INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 5/15 axa 3-4
  • Ðe Nèxɔ Gbugbɔgadzɔ Dzi Sea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèxɔ Gbugbɔgadzɔ Dzi Sea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Biblia Fia Nu Tso Gbugbɔgadzɔ Ŋua?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ðe Wòle Be Nàxɔ Gbugbɔgadzɔ Dzi Asea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Ðe Nèxɔe Se Be Yenɔ Agbe Kpɔ Hafi Va Dzɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Dzixɔsea Ðo Ɣedzeƒe Subɔsubɔhawo Me
    Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 5/15 axa 3-4

Ðe Nèxɔ Gbugbɔgadzɔ Dzi Sea?

“ÈÐO ŋku nyɔnuvi ma si ƒe aƒe te ɖe mía tɔ ŋu si ƒe nu lé dzi na wò le wò ɖevime le India afisia dzia? Esusɔ kwasiɖa ʋee aɖewo ko ke eɖe srɔ̃. Mesusui be ele be nànya.” Mukundbhai ye ŋlɔ nya siawo na viaŋutsu si le yunivɛsiti dem le United States.

Nukatae vifofo sia ŋlɔ nya siawo na via? Evɔ Mukundbhai gblẽ ƒewuiviawo dome ahiãdzedze ma me keŋkeŋ ƒe geɖe va yi xoxo hafi. Hekpe ɖe eŋu la, ƒe ade sɔŋ ye nye ma si via yi ɖale yunivɛsiti dem le United States. Megaŋlɔ agbalẽ na nyɔnuvia kpɔ le ɣeyiɣi mawo me o eye ele nyanya na Mukundbhai.

Ke nukata wògale dzi tsim? Esi Mukundbhai xɔ gbugbɔgadzɔ, alo gbugbɔgadzi dzi se tae.a Ne wònye be woɖe wo nɔewo kpɔ le agbe siwo va yi me tae woƒe nu lé dzi na wo nɔewo le woƒe ɖevime la, ke anye tagbɔsesẽ be woaklã wo dome fifia si wotsi ɖo srɔ̃ɖeɖe me. Ðeko Mukundbhai di be yeana ye via nanya nu tso nya la ŋu hafi nyɔnuvia nava zu ame bubu srɔ̃ le agbe sia me.

Gabu nudzɔdzɔ bubu hã ŋu kpɔ. Wosika nyɔnuvi ƒe ene vi aɖe zi geɖe ɖe kɔ aɖe dzi le Mumbai, India, eye ese veve helĩhelĩ ŋutɔ. Dɔ si nɔ fu ɖem nɛ ye nye be ʋu ƒe toƒe aɖe si le eƒe dzi me menɔ dɔ wɔm nyuie o. Ðevia ƒe fukpekpe wu dzi na edzila siwo si alɔme le. Gake wosusui be: “Ðeko míaxɔe nenema. Anye nane si wòwɔ le agbe si wònɔ va yi me tae wòle fu sia kpem ɖo.”

Gbugbɔgadzɔ dzixɔse kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe ame miliɔn geɖe ƒe agbe dzi le Hindu, Buddha, Jain, Sikh subɔsubɔhawo kple ha bubu siwo dzɔ tso India me. Wobua agbemenudzɔdzɔwo—tso ahiãdzedze dzi va ɖo fukpekpe dzi—be wonye nusiwo tso nusi wowɔ le agbe si wonɔ kpɔ va yi alo esiwo do ŋgɔ me la gbɔ.

Gbugbɔgadzɔ dzixɔse nyoa Ɣetoɖoƒenyigbadzitɔ geɖewo hã ŋu. Amerikatɔ fefewɔla Shirley MacLaine gblɔ be yexɔ edzi se. Agbalẽŋlɔla Laurel Phelan si tso Vancouver, British Columbia, Canada, gblɔ be yeɖo ŋku edzi be yegbugbɔ gadzɔ zi gbɔ zi 50 sɔŋ va yi. Le nyatabiabia aɖe si wowɔ na CNN/USA Today le ƒe 1994 me la, wokpɔ be ame tsitsi 1,016 siwo wobia gbee dometɔ siwo wu 270 gblɔ be yewoxɔ gbugbɔgadzɔ dzi se. Ƒuƒoƒo si woyɔna be Azã Yeye dzixɔselawo hã xɔ gbugbɔgadzɔ dzi se. Gake kpeɖodzi kae le wo si tae woxɔ edzi se?

Gbugbɔgadzɔ dzixɔselawo gblɔna be, “agbe si míenɔ kpɔ va yi ƒe nusiwo dzi míeɖo ŋkui ye.” Eyata esi ƒe etɔ̃ vi si ŋkɔe nye Ratana si le Bangkok va nɔ “ŋku ɖom agbe si wònɔ kpɔ va yi dzi be yenye nyɔnu mawusubɔla si ku le yeƒe ƒe 60 kple edzivɔ xɔxɔ me dzi” la, numeɖela akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be enye gbugbɔgadzɔ ƒe kpeɖodzi vavã.

Gake eŋuti ɖikelawo bɔ. Eye woate ŋu agblɔ nu geɖe siwo gbɔ ŋkuɖodzinya siwo wobuna be wonye agbe siwo wonɔ va yi me nuwo la tso.b Hindutɔ xexemenunyala Nikhilananda gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Hinduism: Its Meaning for the Liberation of the Spirit me be ‘womate ŋu atsɔ susu ŋutɔŋutɔ aɖo kpe nusiwo dzɔ le ku megbe dzii o.’ Gake ete tɔ ɖe edzi be “gbugbɔgadzi nufiafia la ate ŋu anɔ eme wu esi woagblɔ be mele eme o.”

Gake ɖe Biblia da asi ɖe nufiafia sia dzia? Eye mɔkpɔkpɔ kae Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me gblɔ be eli na ame kukuwo?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a The New Encyclopædia Britannica gblɔ be “gbugbɔgadzɔ” gɔmee nye “luʋɔ la gbugbɔgadzi le agbenɔnɔ ɖeka alo esiwo sɔ gbɔ wu ema siwo kplɔ wo nɔewo ɖo me, si ate ŋu anye ame, lã, alo, le go aɖewo me la, numiemie.” Wozãa nya “gbugbɔgadzi” hã na nudzɔdzɔ sia, gake “gbugbɔgadzɔ” ye wonya nɛ wu. Indiagbewo me nyagɔmeɖegbalẽ geɖe zãa nya evea tsɔ fiaa nu ɖeka mae.

b Kpɔ June 8, 1994, Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe axa 5-7.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 4]

Nuvɔ̃ siwo wòwɔ le agbe si wònɔ va yi me kpɔ ƒe to hem wole nɛa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe