Ŋutifafa Aɖeke Meli na Dɔla Aʋatsotɔwo O!
“Woatsrɔ̃ ame vlowo . . . Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” —PSALMO 37:9, 11.
1. Nukata wòle be míakpɔ mɔ be míakpɔ dɔla vavãtɔwo kple aʋatsotɔwo siaa le “nuwuɣi” la me?
DƆLAWO—aʋatsotɔwo loo alo nyateƒetɔwo? Evea katã nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Ke míaƒe ŋkekea me ya ɖe? Míexlẽ le Daniel 12:9, 10 be dziƒodɔla aɖe gblɔ na Mawu ƒe nyagblɔɖila la be: “Nya siawo le ɣaɣla, eye wotre wo nu vaseɖe nuwuɣi. Woatia ame geɖewo, woakɔ wo ŋuti, eye woado wo akpɔ kple dzo; ame vɔ̃ɖiwo awɔ nu vɔ̃ɖi, eye ame vɔ̃ɖiwo katã mase egɔme o, ke nunyalawo ase egɔme.” “Nuwuɣi” ma mee míele fifia. Ðe míekpɔa vovototo si dze ƒã le “ame vɔ̃ɖiwo” kple “nunyalawo” domea? Ẽ, míekpɔnɛ!
2. Aleke Yesaya 57:20, 21 le eme vam egbeae?
2 Míexlẽ Mawu ƒe dɔla Yesaya ƒe nyawo le ta 57, kpukpui 20 kple 21 be: “Ame vɔ̃ɖiwo le abe atsiaƒu dzeagbo ene, elabena mate ŋu anɔ anyi kpoo o, eye eƒe tsiwo le bà kple gbeɖuɖɔ ɖem ɖe go. Nye Mawu be: Ŋutifafa aɖeke meli na ame vɔ̃ɖiwo o.” Aleke gbegbe nya siawo ɖɔ xexeme sia wòsɔ enye si esi wògogo ƒe alafa 21 lia! Ame aɖewo biana gɔ̃ hã be, ‘Ðe míaɖo ƒe alafa ma me gbaɖegbea?’ Nya kae le dɔla nyanuwo si na mí?
3. (a) Nukawo mee wode vovototoe le Yohanes I, 5:19? (b) Aleke woƒo nu tso “nunyalawo” ŋu le Nyaɖeɖefia ta 7 mee?
3 Nunya si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me nɔ apostolo Yohanes si. Wogblɔ le Yohanes I, 5:19 be: “Míenyae bena, Mawu me míetso, eye xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” Amesiwo ƒe nuwɔna to vovo na xexeme sia tɔ ye nye gbɔgbɔ me Israel-vi ame 144,000, siwo ƒe ame susɔe siwo le tsitsim la gale mía dome. Egbea “ameha gã . . . [si] tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” va le ɖeka wɔm kpli wo, amesiwo ƒe xexlẽme wu miliɔn atɔ̃ fifia siwo hã si nunya le. “Amesiawo nye amesiwo do go tso xaxa gã la me.” Eye nukata woɖo eteƒe na wo? Elabena woawo hã “[nyã] woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me” to Yesu ƒe tafevɔsa la dzixɔxɔ se me. Esi wonye Mawu ƒe kekeli ƒe dɔlawo ta la, woawo hã tsɔa ‘subɔsubɔ kɔkɔe naa Mawu zã kple keli.’—Nyaɖeɖefia 7:4, 9, 14, 15.
Yeaɖi Ŋutifafa ƒe Dɔlawo
4. (a) Nukata amesiwo woyɔna be ŋutifafa ƒe dɔlawo le Satana ƒe xexeame ado kpo nu kokoko? (b) Aleke Efesotɔwo 4:18, 19 sɔ egbeae?
