Mawu Xɔlɔ̃e Nènyea?—Nusi Wò Gbedodoɖawo Fiana
ÐE NÈSE ame eve aɖewo le dze ɖom kpɔa? Ðikeke mele eme o be mexɔ ɣeyiɣi boo hafi nète ŋu de dzesi wo dome ƒomedodo o—nenye xɔlɔ̃woe wonye alo womenya wo nɔewo o, ne zɔhɛwo ko wonye loo alo xɔlɔ̃ vevi siwo kana ɖe wo nɔewo dzie wonye. Nenema ke míaƒe gbedodoɖawo ate ŋu afia ƒomedodo si tɔgbe le mía kple Mawu dome.
Biblia la ka ɖe edzi na mí be Mawu “mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ . . . o.” (Dɔwɔwɔwo 17:27) Le nyateƒe me la, ekpe mí be míava dze si ye. Míate ŋu azu exɔlɔ̃wo gɔ̃ hã. (Psalmo 34:9; Yakobo 2:23) Mía kplii dome ate ŋu avivi ŋutɔ! (Psalmo 25:14) Edze ƒã be ƒomedodo kple Mawue nye nusi xɔ asi wu nusianu si mí amegbetɔ madeblibowo míate ŋu akpɔ. Eye mía kple Yehowa dome xɔlɔ̃dzedze xɔ asi nɛ ŋutɔ. Ele nenema elabena mía kplii dome ƒomedodo nɔ te ɖe eƒe Tenuvi si tsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta dzixɔxɔse dzi.—Kolosetɔwo 1:19, 20.
Eyata ele be wòadze le míaƒe gbedodoɖawo me be míelɔ̃ Yehowa vevie, eye be míekpɔa ŋudzedze deto ɖe eŋu. Gake ɖe nèse le ɖokuiwò me kpɔ be togbɔ be wò gbedodoɖawo fia be èvɔ̃a Mawu hã la, womedea to alesi dze oa? Nusia bɔ. Ke mɔ ka dzie míato aɖɔe ɖo? Eyae nye be míadze xɔ̃ Yehowa Mawu.
Ɣeyiɣi Didi ɖe Gbedodoɖa Ŋu
Gbã la, exɔa ɣeyiɣi hafi wodzea xɔlɔ̃ hetua ewɔwɔ ɖo. Àte ŋu ado gbe na ame gbogbo aɖewo—aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, ʋukulawo, kple fiase me dɔwɔlawo—alo aɖo dze kple wo gɔ̃ hã gbesiagbe. Ke hã mefia be xɔ̃wòwo ŋutɔŋutɔe amesiawo nye o. Xɔlɔ̃wɔwɔ me sẽna ne woɖoa dze kpli ame aɖe didina eye woƒoa nu tso ame ƒe seselelãme detowo kple dzimedidiwo ŋu wu dzeɖoɖo gbadza ko.
Nenema ke gbedodoɖa kpena ɖe mía ŋu mía kple Yehowa dome nɔa kplikplikpli. Gake ele be míaxɔ ɣeyiɣi ɖe eŋu; ke menye gbe kpui si míedona ɖa le nuɖuɣiwo tsɔ daa akpe nɛ o. Zi alesi nèƒoa nu kple Yehowae la, zi nenemae nàte ŋu adzro wò seselelãmewo, dzimesusuwo, kple nuwɔnawo mee. Kuxi sesẽwo gbɔkpɔnuwo adze ne Mawu ƒe gbɔgbɔ la te ŋkuɖoɖo eƒe gɔmeɖosewo dzi na wò tso eƒe Nya la me. (Psalmo 143:10; Yohanes 14:26) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne èle gbe dom ɖa la, Yehowa azu ame ŋutɔŋutɔ na wò, eye àkpɔ alesi wòtsɔ ɖe le eme na wò hebua ŋuwò lɔlɔ̃tɔe la nyuie wu.
Esia dzena vevietɔ ne èkpɔ ŋuɖoɖo na wò gbedodoɖawo. Ẽ, Yehowa ‘tea ŋu wɔna wu nusiwo katã míebiana alo míedzea sii’! (Efesotɔwo 3:20) Esia mefia be Mawu wɔa nukunuwo le gowòme ya o. Ke boŋ ate ŋu aɖo aɖaŋu na wò alo afia mɔ si hiã la wò to eƒe Nya si woŋlɔ ɖi, agbalẽ siwo dɔla nuteƒewɔla ƒe ha la ta, alo to nɔvi ŋutsu kple nyɔnu lɔlɔ̃tɔwo ƒe nyawo dzi. Alo ate ŋu ado ŋusẽ wò nàdo dzi alo anɔ te ɖe tetekpɔa nu. (Mateo 24:45; Timoteo II, 4:17) Nuteƒekpɔkpɔ siawo wɔnɛ be míaƒe dzi me yɔna fũ kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía Xɔlɔ̃ si le dziƒoa ŋu!
Eyata ele be míadi ɣeyiɣi ɖe gbedodoɖa ŋu. Enye nyateƒe be ɣeyiɣi mele ame sum le ŋkeke sesẽ siawo me ya o. Gake ne ètsɔ ɖe le eme na ame aɖe nyateƒetɔe la, àdi ɣeyiɣi anɔ egbɔ zi geɖe. Se alesi hakpala la gblɔ eƒe seselelãmee ɖa: “Alesi zinɔ ƒe veme ƒuna ɖe tɔʋu ŋu la, nenemae nye luʋɔ ƒe veme ƒu ɖe ŋuwò, Mawu! Tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe Mawu ŋu, ɖe Mawu gbagbe la ŋu; gbekagbe made ahado ɖe Mawu ŋku me?” (Psalmo 42:2, 3) Ðe wòdzroa wò nenema be yeaƒo nu kple Mawua? Ke di ɣeyiɣi nàwɔe!—Tsɔe sɔ kple Efesotɔwo 5:16.
Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu adze agbagba afɔ kaba ŋdi ado gbe ɖa le ɖokuiwò si. (Psalmo 119:147) Ðe mèdɔa alɔ̃ zã aɖewo oa? Ke abe hakpala la ene la, àte ŋu abu ɣeyiɣi sesẽ mawo be wonye mɔnukpɔkpɔ siwo me yeagblɔ yeƒe nuhiahiãwo na Mawu le. (Psalmo 63:7) Alo ate ŋu anye gbe kpuikpui siwo nàdo ɖa edziedzi le ŋkeke me. Hakpala la gblɔ na Mawu be: “Wò yɔm mele gbawotsyogbe.”—Psalmo 86:3.
Míaƒe Gbedodoɖawo ƒe Nyonyome Dzadzraɖo
Ɣeaɖewoɣi la, àkpɔe be akpe ɖe ye ŋu ne yena yeƒe gbedodoɖawo didi. Le gbedodoɖa kpui me la, màte ŋu aƒo nu tso nu veviwo ŋu o. Gake ne wò gbedodoɖa didi, eye wode to la, enɔa bɔbɔe be nàgblɔ wò dzimedidiwo kple seselelãme detowo. Ne mede ɖeke kura o la, Yesu tsɔ zã blibo aɖe do gbe ɖae kpɔ. (Luka 6:12) Ðikeke mele eme o be àkpɔe be ne womedo gbe ɖa kple dzitsitsi o la, wodea to eye gɔmesese nɔa wo ŋu.
Esia mefia be nànɔ nya ɖeka dzi ko ne nya fũ aɖeke mele asiwò nàgblɔ o hã; alo nànɔ nya ɖeka tɔgbe gblɔm tsyia ɖe enu gɔmesesemanɔŋutɔe o. Yesu xlɔ̃ nu be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyatsinyatsi abe trɔ̃subɔlawo ene o; elabena wobu xa bena, le yewoƒe nya geɖe gbɔgblɔ ŋuti la woaɖo to yewo. Eyaŋuti migaɖi woawo o; elabena mia fofo nya nusiwo hiãa mi, hafi miebianɛ.”—Mateo 6:7, 8.
Nya veviwo nɔa gbedodoɖa me wu ne èbu nusiwo nàgblɔ ŋu do ŋgɔ. Nusiwo ta míado gbe ɖa la sɔ gbɔ ale gbegbe—míaƒe subɔsubɔdɔ me dzidzɔwo, míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple nusiwo me míedo kpo nu le, míaƒe mɔkpɔkpɔ siwo meva eme o, míaƒe ganyawo, míaƒe dɔ me alo suku kuxiwo, míaƒe ƒomewo ƒe nyonyo, kple alesi nuwo le le gbɔgbɔ me le míaƒe hamea me, ne míedi be míayɔ wo dometɔ ʋee aɖewo ko.
Ðe wò susu tsaa tsaglalã ɣeaɖewoɣi ne èle gbe dom ɖaa? Ke dze agbagba vevie be nàna wò susu nagatsa o. Yehowa kura lɔ̃na be ‘yealé to ɖe míaƒe gbedodoɖawo’ ŋu. (Psalmo 17:1) Ðe mele be míado vevie be míaɖo to mía ŋutɔwo míaƒe gbedodoɖawo oa? Ẽ, ‘na wò susu nanɔ gbɔgbɔmenuwo’ dzi be maganɔ tsaglalã tsam o.—Romatɔwo 8:5.
Alesi míeƒoa nui na Yehowa hã le vevie. Togbɔ be edi be míabu ye mía xɔlɔ̃e hã la, mele be míaŋlɔ be o be xexeame katã ƒe Fiagãe míele nu ƒom na. Xlẽ nukpɔkpɔ dziŋɔ siwo dze le Nyaɖeɖefia ta 4 kple 5 eye nàde ŋugble le wo ŋu. Yohanes kpɔ Amesi míedoa gbe ɖa na la ƒe ŋutikɔkɔe le ŋutega me le afima. Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si wònye na mí be míate ŋu ate ɖe ‘amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi’ ŋu! Megadzɔ kpɔ be míatsɔe aba hae le míaƒe nuƒo me loo alo míagbe bubu dede eŋu o. Boŋ la, ele be míadze agbagba vevie be míana ‘míaƒe numenyawo kple dzimesusuwo nadze Yehowa ŋu.’—Psalmo 19:15.
Ke hã de dzesii be míaƒe numebibi mate ŋu awɔ dɔ ɖe Yehowa dzi o. Míaƒe nuƒoƒo bubutɔe tso dzime ne míezã nyagãnyagã o hã la dzea eŋu.—Psalmo 62:8.
Akɔfafa Kple Nugɔmesese le Hiahiãɣi
Zi geɖe ne míehiã kpekpeɖeŋu kple akɔfafa la, míeyina ɖe xɔlɔ̃ vevi aɖe gbɔ be wòakpe ɖe mía ŋu eye wòase veve ɖe mía ti. Ke hã la, xɔlɔ̃ aɖeke gbɔ yiyi mele bɔbɔe de Yehowa nu o. “Xɔnametɔ ŋutɔ wònye le xaxawo me.” (Psalmo 46:2) Esi wònye “akɔfafawo katã ƒe Mawu” ta la, esea nusiwo me tom míele me nyuie wu ame bubu ɖesiaɖe. (Korintotɔwo II, 1:3, 4; Psalmo 5:2; 31:8) Eye esea veve ɖe amesiwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la ti hekpɔa nublanui na wo. (Yesaya 63:9; Luka 1:77, 78) Esi míenya be Yehowa nye xɔlɔ̃ si sea nu gɔme na ame ta la, enɔa bɔbɔe be míaƒo nu kplii faa tso dzime. Ewɔnɛ be míegblɔa nusiwo ŋu míevɔ̃na le kple míaƒe dzimaɖitsitsiwo. Eyata mía ŋutɔwo míekpɔnɛ be Yehowa ƒe ‘akɔfaname doa dzidzɔ na míaƒe luʋɔ.’—Psalmo 94:18, 19.
Ɣeaɖewoɣi le míaƒe vodadawo ta la, míesena le mía ɖokui me be míedze ado gbe ɖa na Mawu o. Ke hã aleke nàwɔ ne xɔ̃wò vevi si da vo ɖe ŋuwò la ɖe kuku na wò be nàtsɔe ake ye? Ðe mana nàfa akɔ nɛ ahana kakaɖedzii oa? Ke nukata nàkpɔ mɔ be Yehowa mawɔ nusi ade ema nu o? Etsɔa exɔlɔ̃wo ƒe nuvɔ̃ siwo wowɔ le amegbetɔ ƒe blibomademade ta la kea wo faa. (Psalmo 86:5; 103:3, 8-11) Esi míenya esia ta la, míehena ɖe megbe le míaƒe vodadawo gbɔgblɔ nɛ faa me o; míeka ɖe edzi be elɔ̃ mí eye wòakpɔ nublanui na mí. (Psalmo 51:19) Ne míelé blanui le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta la, nya siwo le Yohanes I, 3:19, 20 la ate ŋu afa akɔ na mí be, “Esia me míadze sii le bena, míetso nyateƒe la me, eye míana kakaɖedzi míaƒe dziwo le eƒe ŋku me; elabena ne míaƒe dzi bu fɔ mí hã la, Mawu enye gã wu míaƒe dzi, eye wònya nuwo katã.”
Gake mehiã be míaɖo xaxa me hafi Mawu natsɔ ɖe le eme na mí o. Yehowa tsɔ ɖe le nusianu si agblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me kple seselelãme gome me. Ẽ, mígabu gbeɖe be míaƒe seselelãmewo, dzimesusuwo, kple nuhiahiãwo le tsɛ akpa be míagblɔ wo ne míele gbe dom ɖa o. (Filipitɔwo 4:6) Ne èle xɔ̃wò vevi aɖe gbɔ la, wò agbemenu veviwo ŋu koe nèƒoa nu lea? Ðe mieɖoa dze le nusiwo mele vevie o hã ŋu oa? Esi nènya be Yehowa ‘léa be na mí’ ta la, lɔ̃ faa nenema ke nàgblɔ wò agbe me nusianu na eyama.—Petro I, 5:7.
Le nyateƒe me la, xɔlɔ̃wɔwɔ mate ŋu anɔ anyi adidi ne ɖokuiwò ŋu koe nèƒoa nu le o. Nenema ke mele be míaƒe nyawo naku ɖe mía ɖokui ko ŋu ne míele gbe dom ɖa o. Ele be míagblɔ míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple alesi míetsɔa ɖe le eyama kple eƒe nuwo mee la nɛ. (Mateo 6:9, 10) Gbedodoɖa menye mɔnukpɔkpɔ si me míabia kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ ko o, ke enye mɔnukpɔkpɔ si me míada akpe ahakafui le hã. (Psalmo 34:2; 95:2) ‘Sidzedze ƒe amesisusu’ to ɖokuisi nusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi me akpe ɖe mía ŋu le go sia me, elabena ana míanya Yehowa kple eƒe mɔwo nyuie wu. (Yohanes 17:3) Psalmowo ƒe agbalẽa xexlẽ kple dzesidede alesi Yehowa subɔla nuteƒewɔla bubuwo do gbe ɖa nɛ la akpe ɖe ŋuwò ŋutɔ.
Xɔlɔ̃dzedze Yehowa nye nunana vevi aɖe vavã. Mina míaɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu to gbedodoɖa tso dzime kple míaƒe dɔmenyawo gbɔgblɔ nɛ xɔlɔ̃tɔe me wòanɔ abe eya ŋutɔe míele nu ƒom na ene. Ekema míakpɔ dzidzɔ si ŋu nya hakpala la gblɔ be: “Woayra amesi nètia, eye nèna be, wòava nɔ wò xɔxɔnuwo! Míaɖu wò aƒe me nu nyuiwo aɖi ƒo le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.”—Psalmo 65:5.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 28]
Míate ŋu ado gbe ɖa ŋkeke bliboa katã ne mɔnukpɔkpɔ aɖe nya ʋu ɖi ko