Ðeɖekpɔkpɔ le Dzɔgbevɔ̃e Me
FIASEGÃ tuɖedzi ene si le Seoul, Korea, mu dze ame alafa geɖe dzi! Ameɖelawo wɔ dɔ zã kple keli be yewoaxɔ na ame alesinu yewoate ŋui. Esi ŋkekewo va nɔ yiyim la, womegakpɔ mɔ be yewoagake ɖe ame bubu siwo gale agbe siwo dzi kɔnkrit kple gakpowo dze la ŋu o.
Gake esime womeganɔ mɔ kpɔm na agbetsila aɖeke kpɔkpɔ o la, nu wɔmoyaa aɖe dzɔ. Wose ame aɖe ƒe gbigbli tso gligbagbãwo gɔme. Ameɖelawo tsɔ dzitsitsi ku teƒea kple asi bene woaxɔ na nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 19 si tsi xɔgbagbãwo te ŋkeke 16 sɔŋ. Dziƒoxɔliamɔ̃ aɖe ƒe mɔe ŋe dze eme va xe edzi zu do si me wònɔ ale be kɔnkrit gã siwo ge gbɔna la medze edzi o. Togbɔ be tsi vɔ le lãme nɛ ŋutɔ eye wòxɔ abi vevie hã la, meku o!
Le egbeŋkeke siawo me la, míesea afɔku ƒomevi aɖe ŋu nyatakakawo ɣleti ɖesiaɖe kloe, eɖanye anyigbaʋuʋu, ahom sesẽ aɖe, dzoto ƒe wowó, afɔku ƒomevi aɖe, alo dɔwuame ye o. Eye agbeɖeɖe kple agbetsitsi ŋutinya wɔdɔɖeamedzi siwo ame miliɔn geɖe siwo lɔ̃a nyadzɔdzɔwo sese la sena wɔa nuku na wo. Gake ame akpa gãtɔ ŋe aɖaba ƒu dzɔgbevɔ̃e aɖe—si lolo wu bubu ɖesiaɖe si dzɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me kpɔ—si gbɔna la dzi. (Mateo 24:21) Aleae Biblia ɖɔ nudzɔdzɔ si gbɔna lae: “Kpɔ ɖa, dzɔgbevɔ̃e tso dukɔ gbɔ yi dukɔ gbɔ, eye wode zi ahom gã me le anyigba ƒe mlɔenu. Yehowa ƒe amesiwo wòwu le ŋkeke ma me la, woanɔ anyi tso anyigba ƒe mlɔenu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenu; womafa na wo o, womaƒo wo nu ƒu o, eye womaɖi wo o, eye woazu aɖuɖɔ le agble me.”—Yeremya 25:32, 33.
Nya mawo dziŋɔ loo! Gake dzɔgbevɔ̃e sia matsrɔ̃ amesiame dzro ko abe alesi amewo kuna le dzɔdzɔmefɔkuwo kple afɔku bubuwo mee ene o. Le nyateƒe me la, amewo atsi agbe—wò hã àte ŋu atsi agbe!
Nuwɔwɔ Kpata ƒe Ɣeyiɣi
Hafi woanya nusita woate ŋu atsi agbe la, ele be woanya nusi koŋ tae dzɔgbevɔ̃e sia gbɔna xexeame katã ɖo gbã. Le nyateƒe me la, eya koe nye ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔkpɔnu vavãtɔ. Ame ʋee aɖewo koe vo hele dedie egbea. Togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo dze agbagba geɖe hã la, dɔxɔleameŋu geɖe gale nu gblẽm le anyigbadzinɔlawo ŋu kokoko. Aʋawɔwɔ siwo tso subɔsubɔhawo, to vovovo me tɔwo, kple dunyahehe ƒe masɔmasɔwo gbɔ la wu ame akpe geɖe. Dɔwuame gana ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖevi maɖifɔ geɖe ƒe nɔnɔme wɔnublanuia kple woƒe fukpekpe gadzi ɖe edzi. Agbenyuimanɔmanɔ gblẽ nu le dukɔwo ŋu vaseɖe eƒe ke gbɔ ke; ɖeviwo gɔ̃ hã ƒe agbenɔnɔ ƒaƒã.
Biblia me nyagblɔɖi aɖe si woŋlɔ ƒe 1,900 kple edzivɔe nye sia la gblɔ míaƒe nɔnɔmea wòsɔ tututu. Egblɔ be: “Nya esia bena, le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava.”—Timoteo II, 3:1; tsɔe sɔ kple Mateo 24:3-22.
Èsusu be Mawu si lɔ̃a ame la matsɔ ɖeke le míaƒe fukpekpea me oa? Biblia gblɔ be: “Eya amesi nye Mawu, eya amesi mè anyigba, eye wòwɔe; . . . menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi.” (Yesaya 45:18) Ẽ, le esi teƒe be Mawu naɖe mɔ be woagblẽ anyigba dzeani sia eye edzinɔlawo katã natsrɔ̃ la, ade nu nya la me. Biabia lae nye be, Aleke wòle ewɔ gee?
Tia Agbe!
Biblia ɖo eŋu le Psalmo 92:8 be: “Ne ame vɔ̃ɖiwo mie abe gbe ene, eye nu vlo wɔlawo katã le se ƒom hã la, tsɔtsrɔ̃ ge ko woala ɖikaa.” Vɔ̃ɖinyenye ŋutɔe Mawu aɖe ɖa atsɔ akpɔ anyigba ƒe kuxiwo gbɔe. Dzidzɔtɔe la, mefia be woaɖe amewo katã ɖa o. Psalmo 37:34 na kakaɖedzi mí be: “Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nanyi anyigba la dome, eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.”
Nya siawo fia be mɔnukpɔkpɔ li be ame nakpɔ ɖeɖe le dzɔgbevɔ̃e gãtɔ kekeake si ava ameƒomea dzi la me. Mawu na tiatiawɔwɔ ƒe mɔnu mí. Nya siwo Mose tsɔ xlɔ̃ nu Israel-viwo esime wonɔ dzadzram ɖo be woayi Ŋugbedodonyigbaa dzi la sɔ na míawo hã egbea, be: “Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe.” (Mose V, 30:19) Gake aleke koŋ ame ‘atia agbe’ eye wòakpɔ ɖeɖee? Nuka tututue ɖeɖekpɔkpɔ vavãtɔ fia?
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]
AKPA DZI: Explosion: Copyright © Gene Blevins/Los Angeles Daily News
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]
Yunhap News Agency/Sipa Press