INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 11/1 axa 23-25
  • Kpɔ Nyuie le “Epikurotɔwo” Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Nyuie le “Epikurotɔwo” Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amekawoe Epikurotɔwo Nye?
  • Ðe Wòsɔ Kple Kristotɔnyenyea?
  • Epikurotɔnyenye ƒe Gbegblẽaƒe
  • Afɔku si Medzena Gaglã O
  • Ðe Epikurotɔnyenye Li Egbea?
  • “Woadi Mawu, . . . Ne Woake Ðe Eŋu”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Ànɔ Agbe na Egbe Ko loo alo na Etsɔme Mavɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • “Woafɔ Ame Kukuwo Ðe Tsitre”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Ameƒomea Ƒe Didi Be Yeadze Mawu Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 11/1 axa 23-25

Kpɔ Nyuie le “Epikurotɔwo” Ŋu

“Ame nyui aɖee wònye lo! Enɔa agbe ɖe dzidzenu kɔkɔwo nu. Menoa atama, zãa atike vɔ̃ɖiwo, alo gblɔa nya ƒaƒãwo o. Le nyateƒe me la, enyo wu amesiwo be Kristotɔwoe yewonye la dometɔ aɖewo!”

ÈSE ame aɖewo gblɔ nya mawo tsɔ ʋli wo ɖokui tae esi wova dze xɔ̃ manyomanyo aɖewoa? Ðe wòsɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nua? Kristo-hame gbãtɔ aɖe me kpɔɖeŋu aɖe kɔ nya sia me.

Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Korinto hamea le ƒe alafa gbãtɔa me be: “Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” Ðewohĩ Kristotɔ aɖewo nɔ ha dem kplikplikpli kple ame aɖewo siwo Helatɔwo ƒe xexemenunya xɔ susu na, amesiwo dometɔ aɖewo nye Epikurotɔwo. Amekawoe Epikurotɔwo nye? Nukatae woate ŋu azu afɔku na Kristotɔ siwo nɔ Korinto le gbɔgbɔ me? Ðe ame aɖewo li egbea siwo le abe woawo ene, siwo ŋu wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖoa?—Korintotɔwo I, 15:33.

Amekawoe Epikurotɔwo Nye?

Epikurotɔwo nye Hela-xexemenunyafiala Epikuro si nɔ agbe tso ƒe 341 va ɖo 270 D.M.Ŋ. la yomedzelawo. Efia nu be agbeɖuɖue nye nu nyuitɔ kekeake alo be eyae nye nu vevitɔ le agbe me. Ðe esia fia be Epikurotɔwo wɔa ŋukpenanuwo sedzimawɔmawɔtɔe, eye wowɔa nu ɖigbɔwo enuenu le vivisese ta? Ewɔ nuku be Epikuro mefia eyomedzelawo be woanɔ agbe nenema o! Ke boŋ efia be ne wotsɔ ŋuɖɔɖɔɖo, dzideƒo, ɖokuidziɖuɖu, kple nudzɔdzɔewɔwɔ nɔ agbee ko hafi woaɖu agbe nyuie. Mede dzi ƒo be woaɖu agbe fifi laa ko enu nayi o, ke boŋ be woadi agbeɖuɖu si nɔa anyi ɖaa le agbe me. Eyata adze abe ɖe Epikurotɔwo nye ame nyuiwo ene ne wotsɔ wo sɔ kple amesiwo tsɔ nuvɔ̃ gã wɔwɔ ɖo dɔe.—Tsɔe sɔ kple Tito 1:12.

Ðe Wòsɔ Kple Kristotɔnyenyea?

Ne ɖe wò hã ènɔ blema Korinto hamea me la, ɖe Epikurotɔwo ƒe nu adze ŋuwòa? Ame aɖewo anya bui be Epikurotɔwo nye ame nyui siwo Kristotɔwo ate ŋu ade ha kplii le esi wòdze abe woƒe agbenɔnɔ ŋuti dzidzenuwo kɔkɔ ta ene. Ne Korintotɔawo gabui yi ŋgɔ la, ɖewohĩ woakpɔe be edze abe ɖe Epikurotɔwo ƒe dzidzenuwo sɔ kple esiwo le Mawu ƒe Nya la me ene.

Le kpɔɖeŋu me, Epikurotɔwo ɖɔa ŋu ɖo le aglotutu me. Wobua susumevivisese nu vevii wu ŋutilãmevivisese. Nusi ame aɖu la mele vevie de ƒomedodo si le amesi woɖu nua kplii dome nu o. Epikurotɔwo meƒoa wo ɖokui ɖe dunyahehe me o eye womewɔa nuvɔ̃ tsɔ ɣlana gɔ̃ hã o. Aleke wòle bɔbɔe enye si be woabu be: “Wosɔ kple mí ale gbegbe!”

Gake ɖe Epikurotɔawo sɔ kple Kristotɔ gbãtɔawo nyateƒea? Kura o. Amesiwo mlã woƒe susu nyuie wòte ŋu dea dzesi nu la akpɔ vovototo ɖedzesi aɖewo. (Hebritɔwo 5:14) Àte ŋuia? Mina míagbugbɔ alé ŋku ɖe Epikuro ƒe nufiafiawo ŋu nyuie.

Epikurotɔnyenye ƒe Gbegblẽaƒe

Bene Epikuro nakpe ɖe amewo ŋu woagavɔ̃ na mawuwo kple ku o la, efia nu be mawuawo metsɔ ɖeke le eme na ameƒomea o eye womedea nu amegbetɔwo ƒe nyawo me o. Le Epikuro ƒe nya nu la, menye mawuawoe wɔ xexeame o, eye be agbe ɖe wòdzɔ kpoyi ko. Ðe nya sia metsi tre ɖe nusi Biblia fia be “Mawu ɖeka,” si nye Wɔla la li, eye be eléa be na amegbetɔ siwo wòwɔ la ŋu oa?—Korintotɔwo I, 8:6; Efesotɔwo 4:6; Petro I, 5:6, 7.

Epikuro fia nu hã be agbenɔnɔ aɖeke mate ŋu anɔ anyi le ku megbe o. Gake nya sia tsi tre ɖe nusi Biblia fia le tsitretsitsi ŋu la ŋuti. Le nyateƒe me esime apostolo Paulo ƒo nu le Areopago la, anɔ eme be Epikurotɔwo hã nɔ amesiwo ke ɖi Paulo le tsitretsitsi nufiafiaa ŋu la dome.—Dɔwɔwɔwo 17:18, 31, 32; Korintotɔwo I, 15:12-14.

Anɔ eme be Epikuro ƒe xexemenunyafiafia ƒe akpa si vloe wu ɖesiaɖe hãe flua ame wu. Alesi wòsẽ nu be agbe aɖeke megale ku megbe o lae na wòƒo nya ta be ele na amegbetɔ be wòakpɔ dzidzɔ alesi gbegbe wòate ŋui le eƒe anyigbadzigbenɔnɔ kpui la me. Abe alesi míekpɔe va yi ene la, menye eƒe susue nye be woanɔ agbe vɔ̃ɖi o, ke boŋ be woase vivi le fifigbenɔnɔ me, elabena míaƒe agbea katã koe nye esia.

Eyata Epikuro tsri be woawɔ nuvɔ̃ atsɔ aɣla ava nɔ vɔvɔ̃m be woalé ye, eye nu ma ate ŋu agblẽ fifi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ me godoo. Ede dzi ƒo be woaɖɔ ŋu ɖo bene woaƒo asa na nusiwo dona tsoa nugbɔmewɔwɔ si hã gblẽa fifi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ me la me. Ede dzi ƒo hã be ame kple ehavi dome nanyo elabena ne ameawo hã kpɔ egbɔ be yewo dome nyo la, eɖea vi. Ele eme baa be ne womewɔa nuvɔ̃ tsɔ ɣlana o, woɖɔa ŋu ɖo, eye wodzea xɔlɔ̃ nyuiwo la, wonye nuwɔna nyuiwo. Ke nukata Epikuro ƒe xexemenunyafiafia nye afɔku na Kristotɔwo? Elabena eƒe xɔsemanɔsi ɖe etsɔme mɔkpɔkpɔ ŋu dzie wòtu eƒe aɖaŋuɖoɖoa ɖo be: “Minɛ míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge!”—Korintotɔwo I, 15:32.

Ele eme be Biblia fia alesi woanɔ agbe akpɔ dzidzɔ fifi laa la amewo. Gake eɖo aɖaŋu be: “Midzra mia ɖokui ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me, anɔ lalam na mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ la hena agbe mavɔ.” (Yuda 21) Ẽ, Biblia te gbe ɖe etsɔme mavɔ dzi wu, ke menye egbe si va yina kaba la dzi o. Le Kristotɔ gome la, Mawu subɔsubɔe nye nu vevitɔ, eye ekpɔnɛ be yekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme ne yetsɔ Mawu ɖo nɔƒe gbãtɔ. Nenema ke Yesu hã, le esi teƒe be wòavu ɖe eya ŋutɔ ƒe nudidiwo ŋu la, ezã eƒe ŋusẽ ɖokuitɔmadimaditɔe tsɔ subɔ Yehowa eye wòkpe ɖe amewo ŋu. Efia eƒe nusrɔ̃lawo be lɔlɔ̃ vavãtɔ naʋã wo woawɔ nyui na ame bubuwo, ke menye kple susu be woava ɖo eteƒe na yewo o. Edze ƒã be Epikurotɔnyenye kple Kristotɔnyenye ƒe nukpɔsusuwo to vovo kura tso wo nɔewo gbɔ.—Marko 12:28-31; Luka 6:32-36; Galatiatɔwo 5:14; Filipitɔwo 2:2-4.

Afɔku si Medzena Gaglã O

Nu wɔmoyaa aɖee nye be, togbɔ be Epikurotɔwo tea gbe ɖe dzidzɔkpɔkpɔ dzi nenema gbegbe hã la, woawoe mekpɔa dzidzɔ boo o. Esi ‘Yehowa ƒe dzidzɔkpɔkpɔ’ mele Epikuro si o ta la, eyɔ agbe be enye “nunana vevee” aɖe. (Nexemya 8:10) Aleke gbegbe Kristotɔ gbãtɔwo ya kpɔa dzidzɔ wu woe nye si! Yesu menɔ gbɔgblɔm be woate nanewo ame ɖokui agbe dzidzɔkpɔkpɔ le agbe me o. Le nyateƒe me la, agbe nɔnɔ abe alesi wònɔe ene lae kplɔa ame yia dzidzɔkpɔkpɔ gãtɔ gbɔe.—Mateo 5:3-12.

Ne Korinto-hamea me tɔ aɖewo susu be yewoate ŋu abɔ ha kple amesiwo nɔa agbe ɖe Epikuro ƒe nufiafia nu evɔ yewoƒe xɔse maɖo afɔku me o la, ke woda ƒu. Esime Paulo ŋlɔ eƒe lɛta gbãtɔ ɖo ɖe Korintotɔwo la, wo dometɔ aɖewo megaxɔ tsitretsitsia dzi se o xoxo.—Korintotɔwo I, 15:12-19.

Ðe Epikurotɔnyenye Li Egbea?

Togbɔ be Epikurotɔnyenye megava nɔ anyi tso ƒe alafa enelia M.Ŋ. me o hã la, ame aɖewo li egbe siwo susu be agbea katã koe nye sia. Amesiawo mexɔ agbe mavɔ si ƒe ŋugbe Mawu do la dzi se boo o alo womexɔe se kura koŋ o. Ke hã wo dometɔ aɖewo nɔa agbe ɖe dzidzenu kɔkɔwo nu wu ame aɖewo.

Ðewohĩ adzro Kristotɔ aɖe be yeade ha kplikplikpli kple nenem me siawo, ɖewohĩ kple susu be esɔ be woadze xɔlɔ̃ wo le woƒe nɔnɔme ɖɔʋuwo ta. Gake togbɔ be menye ɖe míebu be míenyo wu o hã la, ele be wòanɔ susu me na mí be “habɔbɔ vɔ̃wo” katã—kple amesiwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi medzena gaglã o hã—“gblẽa nuwɔna nyuiwo.”

Agbea katã koe nye sia ƒe nukpɔsusua va le dzedzem le asitsatsa numedzrokpekpewo, mɔfiamegbalẽwo, ŋutinyagbalẽwo, sinimawo, television dzi ɖeɖefiawo, kple haƒoƒo aɖewo me vivivi. Togbɔ be xɔsemanɔamesi ƒe nukpɔsusu sia medea nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe dzi ƒo tẽ o hã la, ɖe wòate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi le aye mea? Le kpɔɖeŋu me, ɖe nusiwo míete ŋu le wɔwɔm le mía ɖokui si axɔ susu na mí ale gbegbe be míaŋlɔ Yehowa ƒe dziɖulagãnyenye ƒe nyaʋiʋlia bea? Le esi teƒe be “[míagba] go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me” la, ɖe míaɖe ŋu ɖi ale be ‘míaɖe dzi ɖi bɔkɔɔa?’ Alo ɖe wòaflu mí míava nɔ ɖi kem Yehowa ƒe dzidzenuwo me viɖewo kple woƒe nyonyoa? Ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe ɖokuiƒoƒo ɖe agbegbegblẽnɔnɔ dzeakaɖa, ŋutasesẽ, kple gbɔgbɔyɔyɔ kpakple ɖe amesiwo nɔa agbe ɖe xexeame ƒe nukpɔsusuwo nu hã ŋu!—Korintotɔwo I, 15:58; Kolosetɔwo 2:8.

Eyata mina míade ha vevietɔ kple amesiwo tso dzi blibo me wɔna ɖe Yehowa ƒe mɔfiafia dzi. (Yesaya 48:17) Awɔe be ŋusẽ nagaɖo nɔnɔme nyui siwo le mía si la ŋu. Míaƒe xɔse asẽ ŋu. Menye ɖeko míakpɔ dzidzɔ le agbe me fifia o ke míakpɔ mɔ na agbe mavɔ nɔnɔ le etsɔme hã.—Psalmo 26:4, 5; Lododowo 13:20.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Epikuro fia nu be mawuwo metsɔ ɖeke le eme na ameƒomea o

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Le The British Museum ƒe mɔɖeɖe nu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe