INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 113
  • Ðe Biblia Fia Nu Tso Gbugbɔgadzɔ Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Biblia Fia Nu Tso Gbugbɔgadzɔ Ŋua?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Ðe Nèxɔ Gbugbɔgadzɔ Dzi Sea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Ðe Wòle Be Nàxɔ Gbugbɔgadzɔ Dzi Asea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Ðe Nèxɔe Se Be Yenɔ Agbe Kpɔ Hafi Va Dzɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Gbɔgbɔyɔyɔ Kple Gbɔgbɔmemenyenye Vavãtɔ Didi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 113
Ŋutsu aɖe si wobe enɔ agbe va yi eye wògbugbɔ dzɔ

Ðe Biblia Fia Nu Tso Gbugbɔgadzɔ Ŋua?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Ao, Biblia mefia naneke tso eŋu o. Nya “gbugbɔgadzɔ” alo nufiafia sia ƒe susu aɖeke medze le Biblia me o. Nufiafia si nye be luʋɔ mekuna o dzie wotu gbugbɔgadzɔ ƒe dzixɔsea ɖo.a Gake Biblia fia nu be ame blibo lae nye luʋɔ eye be luʋɔ kuna. (1 Mose 2:7, etenuŋɔŋlɔ; Ezekiel 18:4) Ne ame ku la, meganɔa agbe o.​—1 Mose 3:19; Nyagblɔla 9:5, 6.

Vovototo kae le gbugbɔgadzɔ kple tsitretsitsia dome?

Nu si Biblia fia tso tsitretsitsia ŋu medo ƒome aɖeke kple luʋɔ makumaku ƒe nufiafia o. Le tsitretsitsia gome la, Mawu azã eƒe ŋusẽ atsɔ agbɔ agbe ame siwo ku. (Mateo 22:23, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15) Tsitretsitsia na mɔkpɔkpɔ nyui ame siwo ku la be woafɔ wo ɖe tsitre woava nɔ agbe le xexe yeye me, eye womagaku azɔ o.​—2 Petro 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Susu totro siwo ku ɖe gbugbɔgadzɔ kple nya siwo wobe Biblia gblɔ ŋu

Susu totro: Biblia gblɔ be nyagblɔɖila Eliya gbugbɔ dzɔ va zu Yohanes Amenyrɔɖetsimela.

Nyateƒea: Mawu gblɔ ɖi be: “Mele nyagblɔɖila Eliya dɔm ɖe mi,” eye Yesu ƒe nyawo ɖee fia be Yohanes Amenyrɔɖetsimela dzie nyagblɔɖi sia va eme ɖo. (Malaki 4:5, 6; Mateo 11:13, 14) Gake esia mefia be Eliya ye gbugbɔ dzɔ va zu Yohanes Amenyrɔɖetsimela o. Yohanes ŋutɔ gblɔ be menye yee nye Eliya o. (Yohanes 1:21) Ke boŋ ɖe Yohanes wɔ dɔ siwo ɖi Eliya tɔ, eɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi si bia dzimetɔtrɔ. (1 Fiawo 18:36, 37; Mateo 3:1) Yohanes hã ƒe “gbɔgbɔ kple ŋusẽ” anɔ abe nyagblɔɖila Eliya tɔ ene.​—Luke 1:​13-​17.

Susu totro: Biblia gblɔ be gbugbɔgadzɔ ye nye “gbugbɔgadzi.”

Nyateƒea: Biblia ɖee fia be wogbugbɔa ame dzina le gbɔgbɔ me esime amea kpɔtɔ le agbe, ke menye ɖe amea kuna hafi o. (Yohanes 1:12, 13) Be woagbugbɔ ame adzi le mɔ sia nu mefia agbe si ame nɔ va yi me tsonu siwo nu mate ŋu asi le o, ke boŋ enye yayra si tso Mawu gbɔ, si naa etsɔme mɔkpɔkpɔ tɔxɛ aɖe ame.​—Yohanes 3:3; 1 Petro 1:3, 4.

a Luʋɔ makumaku kple gbugbɔgadzɔ ƒe dzixɔseawo dzɔ tso blema Babilon. Emegbe la, Indiatɔwo ƒe xexemenunyalawo va to Karma ƒe dzixɔsewo vɛ. Agbalẽ aɖe gblɔ be Karma ƒe se nye dzixɔse aɖe si wotu ɖe “nane gbɔe nu sia nu tsona dzi, si nye be ame akpɔ ale si wònɔ agbee fifia metsonu ne egbugbɔ gadzɔ.”​—Britannica Encyclopedia of World Religions, axa 913.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe