INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/08 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Wò Srɔ̃kpegbe ƒe Dzidzɔ Kple Bubu Nadzi Ðe Edzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Srɔ̃kpekpe Dodzidzɔname Siwo Dea Bubu Yehowa ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Srɔ̃ɖeɖe Siwo Dea Bubu Yehowa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Srɔ̃ɖeɖe Si Ŋu Bubu Le Le Mawu Kple Amewo Ŋku Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 11/08 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Ne ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ aɖe ɖoe be yewoawɔ yewoƒe srɔ̃kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata me la, nya kawo mee wòle be woadzro kple hamemetsitsiwo?

Srɔ̃kpekpe siwo wowɔ wòwɔ ɖeka kple Biblia ƒe dzidzenuwo la dea bubu Yehowa ŋu. Esia nye nyateƒe, vevietɔ ne Fiaɖuƒe Akpata mee wowɔ srɔ̃kpekpea le, elabena nutoa me tɔwo bua wɔna siwo yia edzi le afi ma be woɖea míaƒe habɔbɔa ƒe nɔnɔme fiana. Eya ta be “nuwo katã nanɔ ɖoɖo nu ale si dze” la, esɔ ŋutɔ be hamemetsitsiawo nadzro nya vevi aɖewo siwo ku ɖe srɔ̃kpekpea ŋu me kple ŋugbetɔa kpakple ŋugbetɔsrɔ̃a ne wobia be yewoawɔ srɔ̃kpekpea le Fiaɖuƒe Akpata me.—1 Kor. 14:40.

Ele be ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ siwo di be yewoawɔ yewoƒe srɔ̃kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata me la naŋlɔ lɛta na hame aɖe si wɔa kpekpe le afi ma la ƒe subɔsubɔ kɔmiti atsɔ abia mɔ le wo gbɔ. Ele be woatsɔ lɛta la ana ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ, eye ele be woagblɔ ɣletiŋkeke kple game si wodi be yewoazã akpata la. Ele be wòanɔ susu me na wo be, hamemetsitsiwo matrɔ hame ƒe kpekpewo ƒe gamewo le srɔ̃kpekpe aɖeke ta o. Gakpe ɖe eŋu la, ele be tenɔnɔ nyui nanɔ ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃a si le hamea me, eye woanye ame siwo nɔa agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo kple Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo nu.

Be srɔ̃kpekpea naƒo nu nyuie tso mía Mawu bubutɔ la ŋu la, ele be ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃a nadzro srɔ̃kpekpea ƒe ɖoɖowɔɖiwo me kple subɔsubɔ kɔmitia hafi atso nya me keŋkeŋ le ɖoɖoawo ŋu. Togbɔ be hamemetsitsiawo madze agbagba be yewoazi yewo ŋutɔwo ƒe nukpɔsusuwo ɖe ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃a dzi o hã la, ne wowɔ ɖoɖo ɖe nane si mesɔ o wɔwɔ ŋu la, ele be hamemetsitsiwo nabia be woawɔ asitɔtrɔwo le eŋu. Ha siwo wotia tso Kingdom Melodies si nye Fiaɖuƒeha siwo wolé ɖe mɔ dzi alo ha siwo le míaƒe hadzigbalẽa me koe woazã. Ele be hamemetsitsiwo nada asi ɖe edzi hafi woaɖo atsyɔ̃ na Fiaɖuƒe Akpata loo alo atrɔ zikpuiawo ƒe nɔƒewo. Ne wole fotowo ɖem alo le video ɖem amewo la, mele be esia nahe amewo ƒe susu ɖa le bubu si le wɔnaa ŋu la dzi o. Hamemetsitsiwo ate ŋu aɖe mɔ be woava to ale si wɔnawo ayi edzi le srɔ̃kpegbea la me do ŋgɔ le Fiaɖuƒe Akpata me nenye be esia mado kplamatsɛ hamea ƒe ɖoɖo aɖeke o. Mele be woaklã amekpegbalẽvi aɖeke ɖe gbeƒãɖeʋuƒoa dzi o. Ke hã, hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo woawɔ gbeƒãɖeɖe kpui aɖe le Subɔsubɔ Kpekpea me atsɔ ana nyanya hamea ku ɖe srɔ̃kpekpe si woawɔ le Fiaɖuƒe Akpata me la ŋu.

Togbɔ be womebia be srɔ̃tɔawo ŋu nɔlawo katã nanye Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo o hã la, mele be ame siwo ƒe agbenɔnɔ vlo hetsi tsitre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu alo ame siwo ƒe nuwɔna afɔ nyabiasewo ɖe vavalawo ƒe susu me la nanɔ srɔ̃tɔawo ŋu nɔlawo dome o. Ele be woatia hamemetsitsi aɖe be wòakpɔ wɔnawo dzi, ne ɖe li. Hamemetsitsiwo nye Mawu ƒe Nya la fiala bibiwo, eya ta woawoe dze nyuie wu ate gbe ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖose siwo ku ɖe wɔna vevi sia ŋu la dzi.—1 Tim. 3:2.

Esi wònye be srɔ̃kpekpea kpɔa ŋusẽ ɖe ale si woabu hamemetsitsi si aƒo srɔ̃ɖenuƒoa hã dzi ta la, ele be woana wòanya srɔ̃kpekpea ƒe ɖoɖowo tsitotsito do ŋgɔ. Akpe kple ŋugbetɔa kpakple ŋugbetɔsrɔ̃a abia gbe wo ku ɖe ale si wonɔ agbee le woƒe zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me la ŋu; manyo be ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ la naɣla nya aɖeke o, ke boŋ woato nyateƒe. Ne ŋugbetɔa alo ŋugbetɔsrɔ̃a ɖe srɔ̃ kpɔ la, ele be wòana kpeɖodzi si fia be evo le Ŋɔŋlɔawo kple se nu be wòaɖe srɔ̃. (Mat. 19:9) Nu siwo wòawɔ dometɔ ɖekae nye be wòatsɔ srɔ̃gbegbalẽ si wowɔ esime woa kple srɔ̃a tsãtɔ wogbe wo nɔewo la afia hamemetsitsia.

Ke ne wowɔ ɖoɖo be woaƒo Biblia me nuƒo le dekɔnusrɔ̃ɖeɖe megbe ya ɖe? Agbagbadzedze be wɔna eveawo dome nagadidi o naa amewo dea bubu Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu le nutoa me. Nyuitɔae nye be woawɔ wɔna evea siaa le ŋkeke ɖeka dzi. Eye le srɔ̃ɖenuƒoa ƒoɣi la, mele be srɔ̃ɖelawo ƒe awudodo kple ale si wɔnawo ayi edzii la nana amewo nasusui be dziɖuɖugbɔsrɔ̃ɖeɖe wɔmee wole ɣemaɣi o. Gake ne ɣeyiɣi aɖe megbe srɔ̃tɔawo tiae be yewoade asi dziɖuɖugbɔsrɔ̃ɖeɖe ƒe srɔ̃ɖegbalẽ te le susu aɖewo siwo le nyanya na woawo ŋutɔwo nyuie wu ta la, masɔ be woaɖu azã alo aƒo Biblia me nuƒo o, eye hamea makpɔ gome le eme le mɔ aɖeke nu o.—km 4/06-EW axa 3-5.

Ne ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃a ɖo dze kple hamemetsitsiwo tso dzi me faa eye wowɔ nu aduadu kpli wo la, srɔ̃kpekpea anye dzidzɔɣi na amewo katã.—Lod. 15:22; Heb. 13:17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe