INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 9/15 axa 29-31
  • Aristarxo—Zɔhɛ Wɔnuteƒe Aɖee

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aristarxo—Zɔhɛ Wɔnuteƒe Aɖee
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tso Hela Yi Yerusalem
  • Mɔzɔzɔ Yi Roma
  • Paulo ‘Hati Gamenɔla’
  • ‘Akɔfala’
  • Àte Ŋu Ava Zu “Akɔfafa Gã Aɖe” Na Ame Bubuwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Zɔ Yehowa Ƒe Mɔwo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Lé Dzi Ðe Ƒo—Yehowa Ye Nye Wò Kpeɖeŋutɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Paulo Ƒe Hadɔwɔlawo—Amekawoe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 9/15 axa 29-31

Aristarxo—Zɔhɛ Wɔnuteƒe Aɖee

ARISTARXO nye apostolo Paulo ƒe hadɔwɔla ŋuɖoɖeŋutɔ geɖeawo dometɔ ɖeka. Nukae nèsusuna ne èse eƒe ŋkɔ? Ðe nane vaa susu me na wòa? Àte ŋu agblɔ akpa si wòwɔ le Kristotɔ gbãtɔwo ƒe ŋutinya mea? Togbɔ be Aristarxo manɔ amesiwo míenya nyuie le Biblia me dome o hã la, enɔ nyadzɔdzɔ siwo ŋu nya wogblɔ le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la dometɔ geɖe me.

Ekema, amekae nye Aristarxo? Aleke wo kple Paulo wonɔ? Nukatae woate ŋu agblɔ be Aristarxo nye zɔhɛ nuteƒewɔla? Eye nukawoe míate ŋu asrɔ̃ ne míedzro eƒe kpɔɖeŋua me?

Aristarxo ƒe ŋkɔ va dze vlavo le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ƒe nuŋlɔɖi me esime nuvlowɔha aɖe si do dɔmedzoe vevie la de zitɔtɔ amewo me wonɔ ɣli dom le Efeso-dua me. (Dɔwɔwɔwo 19:23-41) Klosalogbedoxɔ tutu na alakpamawunɔ Diana nye dɔ si me Demetrio kple Efesotɔ klosalonutula bubuwo kpɔa viɖe tsonɛ. Eyata esi Paulo ƒe gbeƒãɖeɖe wɔe be ame geɖe ɖe asi le mawunɔ sia ƒe subɔsubɔ makɔmakɔa ŋu la, Demetrio de zi aɖaŋunutula bubuawo me. Egblɔ na wo be menye yewoƒe gakpɔdɔa me koe Paulo ƒe gbeƒãɖeɖea di be yeagblẽ o ke ava eme hã be womagade ta agu na Diana o.

Esi nuvlowɔha si yɔ fũ kple dɔmedzoe menɔ Paulo kpɔm o la, wohe eƒe zɔhɛ Aristarxo kple Gayo yi ɖe woƒe takpeƒee. Esi ame evea nɔ afɔku gã ŋutɔ aɖe me ta la, Paulo xɔlɔ̃wo ɖe kuku nɛ be “megayi ɖe dukɔ la ƒe takpeƒe la o.”

Tsɔe be yee le nɔnɔme ma me. Ameha si do dɔmedzoe vevie la nɔ ɣlidodo dzi gaƒoƒo eve sɔŋ be, “Gãe nye Efesotɔwo ƒe Diana la!” Esi Aristarxo kple Gayo wokpɔe be yewoge ɖe ameha susumanɔmenuwɔla mawo dome evɔ womena mɔ be yewoaɖe yewo ɖokui nu o la, awɔe be ŋɔdzi nalé wo vavã. Ðewohĩ woabu tame be ɖe yewo gbɔna eme to ge ado hã. Dzidzɔtɔe la, woto eme do. Le nyateƒe me la, alesi Luka ƒe nuŋlɔɖia wɔ abe eŋlɔla ɖe wònɔ eteƒe ene la na agbalẽnyala aɖewo gblɔ be anye eteƒekpɔlawo nue wòsee le, ɖewohĩ tso Aristarxo kple Gayo ŋutɔ gbɔ.

Mlɔeba la, dua ƒe agbalẽŋlɔlae tsi zitɔtɔa nu. Anye gbɔdzɔe gã aɖe ŋutɔ na Aristarxo kple Gayo esi amesia ƒo nu akpaɖekedzimademadee be yewomeɖi fɔ o eye emegbe wokpɔe be ameha si ƒo zi ɖe wo ŋu la kaka.

Ne nu ma tɔgbe dzɔ ɖe dziwò la, aleke nàse le ɖokuiwò me emegbe? Ðe nàgblɔ be menyo na ye be yeanye Paulo ƒe hati dutanyanyuigblɔla o, afɔku le eme akpa, eye be ne yeva di dɔ si me tomefafa le wu la anyo na ye wua? Aristarxo mebui nenema o! Esi wònye Tesalonika ye wòtso ta la, ɖewohĩ enya afɔku siwo le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me xoxo. Esime Paulo ɖe gbeƒã le wo de ƒe ʋee aɖewo va yi la, wode zitɔtɔ amewo me le afima hã. (Dɔwɔwɔwo 17:1-9; 20:4) Aristarxo nɔ Paulo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe.

Tso Hela Yi Yerusalem

Ɣleti aɖewo le klosalonutulawo ƒe zitɔtɔa megbe la, Paulo nɔ Hela-nyigba dzi nɔ didim be yeaɖo tɔdziʋu ato Siria ayi Yerusalem esime “Yudatɔwo ɖo nugbe ɖe eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 20:2, 3) Amekae nɔ Paulo ŋu le nɔnɔme ɖivɔvɔ̃ sia me? Aristarxo ye!

Ŋɔdzinu sia wɔe be Paulo, Aristarxo, kple woƒe zɔhɛ bubuwo trɔ woƒe ɖoɖo, gbã la wozɔ mɔ to Makedonia, emegbe woto teƒeteƒe siwo le Asia Sue ƒe ƒuta hafi va dze Foinike mɔ mlɔeba le Patara. (Dɔwɔwɔwo 20:4, 5, 13-15; 21:1-3) Edze ƒã be wozɔ mɔ sia kple susu be woatsɔ Kristotɔ siwo le Makedonia kple Axaya ƒe nudzɔdzɔwo ayi na wo nɔvi siwo hiã tu la le Yerusalem. (Dɔwɔwɔwo 24:17; Romatɔwo 15:25, 26) Ha gã aɖe mee wonɔ zɔ mɔa, ɖewohĩ le esi hame geɖe de dɔ sia wo si ta. Ðikeke mele eme o be ha gã ma me nɔnɔ awɔe be woanɔ dedie.

Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye su Aristarxo si be wòzɔ mɔ kple Paulo tso Hela-nyigba dzi yi Yerusalem. Gake woƒe mɔzɔzɔ si gakplɔe ɖo la akplɔ wo atso Yudea kaka vaseɖe Roma.

Mɔzɔzɔ Yi Roma

Fifia ya nyawo to vovo kura. Wode Paulo gaxɔ me le Kaisarea ƒe eve sɔŋ, etsɔ eƒe nya de asi na Kaisaro ale be wode kɔsɔkɔsɔe be woakplɔe ayi Roma. (Dɔwɔwɔwo 24:27; 25:11, 12) Dze agbagba nàbu alesi Paulo ƒe zɔhɛwo ase le wo ɖokui mee ɖa. Mɔzɔzɔ tso Kaisarea ayi Roma didi eye anye nuxaxa geɖe hã na wo, evɔ womenya nusi ado tso eme o. Amekae ayi kplii aɖado alɔe eye wòakpe ɖe eŋu? Ame evee wotia alo woa ŋutɔwo tsɔ wo ɖokui na faa be yewoayi. Woawoe nye Aristarxo kple Luka, amesi ŋlɔ Dɔwɔwɔwo.—Dɔwɔwɔwo 27:1, 2.

