Ðe Anyigba Sia Ava Tsrɔ̃a?
“XEXEA ƒe nuwuwu nye nya aɖe si ŋu woƒoa nu tsoe zi geɖe, vevietɔ le sinimawo alo video dzi wɔnawo me.” Nya mae nyadzɔdzɔŋlɔla John Scalzi gblɔ. Nu ka tae sinema siwo ku ɖe xexea ƒe nuwuwu ŋu la wɔa dɔ ɖe amewo dzi? Aƒetɔ Scalzi gblɔ be: “Elabena ɖeɖefia siawo ƒoa nu tso nu siwo míevɔ̃na be woava dzɔ la ŋu.” Ðe nèlɔ̃ ɖe nya ma dzia? Ðe susu gobii aɖe li si tae wòle be míavɔ̃ be ɣeyiɣi aɖe ava va si me míaƒe anyigbaa kple nu gbagbe siwo katã le edzi la atsrɔ̃a?
Gbe sia gbe kloe la, míesea dzɔdzɔmefɔku siwo gblẽa nu le anyigbaa ƒe teƒeteƒewo la ŋu nya. Wogbugbɔ ɖea nudzɔdzɔ dziŋɔ mawo le television kple Internet dzi enuenu. Esi míekpɔnɛ wotsrɔ̃a amewo kple teƒe ŋutɔŋutɔwo zi geɖe ta la, ele bɔbɔe be amewo nasusui be nu sia nu ava tsrɔ̃ le xexea me nyateƒe, ke menye sinima dzi fefe dzro aɖe koe o.
Nu si nana amewo gavɔ̃na ɖe edzie nye nu si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo fiana ku ɖe ale si anyigbaa ava tsrɔ̃e ŋu. Wo dometɔ aɖewo ɖoa ɣeyiɣi si me anyigbaa ava tsrɔ̃ gɔ̃ hã ɖi. Le March 2008 me la, nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be ɣletiviŋutinunyala eve aɖewo bu akɔnta be, ne xexea aganɔ anyi ƒe miliɔn 7,590 la, ɣea ƒe dzoxɔxɔ ava fiã míaƒe anyigba la keŋkeŋ.—Monthly Notices of the Royal Astronomical Society.
Ðe anyigbaa ava tsrɔ̃ gbe aɖe gbe nyateƒea? Ðe amegbetɔƒomea nu ava yi le ƒe alafa si gbɔna mea?
Ðe Ɣeyiɣi Aɖe Li Si Me Míaƒe Anyigba La Nu Ava Yia?
Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Dzidzime nu yina, eye bubu vana; ke anyigba ya li tegbee.” (Nyagblɔla 1:4) Yehowa Mawu “[ɖo] anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi” sesĩe ale gbegbe be ‘maʋã gbeɖe akpɔ o.’ (Psalmo 104:5) Ðe wòwɔ na wò be Mawu ƒe nya siawo mate ŋu anye nyateƒe oa? Nu ka tae nàxɔe ase be míaƒe anyigba sia nu mayi o, togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo be enu ayi hã?
Enyo, bu nu siwo le fiase aɖe me ŋu kpɔ. Woŋlɔ ɣeyiɣi si wo dometɔ aɖewo agblẽ la ɖe wo dzi. Ame kae ɖo ɣeyiɣi ma ɖi? Ðe wòanye be fiasetɔa ŋutɔe nɔ te ɖe eƒe nunya alo nuteƒekpɔkpɔ dzi ɖo ɣeyiɣi ma? Kura o! Nua wɔla ye ɖo ɣeyiɣi ma. Míekana ɖe ɣeyiɣi si woŋlɔ ɖe nua dzi la dzi elabena nua wɔla la nya ale si wòwɔ nuae la nyuie wu ame bubu ɖe sia ɖe. Ðe mele be míaka ɖe míaƒe anyigba la Wɔla la dzi geɖe wu oa? Eƒe Nya la gblɔe eme kɔ nyuie be “eɖo anyigba gɔme anyi” sesĩe be wòanɔ anyi tegbee. Womeɖo ɣeyiɣi aɖeke ɖi, si dzi enu ayi o—enu mayi gbeɖe o!—Psalmo 119:90.
Gake ɖe wòate ŋu adzɔ be amegbetɔ nudomegblẽlawo nagblẽ míaƒe anyigba sia ale gbegbe be womagate ŋu aɖɔe ɖo oa? Gbeɖegbeɖe! To vovo na amegbetɔ siwo trɔa asi le nanewo ko ŋu la, Yehowa ya “[ate] ŋu awɔ nuwo katã.” (Hiob 42:2) Esia tae wòte ŋu gblɔ kakaɖedzitɔe be: ‘Nye nya, si do tso nye nu me la . . . awɔ nu si gbe meɖoe ɖo la.’ (Yesaya 55:11) Míate ŋu aka ɖe edzi be ‘mía Wɔla’ la maɖe mɔ naneke naxe mɔ nɛ be wòado kpo nana be tame si wòɖo ɖe anyigba la ŋu nava eme o. (Psalmo 95:6) Tame kae Mawu ɖo ɖe anyigba la ŋu, eye alekee wòle nana ge be wòava eme?
Mawu Fiaɖuƒea Ana Mawu Ƒe Tameɖoɖoa Nava Eme
Tsɔ kpe ɖe kakaɖedzi si Mawu ƒe Nya la na mí be anyigba la nu mayi gbeɖe o ŋu la, egagblɔ hã be ɖe Mawu “[mèe,] be woanɔ edzi.” (Yesaya 45:18) Togbɔ be amegbetɔwo le anyigba dzi ƒe akpe nanewoe nye esia hã la, ema ɖeɖe mefia be Mawu ƒe tameɖoɖoa va eme o.
Yehowa nye “Mawu dzidzɔtɔ” kple ame si “lɔ̃a nya dzɔdzɔe.” (1 Timoteo 1:11; Psalmo 37:28) Eƒe tameɖoɖoe nye be amegbetɔwo katã nanɔ agbe le dzidzɔ me eye woavo tso numadzɔmadzɔwɔwɔ ɖe sia ɖe si me. Be Mawu nana tameɖoɖo sia nava eme la, egblɔ ɖi be yeaɖo Fiaɖuƒe aɖe anyi ɖe dziƒo si aɖu anyigba bliboa dzi. (Daniel 2:44) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eƒo nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu edziedzi. Ede dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia Fiaɖuƒea elabena enya yayra siwo katã ava anyigba la dzi ne Fiaɖuƒe ma va le anyigba dzi ɖum. (Mateo 6:9, 10; 24:14) Yayra mawo dometɔ aɖewo ɖe?
▪ Ŋutifafa kple dedienɔnɔ axɔ aƒe ɖi, elabena Mawu do ŋugbe be yeatsi aʋawɔwɔ nu keŋkeŋ.—Psalmo 46:10.
▪ Nuɖuɖu abɔ ame sia ame aɖu.—Psalmo 72:16.
▪ Lãmesẽnyawo manye kuxi o, elabena “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.
▪ Magahiã be ame aɖeke naxa nu o, elabena “ku maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:4.
▪ Mawu do ŋugbe be yeƒe amewo atso woawo ŋutɔwo ƒe aƒewo, woanɔ dedie, eye ‘woakpɔ dzidzɔ ɖaa.’—Yesaya 65:17-24.
Ðikeke mele eme o be, àdi vevie be yeakpɔ gome le yayra siawo me. Ele Yehowa dzrom vevie be yeana nya siwo katã yegblɔ ɖi la nava eme. (Yesaya 9:5, 6) Ke hã, ɖewohĩ àgblɔ be: ‘Ƒe akpe nanewoe nye esia tso esime woŋlɔ Mawu ƒe ŋugbedodoawo ɖe Biblia me. Nu ka tae womeva eme haɖe o?’
Mawu Ƒe Dzigbɔɖi Naa Mɔnukpɔkpɔ Mí Be Míakpɔ Ðeɖe
Ka ɖe edzi be “Yehowa mele wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodo la ŋu” o. Biblia ɖe eme be ɖe Mawu le dzi gbɔm ɖi na mí lɔlɔ̃tɔe boŋ. Eya ta wode dzi ƒo na mí be “[míabu] mía Aƒetɔ ƒe dzigbɔɖi la be enye xɔxɔ.” (2 Petro 3:9, 15) Gake nu ka tae Mawu ƒe dzigbɔɖi hiã hafi míakpɔ xɔxɔ?
Gbã la, Mawu nya be hafi yeate ŋu ana aƒe si me dedienɔnɔ kple nudzedziname le nasu ame dzɔdzɔewo si la, ele be “[yeahe] gbegblẽ ava ame siwo le anyigba la gblẽm la dzi.” (Nyaɖeɖefia 11:18) Ke hã, esi Yehowa lɔ̃ amegbetɔwo ta la, “medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o.” Eya tae mía Fofo si le dziƒo la le agbagba dzem dzigbɔɖitɔe be ‘yeaxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi la be wòakpɔ eɖokui dzi ɖe eƒe mɔ vɔ̃ɖiwo ŋu’ ɖo. Taɖodzinu sia tae Yehowa na wole gbeƒã ɖem eƒe Fiaɖuƒea ŋuti nya le anyigba katã dzi ɖo.a (Xezekiel 3:17, 18) Ame siwo katã ɖo to Mawu ƒe nuxlɔ̃amea hetrɔ woƒe agbenɔnɔ wòwɔ ɖeka kple eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawo la akpɔ ɖeɖe eye woakpɔ agbe mavɔ le paradiso me le anyigba dzi.
Trɔ Ðe Mawu Ŋu Be Nàkpɔ Xɔxɔ
Le nyateƒe me la, “nya nyui” geɖe le Biblia me na mí. (Mateo 24:14) Ena míeva nya Mawu ƒe ŋugbedodo si ŋu kakaɖedzi le be, míaƒe anyigba matsrɔ̃ gbeɖe o! Gakpe ɖe eŋu la, nyagblɔɖi siwo le Biblia me la na míeka ɖe edzi be “ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o.” Eteƒe madidi o, ame siwo Mawu bu ame dzɔdzɔewoe la “anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:9-11, 29; Mateo 5:5; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Hafi ɣemaɣi naɖo la, Mawu ayi edzi anɔ amewo kpem dzigbɔɖitɔe be: “Mitrɔ ɖe ŋunye, eye mina woaxɔ na mi.” (Yesaya 45:22) Àlɔ̃ ɖe amekpekpe ma dzia?
Ðe manyo be nàdze agbagba atrɔ ɖe Mawu ŋu oa? Psalmo 37:34 de dzi ƒo na mí be: “Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nàlé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nànyi anyigba la dome.” Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu geɖe tso tame mavɔ si Mawu ɖo ɖe anyigbaa ŋu kple nu si nàwɔ anɔ agbe akpɔ eteƒe ne tameɖoɖo ma va eme la ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Le wɔwɔ ɖe se si Yesu de le Mateo 28:19, 20 dzi me la, Yehowa Ðasefo miliɔn adre kple edzivɔ siwo le dukɔ 236 me la zãa gaƒoƒo siwo ade miliɔn akpe ɖeka kple afã ƒe sia ƒe tsɔ fiaa nu amewo tso tameɖoɖo nyui si le Mawu si na anyigba la ŋu.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 22]
NASA photo