4 Ke yeaɖi ŋutifafa ƒe dɔla siwo le Satana ƒe xexemenuɖoanyia me ya ɖe? Míexlẽ le Yesaya ta 33, kpukpui 7 be: “Kpɔ ɖa, kalẽtɔwo le avi fam le xexe, eye du nyui xɔlawo le avi fam hehehe.” Aleke gbegbe esia nye nyateƒe le amesiwo ʋlãna vevie yia xexemedugã vovovowo me henɔa agbagba dzem be yewoahe ŋutifafa vɛ la gome enye si! Agbagbadzedze dzodzro kae nye si! Nukatae? Elabena wodzea agbagba be woakpɔ xexemekuxiwo ƒe dzesiwo boŋ gbɔ wu be woaɖe nusiwo henɛ vɛ ɖa. Gbã la, womenya be Satana si apostolo Paulo gblɔ be enye “xexe sia me mawu” la li o. (Korintotɔwo II, 4:4) Satana ƒã vɔ̃ɖinyenye ɖe ameƒomea me, eye esia na be fifia ame akpa gãtɔ, siwo dome dziɖulawo hã le, ƒe nuwɔna sɔ ɖe nya si wogblɔ le Efesotɔwo 4:18, 19 nu be: “[Woƒe] nyasã do viviti, eye wonye amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome le numanyamanya, si le wo me la ŋuti, le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, amesiwo, esi woƒe dzitsinya ku atri la, wotsɔ wo ɖokui na hadzedze, bene woanɔ makɔmakɔnyenye katã dzi le ŋukeklẽ me.”
5. (a) Nukata amegbetɔhabɔbɔwo mete ŋu he ŋutifafa vɛ o? (b) Akɔfafagbedasi kae le Psalmo 37?
5 Amegbetɔ madeblibo ƒe habɔbɔ aɖeke mate ŋu aɖe ŋukeklẽ, ɖokuitɔdidi, kple fuléle si bɔ egbea alea gbegbe la ɖa le amegbetɔwo ƒe dzime o. Mía Wɔla, Fiagã Aƒetɔ Yehowa, koe ate ŋu awɔ ema! Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame fatu ʋee aɖewo koe le ameƒomea me siwo lɔ̃ be yewoabɔbɔ ɖe eƒe mɔfiafia te. Wode vovototo nusi ado tso eme na amesiawo kple nusi atso eme na ame vɔ̃ɖi siwo le xexeame la dome le Psalmo 37:9-11 be: “Woatsrɔ̃ ame vlowo, ke amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa la, woanyi anyigba la dome. Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o . . . Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”
6, 7. Xexemesubɔsubɔhawo ƒe nuwɔna kae ɖee fia be wodo kpo ŋutifafadɔlawo zuzu?
6 Ekema ɖe míate ŋu akpɔ ŋutifafa ƒe dɔlawo le xexe lédɔ sia ƒe subɔsubɔhawo mea? Enyo, nukae subɔsubɔhawo wɔ vaseɖe fifia? Ŋutinya ɖee fia be subɔsubɔhawo kpɔ gome le ʋukɔkɔɖi geɖe si yi edzi le ƒe alafawo me la me, ẽ, woawoe he geɖe vɛ gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, esi Christian Century si do le August 30, 1995 ƒe kwasiɖaa me nɔ nya ta kam le zitɔtɔ si dzɔ le tsã Yugoslavia ŋu la, egblɔ be: “Le Bosnia si dzi Serbiatɔwo kpɔ ŋusẽ ɖo la, osɔfowo nɔa sewɔtakpekpe si woa ŋutɔwo ɖo ƒe ŋgɔgbezikpuiwo dzi, eye wonɔa asrafowo ƒe asaɖabɔbɔwo nu hã, afisi woyraa asrafowo kple aʋawɔnuwo gɔ̃ hã le hafi wova kpea aʋa.”
7 Ƒe alafa ɖeka si Kristodukɔa tsɔ wɔ mawunyadɔgbededɔ le Afrika hã mehe nu nyui aɖeke vɛ o, eye eƒe kpɔɖeŋu dze nyuie le Rwanda, dukɔ si me wogblɔ be ame 80 le alafa me nye Katolikotɔwo le. July 7, 1995 ƒe The New York Times ka nya ta be: “Golias si nye Katolikotɔwo ƒe magazine si medea akpa aɖeke dzi o si wotana na hameviwo le Lyons [France] la ɖoe be yeayɔ Rwanda-sɔfo 27 bubuwo kple nyɔnusaɖagaxɔmenɔla ene siwo wògblɔ be wowu amewo le Rwanda le ƒe si va yi me alo wona wowu amewo la ƒe ŋkɔwo.” Afrikatɔwo ƒe Gomenɔamesi si nye amegbetɔ ƒe gomenɔamesiha le London la gblɔ nya sia be: “Le fɔ si sɔlemehawo ɖi le esi womia nu ɖe ameƒomevi ɖeka tsɔtsrɔ̃ ɖa dzi megbe la, wogaɖi fɔ wu le alesi woƒe osɔfowo, nunɔlawo kple nyɔnusaɖagaxɔmenɔla aɖewo kpɔ gome le nu vɔ̃ɖia me vevie ta.” Esia ɖi nɔnɔme si nɔ Israel esime Yehowa ƒe dɔla nyateƒetɔ Yeremya ƒo nu tso Israel kple eƒe fiawo, eƒe nunɔlawo, kple eƒe nyagblɔɖilawo ƒe ‘ŋukpe’ ŋu, eye wògblɔ kpe ɖe eŋu be: “Ame maɖifɔ dahewo ƒe ʋu hã le wò avɔ toga.”—Yeremya 2:26, 34.
8. Nukata míate ŋu agblɔ be Yeremya nye ŋutifafadɔla?
8 Woyɔ Yeremya zi geɖe be dzɔgbevɔ̃e ŋuti nyagblɔɖila, gake woagate ŋu ayɔe be Mawu ƒe ŋutifafa ƒe dɔla hã. Eƒo nu tso ŋutifafa ŋu enuenu abe alesi Yesaya wɔ do ŋgɔ nɛ ene. Yehowa na Yeremya gblɔ ʋɔnudrɔ̃nyawo ɖe Yerusalem ŋu be: “Du sia do dɔmedzoe kple dziku nam tso gbesigbe wotsoe vaseɖe egbe, ale be mele eɖe ge ɖa le ŋkunye me kokoko, le Israel-viwo kple Yuda-viwo, woƒe fiawo kple woƒe amegãwo, woƒe nunɔlawo kple woƒe nyagblɔɖilawo, Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo ƒe nu vɔ̃ɖi, siwo katã wowɔ, ne woatsɔ ado dzikui nam la ta.” (Yeremya 32:31, 32) Esia nye Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si ava dziɖulawo kple Kristodukɔa ƒe osɔfowo dzi egbea la ƒe kpɔɖeŋu. Ele be woaɖe amesiawo siwo ƒlɔa dzo ɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ kple ʋunyaʋunyawɔwɔ te la ɖa hafi ŋutifafa vavãtɔ nava! Edze ƒã be womenye ŋutifafa ƒe dɔlawo o.
Ðe Dukɔ Ƒoƒuawo He Ŋutifafa Vɛa?
9. Aleke Dukɔ Ƒoƒuawo tɔ asi akɔe be ŋutifafadɔlae yenye?
9 Gake ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo mate ŋu azu ŋutifafa ƒe dɔla vavãtɔ oa? Elabena ɖoɖo si woɖe gblɔ le June 1945 me, ŋkeke 41 hafi atɔmik bɔmb nagbã Hiroshima la, ƒe ŋgɔdonya gblɔ eƒe tameɖoɖo si nye: “be wòakpɔ dzidzime siwo ava ta tso aʋawɔwɔ ƒe fuwɔame si me.” Wogblɔ be dukɔ 50 siwo ava nɔ Dukɔ Ƒoƒuawo me la “natsɔ [woƒe] ŋusẽ awɔ ɖeka ana ŋutifafa kple dedienɔnɔ nanɔ dukɔwo dome.” Egbea dukɔ 185 ye le Dukɔ Ƒoƒuawo me, eye wo katã gblɔna be yewole taɖodzinu ma ke minyãm.
10, 11. (a) Aleke subɔsubɔhakplɔlawo ɖee gblɔ be yewode Dukɔ Ƒoƒuawo dzii? (b) Mɔ ka nue papawo trɔ gbo “Mawu ƒe Fiaɖuƒea Ŋuti Nyanyui” lae?
10 Esime ƒeawo va nɔ yiyim la, wokafu Dukɔ Ƒoƒuawo ŋutɔ, vevietɔ subɔsubɔhakplɔlawo. Le April 11, 1963 dzi la, Papa John XXIII de asi lɛta aɖe si ƒe tanyae nye “Pacem in Terris” (Ŋutifafa le Anyigba Dzi) te ɖo ɖe etɔwo, eye egblɔ ɖe eme be: “Enye míaƒe didi vevie be Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔa—nato eƒe ɖoɖo kple eƒe mɔnuwo dzi—akpɔ eƒe dɔ gbogbo nyuiawo gbɔ.” Emegbe le June 1965 me la, subɔsubɔhakplɔla siwo wogblɔ be wole amesiwo katã le xexeame ƒe afã teƒe la ɖu Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ƒe 20 lia xɔxɔ ƒe azã le San Francisco. Azɔ hã le ƒe 1965 me esi Papa Paul VI yi ɖasrã Dukɔ Ƒoƒuawo kpɔ la, egblɔ be eyae nye “ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa ƒe mɔkpɔkpɔ mamlɛtɔ.” Le ƒe 1986 me la, Papa John Paul II nɔ eme wowɔ ɖoɖo ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Xexeame Katã ƒe Ŋutifafaƒe ƒe azã ŋu.
11 Esi papa la gayi ɖasrã wo kpɔ le October 1995 me la, egblɔ be: “Míele Mawu ƒe Fiaɖuƒea Ŋuti Nyanyui la ƒe azã ɖum egbea.” Gake Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyui ƒe dɔlae wònye nyateƒea? Esi wònɔ nu ƒom tso xexemekuxiwo ŋu la, eyi edzi gblɔ be: “Esi kuxi gã siawo dze ŋgɔ mí la, aleke míagbe dzesidede akpa si wɔm Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔa le?” Dukɔ Ƒoƒuawoe papa la tia, ke menye Mawu ƒe Fiaɖuƒe la o.
Nusiwo Ta ‘Woafa Avi Vevie’
12, 13. (a) Aleke Dukɔ Ƒoƒuawo wɔ nu wòsɔ ɖe nya si wogblɔ le Yeremya 6:14 la nui? (b) Nukata nya si wogblɔ le Yesaya 33:7 la ku ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ŋgɔnɔlawo hã ŋu?
12 Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ƒe 50 xɔxɔ ƒe azãɖuɖu mete ŋu na mɔkpɔkpɔ vavã aɖeke be “ŋutifafa ava xexeame” o. Nuŋlɔla aɖe ɖe nusiwo ta wòle nenema la dometɔ ɖeka gblɔ le Canada ƒe The Toronto Star me, heŋlɔ bena: “Dukɔ Ƒoƒuawo nye dzata si aɖu mele nume na o, si ɖea gbe ne amegbetɔ ƒe ŋutasesẽ do ŋɔdzi nɛ, gake ele be wòalala ne dukɔ siwo le eme nade eƒe aɖuwo nɛ hafi wòaɖu nane.” Zi geɖe la, meɖua nua sesĩe o eye etsia megbe akpa. Ŋutifafa ƒe dɔla siwo le fifi xexemenuɖoanyia me, eye vevietɔ esiwo le Kristodukɔa me, le nya siwo le Yeremya 6:14 la gbɔgblɔ dzi be: “Wotre nye dukɔ ƒe gbagbãƒe betsebetse hele gbɔgblɔm be: Ŋutifafa, ŋutifafa! evɔ ŋutifafa meli o hafi.”
13 Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã siwo kplɔ wo nɔewo ɖo dze agbagba vevie le anukwareɖiɖi me ɖikekemanɔŋutɔe be yewoana Dukɔ Ƒoƒuawo nakpɔ dzidzedze. Gake nyaʋiʋli si le dukɔ 185 siwo ƒe taɖodzinuwo to vovo siwo le eme la dome ɣesiaɣi le alesi woalé aʋawɔwɔ nu, woawɔ ɖoɖo, eye woakpɔ ganyawo gbɔe ŋu la gblẽa dzidzedzekpɔkpɔ ƒe mɔkpɔkpɔwo me. Le ƒe 1995 me nuŋlɔɖi si dɔdzikpɔlagã si nɔ zi dzi ɣemaɣi wɔ me la, eŋlɔ nu tso “xexeame katã ƒe nuklia ƒe ametsɔtsrɔ̃ ƒe ŋɔdzi” si nu le fafam ŋu be ele mɔ ʋum na “dukɔwo be woawɔ dɔ ɖekae le ganya kple hadome ŋgɔyiyi ŋu be wòaɖe vi na ameƒome bliboa katã.” Gake egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Nublanuitɔe la, ƒe ʋee siwo va yi ƒe xexemenyawo ŋuti nuŋlɔɖi tsi tre ɖe mɔkpɔkpɔ na nu nyui mawo ŋu ale gbegbe.” Nyateƒee, yeaɖi ŋutifafa ƒe dɔlawo le ‘avi fam vevie.’
14. (a) Nukata míate ŋu agblɔ be Dukɔ Ƒoƒuawo ɖu agba le ganya kple agbenyuinɔnɔ siaa gome? (b) Aleke Yeremya 8:15 le eme vamee?
14 California ƒe The Orange County Register ƒe tanya aɖe xlẽ be: “Dukɔ Ƒoƒuawo Ðu Agba le Ganya Kple Agbenyuinɔnɔ Gome.” Nyatia gblɔ be tso ƒe 1945 vaseɖe ƒe 1990 me la, wowɔ aʋa 80 kple edzivɔ siwo me amesiwo wu miliɔn 30 tsi. Eyɔ nuŋlɔla aɖe ƒe nya si le October 1995 ƒe Reader’s Digest me, amesi “ɖɔ Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe asrafodɔwo be eyɔ fũ kple ‘aʋafia manyadɔwo, asrafo maɖɔʋuwo, ɖekawɔwɔ kple amedzidzelawo, ŋutasesẽ si nu womete ŋu xea mɔ ɖo o kple ɣeaɖewoɣi asikpekpe ɖe ŋɔdzinuwɔwɔawo ŋu gɔ̃ hã.’ Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ‘nudomegbegblẽ, ametafatafa, kple ŋlɔmiwɔwɔ bɔ ɖe eme ŋutɔ.’ ” Tanya si nye “Bemalémalé na Nu Kple Nudomegbegblẽ Gblẽ Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Tameɖoɖo Nyuiwo Me” la dze le The New York Times ƒe akpa aɖe si wona ŋkɔe be “Dukɔ Ƒoƒuawo Xɔ Ƒe 50” me. The Times si wotana le London, England, la ƒe nyati aɖe ƒe tanyae nye, “Egbɔdzɔ le ƒe Blaatɔ̃ Me—Dukɔ Ƒoƒuawo hiã kamedede be ŋusẽ nagaɖo eŋu ake.” Le nyateƒe me la, ele abe alesi míexlẽ le Yeremya ta 8, kpukpui 15 ene be: “Míele mɔ kpɔm na ŋutifafa, ke nu nyui aɖeke meva o; míele mɔ kpɔm na hayahaya, ke ŋɔdzi li.” Eye nuklia ƒe ametsɔtsrɔ̃ kpɔtɔ le ŋɔdzi dom na ameƒomea. Edze ƒã be Dukɔ Ƒoƒuawo menye ŋutifafa ƒe dɔla si ameƒomea hiã la o.
15. Aleke blema Babilon kple subɔsubɔha siwo do tso eme ɖee fiae be ametsrɔ̃la kple lãdoamelawoe yewonye?
15 Nukae ado tso esiawo katã me? Yehowa ƒe Nyagblɔɖinya la na eme kɔ ƒã. Gbã la, nukae le xexeame alakpasubɔsubɔha siwo dzea xɔ̃ Dukɔ Ƒoƒuawo fũ akpa zi geɖe la lalam? Trɔ̃subɔsubɔdzɔtsoƒe ɖeka ma ke, si nye blema Babilon la mee wo katã wodzɔ tso. Woɖɔ wo wòsɔ nyuie le Nyaɖeɖefia 17:5 be “Babilon gã la, gbolowo kple anyigba dzi ŋunyɔnuwo ƒe dada.” Yeremya ƒo nu tso dzɔgbevɔ̃e si ava alakpahabɔbɔ sia dzi ŋu. Esi wowɔa nu abe gbolo ene ta la, wodze ahiã anyigba dzi dunyahelawo, woble Dukɔ Ƒoƒuawo nu eye wonɔ agbe gbegblẽ kple eme dunyahedziɖuɖuwo. Wokpɔ gome le aʋa siwo wowɔ le ŋutinya me la me vevie. Eŋuti nya gblɔla aɖe ƒo nu tso aʋa si subɔsubɔhawo wɔ le India ŋu be: “Karl Marx gblɔ be subɔsubɔhawo zu opium-vevenutsitike na amewo. Gake nya ma mate ŋu asɔ o elabena opium na ame ƒe lãme fana, enaa amewo yia ɖime. Ao, subɔsubɔhawo le abe cocaine-tike sesẽ la ene. Enaa amewo wɔa ʋunyaʋunya gãwo eye wònye nusi gblẽa nu ale gbegbe.” Nuŋlɔla ma hã ƒe nyawo mesɔ tututu o. Alakpasubɔsubɔ nye lãdoamela kple ametsrɔ̃la siaa.
16. Nukata wòle be dzianukwaretɔwo nasi tso Babilon Gã la me fifia? (Kpɔ Nyaɖeɖefia 18:4, 5 hã.)
16 Ekema nukae wòle be dzianukwaretɔwo nawɔ? Mawu ƒe dɔla Yeremya ɖo eŋu na mí be: “Misi dzo le Babel, eye amesiame neɖe eƒe agbe, . . . elabena Yehowa ƒe hlɔ̃biaɣi enye esia.” Edzɔa dzi na mí be ame miliɔn geɖe si tso Babilon Gã si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la ƒe ga me. Amesiawo dometɔ ɖekae nènyea? Ekema àte ŋu ase alesi Babilon Gã la kpɔ ŋusẽ ɖe anyigbadzidukɔwo dzii la gɔme nyuie: “Dukɔwo no eƒe wein, eyata dukɔwo le ya mum sagãsagã ɖo.”—Yeremya 51:6, 7.
17. Ʋɔnudɔdrɔ̃ kae woahe va Babilon Gã la dzi kpuie, eye nukae akplɔ nudzɔdzɔ ma ɖo?
17 Eteƒe madidi o, Yehowa ana Dukɔ Ƒoƒuawo me tɔ siwo le “ya mum sagãsagã” la natrɔ ɖe alakpasubɔsubɔ ŋu, abe alesi wogblɔe le Nyaɖeɖefia 17:16 ene be: “Woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafia keŋkeŋ.” Esia anye xaxa gã si ŋu woƒo nu tsoe le Mateo 24:21 la ƒe gɔmedzedze eye awu enu ɖe Harmagedon, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ me. Abe alesi wònɔ na blema Babilon ene la, ʋɔnudrɔ̃nya si woɖe gbeƒãe le Yeremya 51:13, 25 la ava Babilon Gã la dzi be: “Wò amesi le tɔ gãwo to, eye kesinɔnu do agbogbo ɖe asiwò, wò nuwuwu ɖo, eye dzidze, si nu woalã wò ɖo la de! Yehowa be: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe dziwò, wò togblẽnu, si tsrɔ̃ anyigba blibo la, mado nye asi ɖa ɖe ŋuwò ahamli wò tso agakpe dzi aƒu anyi, eye matsɔ wò awɔ to fiafiãe.” Yehowa ƒe dɔmedzoe ava dukɔ siwo nye aʋadzredɔla gblẽkuawo hã dzi eye woakplɔ alakpasubɔsubɔ ɖo ayi tsɔtsrɔ̃ mee.
18. Ɣekaɣie Yesaya 48:22 ava eme eye alekee?
18 Wogblɔ le ame vɔ̃ɖiwo ŋu le Tesalonikatɔwo I, 5:3 be: “Ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.” Amesiawo ŋue Yesaya gblɔ le be: “Kpɔ ɖa, . . . du nyui xɔlawo le avi fam hehehe.” (Yesaya 33:7) Nyateƒee, abe alesi míexlẽ le Yesaya 48:22 ene la: “Yehowa be: Ŋutifafa aɖeke meli na ame vɔ̃ɖiwo o.” Gake etsɔme kae li na mawumeŋutifafa ƒe dɔla vavãtɔwo? Míaƒe nyati si kplɔe ɖo agblɔe na mí.
Numetoto ƒe Biabiawo
◻ Nya sẽŋu kawoe Mawu ƒe nyagblɔɖilawo tsɔ klo nu le aʋatsodɔlawo ŋui?
◻ Nukata amegbetɔhabɔbɔwo doa kpo nu le agbagba si wodzena be woahe ŋutifafa vɛ me?
◻ Aleke ŋutifafadɔla vavãtɔwo to vovo tso Dukɔ Ƒoƒuawo yomenɔlawo gbɔe?
◻ Nukae wòle be ame fafawo nawɔ be woase vivi le ŋutifafa si ƒe ŋugbe Yehowa do me?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]
Yesaya, Yeremya, kple Daniel wo katã wogblɔ alesi amegbetɔ dzrowo ƒe agbagbadzedze le ŋutifafa ŋu ado kpo nui ɖi
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
“Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.”—Apostolo Yohanes
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
‘Woƒe nyasã do viviti.’ —Apostolo Paulo