Yi “Mawu ƒe Nya Dzixɔxɔse” Nutome Gã Takpekpe!
AME miliɔn gbogbo aɖewo ayi le teƒe alafa geɖewo le xexeame godoo. Woawɔ takpekpe siawo dometɔ geɖe le Ɣetoɖoƒe Afrika tso December, 1997 vaseɖe January, 1998. Anɔ eme be woawɔ ŋkeke etɔ̃ kpekpe siawo—tso Fiɖa vaseɖe Kwasiɖagbe—dometɔ ɖeka le du si medidi tso wò nɔƒe gbɔ o me.
Àkpɔ viɖe tso Biblia me nufifia nyui gbogbo aɖewo me. Le teƒe akpa gãtɔ la, woatsɔ haƒoƒo adze kpekpea gɔme ga 9:30 ŋdi sia ŋdi. Woatsɔ aɖabaƒoƒo 25 abia gbe amesiwo ƒe agbenɔnɔ dzi Mawu ƒe Nya dzixɔxɔse kpɔ ŋusẽ ɖo vevie la le Fiɖa ŋdi. Woaƒo nuƒo tɔxɛ si nye “Zɔzɔ le Xɔse me, Menye le Nukpɔkpɔ nu O” atsɔ awu ŋdi me kpekpea nui.
Fiɖa ŋdɔ ƒe nuƒo gbãtɔ agblɔ akpa vevi si sɔhɛwo le le Kristo-hamea me. Nuƒo kpui etɔ̃ siwo akplɔe ɖo adzro Biblia ƒe dzidzenu siwo ku ɖe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ le nuƒoƒo, nɔnɔme kple dzadzraɖo ŋu me. Emegbe woaƒo nuƒo siwo nye “Kpɔ Nyuie le Xɔsemanɔamesi Ŋu” kple “Mawu ƒe Nya la Le Agbe” atsɔ ahe susu ayi nuxlɔ̃ame nyui siwo le Hebritɔwo ta 3 kple 4 me dzii. Fiɖa ƒe kpekpea awu enu kple nuƒo si nye “Agbalẽ si Nyo na Dukɔwo katã.”
Nuƒo gbãtɔ si woaƒo Memleɖa ŋdie nye “Xɔse Dɔwɔwɔ Manɔŋui Nye Nu Kuku.” Nuƒo vevi bubu si woaƒo ŋdi ma si nye “Mili Ke eye Miasẽ Ŋu le Nyateƒea Me” agblɔ alesi woawɔ atsi le gbɔgbɔ me. Woawu ŋdia ƒe kpekpea nu kple wɔna aɖe si nɔa takpekpe ɖesiaɖe me si nye “Mawu ƒe Nya Dzixɔxɔse Kplɔa Ame Yia Nyɔnyrɔxɔxɔ Gbɔe,” eye emegbe woawɔ ɖoɖo na nusrɔ̃la yeyewo be woaxɔ nyɔnyrɔ.
Memleɖa ŋdɔ ƒe nuƒo gbãtɔe nye “Ʋli Xɔse la Ta Sesĩe” si adzro nuxlɔ̃ame si le Biblia-gbalẽ si nye Yuda me. Nuƒo kpui siwo axɔ gaƒoƒo ɖeka si ƒe tanyae nye “Mina Míayi Yehowa ƒe Aƒeme” adzro Kristotɔwo ƒe kpekpewo ƒe viɖewo me. Woatsɔ nuƒo si nye “Wò Xɔse ƒe Nyonyome—Wole Edom Kpɔ Fifia” awu gbemagbe ƒe kpekpea nui.
Nuƒo kpui etɔ̃ siwo adzro Biblia-gbalẽ si nye Yoel kple alesi wòku ɖe míaƒe ŋkekea ŋui me la anɔ Kwasiɖa ŋdi ƒe nuƒoawo me. Emegbe Biblia me drama si ƒe tanyae nye “Mègato Ŋku Gã O” akplɔe ɖo. Takpekpea ƒe akpa vevi aɖee nye ŋdɔ me dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Xɔse Kple Wò Etsɔme.”
Kakaɖedzitɔe la, àkpɔ gbɔgbɔmeviɖe geɖe ne ède. Woado dzaa na wò vividoɖeameŋutɔe le kpekpea ƒe akpa ɖesiaɖe. Wɔ ɖoɖo fifia be nàyi. Ne èle teƒe si tsɔ ɖe gbɔwò dim la, ke yi ɖabia le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ me alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo.