“Mawu ƒe Agbemɔ” Ƒe 1998-1999 Takpekpea Gogo Vɔ!
WOWƆ ɖoɖo be woawɔ nutome gã takpekpe alafa geɖe le xexeame godoo tso May 1998 va ɖo January 1999 me. Anɔ eme be woawɔ ŋkeke etɔ̃ kpekpe siawo le du si medidi tso gbɔwò o me. Woatsɔ haƒoƒo adze kpekpea gɔme ŋdi 9:30 gbesiagbe—tso Fiɖa va ɖo Kwasiɖa—le teƒe akpa gãtɔ.
Fiɖa ŋdi ƒe nuƒoawo ahe susu ayi nyatakaka siwo ku ɖe alesi Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa le zɔ ɖem le xexeame ƒe akpa vovovowoe ŋu dzi. Eye woate gbe ɖe takpekpea ƒe tanya dzi le nuƒo vevi si nye “Kristo ƒe Tafe—Mawu ƒe Agbexɔxɔmɔ La” me.
Le ŋdɔ me la, nuƒo kpuikpui siwo ƒe tanyae nye “Dzilawo—Mifia Mawu ƒe Mɔ Mia Viwo,” aɖo aɖaŋu le alesi woade dzi ƒo na ɖeviwo be woalɔ̃ Yehowa ahasubɔe ŋu. Ŋdɔ ƒe nuƒoawo awu enu kple nuƒo si nye “Ðe Woganɔa Agbe le Ku Megbea?”
Le Memleɖa ŋdi la, woaƒo nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ŋu le nuƒo etɔ̃ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo me, “Kpekpe Ðe Amewo Ŋu be Woava Agbemɔ la Dzi,” “Amewo Gbɔ Ðoɖo ƒe Kuxi La,” kple “Nusiwo Katã Kristo Ðo la Fiafia Nusrɔ̃lawo.” Le ŋdi nuƒoawo ƒe nuwuwu la, ɖoɖo li be nusrɔ̃la yeyewo naxɔ nyɔnyrɔ.
Nuƒo gbãtɔ le Memleɖa ŋdɔ, si nye “Agbe Mavɔ Nenɔ Susu me na Wò Nàtsɔ Asubɔe,” ade dzi ƒo na mí be míade ŋugble ahado gbe ɖa le mía ŋutɔwo míaƒe susu siwo ta míele Mawu subɔm ŋu. Woadzro Efesotɔwo ta 4 ƒe kpukpuiwo me ɖekaɖeka eme nakɔ le nuƒo siwo nye “Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe ‘Amewo me Nunana’ Siwo Fiaa Mawu ƒe Mɔwo Mí Ŋu” kple “Amenyenye—Ðe Xoxoa Ða Nàdo Yeyea” me. Emegbe woaɖo aɖaŋu siwo tso Ŋɔŋlɔawo me na mí le nuƒo si nye “Dzra Ðokuiwò Ðo Ðimaƒomaƒoe tso Xexeame,” kple nuƒo si le akpa etɔ̃ me si nye “Sɔhɛwo—Midze Mawu ƒe Agbemɔ la Dzi” me. Ŋdɔ ƒe wɔnawo awu enu kple nuƒo si nye “Wɔla la—Eƒe Amenyenye Kple Eƒe Mɔwo.”
Le Kwasiɖagbe ŋdi la, woaƒo nuƒo kpukpui etɔ̃ siwo adzro Biblia-gbalẽ si nye Xezekiel ƒe ta mamlɛawo kple woƒe nyagblɔɖiwo me vava me. Ŋdi ƒe wɔnawo ade edeƒe kple drama si me woado blemawu le, si ku ɖe Hebri-sɔhɛ etɔ̃awo ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu. Takpekpea ƒe nuƒo vevi si woaƒo le ŋdɔ mee nye dutoƒonuƒo si nye, “Agbe Mavɔ Mɔ Ðeka Kolia La.”
Wò anyinɔnɔ ŋkeke etɔ̃a katã ana nàɖi ƒo le gbɔgbɔ me vavã. Míetsɔ dzidzɔ le kpewòm be nàva nuƒo ɖesiaɖe seƒe, eye ɖikeke mele eme o be míaxɔ ga ɖe ɖeke ta o. Yi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ me bene nànya takpekpea wɔƒe si te ɖe gbɔwò alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo.