Meda Akpe be Mele Agbe Didi le Yehowa Subɔsubɔ Me
ABE ALESI OTTILIE MYDLAND GBLƆE ENE
Le ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu lɔƒo la, tɔdziʋuwo va ɖia go ɖe wo nɔewo xa tututu le Kopervik si le Norway ƒe ɣetoɖoƒe gome la ƒe melidzeƒe. Le ɣeyiɣi mawo me la, ŋutsuwo kple sɔwo tea agbatsɔkekewo toa ablɔwo dzi. Gomekaɖiwoe amewo zãna, eye wotsɔa nake kple tomeka doa dzoe hafi dzoxɔxɔ nɔa atixɔ si wosi akalo na me. Afimae wodzim le le June 1898 me, eye nyee nye vi evelia le mí vi atɔ̃ dome.
LE ƑE 1905 me la, dɔ menɔ Papa si o eyata eyi United States. Etrɔ gbɔ le ƒe etɔ̃ megbe eye nunana dodzidzɔnamewo yɔ eƒe mɔzɔkplo me fũ wòtsɔ gbɔe na ɖeviawo eye sedavɔwo kple nu bubuwo nɔ eme na Dada. Gake eƒe nu xɔasitɔ kekeakewoe nye agbalẽ babla siwo Charles Taze Russell ŋlɔ siwo ƒe ŋkɔe nye Studies in the Scriptures.
Papa va nɔ nusiwo wòxlẽ le agbalẽ siawo me la gblɔm na xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo. Le dua me sɔleme ƒuƒoƒowo me la, ezãa Biblia tsɔ ɖea nu mee be dzomavɔ si me dzo bina le aɖeke meli o. (Nyagblɔla 9:5, 10) Le ƒe 1909 me si nye ƒe si kplɔ esi me Papa gbɔ tso United States ɖo la, Nɔviŋutsu Russell va Norway eye wòƒo nu le Bergen kple Kristiania, si nye Oslo fifia. Papa yi Bergen va se eƒe nuƒoawo.
Ame akpa gãtɔ bu fɔ Papa be ele alakpanuwo fiam. Eƒe nu wɔ nublanui nam eye mekpe ɖe eŋu wòmã trakt siwo ɖe Biblia me la na nutoa me tɔwo. Le ƒe 1912 me la, metsɔ trakt aɖe si ƒo nu tso dzomavɔ ŋu na osɔfo aɖe ƒe vinyɔnuvi. Edzu mía kple Papa. Ewɔ nuku nam be osɔfo ƒe vi nazã dzugbe mawo!
Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi la, dometɔ bubuwo vaa mía gbɔ le Kopervik, eye wo dometɔ aɖee nye Theodor Simonsen, si nye nuƒola bibi aɖe. Mekpea amewo wova sea eƒe nuƒo siwo wòƒona le míaƒe aƒeme. Eƒoa kasaŋku ƒomevi aɖe hedzia ha hafi dzea eƒe nuƒoa gɔme, eye egadzia ha le eƒe nuƒoa ƒe nuwuwu. Míedea bubu eŋu vevie.
Ame bubu si vaa míaƒe aƒeme ye nye Anna Andersen si nye nyanyuikakala, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla. Edoa gasɔ tso du me yi du me le Norway katã, nɔa Biblia-srɔ̃gbalẽwo nam amewo. Amegãe wònye tsã le Salvation Army ha me eye enya Salvation Army ha la ƒe amegã aɖewo le Kopervik. Woɖe mɔ nɛ wòva ƒo Biblia me nuƒo le woƒe ƒuƒoƒe, eye mekpe amewo be woava ɖo toe.
Nyanyuikakala bubu si vaa mía gbɔ le Kopervik enye Karl Gunberg. Ŋutsu ɖokuibɔbɔla sia si nye ame fafɛ gake wòhedoa nukokoe ame la wɔa gbegɔmeɖedɔ ɣeaɖewoɣi le alɔdzedɔwɔƒe si le Oslo. Ƒe aɖewo megbe la, mía kplii míewɔ dɔ ɖekae le afima.
Mawusubɔsubɔ Susuwo Kpɔ Ŋusẽ Ðe Dzinye
Le ɣeyiɣi mawo me la, menye Mawu kple Biblia dzi koe amewo xɔ se vevie o ke dzixɔsewo abe dzomavɔ kple Mawuɖekaetɔ̃ hã ƒo ke ɖe to le wo me. Eyata ehe zitɔtɔ geɖe vɛ esi Biblia Nusrɔ̃viawo fia nu be nufiafia siawo mewɔ ɖeka kple Biblia o. Alesi míaƒe nutoa me tɔwo bua fɔ Papa be enye aglãdzenufiala la kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye. Megblɔ nɛ kpɔ gɔ̃ hã be: “Menye nyateƒe fiam nèle o. Aglãdzenufiafia ye!”
Eyɔm be: “Ottilie, va kpɔ nusi Biblia gblɔ ɖa.” Azɔ exlẽ Ŋɔŋlɔawo nam. Ewɔe be meva nɔ kakam ɖe eya amea kple nusi fiam wònɔ dzi. Ede dzi ƒo nam be maxlẽ Studies in the Scriptures la, eyata zi geɖe le ƒe 1914 ƒe dzomeŋɔli la, menɔa togbɛ aɖe si dze ŋgɔ dua dzi nɔa exlẽm.
Le August 1914 me la, amewo va ƒo zi ɖe dua me nyadzɔdzɔgbalẽdzraƒe ƒe ŋkume nɔ Xexemeʋa I ƒe gɔmedzedze ŋu nya xlẽm. Papa va do eye wòkpɔ nusi nɔ dzɔdzɔm. Edo ɣli be “Akpe na Mawu!” Ekpɔ aʋa la ƒe dzɔdzɔ be enye Biblia me nyagblɔɖi siwo wònɔ gbeƒã ɖemee la ƒe emevava. (Mateo 24:7) Ɣemaɣi la, Biblia Nusrɔ̃vi geɖe susu be woakplɔ yewo ayi dziƒo. Esi medzɔ alea o ta la, mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo dometɔ aɖewo.
Alesi Meva Ku Ðe Biblia ƒe Nyateƒea Ŋui
Mewu titinasuku nu le ƒe 1915 me esime mexɔ ƒe 17, eye medze ŋutilãmedɔ wɔwɔ gɔme le ɔfis aɖe. Ɣemaɣie medze Gbetakpɔxɔ xexlẽ gɔme edziedzi. Gake ƒe 1918 me ke hafi wova dze kpekpewo wɔwɔ gɔme edziedzi le Kopervik. Gbã la, mí ame atɔ̃ koe dena. Míexlẽa Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo abe Studies in the Scriptures ene, eye míetsɔa nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo dzroa wo mee. Togbɔ be Dada kafua Biblia Nusrɔ̃viawo na ame bubuwo hã la, eya ŋutɔ meva zu mía dometɔ ɖeka gbeɖe o.
Tso ƒe 1918 me la, meva dze si Anton Saltnes le ɔfis si mewɔa dɔ le, eye enye amesi ŋu mekpe ɖo wòva zu Biblia Nusrɔ̃vi. Mezu gbeƒãɖela si dea gbeadzi ɣesiaɣi le ɣeyiɣi sia me eye mexɔ nyɔnyrɔ le takpekpe aɖe me le Bergen le ƒe 1921 me.
Le May 1925 la, wowɔ takpekpe na Scandinavia-dukɔwo katã le Örebro, Sweden. Ame 500 kple edzivɔe de, eye Joseph F. Rutherford si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla hã de. Mí amesiwo ɖo keteke si woda na míawo ɖeɖe tso Oslo la míade ame 30.
Woɖe gbeƒãe le takpekpe sia me be woaɖo Dziehe Europa ƒe Dɔwɔƒe aɖe ɖe Copenhagen, Denmark, bene wòakpɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi le Scandinavia-nutoa katã kple Baltik-dukɔwo me. Woɖo William Dey si tso Scotland be wòakpɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Amesiame lɔ̃ eƒe nya, eye medidi o wova tsɔ vividoɖeameŋuŋkɔ nɛ be Scotland-ŋutsu Gã. Le gɔmedzedzea me la, Nɔviŋutsu Dey mese Scandinaviagbe aɖeke o, eyata enɔa megbe le kpekpewo kple takpekpewo me nɔa be lém na ɖeviwo ale be wo dzilawo nase nya siwo gblɔm wonɔ le nuƒolanɔƒea.
March 1, 1925, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ dzro Nyaɖeɖefia ta 12 me eye wòɖe eme be ta sia ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzidzi ŋu eye be eƒe dzidzi sia dzɔ le dziƒo le ƒe 1914 me. Egɔmesese sesẽ nam, eyata megbugbɔ xlẽ nyatia zi gbɔ zi geɖe. Esi meva se egɔme mlɔeba la, dzi dzɔm ale gbegbe.
Ne woɖɔ alesi míese Biblia me nyati aɖewo gɔmee ɖo la, eɖea fu na ame aɖewo eye wodona le Mawu ƒe amewo dome. Gake ɣesiaɣi si ɖɔɖɔɖo ma gɔmesese sesẽ nam la, megbugbɔ xlẽa nyatia zi geɖe bene mase numeɖeɖea gɔme. Ne numeɖeɖe yeyea me mekɔ nam o kokoko la, melalana be woava kɔ eme. Mekpɔa teƒeɖoɖo zi geɖe ɖe dzigbɔɖi ma ta.
Dɔwɔwɔ le Betel
Mewɔ gakɔntadzikpɔdɔ, agbalẽŋlɔdɔ, kple nutome gakɔntametotodɔ ƒe aɖewo. Le ƒe 1928 me la, amesi nɔ Habɔbɔa ƒe gakɔntawo dzi kpɔm dze dɔ eye wòva hiã be wòadzo le Betel. Esi menya dɔ ma wɔwɔ ta la, wona meva xɔ ɖe eteƒe. Medze Betel-dɔ wɔwɔ gɔme le June 1928 me. Ne míeli ɣeaɖewoɣi la, Nɔviŋutsu Dey vaa mía gbɔ eye wòva toa nye akɔntawo me. Míaƒe Betel-ƒomea hã xɔa ŋgɔ le dutoƒo gbeƒãɖeɖedɔa me le Oslo, afisi hame ɖeka ko nɔ ɣemaɣi.
Mía dometɔ aɖewo míekpena ɖe subɔla si kpɔa Betel ƒe agbalẽɖoɖaƒea dzi si nye Nɔviŋutsu Sakshammer ŋu míedea The Golden Age (si nye Nyɔ! fifia) nu me heɖonɛ ɖa. Nɔviŋutsu Simonsen kple Gunberg wonye amesiwo kpena ɖe mía ŋu la dometɔ aɖewo. Dzi dzɔa mí, eye zi geɖe míedzia ha ne míele dɔa wɔm.
Kaka Ðe Fiaɖuƒe Mɔkpɔkpɔa Dzi
Míeva se egɔme le ƒe 1935 me be “ameha gã” la menye dziƒoyilawo ƒe hatsotso evelia aɖeke o. Míeva kpɔe be hatsotso si atsi agbe le xaxa gã la me eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woanɔ agbe tegbee le Paradisonyigba dzi boŋue wònye. (Nyaɖeɖefia 7:9-14) Le gɔmesese yeye sia ta la, amesiwo ɖua Ŋkuɖodzi ƒe kpɔɖeŋunuawo la dometɔ aɖewo kpɔe be anyigba dzi mɔkpɔkpɔe le yewo si, eye wodzudzɔ eɖuɖu.
Togbɔ be nyemekea ɖi dziƒo mɔkpɔkpɔ si le asinye o hã la, mebua tame zi geɖe be, ‘Nukatae Mawu hiã nam?’ Mesusu be nyemedze na mɔnukpɔkpɔ gã ma o. Esi menye nyɔnu ame ɖagbi si ŋu kpena ta la, ne meɖo ŋku edzi be manye fia aɖu dzi kple Kristo le dziƒo la, ekpea lãme nam. (Timoteo II, 2:11, 12; Nyaɖeɖefia 5:10) Gake megadea ŋugble le apostolo Paulo ƒe nya siawo ŋu be, “menye ŋusẽtɔ geɖewo” woyɔ o, ke boŋ “Mawu tia xexeame gbɔdzɔgbɔdzɔnuwo, bene wòado ŋukpe nu sesẽwo.”—Korintotɔwo I, 1:26, 27.
Dɔwɔwɔ le Xexemeʋa II Wɔɣi
Germany-srafowo va dze Norway dzi le April 9, 1940 dzi, eye medidi o wova xɔ dukɔa. Le aʋa la ta la, ame geɖe va nɔ Fiaɖuƒe gbedasia sem. Tso October 1940 va ɖo June 1941 me la, míena agbalẽ gã kple sueawo wu 272,000. Efia be le ɣleti asieke mawo me la, Ðasefo 470 kple edzivɔ siwo nɔ Norway la dometɔ ɖesiaɖe na agbalẽ gã kple sueawo wòwu 570 le mamã dedie nu!
Le July 8, 1941 dzi la, Adzamekpovitɔwo yi dzikpɔla zimenɔla ɖesiaɖe gbɔ eye wogblɔ na wo be ne womedzudzɔ gbeƒãɖeɖedɔa o la, woakplɔ wo ayi fuwɔamesaɖawo me. Germany-kpovitɔ atɔ̃ va Betel eye wova xɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe nunɔamesi geɖe. Wokplɔ Betel-ƒomea me tɔwo dzoe ɖabia gbe wo, gake womede mía dometɔ aɖeke gaxɔ me o. Mlɔeba le July 21, 1941 dzi la, woxɔ Habɔbɔa ƒe xɔ si le Inkognitogaten 28 B, eye woxe mɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu. Metrɔ yi Kopervik eye medi dɔ be matsɔ akpɔ ɖokuinye dzii.
Papa nɔ mɔɖeɖedɔa wɔm ɣemaɣi. Gbeɖeka Nazitɔwo va ka Papa ƒe aƒeme. Wolɔ eƒe agbalẽwo katã, hekpe ɖe eƒe Bibliawo kple Bibliamekugbalẽwo ŋu dzoe. Gbɔgbɔmenuɖuɖu sue aɖe koe míexɔna le ɣeyiɣi sia me. Bene míakpɔtɔ asẽ ŋu le gbɔgbɔ me la, míegbugbɔ xlẽa agbalẽ xoxowo abe esi nye Government ene zi gbɔ zi geɖe, eye míenɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi.
Nublanuitɔe la, mamã ɖo nɔviawo dome le teƒe geɖe. Wo dometɔ aɖewo susu be ele be míaɖe gbeƒã le gaglãgbe eye míayi tso aƒeme yi aƒeme eye ame bubuwo hã susu be ele be míawɔ dɔa le adzame geɖe wu, aƒo nu na amewo to mɔ bubuwo nu. Eyata nɔviŋutsu ŋgɔxɔla siwo wɔa nu aduadu nyuie tsã eye míelɔ̃ wo vevie la megadoa nu wo nɔewo ŋu o. Mamã si ɖo wo dome la gbã dzi nam wu nya bubu ɖesiaɖe le nye Ðasefonyenye me.
Dzo Yeye Tsɔtsɔ Wɔ Dɔe le Aʋa Megbe
Le aʋa la megbe le ƒe 1945 ƒe dzomeŋɔli la, Nɔviŋutsu Dey va Norway eye wòwɔ kpekpewo le Oslo, Skien, kple Bergen. Eɖe kuku na nɔviawo be woalé nɔvisi eye wòbia tso amesiwo katã dii nenema si be woatsi tre. Wo katã wotsi tre! Nathan H. Knorr, si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi ɖi tsa va eye wokpɔ masɔmasɔa gbɔ keŋkeŋ le December 1945 me.
Le ɣemaɣi me le July 17, 1945 dzi la, mexɔ telegram tso alɔdzea dzikpɔla, Nɔviŋutsu Enok Öman gbɔ, si bia be: ‘Ɣekaɣie nàtrɔ ava Betel?’ Ame aɖewo gblɔ be manɔ aƒeme bene makpɔ fofonye si xɔ ƒe 70 kple edzivɔ ɣemaɣi la dzi. Gake Papa de dzi ƒo nam be magadze Betel-dɔ gɔme, eye megadze egɔme. Le ƒe 1946 me la, Marvin F. Anderson, si nye nɔviŋutsu tso United States la va zu míaƒe alɔdzedɔwɔƒea dzikpɔla, eye wogava wɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu.
Metrɔna yia Kopervik le dzomeŋɔli mɔkekewo me ɖakpɔa nye ƒometɔwo ɖa. Nɔvinyeŋutsu eve kple ƒenye eve meva zu Ðasefowo o, gake wodoa vivi ɖe mía kple Papa ŋu. Fonye ɖeka va zu melidzeƒedzikpɔla kple melikulagã, eye eyometɔ zu nufiala. Togbɔ be alɔme menɔ asinye o hã la, Papa gblɔna na wo be: “Ottilie nye kesinɔtɔ wu mi.” Eye nyateƒee hã! Nusiwo su wo si mede gbɔgbɔmekesinɔnu siwo le asinye la nu o! Papa tsi xɔ ƒe 78 hafi ku le ƒe 1951 me. Dada ku le ƒe 1928 me.
Nu vevi aɖe si dzɔ le nye agbe mee nye Yehowa ƒe amewo ƒe dukɔwo dome takpekpe si mede le New York City le ƒe 1953 me. Gbeƒãɖela siwo nɔ xexeame katã ƒe xexlẽme gbɔ 500,000 ŋu le ƒe ma me, eye ame 165,000 kple edzivɔe de takpekpea! Do ŋgɔ na ƒe 1953 me takpekpea la, mewɔ dɔ kwasiɖa ɖeka le Brooklyn Betel, si nye Yehowa ƒe anyigba dzi habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã.
Tɔnye Sinua Wɔwɔ
Le ƒe siawo me la, tasi wɔe be nyemegakpɔa nu nyuie o. Gaŋkui si me atike sɔ gbɔ ɖo kple nukpɔhuhɔ̃e ye mezãna hafi gate ŋu kpɔa nuŋɔŋlɔ gãgãwo vie. Eye nɔvinyɔnu Kristotɔwo vaa gbɔnye va xlẽa nu nam zi eve le kwasiɖa me, eye meda akpe ɖe eta ŋutɔ.
Nye gbeƒãɖeɖedɔ wɔwɔ hã dzi ɖe kpɔtɔ. Le dzomeŋɔli la, nɔvinyɔnu Kristotɔwo kɔam ɖe nye bunɔkeke me yia afisi mate ŋu aɖe gbeƒã le. Meɖoa magazinewo kple agbalẽ gbadzawo ɖa to posu me wòyina na sukuwo le Kopervik, abe gɔmedzesuku si mede anɔ ƒe 100 kloe enye esia ene. Enye dzidzɔ nam be megate ŋu dea gbeadzi ɣleti sia ɣleti.
Ede dzinye ŋutɔ be nuɖuxɔ kple Fiaɖuƒe Akpata kpakple xɔ si me mele la katã le dzisasrã ɖeka dzi le Betel, si le Ytre Enebakk le Oslo godo tso ƒe 1983 me ke. Eyata mete ŋu zãa atizɔti dea ŋdi tadeaguƒe, nuɖuƒe, kple míaƒe kpekpewoe. Enye dzidzɔ nam hã be megate ŋu dea takpekpe gãwo kple suewo. Edzɔa dzi nam ne medo go nɔvi siwo menya ɣeyiɣi didi aɖe kpakple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu yeyewo kple ɖevi nyui geɖe.
Xɔse Me Léle Ðe Asi Vaseɖe Nuwuwu
Yayra wònye be mele gbɔgbɔmeme dɔsesẽwɔla nyuiwo dome le Betel afisia. Amesiwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ nɔ sɔŋ ye nɔ Betel-ƒomea me esime medze Betel-dɔ wɔwɔ gɔme. (Filipitɔwo 3:14) Fifia, ne woɖem le eme la, amesiame si le Betel la le mɔ kpɔm na agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi.
Nyateƒee, míesusu gbã be Yehowa aɖe afɔ xoxoxo va yi. Gake edzɔ dzi nam be ameha gã la gale dzidzim ɖe edzi ɖaa. Dzidziɖedzi ka gbegbee nye si teƒe kpɔm mele! Gbeƒãɖelawo ade 5,000 le xexeame godoo esime mede gbeadzi zi gbãtɔ. Fifia la, wosɔ gbɔ wu 5,400,000! Le nyateƒe me la, mekpɔ eteƒe “ame suewo [zu] akpe, eye ame ʋeewo [zu] dukɔ sesẽ.” (Yesaya 60:22) Ehiã be míayi edzi anɔ mɔ kpɔm na Yehowa, abe alesi nyagblɔɖila Xabakuk ŋlɔe ene be: “Ke ne etsi megbe la, kpɔ esinu; elabena ele vava ge kokoko.”—Xabakuk 2:3.