INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 6/15 axa 3
  • Biblia Agbalẽ si Ðeke Mesɔ Kpli O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Agbalẽ si Ðeke Mesɔ Kpli O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Gblɔ Eƒe Tameɖoɖowo Na Mí
    Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
  • Biblia La—Ðe Wòtso “Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Me” Nyateƒea?
    Nyɔ!—2017
  • “Gbɔgbɔ Kɔkɔe Ye Ʋã Amewo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nunya Si De Ŋgɔ La Tsoƒe Tɔxɛ Aɖe
    Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 6/15 axa 3

Biblia Agbalẽ si Ðeke Mesɔ Kpli O

Wobe eyae woƒlena wu le xexeame, eye nyateƒee wònye. Woxlẽa Biblia eye wodoa vivi ɖe eŋu wu agbalẽ bubu ɖesiaɖe. Wobu akɔnta be womãe (bliboa alo eƒe akpa aɖe) wòde biliɔn ene le gbegbɔgblɔ 2,000 kple edzivɔ me.

Gake alesi Biblia fia be Mawu gbɔe yetso kura gawɔ nuku wu agbɔsɔsɔ si wodzra. Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ be: ‘Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.’ (Timoteo II, 3:16) Nya sia gɔme ɖe? Nyagbɔgblɔ si nye “Mawu ƒe gbɔgbɔ me” (Helagbe, the·oʹpneu·stos) ƒe gɔmesese le nya la nue nye “Mawu ƒe yagbɔgbɔ.” Helagbe me nya, pneuʹma, si sɔ kplii gɔmee nye “gbɔgbɔ.” Eyata nya lae nye be, Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amegbetɔ nuŋlɔlawo, egbɔ ya ɖe wo dzi, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, ale be woate ŋu ayɔ nusi woŋlɔ le nyateƒe me be Mawu ƒe Nya, ke menye amegbetɔ tɔ o. Le nyateƒe me la, ewɔ nuku na ame geɖe siwo srɔ̃ Biblia esi wokpɔ alesi eƒe agbalẽwo wɔ ɖeka, alesi wòto nyateƒe le dzɔdzɔmeŋutinunya gome, eŋlɔlawo ƒe anukwareɖiɖi kple nyateƒetoto, kple vevietɔ wu la, eƒe nyagblɔɖi siwo va eme—nusiwo katã na exlẽla miliɔn geɖe siwo bua tame la ka ɖe edzi be amesi kɔ wu amegbetɔwo gbɔe agbalẽ sia tso.a

Gake aleke gbegbee Mawu kpɔ Biblia ŋɔŋlɔ dzii? Ame aɖewo gblɔna be ɖe wòyɔ nyawo ɖekaɖeka woŋlɔ. Ame bubuwo gblɔna be nukpɔsusu siwo le Biblia me koe wòʋã amewo be wova tame na wo, ke menye nyaawo o. Gake le nyateƒe me la, Mawu ƒo nu ‘na tɔgbuitɔgbuiwo le mɔ vovovowo nu to nyagblɔɖilawo dzi.’ (Hebritɔwo 1:1; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 12:6) Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro mɔ vovovo siwo nu Mawu to ƒo nu na amegbetɔ nuŋlɔla ade 40 siwo ŋlɔ Biblia la me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Àkpɔ nyatakaka bubuwo le agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s?, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe axa 53-4, kple 98-161.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe