INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 6/1 axa 5-6
  • Nyawo Ɣaɣla—le Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyawo Ɣaɣla—le Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Afɔku Siwo Le Subɔsubɔhawo ƒe Nyawo Ɣaɣla Me
  • Nya Ɣaɣla Alea Gbegbe Gɔme Ðe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2018
  • Nya Ɣaɣla aɖe si Mele Be Kristotɔwo Nagbe Gbɔgblɔ O!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nya Ɣaɣla Si Nàte Ŋu Agblɔ Na Amewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 6/1 axa 5-6

Nyawo Ɣaɣla—le Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ Me

AÐIYATU si woda ɖe Tokyo, Japan, ƒe tomemɔ dzi le March 1995 me la wu ame 12, ede dɔ lãme na ame akpe bubu geɖe, eye wòʋu go nya ɣaɣla aɖe. Subɔsubɔ kɔmamã si woyɔna be Aum Shinrikyo (Nyateƒe Vevitɔ Kekeake) ɖo aɖiyaxɔ ɖe bebeme bene woazã atsɔ aɖo woƒe taɖodzinu ɣaɣlawo gbɔe.

Ɣleti ɖeka megbe la, bɔmb wó gbã dziɖuɖuxɔ aɖe le Oklahoma City, U.S.A., eye wòwu ame 167. Ele dzedzem be masɔmasɔ si ɖo dziɖuɖua kple David ƒe Alɔdze vivimeha si le Waco, Texas dome ƒe eve do ŋgɔ lae na woda bɔmb la. Ɣemaɣi la, vivimeha ma me tɔ siwo ade 80 ye ku. Bɔmb la ƒe wowó ɖe nusi nɔ ɣaɣla na ame akpa gãtɔ hã ɖe go: Asrafoha suesue geɖewo le United States fifia, eye wobu be wo dometɔ aɖewo ya teti le nugbe ɖom be yewoaho ɖe dziɖuɖua ŋu.

Emegbe esime ƒe 1995 wu enu la, wokpɔ ame 16 siwo dzo fiã la le ave aɖe me le Grenoble gbɔ le France. Ɣegbedoxɔ Habɔbɔ me tɔwoe wonye, si nye vivimeha sue aɖe si ŋu woƒo nu tsoe le nyadzɔdzɔwo me le Switzerland kple Canada le October 1994 me esime hamevi 53 wu wo ɖokui alo wowu wo la. Nya vɔ̃ sia dzɔ gake vivimeha sia gayi dɔwɔwɔ dzi. Woƒe ɖoɖowo kple taɖodzinuwo kpɔtɔ le ɣaɣla vaseɖe egbe.

Afɔku Siwo Le Subɔsubɔhawo ƒe Nyawo Ɣaɣla Me

Esi nusiawo le dzɔdzɔm la, ɖe wòwɔ nuku be ame geɖe tsɔ ŋku vɔ̃ le subɔsubɔhawo kpɔmeea? Ame aɖeke madi kura be yeade adzamehabɔbɔ aɖe—eɖanye subɔsubɔha alo menye subɔsubɔha o—si aflui wòati taɖodzinu si dzi melɔ̃ ɖo o yome la dzi o. Gake nukae amewo ate ŋu awɔ ale be woagage ɖe adzamehabɔbɔ gbegblẽwo ƒe mɔ̃ me o?

Edze ƒã be nunya anɔ eme be amesiame si di be yeage ɖe adzamehabɔbɔ aɖe me la nalé ŋku ɖe eƒe taɖodzinu ŋutɔŋutɔwo ŋu nyuie. Ele be woakpɔ nyuie le xɔlɔ̃wo alo ame nyanyɛwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo ŋu, eye woaganɔ te ɖe seselelãmewo dzi atso nya me o ke ɖe nyateƒenyawo dzi. Ðo ŋku edzi be anɔ eme be amea ŋutɔe—menye ame bubuwo o—ye akpe nusi ate ŋu ado tso eme ƒe fu.

Biblia me gɔmeɖosewo dzi wɔwɔe nye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi woato aƒo asa na habɔbɔ vɔ̃ siwo ƒe didiwo menyo kura o. (Yesaya 30:21) Esia bia be womade nu dunyahehe me o, woalɔ̃ ame bubuwo, kple futɔwo ke hã, woatsri “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo,” ahatse Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kuwo. Ƒo wo katã ta la, mele be Kristotɔ vavãwo nanye xexeame ƒe akpa aɖeke o, abe alesi Yesu hã menye eƒe akpa aɖeke o ene, eye nuwɔwɔ alea fia be woaganɔ xexeame ƒe adzamehabɔbɔ aɖeke me o.—Galatiatɔwo 5:19-23; Yohanes 17:14, 16; 18:36; Romatɔwo 12:17-21; Yakobo 4:4.

Yehowa Ðasefowo nye Biblia-nusrɔ̃vi veviedonula siwo bua woƒe xɔse nu vevii eye wodzea agbagba be yewoanɔ agbe ɖe enu amesiame kpɔna le afisiafi. Wonya wo nyuie le xexeame katã be wonye subɔsubɔha si ‘dia ŋutifafa hetia eyome.’ (Petro I, 3:11) Woƒe agbalẽ si nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom gblɔ wòsɔ be: “Yehowa Ðasefowo menye adzamehabɔbɔ le mɔ aɖeke nu o. Wogblɔ woƒe dzixɔse siwo nɔ te ɖe Biblia dzi tsitotsito ɖe agbalẽwo me amesiame nakpɔ axlẽ. Azɔ hã wodzea agbagba etɔxɛe kpea amewo be woade kpekpewo ne woawo ŋutɔwo nakpɔ nusiwo yia edzi ahasee.”

Subɔsubɔha vavãtɔ mewɔa nu le adzame o. Wode se na Mawu vavã la subɔlawo be woagaɣla wo ɖokui alo atsyɔ nu taɖodzinu si le wo Yehowa Ðasefowo si la dzi o. Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo tsɔ woƒe nufiafia yɔ Yerusalem katãe. Woɖea woƒe dzixɔse kple dɔwɔna fiana le dutoƒo. Nenemae Yehowa Ðasefowo hã le egbea. Eme kɔ be ne ameteɖeanyidziɖuɖuwo xe mɔ ɖe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe nu vodadatɔe la, ele be Kristotɔwo natsɔ ayedzedze kple dzideƒo ayi woƒe dɔ dzi ale be ‘woaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo,’ enye nɔnɔme si woƒo ɖe wo nu be woaɖe fia le woƒe gaglãgbeɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ dzideƒotɔe ta.—Dɔwɔwɔwo 5:27-29; 8:1; 12:1-14; Mateo 10:16, 26, 27.

Ne èsusui kpɔ be ɖewohĩ vivimeha alo kɔmamã ɣaɣlae Yehowa Ðasefowo nye la, anye be esi mènya nu geɖe tso wo ŋu o tae. Anye nenemae ame geɖe wɔ nu le ƒe alafa gbãtɔa me.

Dɔwɔwɔwo ta 28 gblɔ na mí be apostolo Paulo kpe ta kple “amesiwo nye amegãwo le Yudatɔwo dome” le Roma. Wogblɔ nɛ be: “Míele didim bena, míase nusi susum nèle la, atso nuwò; elabena míese bena, wogblɔ nya ɖe kɔmamã sia ŋuti le afisiafi.” (Dɔwɔwɔwo 28:16-22) Paulo ɖo eŋu eye ‘wòɖe nya la me na wo hele ɖase ɖim le mawufiaɖuƒe la ŋuti,’ eye “ame aɖewo xɔ nusiwo wògblɔ la dzi se.” (Dɔwɔwɔwo 28:23, 24) Viɖe mavɔe wònye na wo vavã be wose nyateƒenyawo tso Kristotɔnyenye vavãtɔ ŋuti.

Wotsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe be yewoawɔ Mawu ƒe subɔsubɔdɔa le gaglãgbe kple dutoƒo, eyata adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoaɖe nyateƒe si me kɔ ku ɖe woƒe dɔwɔna kple dzixɔse ŋu na amesiame si di be yeanya nyateƒenyaawo. Nukata wò ŋutɔ màku eme akpɔ ale be woaɖe woƒe dzixɔse me na wò nyuie o?

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Edzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoana amewo nanya amesi ƒomevi yewonye kple dɔ si wɔm yewole

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe