzemadzee o. Xexemegbalẽwo gɔ̃ hã ƒo nu tsi tre ɖe nugbɔmewɔwɔ ƒe nɔnɔme si le amewo si ŋu. Aleke wòanye bometsitsi enye si be srɔ̃tɔwo nanyi fe le srɔ̃ɖekplɔ̃ kpeɖi si woɖo ta eye woakpe fu ƒe geɖe bene woaxe fe si wonyi le ŋkeke ɖeka ma ko dzi! Le nyateƒe me la, ele be awu ɖesiaɖe si woado ayi srɔ̃ɖeƒea nadze gadzi, wòadze amesiwo gblɔna be yewovɔ̃a Mawu. (Timoteo I, 2:9, 10) Nyati si nye “Ele Be Kristotɔwo ƒe Srɔ̃ɖeɖewo Nanɔ Ŋku Ŋu” (Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, January 15, 1969) gblɔ nya nyui siawo le lekewɔwɔ ŋu be:
“Srɔ̃ɖeɖe nye wɔna tɔxɛ, eyata amesiame dina be yeanɔ dzidzɔ me ahanya kpɔ. Gake mefia be woado awu tɔxɛ aɖe kokoko o. Anyo be woabu awu siwo wodona le nutoa me, woƒe asixɔxɔ kple esi dodo dzɔa dzi na ame ŋu. . . . Gake ɖe wòasɔ be srɔ̃tɔawo naƒle awu xɔasi mawo gbegbe ale be woawo ŋutɔ alo ame bubuwo nazu femewoa? . . . Ŋugbetɔ aɖewo xɔa xɔlɔ̃ vevi alo ƒometɔ aɖe ƒe srɔ̃ɖewu dona. Edzea eme na ame bubuwo hã be woawo ŋutɔ natɔ woƒe srɔ̃ɖewu, woatɔe ale be woagate ŋu adoe le wɔna bubuwo me ɣebubuɣi. Eye esɔ ŋutɔ be srɔ̃tɔawo nado woƒe awu nyui si wolɔ̃a dodo . . . Ame bubu siwo ate ŋu awɔ srɔ̃ɖeɖe kpeɖi hã adi be ‘yewoawɔ srɔ̃ɖeɖe kpokploe’ aɖe ko le ɣeyiɣiawo ƒe sesẽ ta.”
Nenema ke mehiã be srɔ̃ɖeƒea valawo hã (ŋugbetɔsrɔ̃a xɔlɔ̃wo kple ŋugbetɔa ƒe zɔhɛ nyɔnuwo) nasɔ gbɔ fũ o. Woawo hã madi be yewoatsɔ yewoƒe awudodo kple nuwɔna ahe amewo ƒe susu ava wo ɖokui dzi madzemadzee o. Togbɔ be woate ŋu aɖe mɔ na amesi woɖe le hame wòava se nuƒoa le Fiaɖuƒe Akpata me hã la, October 1, 1984 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ be: “Masɔ be amesiwo woɖe le hamea me alo amesiwo ƒe agbenɔnɔ vlo hetsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu la nanɔ srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea o.”
Yesu de srɔ̃ɖeƒe, gake míate ŋu asusui be alɔ̃ ɖe nusi amewo wɔna dzi be woana ʋuwo naɖo fli anɔ toli ɖem to dua me o; kpovitɔwo bla fe na ʋukula siwo ku kpẽ le srɔ̃ɖeɖe aɖe me gɔ̃ hã. (Kpɔ Mateo 22:21) Le nusiawo katã me le esi teƒe be Kristotɔwo nasrɔ̃ dukɔwo me tɔwo ƒe adegbeƒoƒo alo nuwɔnawo la, wowɔa nunya si le ɖokuibɔbɔlawo si la ŋudɔ.—Lododowo 11:2.
Ke aƒelikawo, dɔwɔhati xexemetɔwo, alo ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo ƒe srɔ̃ɖeƒewo yiyi ya ɖe? Ele be Kristotɔ ɖesiaɖe nawɔ nyametsotso le esia ŋu. Anyo be wòanɔ susu me na mí be míaƒe ɣeyiɣi le vevie, elabena míehiã ɣeyiɣi na míaƒe subɔsubɔdɔ, ɖokuisinusɔsrɔ̃, kple ƒome kple hame dɔwɔna bubuwo. (Efesotɔwo 5:15, 16) Kpekpewo kple gbeadzisubɔsubɔdɔ li míawɔ le kwasiɖanuwuwuwo si míadi be woato mía ŋu o. (Hebritɔwo 10:24, 25) Srɔ̃ɖeɖe geɖe dzea takpekpeyiɣiwo alo gbeadzisubɔsubɔdɔ tɔxɛ siwo míewɔna le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua wɔɣi dzi. Mele be míaɖe mɔ naneke naxe mɔ na mí be agbagba tɔxɛ si dzem mía nɔviwo le le xexeame godoo be yewoade Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuƒea la natsi mía ŋu o. Hafi míadze si nyateƒea la, míezã ɣeyiɣi geɖe kple xexemetɔwo, ɖewohĩ le nɔnɔme siwo medea bubu Mawu ŋu o me. (Petro I, 4:3, 4) Fifia nusiwo le vevie na mí to vovo. Anya wɔ ɣesiaɣi be míaɖo gbedonamegbalẽ ɖe srɔ̃tɔ yeyewo atsɔ adi nyui na wo alo míayi asrã wo kpɔ kpuie ɣebubuɣi. Ame aɖewo ɖi ɖase le ɣeyiɣi siawo me, eye wozã ŋɔŋlɔ aɖewo siwo sɔ na srɔ̃tɔ yeyeawo.
Srɔ̃ɖeɖe si me gbɔgbɔmenuwo kpɔ ŋusẽ wu xexemenuwɔnawo la ade bubu Yehowa ŋu nyateƒe. Wɔnaa ado dzidzɔ na Kristotɔwo godoo ne wokpɔ egbɔ ɖe wo ɖokui ɖa tso xexea kple eƒe aʋatsodzixɔsewo kpakple nugbɔmewɔwɔwo gbɔ, ne womena wògblẽ woƒe teokrasidɔwo me o, eye woɖe ɖokuibɔbɔ fia ɖe adegbeƒoƒo teƒe. Azɔ hã woatsɔ dzitsinya nyui aɖo ŋku wɔnaa dzi wòadzɔ dzi na wo. Mina míazã nunya kple nugɔmesese ale be míaƒe Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖewo nanye ɖaseɖiɖi na eteƒekpɔla siwo si dzi nyui le.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.
[Nɔnɔmetata si le axa 24, 25]
Kristotɔwo metsona ko wɔa wo gbɔ srɔ̃ɖekɔnu ɖesiaɖe eŋu mabumabui o