Wole Ame Sia Ame Kpem!
NA NU ka? Wole ame sia ame kpem be wòava ɖi tsa le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe siwo woyɔna be Betel. Dɔwɔƒe siawo 118 sɔŋ ye li, le dukɔ vovovowo me, le xexea me godoo. Zi geɖe la, ame siwo yi ɖaɖi tsa le Betel la ɖea ale si wokpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo yia edzi le afi ma ŋu la gblɔna tso dzi blibo me.
Esi ɖekakpui aɖe si nɔ Biblia srɔ̃m la yi ɖaɖi tsa le alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico eye wòkpɔ ale si dɔ sesẽ wɔla geɖewo nɔ Yehowa subɔm dzidzɔtɔe le afi ma la, ewɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe wòbia be: “Nu kae wòle be mawɔ be nye hã manɔ afi sia?” Wogblɔ nɛ be: “Gbã la, ele be nàxɔ nyɔnyrɔ. Eyome, anyo be nànye mɔɖela—si fia be, nànye ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖela.” Ðekakpuia wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoawo dzi, eye ƒe eve megbe la, wokpee be wòava wɔ dɔ le Betel si le Mexico, eye ele subɔsubɔm le afi ma ƒe 20 sɔŋ ye nye esia.
Nu Kawoe Yia Edzi Le Betel?
Le Hebrigbe me la, nya “Betel” fia “Mawu ƒe Aƒe.” (1 Mose 28:17, 19) Le alɔdzedɔwɔƒe vovovoawo la, wotaa Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo heɖoa wo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo wu 100,000 siwo le xexea me godoo, eye dɔwɔla siwo le afi ma la kpɔa hameawo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. Betel dɔwɔla 20,000 kloe siwo le dɔwɔƒe siawo—nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa, siwo tso teƒe vovovowo eye woƒe agbe me nuteƒekpɔkpɔwo le vovovo la—zãa woƒe ɣeyiɣi katã tsɔ subɔa Yehowa kple woƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ɖokuitɔmadimaditɔe. Ame siwo wɔ Kristotɔwo ƒe dɔ sia ƒe geɖe la wɔa dɔ aduadu kple sɔhɛ siwo ŋu ŋusẽ le. Le fiẽsiwo kple kwasiɖanuwuwuwo la, Betel ƒomea me tɔwo wɔa ɖeka kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo te ɖe wo ŋu la le kpekpewo me, eye wokpɔa gome kpli wo le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa hã me. Wozãa woƒe vovoɣiwo hã tsɔ srɔ̃a Biblia, tsɔ ɖea modzaka, alo tsɔ kpɔa woawo ŋutɔwo ƒe nuhiahiã bubuwo gbɔ.
Betel ƒomea me tɔwo xɔa gakpekpeɖeŋu sue aɖe ɣleti sia ɣleti. Woɖua nuɖuɖu vivi siwo me nunyiame le, eye xɔdɔme siwo le dzadzɛ, siwo me ame ƒe dzi dzea eme le la le wo si. Wometua Betel ƒewo wonɔa kpeɖii o. Ke hã, wosɔna nyuie ɖe taɖodzinu si ta wotu wo ɖo la nu. Menye ale si woléa be na xɔawo kple aƒea me kpakple ale si dɔwo yia edzi ɖe ɖoɖo nu la koe wɔa dɔ ɖe tsaɖilawo dzi o, ke dɔmenyonyo kple ɖekawɔwɔ ƒe gbɔgbɔ si ɖea dzesi le Betel dɔwɔlawo ŋu hã wɔa dɔ ɖe wo dzi. Ame sia ame wɔa dɔ veviedodotɔe, ke hã, ame aɖeke ƒe ŋku mebiãna ɖe dɔ ŋu ale gbegbe be wòdoa kpo vividodo ɖe ame ŋu o. Le Betel la, womedea vovototo amewo me o, eye ame aɖeke mesena le eɖokui me be yenyo wu ye nɔvi le dɔ si wɔm yele ta o. Dɔ ɖe sia ɖe le vevie, eɖanye xɔmedzadzraɖo, beléle na seƒoƒowo, nuɖaɖa, alo dɔwɔwɔ le agbalẽtaƒe alo ɔfis o. Betel dɔwɔlawo katã wɔa dɔ aduadua tsɔ kpea asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu.—Kol. 3:23.
Míaɖe Betel Dɔwɔla Aɖewo Afia Wò
Na míadze si ƒome sia si me tɔwo tso dukɔ vovovowo me la dometɔ aɖewo. Nu kae ʋã wo be woava subɔ le Betel? Bu Mario ƒe nɔnɔmea ŋu kpɔ. Hafi Mario nava zu Yehowa Ðasefo la, enɔ dɔ aɖe si me ga geɖe le la wɔm le Germany ƒe ʋuwɔƒe xɔŋkɔ aɖe eye mɔkpɔkpɔ li be woadoe ɖe ŋgɔ. Ɣeyiɣi kpui aɖe le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, etsɔ eɖokui na be yeayi aɖawɔ dɔ le Betel si le woƒe dukɔa me la kwasiɖa ɖeka. Wona wòwɔ dɔ le agbalẽtaƒea. Mario te ŋu kpɔ vovototo gã aɖe le ame siwo wòwɔ dɔ kpli le Betel la kpakple eƒe dɔwɔhati siwo le woƒe dɔwɔƒea la dome. Esia wɔe be wòkpe agbalẽ ɖo be yeawɔ dɔ le Betel ɣeyiɣiawo katã. Togbɔ be esesẽ na Mario ƒe ƒometɔwo kple eƒe dɔwɔhatiwo be woase nyametsotso si wòwɔ la gɔme hã la, ele subɔsubɔm le Betel le Germany dzidzɔtɔe fifia.
Ame geɖe tea dɔwɔwɔ le Betel evɔ womede suku tɔxɛ aɖeke o eye dɔwɔɖaŋu gobi aɖeke hã menɔa wo si o. Esia nye nyateƒe le Abel, si le subɔsubɔm le Betel le Mexico ƒe 15 ye nye esia la, gome. Egblɔ be: “Betel le abe suku ŋutɔŋutɔ ene nam. Mesrɔ̃ agbalẽtamɔ̃ deŋgɔwo zazã. Menya be mate ŋu azã aɖaŋu sia si su asinye la le dɔwɔƒe bubuwo eye makpɔ ga geɖe, ke hã, yayra siwo kpɔm mele le afi sia masu asinye o. Le afi sia la, nye tome fa, nye dzi dze eme, eye dzimaɖeɖi kple hoʋiʋli si nɔa adzɔha geɖewo me la meli o. Mekpɔe be hehe nyuitɔ kekeakee mexɔ. Hehe sia kpe ɖe ŋunye mewɔ ŋgɔyiyi le Mawu subɔsubɔ kple nunyanya siaa gome. Yayra siawo ƒomevi mate ŋu asu asinye le yunivɛsiti nyuitɔ kekeake gɔ̃ hã dede me o.”
Tsaɖiɖi Le Betel Ate Ŋu Atu Ame Ðo Le Gbɔgbɔ Me
Tsaɖiɖi le Betel ɖeɖe dzaa ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe ame ƒe gbɔgbɔmemenyenye dzi. Aleae wòdzɔ le Omar si le Mexico la gome. Dadaa fia nyateƒe siwo le Biblia me lae. Gake esi Omar xɔ ƒe 17 la, edzudzɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede eye wòdzudzɔ gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa hã me. Mlɔeba la, nu gbegblẽ wɔwɔ kple kesinɔnuwo didi vivivo ƒe mɔ̃ ɖee. Emegbe esime Omar nɔ dɔ wɔm le adzɔha aɖe me la, dɔwɔƒea dɔ woa kple eƒe dɔwɔhati aɖewo be woayi Betel si le Mexico aɖatsɔ mɔ̃ aɖe afia dɔwɔlawo le afi ma. Omar gblɔ be: “Esi míetsɔ mɔ̃a fia wo vɔ la, ame siwo xɔ mí la kplɔ mí tsa le Betel-ƒea me. Nu siwo mekpɔ kple ale si wowɔ nu ɖe ŋunye la ʋãm mede ŋugble le agbe si ƒomevi nɔm mele hete ɖa le Yehowa ŋu la ŋu. Enumake megadze kpekpewo dede kple Biblia sɔsrɔ̃ gɔme ake. Ɣleti ade le Betel la yiyi megbe la, mexɔ nyɔnyrɔ. Meda akpe na Yehowa ɖe ale si tsaɖiɖi le Betel tum ɖo le gbɔgbɔ me la ta.”
Wonyi Masahiko, si le Japan, hã le Ðasefowo ƒe ƒome me. Ke hã, eva nɔ susum be ale si Kristotɔwo nɔa agbee la le kpaɖii akpa. Eya ta eva ƒo eɖokui ɖe suku wɔna bubuwo me vĩi eye wòdzudzɔ kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me. Masahiko gblɔ be: “Gbe ɖeka la, míaƒe ƒomea kple mía xɔlɔ̃ Kristotɔ ʋɛ aɖewo ɖoe be yewoayi Betel aɖaɖi tsa le afi ma. Esi nye ƒometɔwo ƒoe ɖe nunye ta la, melɔ̃ be mayi kpli wo. Tsaɖiɖi le Betel de dzi ƒo nam ale gbegbe. Nyemese vivi si gbegbe mese le hadede kple Kristotɔ bubuwo me le tsaɖiɖi sia me la tɔgbi le hadede kple xɔ̃nye siwo menye Ðasefowo o la me kpɔ o. Esia wɔe be medi vevie be manɔ agbe abe Kristotɔ ene, eye mebia be woasrɔ̃ Biblia kplim.” Fifia Masahiko nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla le woƒe hamea me.
Ðasefo aɖe ʋu tso France yi Moscow be yeaɖawɔ dɔ. Le afi ma la, mete ŋu yi edzi de ha kple Yehowa ƒe amewo o, eye wògbɔdzɔ le gbɔgbɔ me. Eva ƒo eɖokui ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ me, eye mlɔeba eɖe ŋutsu aɖe si menye Ðasefo o. Emegbe nɔvinyɔnu aɖe tso France yi ɖasrãe kpɔ, eye woa kplii woyi ɖaɖi tsa le Betel-ƒe si le St. Petersburg, le Russia. Eŋlɔ bena: “Esi míeyi Betel la, woxɔ mí vividoɖeameŋutɔe, eye esia wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Ŋutifafa tɔxɛ aɖe nɔ afi ma. Mese le ɖokuinye me be Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dɔ wɔm le afi ma. Nu ka gɔ̃e dɔm mewɔ vodada sia hedzudzɔ hadede kple Yehowa ƒe habɔbɔa? Le nye tsaɖiɖi le Betel megbe la, medo gbe ɖa bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu, eye megatsɔ dzo yeye dze Biblia fiafia vinyewo gɔme ake.” Tsɔ kpe ɖe gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu bubu si woanya na Ðasefo sia si gbɔdzɔ ɣemaɣi ŋu la, eƒe tsaɖiɖi le Betel la do ŋusẽe ale gbegbe eye wòwɔ ŋgɔyiyi nyuiwo.
Ke dɔ kae tsaɖiɖi le Betel ate ŋu awɔ ɖe ame siwo menya Yehowa Ðasefowo nyuie o la dzi? Le ƒe 1988 me la, Alberto, si ƒo eɖokui ɖe dunyahehe me vevie la yi ɖaɖi tsa le Betel le Brazil. Ale si gbegbe teƒea le dzadzɛe, ale si wowɔa nuwo ɖe ɖoɖo nu, eye vevietɔ, ale si woɖe dɔ siwo wowɔna le afi ma la me nɛ faa nanekemaɣlamaɣlae la wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Alberto ƒe tsaɖiɖi le Betel la, eɖi tsa yi osɔfosuku si eƒe nyo nɔ subɔsubɔm le abe nunɔla ene la. Alberto de dzesi vovototo gã aɖe. Egblɔ be: “Nu sia nu si wowɔna le osɔfosukua la le ɣaɣla.” Le eƒe tsaɖiɖi le Betel megbe kpuie la, elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, edzudzɔ dunyahehe, eye fifia ele subɔsubɔm abe hamemetsitsi ene.
Va Nàva Ði Tsa Le Betel!
Ame geɖewo dze agbagba etɔxɛe hafi te ŋu yi ɖaɖi tsa le alɔdzedɔwɔƒe si le woƒe dukɔa me. Le kpɔɖeŋu me, le Brazil la, Paulo kple Eugenia dzra ga ɖo ƒe ene sɔŋ hafi te ŋu xe kilometa 3,000 ƒe ʋuɖofe yi ɖaɖi tsa le Betel si le woƒe dukɔa me. Wogblɔ be: “Agbagba si míedze la menye dzodzro o. Fifia míese ale si Yehowa ƒe habɔbɔa wɔa dɔe la gɔme nyuie wu. Ne míeɖe dɔ siwo wowɔna le Betel la me na míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo la, ɣeaɖewoɣi la, wobiaa mí be, ‘Miede afi ma kpɔa?’ Fifia míate ŋu aɖo eŋu be ɛ̃.”
Ðe alɔdzedɔwɔƒe kple Betel-ƒe aɖe le miaƒe dukɔa alo dukɔ aɖe si te ɖe mia ŋu la mea? Míele dzi dem ƒo na wò be nàyi aɖaɖi tsa le afi ma. Woaxɔ wò vividoɖeameŋutɔe godoo, eye àkpɔ gbɔgbɔmeviɖe geɖe ne èyi ɖaɖi tsa le Betel.
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Mario
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Abel
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Germany
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Japan
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Brazil