Aleke Luka kple Aristarxo wowɔ hafi ɖo meli ɖeka le mɔzɔzɔ gbãtɔ yi Roma me? Ŋutinyaŋlɔla Giuseppe Ricciotti do susua ɖa be: “Ame eve siawo ɖoe abe mɔzɔla dzrowo ko ene . . . alo, anɔ eme kokoko be, esi se ɖe mɔ be kluvi aɖewo nanɔ Roma vidzidzi ŋu ta la, aʋafia la bua tsɔ wo ko be Paulo ƒe kluviwoe wonye ale be wònyo dɔme ɖe mɔ na wo.” Aleke gbegbe woƒe Paulo gbɔ nɔnɔ kple dzideƒoname adzɔ dzi nɛ enye si!

Le Luka kple Aristarxo ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia Paulo me la, wotsɔ nanewo sa vɔe eye wode wo ɖokui afɔku me. Le nyateƒe me la, woawo kple wo hati si wode gae la ɖo agbe kple ku dome esime woƒe melia gbã le Melite-ƒukpo dzi.—Dɔwɔwɔwo 27:13–28:1.

Paulo ‘Hati Gamenɔla’

Esime Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Kolosetɔwo kple Filemon le ƒe 60-61 M.Ŋ. me la, Aristarxo kple Luka woganɔ egbɔ le Roma. Woyɔ Aristarxo kple Epafra be wonye Paulo ‘hati gamenɔlawo.’ (Kolosetɔwo 4:10, 14; Filemon 23, 24) Eyata edze ƒã be Aristarxo nɔ gaxɔ me kple Paulo ɣeaɖeɣi.

Togbɔ be Paulo nye gamenɔla le Roma ƒe eve teti hã la, woɖe mɔ dzɔlawo nɔ eŋu le aƒe si eya ŋutɔ ɣe la me, afisi wòɖe gbeƒã nyanyuia na egbɔvalawo le. (Dɔwɔwɔwo 28:16, 30) Ɣemaɣi la, Aristarxo, Epafra, Luka, kple ame bubuwo subɔ Paulo, wokpe ɖe eŋu hedo ŋusẽe.

‘Akɔfala’

Esi míekpɔ nyadzɔdzɔ siwo katã me Aristarxo nɔ woŋlɔ ɖe Biblia me vɔ la, ameka tɔgbee míekpɔ be enye? Nuŋlɔla W. D. Thomas gblɔ be Aristarxo “dze ƒã be enye amesi te ŋu nɔa tsitretsiɖeŋu nu eye wòte ŋu toa eme dona evɔ eƒe xɔse galia ke eye eƒe tameɖoɖo be yeasubɔ me megbɔdzɔna o. Eɖe dzesi ƒã be enye amesi lɔ̃a Mawu le alɔmeɖeɖe kple xaxawo me hã ke menye esime nu de ame dzi ko o.”

Paulo gblɔ be Aristarxo kple ame bubuwo nye “akɔfafa” (Helagbe, pa·re·go·riʹa) na ye, si fia be, wonaa gbɔdzɔe ye. (Kolosetɔwo 4:10, 11) Eyata Aristarxo ƒe akɔfafa kple dzidede ƒo na Paulo na wònye kpeɖeŋutɔ nyui le hiãgbe. Hadede kple apostoloa kpakple xɔlɔ̃wɔwɔ kplii ƒe geɖe na dzidzemee hetui ɖo le gbɔgbɔ me vavã.

Ðewohĩ míage ɖe nɔnɔme sesẽ mawo siwo me Aristarxo to la me ya o. Ke hã la, ele be amesiwo katã le Kristo-hamea me egbea naku ɖe Kristo ƒe gbɔgbɔmenɔviwo kple Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu nenema ke. (Tsɔe sɔ kple Mateo 25:34-40.) Ate ŋu adzɔ be hati tadeagula siwo míenya la nage ɖe dzɔgbevɔ̃e alo fukpekpe aɖe me, ɖewohĩ ne ame ku na wo, wodze dɔ, alo ne woge ɖe dodokpɔ aɖewo me. Ne míeku ɖe wo ŋu eye míekpe ɖe wo ŋu, fa akɔ na wo, eye míede dzi ƒo na wo la, dzi adzɔ mí eye míate ŋu aɖee afia be zɔhɛ wɔnuteƒewoe míenye.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 17:17; Dɔwɔwɔwo 20:35.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe