‘Ðe Wò Dzi Me Kɔ Ðe Ŋunyea?’
“Va míyi ne nakpɔ, alesi mele ŋu ʋãm ɖe Yehowa nui.”—2 FIAWO 10:16.
1, 2. (a) Aleke Israel ƒe mawusubɔsubɔ me gblẽ ɖe edzii? (b) Le ƒe 905 D.Ŋ.M me la, tɔtrɔ gã kawoe tu aƒe le lsrael?
ƑE 905 D.M.Ŋ. nye tɔtrɔ gã ƒe ɣeyiɣi le Israel. Ƒe100 kloe do ŋgɔ la, Yehowa na Israel-fiaɖuƒe si wɔ ɖeka la me mã le Solomon ƒe xɔsegbegbe ta. (1 Fiawo 11:9-13) Solomon vi Rexabeam ye nɔ Yuda anyigbe fiaɖuƒea dzi ɖum eye Israel dzigbe fiaɖuƒea hã va nɔ Efrayimtɔ Fia Yerobeam te. Nublanuitɔe la, dzigbe fiaɖuƒea ge ɖe afɔku me le gɔmedzedzea me. Yerobeam medi be ye te viwo nazɔ mɔ ayi anyigbe fiaɖuƒea me aɖade ta agu le gbedoxɔa me o, le esi wòvɔ̃ be ava dzro wo be woagatrɔ ayi Dawid ƒe aƒe gbɔ ta. Eyata eɖo nyivi subɔsubɔ anyi ɖe Israel eye wòto ema me ɖo trɔ̃subɔsubɔ si yi edzi le dzigbe fiaɖuƒea ƒe ŋutinya me hena ɣeyiɣi aɖe la anyi. 1 Fiawo 12:26-33.
2 Nɔnɔmea gavlo ɖe edzi esime Omri vi Axab va zu fia. Srɔ̃a lzebel dutanyɔnu la do Baal-subɔsubɔ ɖe ŋgɔ eye wòwu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo. Togbɔ be nyagblɔɖila Eliya xlɔ̃ nu eme kɔ hã, Axab mewɔ naneke tsɔ na nyɔnua dzudzɔ o. Gake le ƒe 905 D.Ŋ.M me la, Axab ku xoxo eye via Yoram ye nɔ dzi ɖum. Fifia ɣeyiɣi de be wokɔ anyigba la ŋu. Elisa si va xɔ ɖe Eliya teƒe la na nyanya aʋafia Yehu be Yehowa le ami sim nɛ be wòanye Israel-fia si ava ɖu dzi. Dɔ kae wotsɔ de esi? Eyae nye be wòatsrɔ̃ Axab ƒe aƒe wɔnuvɔ̃ la eye wòabia hlɔ̃ ɖe nyagblɔɖilawo ƒe ʋu si lzebel kɔ ɖi la ta!—2 Fiawo 9:1-10.
3, 4. Aleke Yonadab ɖee fiae be yeƒe dzi ‘me kɔ ɖe Yehu ƒe dzi ŋu’?
3 Yehu wɔ ɖe Mawu ƒe sededea dzi hena wowu lzebel vɔ̃ɖi la eye emegbe edze lsrael ŋu kɔkɔ gɔme esi wòtsrɔ̃ Axab ƒe aƒea. (2 Fiawo 9:15-10:14, 17) Emegbe edo go ame aɖe si va kpe ɖe eŋu. “[Eva] do go Rexab vi Yonadab, amesi va ekpe ge. Tete wòdo gbe nɛ biae bena: Wò dzi me kɔ, abe alesi nye dzi le ɖe wò dzi ŋu enea? Yonadab ɖo ŋu bena: Ele nenema! Yehu be: Ne ele nenema la, ekema na asim kpɔ! Eye wòna asii. Tete wòna wòɖo egbɔ le tasiaɖam la me, eye wògblɔ bena: Va míyi, ne nakpɔ, alesi mele ŋu ʋãm ɖe Yehowa nui; eye wòna wòɖo eƒe tasiaɖam la.”—2 Fiawo 10:15, 16.
4 Menye lsrael-vie Yonadab (alo, Yehonadab) nye o. Gake enye Yehowa subɔla, si wɔ ɖeka kple eƒe ŋkɔ (si gɔmee nye “Yehowa Le Lɔlɔ̃m,” “Yehowa ƒe Ŋkɔ De Du,” alo “Yehowa Nye Dɔmenyotɔ”). (Yeremya 35:6) Edze ƒã be etsɔ ɖe le alesi Yehu nɔ “ŋu ʋãm ɖe Yehowa nui” me etɔxɛe. Aleke míewɔ nya? Eyae nye be menye vomee wòva do go lsrael-fia si wosi ami na la le o. Yonadab “va ekpe ge,” eye esia dzɔ esime Yehu wu lzebel kple Axab ƒe aƒea me tɔ bubuwo xoxo. Yonadab nya nusi nɔ dzɔdzɔm hafi lɔ̃ ɖe edzi esime Yehu kpee be wòage ɖe yeƒe tasiaɖam me. Enɔ Yehu—kple Yehowa—ƒe akpa dzi vodadamanɔmee le aʋa sia si dzɔ ɖe alakpasubɔsubɔ kple nyateƒe tɔ dome la me.
Egbeŋkekea me Yehu Kple Egbeŋkekea me Yonadab
5. (a) Tɔtrɔ kawoe ava na ameƒomea kpuie? (b) Amekae nye Yehu Gãtɔ, eye amekae le eteƒe le anyigba dzi?
5 Eteƒe madidi o, tɔtrɔ gã aɖe ava na ameƒomea katã egbea abe alesi wòva lsrael le ƒe 905 D.M.Ŋ me ene. Ɣeyiɣia de vɔ fifia be Yehowa naɖe nu gbegblẽ siwo katã do tso Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me, kple alakpasubɔsubɔ hã, ɖa le anyigba la dzi . Amekae nye egbeŋkekea me Yehu? Menye ame aɖeke wu Yesu Kristo o, amesi wogblɔ nyagblɔɖinya sia na be: “Ta wò yi, wò bubu kple wò atsyɔ̃ɖoɖo me, naho, eye yi le nyateƒenya la kple nya dzɔdzɔe, si wote ɖe to la ta.” (Psalmo 45:4, 5) “Mawu ƒe lsrael” lae le Yesu teƒe le anyigba dzi, amesiwo nye Kristotɔ amesiamina siwo “lea Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la.” (Galatiatɔwo 6:16; Nyaɖeɖefia 12:17) Tso ƒe 1992 me ke la, Yesu nɔvi amesiamina siawo xlɔ̃ nu le Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo gbɔna ŋu vɔvɔ̃manɔmee.—Yesaya 61:1, 2; Nyaɖeɖefia 8:7-9:21; 16:2-21.
6. Amekae do go tso dukɔwo me be yewoado alɔ Kristotɔ amesiaminawo, eye aleke woge ɖe Yehu Gãtɔ ƒe tasiaɖam la mee le kpɔɖeŋumɔ nu?
6 Menye Kristotɔ amesiaminawo ɖeɖekoe le dɔa wɔm o. Abe alesi Yonadab va do go Yehu ene la, ame geɖewo tso dukɔwo dome va le megbe na Yesu, Yehu Gãtɔ la, kple eteƒenɔla siwo le anyigba dzi le woƒe tadedeagu vavãtɔ ta ʋiʋli me. (Zaxarya 8:23) Le ƒe 1932 me la, wode dzesi amesiawo siwo Yesu yɔ be yeƒe “ale bubuwo” la be wonye egbeŋkekea me Yehu ƒe ‘tasiaɖam’ la. (Yohanes 10:16) Alekee? To ‘Mawu ƒe sededewo me léle ɖe asi’ kple gomekpɔkpɔ le “Yesu [ŋuti] ɖaseɖiɖi” ƒe dɔa me ɖe amesiaminawo ti mee. Le egbeɣeyiɣiwo me la, esia bia hã be woagblɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒe si wòɖo si ƒe Fia enye Yesu la ŋuti nyanyuia. (Marko 13:10) Le ƒe 1935 me la, wode dzesi amesiawo siwo nye “Yonadabwo” be woawoe nye “ameha gã” si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 7:9-17.
7. Aleke Kristotɔ siwo li egbea ɖee fia be yewoƒe ‘dzime gakɔ’ ɖe Yesu ƒe dzi ŋu kokoko?
7 Tso ƒe 1930 ƒe ƒeawo me ke la, ameha gã la kple wo nɔvi amesiaminawo ɖee fia dzideƒotɔe be yewole tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa dzi. Le Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe Europa, Ɣedzeƒe Ʋĩ, kple Afrika dukɔ aɖewo me la, wo dometɔ geɖe bu woƒe agbe ɖe woƒe xɔse ta. (Luka 9:23, 24) Le dukɔ bubuwo me la, wode wo gaxɔ me, nuvlowɔhawo dze wo dzi, alo woti wo yome le mɔ bubuwo nu. (2 Timoteo 3:12) Xɔse ɖedzesi ka gbegbee nye si woɖe fia! Eye ƒe 1997 Subɔsubɔƒea ƒe Akɔntabubu ɖee fia be wogaɖoe kplikpaa kokoko be yewoasubɔ Mawu eɖanye nu ka kee adzɔ o. Woƒe ‘dzime kɔ ɖe’ Yesu ƒe dzi ŋu kokoko. Woɖe esia fia le ƒe 1997 me, esime Fiaɖuƒegbeƒãɖela 5,599,931 siwo katã kloe nye “Yonadabwo” zã gaƒoƒo 1,179, 735,841 tsɔ ɖi ɖase le Yesu ŋu.
Wogale Gbeƒã Ðem Veviedodotɔe Kokoko
8. Aleke Yehowa Ðasefowo ɖea dzonɔameme fiana ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋui?
8 Wonya Yehu be edoa eƒe tasiaɖam kple du—si ɖe eƒe dzonɔameme be yeawu yeƒe dɔ nu fia. (2 Fiawo 9:20) Wogblɔ le Yesu, Yehu Gãtɔ la, ŋu be dzonɔameme ‘mii’ (Psalmo 69:10) Eyata mewɔ nuku o be wode dzesi Kristotɔ vavãtɔ siwo li egbea be wowɔa nu dzonɔamemetɔe. ‘Woɖea gbeƒã nya la’ le hamea me kple na ame bubuwo, eye ‘wonɔa edzi, ne vovoɣi li alo vovoɣi meli o.’ (2 Timoteo 4:2) Woƒe veviedodo dze vevietɔ le ƒe 1997 ƒe gɔmedzedzea me esi Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me nyati aɖe de dzi ƒo be ame alesinu ate ŋui nakpɔ gome le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me. Le dukɔ ɖesiaɖe me la, woɖo amesiwo awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe xexlẽme aɖe ɖi be yewoaɖo egbɔ. Aleke wowɔ nu ɖe eŋui? Wotso ɖe eŋu woɖe dzesi ŋutɔ! Alɔdze geɖe gbɔ xexlẽme si woɖo ɖi la ŋu. Wotsɔ ame 4,000 ɖo taɖodzinui le Ecuador gake wobu kpekpeɖeŋu mɔɖela 6,936 ƒe akɔnta le March me. Japan bu akɔnta le ame 104,215 ŋu le ɣleti etɔ̃ mawo me. Le Zambia afisi wotsɔ ame 6,000 ɖo taɖodzinui le la, kpekpeɖeŋu mɔɖela 6,414 ye bu akɔnta le March me; 6,532 le April me; eye 7,695 le May me. Le xexeame katã la kpekpeɖeŋu kple gbesiagbe mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ nye ame 1,110,251, si nye dzidziɖedzi 34.2 le alafa me ɖe ƒe 1996 me tɔ dzi.
9. Tsɔ kpe ɖe aƒeme yi aƒeme dɔa ŋu la, mɔ bubu kawo dzie Yehowa Ðasefowo tona kena ɖe amewo ŋu gblɔa nyanyuia na wo?
9 Apostolo Paulo gblɔ na hamemegã siwo tso Efeso be: “Nyemegbe naneke, si nyo na mi la, takaka na mi o; eye mefia nu mi le gaglãgbe kple tso aƒe me yi aƒe me.” (Dɔwɔwɔwo 20:20) Egbea Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Paulo ƒe kpɔɖeŋua eye wotsɔa veviedodo ɖea gbeƒã nyanyuia tso aƒeme yi aƒeme. Gake ɖewohĩ asesẽ be woatu amewo le woƒe aƒewo me. Eyata “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dea zi ƒo na Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo be woate ɖe amewo ŋu le woƒe dɔwɔƒewo, le ablɔwo dzi, le ƒutawo, le modzakaɖebɔwo me—afisiafi si woanya kpɔ amewo le ko. (Mateo 24:45-47) Nu nyui geɖe do tso eme.
10, 11. Afɔɖeɖe nyui kae dukɔ eve aɖe ƒe gbeƒãɖelawo wɔ tsɔ di ɖetsɔlemetɔ siwo womete ŋu tuna le aƒeme o?
10 Le Copenhagen, Denmark la, gbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe ɖea gbeƒã le ablɔ siwo te ɖe ketekeɖoƒewo ŋu. Tso January vaseɖe June me la, wona magazine 4,733, wote ŋu ɖo dze kple ame geɖe, eye wowɔ tɔtrɔyi geɖe. Gbeƒãɖela siwo le dukɔ ma me dometɔ geɖe ɖo magazine ƒe ademɔwo le fiasewo me. Woƒlea asi le du aɖe me Fiɖa ɖesiaɖe, eye ame akpe geɖe ɖia tsa vaa afima. Eyata hamea wɔ ɖoɖo ɖe ɖaseɖiɖi le asigbewo ɣesiaɣi ŋu. Le nuto aɖe me la, wotsɔa nyatakaka siwo le agbalẽwo me siwo sɔ vevietɔ na sukunufialawo la yina sukuwo.
11 Wodzea agbagba le Hawaii hã be woaɖo amesiwo womete ŋu tuna le aƒeme o gbɔ. Anyigbamama tɔxɛwo dometɔ aɖewoe nye dugbadzawo dzi (ablɔwo, modzakaɖetsaɖiƒewo, ʋutɔɖoƒewo, kple bɔs ɖoƒe), dua ƒe nuto siwo me amewo sɔa gbɔ ɖo, asiƒleƒewo kple yameʋudzeƒewo, telefon ɖaseɖiɖi, ʋuwo me, (gbeƒãɖeɖe le bɔswo me), kple kɔledziwo. Wokpɔa egbɔ be woɖo Ðasefowo ƒe xexlẽme si sɔ ɖe anyigbamamã ɖesiaɖe me eye be wona hehe amesiwo woɖo ɖa nyuie. Woka nya ta le dɔ siwo ŋu wowɔ ɖoɖo nyui ɖo alea tɔgbe ŋu le dukɔ geɖe me. Esia na wole kekem ɖe ɖetsɔlemetɔ siwo anye ne ɖewohĩ womake ɖe wo ŋu le aƒeme yi aƒeme dɔa me gbeɖe hafi o la ŋu.
Tenɔnɔ Sesĩe
12, 13. (a) Ayemɔ kae Satana zã ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le ƒe 1997 me? (b) Aleke alakpanya si wokaka le dukɔ aɖe me trɔ de mía dzii?
12 Le dukɔ geɖe me le ƒe 1997 me la, wokaka alakpanya vɔ̃ɖiwo le Yehowa Ðasefowo ŋu eye edze ƒã be wowɔe kple susu be wòana woatsɔ ʋɔnunya ɖe wo ŋu. Gake womena ta o! (Psalmo 112:7,8) Woɖo ŋku hakpala la ƒe gbedodoɖa dzi be: “Dadalawo da alakpa ɖe asinye; ke nyea melé wò seawo me ɖe asi tso dzi blibo me.” (Psalmo 119:69) Ðeko aʋatsokakaɖeamesi alea ɖoa kpe edzi be wolea fu nyateƒe Kristotɔ abe alesi Yesu gblɔe ɖi ene. (Mateo 24:9) Eye ɣeaɖewoɣi edea mía dzi boŋ. Ŋutsu aɖe si le Belgium xlẽ nyati aɖe si nye vlodoamenya le Yehowa Ðasefowo ŋu le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si wonya nyuie me. Esi alakpanyaawo wɔ nuku nɛ ta la, ede kpekpe aɖe le Fiaɖuƒe Akpataa me le kwasiɖagbe si kplɔe ɖo. Ewɔ ɖoɖo be Yehowa Ðasefoawo nasrɔ̃ Biblia kple ye eye eyi edzi wɔ ŋgɔyiyi kabakaba. Nuvlowɔha aɖe mee ŋutsu sia nɔ tsã. Eƒe Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe eŋu wòɖɔ eƒe agbenɔnɔ ɖo, eye amesiwo dome wòle la de dzesi nusia. Kakaɖedzitɔe la, menye aleae amesi ŋlɔ amegɔmezɔzɔ ƒe nyatia di be nuwo nayi hafi o!
13 Dzinyuitɔ aɖewo siwo le Belgium ƒo nu tsitre ɖe ameblenya la ŋu. Wo dometɔ ɖekae nye tsã dumegãwo ƒe tatɔ aɖe si gblɔ be yekpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu ŋutɔ le nusi wote ŋu wɔ ta. Eye dununɔla teƒenɔla aɖe hã ŋlɔ bena: “Nusi to vovo na ameŋugblẽnya siwo wokaka ɣeaɖewoɣi lae nye be, nyemekpɔe be [Yehowa Ðasefowo] nye afɔku aɖeke na Dziɖuɖua o. Wonye dumevi siwo lɔ̃a ŋutifafa, dzitsinya nyui le wo si, eye wodea bubu dziɖuɖumegãwo ŋu.” Nunya le nya siwo apostolo Petro gblɔ me nyateƒe be: “Miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.”—1 Petro 2:12.
Ŋkuɖodzia Ðuɖu si Ðe Dzesi
14. Ƒe 1997 ƒe Ŋkuɖodzia dede ŋuti nyatakaka dodzidzɔnamewo dometɔ aɖewo ɖe?
14 Esɔ be amesiwo ɖia ɖase le Yesu ŋu nabu eƒe kua ƒe Ŋkuɖodzia be enye nu vevitɔ le yewoƒe ƒea me. Le ƒe 1997 me la, ame 14,322,226 ye ƒo ƒu le March 23 lia dzi be yewoakpɔ gome le wɔna ma me. Enye ame 1, 400,000 kple edzivɔ ɖe ƒe 1996 me tɔ dzi. (Luka 22:14-20) Le dukɔ geɖe me la, Ŋkuɖodzia valawo gbɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme ŋu sasasã, si fia be dzidziɖedzi geɖe ate ŋu ava le etsɔme. Le kpɔɖeŋu me le Haiti la, wokpɔ gbeƒãɖela 10,621 si nye agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake le 1997 me, gake ame 67,259 ye de Ŋkuɖodzia ɖuƒe. Àte ŋu akpɔ ƒea ƒe akɔntabubu siwo le axa 18 vaseɖe 21 akpɔ alesi dukɔ bubu geɖe kpɔ vavalawo ƒe agbɔsɔsɔ gãwoe ne wotsɔe sɔ kple gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme.
15. Le dukɔ aɖewo me la, aleke mía nɔviwo ɖu kuxi sesẽwo dzi hafi te ŋu ɖu Ŋkuɖodziae?
15 Ŋkuɖodzia ɖuƒe yiyi menɔ bɔbɔe na ame aɖewo o. Le tɔtɔ si nɔ Albania ta la wode gomadomadose si dzea egɔme fiẽ ga 7:00. Wodze ŋkuɖodzia ɖuɖu gɔme fiẽ ga 5:45 le ƒuƒoƒo suesue 115 siwo le dukɔa katã me la me. Ɣea ɖo to le fiẽ gã 6:08 me, wònye Nisan 14 ƒe gɔmedzedze. Wotsɔ kpɔɖeŋunuawo tsae le fiẽ ga 6:15 me lɔƒo. Kaka wòaƒo fiẽ ga 6:30 la, wodo gbe mamlɛtɔ ɖa le teƒe akpa gãtɔ, eye vavalawo wɔ kaba yi aƒeme hafi gomadomadoɣia ɖo. Ke hã ame 3,154 ye de Ŋkuɖodzia, evɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔe nye ame 1,090. Le Afrika-dukɔ aɖe me la, zitɔtɔ wɔe be womete ŋu kpɔ mɔnu zã Fiaɖuƒe Akpata la o, eyata hamemegã eve ɖoe be yewoakpe le hamemegã etɔ̃lia ƒe aƒeme ne yewoawɔ ɖoɖo ɖe azã la ɖuɖu le ƒuƒoƒo suesuewo me ŋu. Ele be hamemegã eveawo naflɔ tsiʋe hafi aɖo aƒea me. Gake wonɔ aʋa wɔm le nutoa me, eye tudala siwo nɔ bebeme la nɔ tu dam amesiame si ate kpɔ be yeato ʋea dzi. Hamemegã ɖeka ƒu du to ʋea dzi eye naneke medzɔ o. Esi evelia hã to edzi yina la, ese woda tu. Emlɔ anyigba eye wòta vivivi dzo le teƒea esi tukpewo va nɔ yiyim to eƒe ta dzi. Wote ŋu wɔ hamemegãwo ƒe kpekpea eye wokpɔ hamea ƒe nuhiahiã gbɔ.
‘Wotso Dukɔ, To, Kple Gbegbɔgblɔwo Katã Me’
16. Ðoɖo kawoe dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela habɔbɔa wɔ be woaɖe gbeƒã nyanyuia le gbegbɔgblɔ siwo dola mesɔ gbɔ o me?
16 Apostolo Yohanes gblɔ be ameha gã la atso “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” (Nyaɖeɖefia 7:9) Eyata Dziɖuha la wɔa ɖoɖo be woata agbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ geɖe wu me—gbe siwo wodona le saɖaganutowo kple esiwo amewo ƒe ƒuƒoƒo suewo dona hã le wo me. Le kpɔɖeŋu me le Mozambique la, woɖe trakt si nye Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me ɖe go le gbegbɔgblɔ atɔ̃ bubuwo me. Le Nicaragua la, woɖe agbalẽ gbadza si nye Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee! gɔme ɖe Miskitogbe me—eyae nye agbalẽ gbãtɔ si Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta ɖe gbe ma me. Miskito Indiatɔ geɖe xɔ agbalẽ gbadza la kple dzidzɔ esi wokpɔe be yewo ŋutɔ degbe mee wòle. Le ƒe 1997 me la, Habɔbɔa ta agbalẽ ɖe gbegbɔgblɔ 25 bubuwo me eye eta magazine biliɔn ɖeka kple edzivɔ.
17. Gbe ka dolawo ŋue wokpe ɖo le Korea, eye aleke videowo kpe ɖe amesiawo tɔgbe ŋu le dukɔa me?
17 Wokpe ɖe gbe bubu aɖe dolawo ŋu le Korea. Wowɔ takpekpe le Koreatɔwo ƒe tokunɔgbe me zi gbãtɔ le ƒe 1997 me. Tokunɔgbe hame 15 ye le Korea eye gbeƒãɖelawo 543 ye le wo me, gake ame 1,174 ye de takpekpea eye wona nyɔnyrɔ ame 21. Be woakpe ɖe tokunɔ siwo mete ŋu sea nuƒoƒo alo nuŋɔŋlɔ me nyuie o ŋu la, wolé agbalẽwo me nyawo ɖe video dzi le tokunɔgbe vovovo 13 me. Woto mɔ sia nu le kpekpem ɖe tokunɔwo ŋu be “woaxlẽ nu” ahasrɔ̃ nyanyui la, eye nu nyuiwo do tso eme. Le United States la, tsã ete ŋu dea ƒe atɔ̃ hafi tokunɔ nawɔ ŋgɔyiyi ava xɔ nyɔnyrɔ. Fifia esi video geɖe li le Amerikatɔwo ƒe Tokunɔgbe me ta la, ɣeyiɣi ma dzi ɖe kpɔtɔ va ɖo abe ƒe ɖeka ene na tokunɔ aɖewo.
‘Tasiaɖam la Me Nɔnɔ’
18. Esi Yehu do go Yonadab vɔ megbe la, nuka wɔwɔ gɔmee wòdze?
18 Le ƒe 905 D.M.Ŋ me, esi Yonadab va kpe ɖe Yehu ŋu megbe la, edze alakpasubɔsubɔ tsɔtsrɔ̃ gɔme. Ekpe Baal-subɔlawo katã be: “Miwɔ ŋkekenyui ƒe takpekpe la kɔkɔe na Baal!” Eye edɔ ame ɖo ɖe anyigba blibo la dzi be wòakpɔ egbɔ be womegblẽ Baal-subɔla aɖeke ɖi o. Esi amehawo ƒo zi va alakpamawu la ƒe gbedoxɔ gã la me la, ekpɔ egbɔ be Yehowa subɔla aɖeke mele wo dome o. Mlɔeba la, Yehu kple eƒe aʋakɔ wu Baal-subɔlawo. “Ale Yehu tsrɔ̃” Baal ɖa le lsrael enye si.”—2 Fiawo 10:20-28.
19. Le nusi dze ŋgɔ ameƒomea ta la, nɔnɔme kae wòle be míaɖe afia, eye dɔ kae wɔwɔ ŋue wòle be míabia ŋku ɖo vevie?
19 Ʋɔnudɔdrɔ̃ mamlɛtɔ si ava alakpasubɔsubɔhawo katã dzi la le ŋgɔ gbɔna kpuie egbea. Kristotɔwo le gbeƒã ɖem nyanyuia na ameƒomea katã le mawudɔlawo ƒe mɔfiafia te, eye wole dzi dem ƒo na wo be woavɔ̃ Mawu eye be woaɖe wo ɖokui ɖa tso alakpasubɔsubɔ me. (Nyaɖeɖefia 14:6-8; 18:2, 4) Wodea dzi ƒo na ame fafawo be woabɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo, Yehowa ƒe Fia si wòɖo ƒe asi me la te. (Nyaɖeɖefia 12:10) Le ɣeyiɣi dodzidzɔname sia me la, mele be míana míaƒe veviedodo dzi naɖe akpɔtɔ esi míele tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa dzi o.
20. Nuka nàɖo kplikpaa be yeawɔ le ƒe 1998 subɔsubɔƒea me?
20 Ɣeaɖeɣi esi nu te ɖe Dawid dzi vevie la, edo gbe ɖa be: “Nye dzi le te, Mawu, nye dzi le te; madzi ha, eye maƒo saŋku. Yehowa, makafu wò le dukɔwo dome.” (Psalmo 57:7,9, NW) Mína míawo hã míanɔ te sesĩe. Le ƒe 1997 subɔsubɔƒea me, togbɔ be nɔnɔme sesẽ geɖe nɔ anyi hã la, kafukafuɣli aɖe ɖi hena Yehowa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Neva eme be ɣli ma tɔgbe alo esi nu sẽ wu naɖi le subɔsubɔƒe sia me. Eye esia neva eme eɖanye nuka ke Satana adze agbagba be yeawɔ atsɔ aɖe dzi le mía ƒo alo atsi tre ɖe mía ŋu o. Míato esia me aɖee fia be míaƒe dzi me kɔ ɖe Yehu Gãtɔ, Yesu Kristo, ƒe dzi ŋu eye míatso luʋɔ blibo me awɔ ɖe dzideƒoname nya sia dzi be: “Mikpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu, eye mitso aseye, mi ame dzɔdzɔewo! Migli kple dzidzɔ, mi amesiwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka!”—Psalmo 32:11.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
◻ Tɔtrɔ kawoe dzɔ le lsrael le ƒe 905 D.MŊ. me?
◻ Amekae nye egbegbe Yehu, eye aleke “ameha gã” la ɖee fia be yewoƒe ‘dzime kɔ’ ɖe eƒe dzi ŋui?
◻ Ƒea ƒe akɔntabubu me nyatakaka kawoe na veviedodo si Yehowa Ðasefowo ɖe fia le ƒe 1997 subɔsubɔƒea me dze?
◻ Nɔnɔme kae míaɖe afia le ƒe 1998 subɔsubɔƒea me eɖanye nu ka ke Satana awɔ ɖe mía ŋu o?
[Nyaɖoɖo si le axa 18-21]
YEHOWA ÐASEFO SIWO LE XEXEAME KATÃ ƑE ƑE 1997 SUBƆSUBƆƑEA ƑE AKƆNTABUBU
(Edze le agbalẽa ŋutɔ me nyuie)
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Ame xexlẽme ɖedzesi siwo va Ŋkuɖodzia ɖee fia be dzidziɖedzi geɖe ate ŋu ava le etsɔme
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Abe alesi Yonadab do alɔ Yehu ene la, nenemae “ameha gã” la hã doa alɔ Yehu Gãtɔ, Yesu Kristo, kple nɔvia amesiaminawo egbea