INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 11/15 axa 29-31
  • Onesiforo Akɔfala si Ƒo Dzi Le

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Onesiforo Akɔfala si Ƒo Dzi Le
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Paulo ƒe Gamenɔnɔ Zi Evelia
  • Paulo Gamenɔla la Sasrãkpɔ
  • Nukae Va Dzɔ ɖe Onesiforo Dzi?
  • Mina Míanye Akɔfala Siwo Kuna Ðe Ame Ŋu Goŋgoŋ
  • Di Ŋuɖoɖo Na Nyabiase Siawo
    Ƒe 2024-2025 Nutome Sue Takpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi—Esi Woawɔ Kple Alɔdzedɔwɔƒea Ƒe Amedɔdɔ
  • Mègana Naneke Naɖe Wò Ða Le Yehowa Ŋu O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Paulo Ƒe Hadɔwɔlawo—Amekawoe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • ‘Eɖia Ðase Tsitotsito’
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 11/15 axa 29-31

Onesiforo Akɔfala si Ƒo Dzi Le

“MIÐO ŋku amesiwo wobla la dzi, abe ɖe wobla mi hekpe ɖe wo ŋu ene, kple amesiwo kpe fu la dzi.” (Hebritɔwo 13:3) Esime apostolo Paulo ŋlɔ nya siawo le ƒe 61 M.Ŋ. me lɔƒo la, wode eya ŋutɔ game wu zi ɖeka xoxo eye wogale ede ge game ake hafi wòaku xɔsetaku. (Dɔwɔwɔwo 16:23, 24; 22:24; 23:35; 24:27; Korintotɔwo II, 6:5; Timoteo II, 2:9; Filemon 1) Ehiã vevie ɣemaɣi be hamewo natsi dzi ɖe hati xɔsetɔ siwo le fu kpem le woƒe xɔse ta la nu, abe alesi wòhiã fifia hã ene.

Ƒe alafa gbãtɔ me nusrɔ̃la aɖe si lé fɔ ɖe hiahiã ma ŋu vevie ye nye Onesiforo. Eva srã Paulo kpɔ le eƒe gamenɔnɔ zi evelia le Roma me. Apostolo la ŋlɔ tso eŋu be: “Aƒetɔ la nakpɔ nublanui na Onesiforo ƒe aƒe la; elabena ena nye dzi gbɔ ɖe eme enuenu, eye ŋu mekpenɛ le nye kɔsɔkɔsɔwo ŋuti o; ke boŋ, esime wòva Roma la, edim vevie ŋutɔ, eye wòkpɔm.” (Timoteo II, 1:16, 17) Ènɔ anyi kpɔ bu nusi tututu nya kpui mawo fia ŋu kpɔa? Ne èwɔ esia la, míeka ɖe edzi be adzi wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Onesiforo ŋu ɖe edzi. Àkpɔ be enye akɔfala si ƒo dzi le.

Paulo ƒe Gamenɔnɔ Zi Evelia

Esi woɖe asi le Paulo ŋu le eƒe gamenɔnɔ gbãtɔ me vɔ megbe la, wogadee game le Roma ake gake le nɔnɔme siwo to vovo me. Gbã la, xɔlɔ̃wo te ŋu dea egbɔ le eya ŋutɔ ƒe aƒe si wòhaya me, eye eka ɖe edzi be asiɖeɖe le ye ŋu gogo. Fifia esi ame akpa gãtɔ gblẽe ɖi la, vɔvɔ̃ nɔ anyi be ate ŋu aku xɔsetaku.—Dɔwɔwɔwo 28:30; Timoteo II, 4:6-8, 16; Filemon 22.

Wogade Paulo game ake le ƒe 65 M.Ŋ. me lɔƒo. Anye abe ƒe ɖeka do ŋgɔ ene—le July 64 M.Ŋ. me—la, dzo gã aɖe bi to Roma eye wògblẽ nu geɖe le dugã sia ƒe nuto 14 la dometɔ 10 ŋu. Romatɔ ŋutinyaŋlɔla Tacitus gblɔ be Fiagã Nero mete ŋu “tsi alesi woxɔ se be se aɖe si wòdee na wotɔ dzoa, esi ate ŋu ahe fuɖenamewo vɛ nɛ la nu o. Eyata esi Nero di be yeaɖe nya sia ɖa le amewo ƒe susu me la, ete agɔdzedzea ɖe amewo ƒe hatsotso si wolé fui be wowɔa ŋunyɔnuwo, si amewo yɔna be Kristotɔwo dzi eye wòwɔ funyafunya vɔ̃ɖitɔ kekeake wo. . . . Wowu wo le vlodoamemɔ ƒomevi ɖesiaɖe nu. Wodo lãgbalẽ na wo avuwo vuvu wo woku, alo woklã wo ɖe atitsogawo ŋu, alo wotsɔ wo ƒu gbe ɖe dzobibi me wofia, be woazu akaɖi anɔ keklẽm ne zã do.”

Nɔnɔme sia tɔgbe mee Paulo ge ɖo eye nusiawo tɔgbee ate ŋu adzɔ ɖe edzi esime wogadee game ake. Eyata mewɔ nuku o be ekpɔ ŋudzedze ɖe exɔlɔ̃ Onesiforo ƒe sasrãkpɔwo ŋu ale gbegbe! Gake mina míalé ŋku ɖe nɔnɔme sia ke ŋu le Onesiforo gome.

Paulo Gamenɔla la Sasrãkpɔ

Edze abe Efeso ye Onesiforo ƒe ƒomea nɔ ene. (Timoteo II, 1:18; 4:19) Womegblɔe ne Onesiforo ŋutɔ ƒe nyawo tae wòva fiaɖuƒea ƒe fiadu me ɖo loo alo Paulo sasrãkpɔ koŋ tae o. Eɖanye kae o, apostolo la gblɔ be: ‘Esime Onesiforo va Roma la, ehe akɔfafa vɛ nam enuenu.’ (Timoteo II, 1:16, 17) Akɔfafa ka ƒomevi? Togbɔ be ŋutilãmekpekpeɖeŋu hã ate ŋu anɔ Onesiforo ƒe kpekpeɖeŋua me hã la, edze ƒã be eƒe vava la hã nye akɔfafa si do ŋusẽ Paulo hede dzi ƒo nɛ. Le nyateƒe me, gɔmeɖeɖe aɖewo xlẽ be: “Edo dzidzɔ na nye gbɔgbɔ enuenu,” alo “efa akɔ nam enuenu.”

Enye nu sesẽ ɣemaɣi be woaɖoe ava srã Kristotɔ gamenɔla kpɔ le Roma wòadze edzi. Edze abe ɖe Kristotɔ siwo nɔ Roma meganya afisi woda Paulo ɖo fifia abe alesi wonyae le eƒe gamenɔnɔ zi gbãtɔ me o ene. Le dugã abe Roma ene me la, menye nu bɔbɔe be nàke ɖe gamenɔla si womenya o ŋu le ame gbogbo siwo le game ɖe agɔdzedze vovovowo ta la dome o. Eyata ehiã be woadii vevie. Ale Agbalẽnyala Giovanni Rostagno ƒo nu tso alesi nuwo nɔ ŋui enye esi: “Fukpekpe hamehame anɔ eme. Ƒo wo katã ta la, ŋuɖɔɖɔɖo tɔxɛ hiã le ame didia me. Zazɛ̃nyahela xoxo si wode game ɖe agɔdzedze vovovowo ta la ta biabia se le afii kple afimɛ kple alesi wòadze be wotsi dzi ɖe keke ɖe eŋu ŋuti la ana woabu susu vɔ̃ ɖe ame ŋu dzodzro.”

Agbalẽŋlɔla P. N. Harrison ƒo nu tso nɔnɔme sia ke ŋu eme kɔ nyuie be: “Ewɔ abe ɖe míele ame aɖe si ɖo tame kplikpaa kpɔm le ameha gbogbo siwo va le yiyim dome ene, eye míekplɔ amedzro sia si tso didiƒe ʋĩ ke le Aegea-ƒuta la ɖo, wòle dzedzem to mɔ vovovo siwo menya o dzi, le ʋɔ geɖe ƒom, eye wòadze aflui ɖesiaɖe si wòase yome, togbɔ be wona wònya be afɔku le eme hã egbe be yemagbugbɔ o; kakaka vaseɖe esime le gakpɔ doviviti aɖe me, wòse ame aɖe si wònya ƒe gbe wòdo gbe nɛ, eye wòke ɖe Paulo ŋu wode kɔsɔkɔsɔe tsi ɖe Roma-srafo aɖe ŋu.” Ne afima le abe Roma-gaxɔ bubuwo me ene la, ke ɖewohĩ fafaƒe ƒoɖi doviviti aɖee, afisi kɔsɔkɔsɔwo kple fuwɔame ƒomevi ɖesiaɖe bɔ ɖo.

Afɔku le eme be woade dzesi wò be gamenɔla abe Paulo ene xɔlɔ̃e nènye. Eganye afɔku wu kura be woanɔ esasrãkpɔ dzi. Ame ɖokui ɖeɖefia be Kristotɔe yenye la ate ŋu ana woalé wò awɔ funyafunya wò nàku. Gake medze Onesiforo ŋu be yeava srãe kpɔ zi ɖeka alo zi eve ko o. Mekpe ŋu nɛ alo wòvɔ̃ be yeanɔ esia wɔm “enuenu” o. Le nyateƒe me, Onesiforo nɔ agbe wòsɔ ɖe eƒe ŋkɔa ƒe gɔmeɖeɖe si nye “Viɖehevɛla” la nu vavã esi wònaa kpekpeɖeŋu si me lɔlɔ̃ le dzideƒotɔe togbɔ be afɔku le eme hã.

Nukatae Onesiforo wɔ nusiawo katã? Brian Rapske gblɔ be: “Menye ŋutilãmefukpeƒe koe gaxɔ me nye o, ke enye afisi dzodzodzoetsitsi deto le le nuteɖeamedzi siwo wòhena vɛ na gamenɔla la ta. Le nɔnɔme sia me la, kpekpeɖeŋunalawo ƒe vava kple woƒe dzideƒonyawo ate ŋu ade agbe gamenɔla la me ale gbegbe.” Edze ƒã be Onesiforo nya esia eye wòtsɔ dzideƒo ku ɖe exɔlɔ̃a ŋu goŋgoŋ. Aleke gbegbe esia adze Paulo ŋui enye si!

Nukae Va Dzɔ ɖe Onesiforo Dzi?

Le lɛta evelia sia si Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Timoteo me la, edo gbe na Onesiforo ƒe aƒe eye wògblɔ le eŋu be: ‘Aƒetɔ la neve enu be wòakpɔ nublanuikpɔkpɔ le Yehowa gbɔ le ŋkeke ma dzi.’ (Timoteo II, 1:18; 4:19) Ame geɖe bunɛ be nya siwo nye “le ŋkeke ma dzi” la fia Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke eye eyata wogblɔna be efia be ɖe Onesiforo ku. Ne ele eme nenema la, P. N. Harrison gblɔ be ke ɖewohĩ “Onesiforo de afɔkuteƒe sia ɣeaɖeɣi akpa, eye . . . wòtsi eme ɖe enu.” Ate ŋu anye hã be ɖeko Onesiforo menɔ aƒe ɣemaɣi o, alo Paulo bui de gbedoname siwo wòɖo ɖe eƒe aƒe bliboa la me.

Ame aɖewo bunɛ be gɔmesese tɔxɛ le nyagbɔgblɔ si nye, ‘Aƒetɔ la neve enu be wòakpɔ nublanuikpɔkpɔ le Yehowa gbɔ le ŋkeke ma dzi’ ŋu. Ewɔna na wo be nya siawo fia be esɔ be woado gbe ɖa ɖe luʋɔ siwo do le ame me gake wogale agbe eye ɖewohĩ wole fu kpem le gbɔgbɔmenuto aɖe me la ta. Gake dzixɔse sia tsi tre ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe nufiafia si nye be ame kukuwo meganya naneke o ŋu. (Nyagblɔla 9:5, 10) Nenye be ɖe Onesiforo ku hã la, ke ɖeko Paulo le alesi wòdi be Mawu nekpɔ nublanui nɛ la gblɔm. R. F. Horton gblɔ be: “Esɔ be míadi nusia na amesiame. Gake gbedodoɖa ɖe ame kukuwo ta, kple Misa wɔwɔ na wo mele tame na [apostolo la] kura o.”

Mina Míanye Akɔfala Siwo Kuna Ðe Ame Ŋu Goŋgoŋ

Eɖanye ɖe Onesiforo tsi eme ŋutɔŋutɔ esime wònɔ kpekpem ɖe Paulo ŋu alo metsi eme o la, kakaɖedzi le eŋu be etsɔ eƒe agbe de afɔku me be yeakpɔ apostoloa eye yeasrãe akpɔ le gaxɔ me. Eye ɖikekemanɔmee la, Paulo kpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu kple dzideƒo ma si hiãe ale gbegbe si wòkpɔ tso Onesiforo gbɔ la ŋu.

Ne mía nɔvi Kristotɔwo le fu kpem, wole wo yome tim, alo wode wo game la, ɖewohĩ míate ŋu afa akɔ na wo ahade dzi ƒo na wo. Eyata mina míado gbe ɖa ɖe wo ta eye míawɔ nusianu si míate ŋu awɔ atsɔ kpe ɖe wo ŋu la na wo lɔlɔ̃tɔe. (Yohanes 13:35; Tesalonikatɔwo I, 5:25) Eyata abe Onesiforo ene la, mina míanye akɔfala siwo ƒo dzi le.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Onesiforo tsɔ dzideƒo fa akɔ na apostolo Paulo, amesi wode game

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe