Kristotɔnyenye Ðeɖefia le Zitɔtɔ Me
KUXIAWO katã dze egɔme kpata zi ɖeka gbeɖeka le April 1994 me. Burundi kple Rwanda dukplɔlawo ku le yameʋu aɖe si ge me. Le gaƒoƒo aɖewo megbe la, adãnuwɔwɔ dziŋɔwo de dzi le Rwanda. Le ɣleti etɔ̃ kple edzivɔ me la, Rwandatɔ—ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖevi—siwo wu 500,000 ku. Ame aɖewo yɔa ɣeyiɣi ma be enye “toɖekametɔwo tsrɔ̃ɣi.”
Rwandatɔ miliɔn 7.5 la ƒe afã si. Amesiawo dometɔ aɖewoe nye ame miliɔn 2.4 siwo va di sitsoƒe le dukɔ siwo do liƒo kpli wo me. Wonye sitsoƒedila gbogbotɔ kekeake le egbegbe ŋutinya me eye tsɔtsɔe nɔ woƒe sisi hã ŋu wu. Woɖo sitsoƒesaɖawo kpatakpata ɖe Zaire (afisi nye Democratic Republic of Congo fifia), Tanzania, kple Burundi. Ame 200,000—gbogbotɔ kekeake le xexeame katã—ye nɔ asaɖa siawo dometɔ aɖewo me.
Yehowa Ðasefo siwo nye ŋutifafalɔ̃la siwo tsɔa Biblia me gɔmeɖosewo wɔa dɔe la dometɔ geɖe nɔ sitsoƒedilaawo dome. Dukɔ ka ke me woɖale o, woléa akpaɖekedzimademade me ɖe asi bliboe eye wowɔa gɔmeɖose si le Yesaya 2:4 me nyawo dzi be: “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ [magatsɔ] yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.” Wonya Yehowa Ðasefowo le afisiafi be wonye subɔsubɔha si mekpɔ gome le toɖekametɔwo tsɔtsrɔ̃ le Rwanda me o.
Yesu Kristo gblɔ be ye yomedzelawo ‘menye xexeame ƒe akpa aɖeke o.’ Gake esi ‘wole xexeame’ ta la, menye ɣesiaɣie woate ŋu asi le dukɔwo dome tɔtɔwo nu o. (Yohanes 17:11, 14) Le toɖekametɔwo tsrɔ̃ɣi le Rwanda la, Ðasefo siwo ade 400 bu woƒe agbe. Amesiwo ade 2,000 siwo nye Ðasefo kple amesiwo tsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedasia me va zu sitsoƒedilawo.
Ðe xexeame ƒe akpa aɖeke manyemanye fia be Yehowa Ðasefowo mewɔa naneke ne afɔku dzɔ oa? Ao. Mawu ƒe Nya gblɔ be: “Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu le amama, eye gbesiagbe nuɖuɖu le wo hiãm, eye mia dome ame aɖe gblɔ na wo bena: Miheyi le ŋutifafa me, miƒu dzo, eye miɖu nu ɖi ƒo, gake miena nusiwo hiã ŋutilã o la, viɖe ka wònye mahã? Nenema ke xɔse hã, ne dɔwɔwɔ mele eŋu o la, enye nu kuku le eɖokui me.” (Yakobo 2:15-17) Havilɔlɔ̃ hã ʋãa Ðasefowo wokpena ɖe amesiwo ƒe nukpɔsusu to vovo na wo tɔ le mawusubɔsubɔ gome ŋu.—Mateo 22:37-40.
Togbɔ be Yehowa Ðasefo siwo le xexeame katã di be yewoakpe ɖe yewo nɔvi siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom le Rwanda ŋu hã la, Ɣetoɖoƒe Europa tɔwo sie wotsɔ kpekpeɖeŋunadɔa dee. Le ƒe 1994 ƒe dzomeŋɔli me la, Ðasefo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe tso Europa yi kaba be yewoava kpe ɖe yewo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo le Afrika ŋu. Woɖo asaɖawo kple atikewɔƒe siwo le ɖoɖo nyui nu ɖe gbeadzi na Rwanda-sitsoƒedilawo. Yameʋu kple meli tsɔ nudodowo, kuntruwo, nuɖuɖu, kple Biblia-srɔ̃gbalẽ gbogbo aɖewo yi na wo. Ame 7,000 kple edzivɔ siwo ɖo xaxa me—wode Yehowa Ðasefo siwo nɔ Rwanda ɣemaɣi la teƒe etɔ̃ kloe—kpɔ viɖe tso kpekpeɖeŋunadɔa me. Va ɖo ƒe ma ƒe December me la, sitsoƒedila akpe geɖe kple Yehowa Ðasefo siwo nɔ wo dome la ƒe akpa gãtɔ trɔ yi Rwanda be woaɖagbugbɔ nuwo aɖɔ ɖo.
Aʋa Dzɔ le Congo
Le ƒe 1996 me la, aʋa dzɔ le Democratic Republic of Congo ƒe ɣedzeƒenutome. Nuto sia do liƒo kple Rwanda kple Burundi. Nyɔnuwo gbɔ dɔdɔ sesẽe kple amewo wuwu gayi edzi. Esi tukpewo va nɔ yiyim eye wonɔ dzo tɔm kɔƒewo la, amewo si be yewoatsi agbe. Tɔtɔ sia gblẽ nu le Yehowa Ðasefowo hã ŋu, eye wo dometɔ siwo ade 50 ku. Tukpe siwo tra wu wo dometɔ aɖewo. Wowu bubuwo hã le esi wonye to aɖe me tɔwo alo wosusui vodadatɔe be futɔwoe wonye ta. Wotɔ dzo kɔƒe aɖe si me Ðasefowo 150 nɔ. Le kɔƒe bubuwo me la, wotɔ dzo aƒe geɖe kple Fiaɖuƒe Akpata aɖewo hã. Esi aƒe kple nunɔamesiwo meganɔ Ðasefoawo si o ta la, wosi yi nuto bubuwo me eye wo hati tadeagula siwo le teƒe mawo kpe ɖe wo ŋu.
Dɔwuame kplɔa aʋawɔwɔ ɖo, elabena wogblẽa nuɖuɖuwo, wohaa nuɖuɖu siwo wotsɔ dzra ɖo, eye womeɖea mɔ wotsɔa nuɖuɖu tsoa teƒe aɖeke yina afima o. Nuɖuɖu si kpɔtɔ la xɔ asi. Le May 1997 ƒe gɔmedzedze le Kisangani la, yevute kilogram ɖeka xɔ dɔlar etɔ̃ lɔƒo, si nye ga si ame akpa gãtɔ mate ŋu akpɔ o. Zi ɖeka gbeɖeka koe ame akpa gãtɔ te ŋu ɖua nu. Nuɖuɖu ƒe veve hea dɔléle vɛ godoo. Nunyuimakpɔɖu gbɔdzɔa ŋutilã ƒe ŋutete si wòtsɔ wɔa aʋa kple asrã, miŋɔŋɔ, kple dɔmedɔwo. Ðeviwo koŋue kpea fu hekuna wu.
Hiahiã si Li Ŋu Bubu
Yehowa Ðasefo siwo le Europa gatso ɖe hiahiã la ŋu kpla. Kaka April 1997 naɖo la, Ðasefowo ƒe kpekpeɖeŋudɔwɔlawo ƒe ƒuƒoƒo siwo dome ɖɔkta eve nɔ la ɖo yameʋu va ɖo kple atike kpakple ga. Le Goma la, afima Ðasefowo ɖo kpekpeɖeŋunakɔmitiwo xoxo be woalé ŋku ɖe nɔnɔmea ŋu ale be woate ŋu ana kpekpeɖeŋu kaba. Ƒuƒoƒoa va lé ŋku ɖe nuwo ŋu le dua kple eƒe nutowo me. Wodɔ amewo woyi ɖaxɔ nyatakakawo tso didiƒewo vɛ. Woxɔ nyatakaka tso Kisangani hã, afisi didi kilometa 1,000 kple edzivɔ tso Goma le ɣetoɖoƒe gome. Afima nɔviwo na kpekpeɖeŋu wowɔ ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋunadɔwo ŋu le Goma, afisi Ðasefo siwo ade 700 le.
Kristotɔ hamemegã siwo le Goma la dometɔ ɖeka gblɔ be: “Esi míekpɔ mía nɔvi siwo tso didiƒe ʋĩ va be yewoava kpe ɖe mía ŋu la, ewɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Hafi woava la, míenɔ kpekpem ɖe mía nɔewo ŋu. Ehiã be nɔviwo nasi tso kɔƒenutowo me ava Goma. Wo dometɔ aɖewo bu woƒe aƒewo, eye wodzo le woƒe agblewo gbɔ. Míexɔ wo ɖe míaƒe aƒewo me eye míezã míaƒe nudodowo kple nuɖuɖu sue si nɔ mía si kpli wo. Kpekpeɖeŋu sue aɖe koe mía ŋutɔwo míete ŋu na mía nɔewo. Nunyuimakpɔɖu de dɔ lãme na mía dometɔ aɖewo.
“Gake nɔvi siwo tso Europa va la tsɔ ga vɛ si na míete ŋu ƒle nuɖuɖu, si kpɔkpɔ sesẽ eye woxɔ asi ale gbegbe. Nuɖuɖua va ɖe ɣeyiɣi vevi aɖe dzi, elabena naneke menɔ ame geɖe si woaɖu le woƒe aƒewo me o. Míemã nuɖuɖua na Ðasefowo kple amesiwo menye Ðasefowo o siaa. Ne menye ɖe kpekpeɖeŋua va le ɣeyiɣi ma me o la, anye ne ame geɖe agaku, vevietɔ ɖeviwo. Yehowa kpɔ eƒe amewo ta. Ewɔ dɔ ɖe amesiwo menye Ðasefowo o dzi ŋutɔ. Ame geɖe ƒo nu tso ɖekawɔwɔ kple lɔlɔ̃ si le mía dome ŋu. Ame aɖewo gblɔ be míaƒe subɔsubɔhae nye vavãtɔ.”
Togbɔ be woƒle nuɖuɖu le wo gbɔ eye wowɔ atike na amewo hã la, nu geɖe gahiã. Nudodowo kple kuntruwo, kpakple nuɖuɖu kple atike geɖe wu gahiã. Wohiã na kpekpeɖeŋu be woagbugbɔ aƒe siwo wogbã la hã agatso.
Amewo Na Nu Faa
Nɔvi siwo le Europa gadi vevie be yewoana kpekpeɖeŋu. Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si le Louviers, France, na nyanya hame siwo le Rhône Valley nutowo me kple Normandy, kpakple Paris-nutowo ƒe akpa aɖe. Wogatsɔ Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose bubu wɔ dɔe le afisia hã: “Amesi ƒã nu le nuveve me la, axa nu hã le nuveve me, eye amesi ƒã nu le yayra me la, axa nu hã le yayra me. Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.”—Korintotɔwo II, 9:6, 7.
Ame akpe geɖe wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ hena nu. Aɖaka kple akplo siwo me awuwo, afɔkpawo, kple nu bubuwo le la va li kɔ ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo me eye emegbe wolɔ wo yi Yehowa Ðasefo siwo le France ƒe alɔdzedɔwɔƒee. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 400 kpɔ gome le “Mikpe Ðe Zaire Ŋu” ƒe dɔa ƒe akpa si kplɔe ɖo me le afima. Esi nunanaawo nɔ vavam la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo tia wo me, woŋe wo nyuie, wode wo aɖaka me eye aɖaka 30 nɔa ƒuƒoƒo ɖeka me. Ðeviwo bu wo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu suesue siwo le Afrika la ŋu eye woɖo fefenuwo—fefeʋu dzeaniwo, fefenu siwo trona le ga ŋu, ameviwɔwɔewo, kple sisiblisiwɔwɔewo ɖa. Wode nusiawo kple nusiwo woatsɔ alé agbe ɖe te la aɖakawo me. Le ye katã me la, wode nu nugo gã asieke siwo ƒe ɖesiaɖe didi meta 12 la me woyɔ eye meli ku wo yi Congo.
Kpekpeɖeŋunu nenie woɖo ɖe Titina Afrika le Ðasefo akpe geɖe siwo le Belgium, France, kple Switzerland la ƒe kpekpeɖeŋu me? Va ɖo June 1997 la, nuawo katã va nye atike kilogram 500, bisket siwo me nunyiame geɖe le tɔn 10, nuɖuɖu bubu siwo nye tɔn 20, awu tɔn 90, afɔkpa 18,500, kple kuntru 1,000. Yameʋu tsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo hã yii. Sitsoƒedilawo kpɔ ŋudzedze ɖe nusiawo katã ŋu ŋutɔ, efa akɔ na wo hekpe ɖe wo ŋu be woado dzi le fukpekpewo me. Nusiwo woɖo ɖe wo la ƒe home de United States dɔlar 1,000,000 kloe. Nudzɔdzɔ siawo ɖo kpe edzi be nɔviwɔwɔ kple lɔlɔ̃ le Yehowa subɔlawo dome.
Nuwo Mamã le Congo
Esi nuawo va nɔ Congo ɖom la, nɔviŋutsu eve kple nɔvinyɔnu ɖeka tso France va be yewoava wɔ dɔ kple afima kpekpeɖeŋunakɔmitiwo. Joseline gblɔ le akpedada si Congo Ðasefowo ɖe fia ŋu be: “Míexɔ ŋudzedzekpɔkpɔlɛta geɖe. Nɔvinyɔnu dahe aɖe tsɔ atsyɔ̃ɖonu xɔasi aɖe nam. Ame aɖewo tsɔ woƒe fotowo na mí. Esi míenɔ dzodzom la, nɔvinyɔnuwo gbugbɔ nu nam, wokpla asi kɔ nam, eye wofa avi. Nye hã mefa avi. Wo dometɔ geɖe gblɔ nya siawo tɔgbe be, ‘Yehowa nyo. Yehowa bua mía ŋu.’ Eyata wokpɔe dze sii be Mawue woatsɔ nunana sia ƒe akpedada na. Esime míenɔ nuɖuɖu mãm la, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo dzi Fiaɖuƒehawo tsɔ kafu Yehowae. Ewɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ.”
Atikewɔla aɖe si ŋkɔe nye Loic nɔ ƒuƒoƒo si yi la dome. Ame geɖe ƒo zi ɖe Fiaɖuƒe Akpata la me eye wolala dzigbɔɖitɔe be wòaɖo yewo dzi woakpɔ yewo gbɔ. Esi nɔvinyɔnu Congotɔ aɖe di be ye hã yeana kpekpeɖeŋu aɖe ta ewɔ akpɔnɔ vivi siwo ade 40 eye wotsɔ wo na amesiwo nɔ lalam be ɖɔkta nakpɔ yewo gbɔ la. Esi wònye amesiwo ade 80 ye nɔ lalam ta la, amesiame xɔ akpɔnɔ vivi afã.
Kpekpeɖeŋu Nana Amesiwo Menye Ðasefowo O
Menye Yehowa Ðasefowo ɖeɖekoe wowɔ kpekpeɖeŋunadɔ sia na o. Eɖe vi na ame bubuwo hã, abe alesi wòɖe vi na ame geɖe le ƒe 1994 me ene. Esia wɔ ɖeka kple Galatiatɔwo 6:10, si gblɔ be: “Eyaŋuti esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.”—Míawoe te gbe ɖe edzi.
Ðasefoawo na atike kple nudodowo gɔmedzesuku geɖe kple tsyɔ̃eviwo nɔƒe si te ɖe Goma ŋu. Ðevi 85 ye le tsyɔ̃eviwo nɔƒea. Esi kpekpeɖeŋunaha la yi be yewoava lé ŋku ɖe nɔnɔmea ŋu gbã la, woyi tsyɔ̃eviwo nɔƒea eye wodo ŋugbe be yewoana akpɔnɔ vivi si me nunyiame geɖe le aɖaka 50, aɖaka siwo me nudodowo le, kuntru 100, atike, kple fefenuwo. Ðeviawo nɔ fli me le wo nɔƒea ƒe xɔxɔnu hedzi ha na amedzroawo. Emegbe wobia nu tɔxɛ aɖe—ɖe woate ŋu ana bɔl ɖeka yewo ne yewoaƒoa?
Kwasiɖa geɖe megbe la, kpekpeɖeŋunaha la wɔ ɖe ŋugbe si wodo be yewoana nu wo la dzi. Esi dɔmenyo si wowɔ la wɔ dɔ ɖe tsyɔ̃evinɔƒea ƒe tatɔa dzi eye nusi wòxlẽ le Biblia-srɔ̃gbalẽ si wonae me ʋãe la, egblɔ be yegbɔna Yehowa Ðasefo zu ge. Eye ɖe wona bɔl ɖeka ɖeviawoa? Claude si nɔ kpekpeɖeŋunaha si tso France nu la ɖo eŋu be: “Ao. Bɔl eve boŋue míena wo.”
Sitsoƒedilawo ƒe Asaɖawo
Menye Congo koe wona kpekpeɖeŋu amewo le o. Sitsoƒedila akpe geɖe si tso aʋawɔƒea yi ɖe dukɔ aɖe si te ɖe wo ŋu afisi wowɔ kpatakpata ɖo sitsoƒedilawo ƒe asaɖa etɔ̃ ɖo. Ðasefowo yi afima hã be yewoaɖakpɔ nusi yewoate ŋu awɔ ɖa. Esime woŋlɔ nyatakaka sia la, sitsoƒedila 211,000 ye nɔ asaɖaawo me, eye woƒe akpa gãtɔ tso Congo. Wo dometɔ siwo ade 800 nye Ðasefowo kple wo viwo kple amesiwo tsɔ ɖe le Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia me. Kuxi gãtɔ si nɔ asaɖaa mee nye nuɖuɖu ƒe anyimanɔmanɔ. Le asaɖa ɖeka me la, nuɖuɖu si asu na ŋkeke etɔ̃ koe nɔ wo si, eye ayi si xɔ ƒe etɔ̃ hã nɔ eme.
Gake dzi nɔ Ðasefoawo ƒo. Togbɔ be Biblia-srɔ̃gbalẽ ʋee aɖewo koe nɔ wo si hã, wowɔ kpekpewo le gbagbagbe be woatu wo ɖokui ɖo le gbɔgbɔ me. Wonɔ gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na ame bubuwo hã le asaɖaa me.—Mateo 24:14; Hebritɔwo 10:24, 25.
Atikewɔla aɖe nɔ Ðasefo siwo yi ɖalé ŋku ɖe nɔnɔmea ŋu la dome. Togbɔ be ŋkeke ʋee aɖewo ŋu koe dziɖuɖu ɖe mɔ le be woatsɔ anɔ asaɖa ɖesiaɖe me tɔwo gbɔ hã, wowɔ atike na amewo. Wogblẽ atike kple ga ɖe Kristotɔ hamemegãwo gbɔ. Esia na nɔviawo te ŋu tsi agbe. Wokpɔ mɔ hã be Ðasefo siwo le asaɖaawo me nate ŋu atrɔ ayi wo denyigba dzi kpuie.
Ke woƒe etsɔme ya ɖe? Yesu Kristo gblɔ ɖi be tɔtɔ gã aɖe anɔ anyi le míaƒe ŋkekea me, eye anye aʋawɔwɔ kple dɔwuame ƒe ɣeyiɣi. (Mateo 24:7) Yehowa Ðasefowo nya be Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖeɖekoe ahe fukpekpe si le anyigba dzi fifia la ava nuwuwui. Le eƒe dziɖuɖu te la, anyigba si nye míaƒe aƒe la ava zu paradiso si me ŋutifafa le, nuwo abɔ ɖo, eye dzidzɔ anɔ ameƒomea me tɔ toɖolawo dome ayi ɖe mavɔmavɔ me. (Psalmo 72:1, 3, 16) Hafi ɣemaɣi naɖo la, Ðasefoawo aɖe gbeƒã Dziƒofiaɖuƒea ŋuti nyanyuia eye woayi edzi akpe ɖe hati tadeagulawo kple ame bubuwo hã ŋu ne hiã tu wo.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]
Tso ƒe 1994 me la, Yehowa Ðasefo siwo le Europa ɖeɖe ɖo nuɖuɖu, nudodo, atike, kple kpekpeɖeŋunu bubu siwo wu tɔn 190 ɖe Afrika Ta Gãwo ƒe nutoa me
[Aɖaka si le axa 6]
Woɖe Kristotɔwo Ƒe Lɔlɔ̃ Fia Ŋutɔŋutɔ
Amesiwo tsɔ didi vevie kpɔ gome le “Mikpe Ðe Zaire Ŋu” ƒe dɔa me le France dometɔ ɖekae nye Ruth Danner. Le eƒe ɖevime la, wodee game le Nazitɔwo ƒe fuwɔamesaɖawo me le Kristotɔwo ƒe xɔse si nɔ esi ta. Egblɔ be: “Edzɔ dzi na mí ŋutɔ be míete ŋu wɔ nane na mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le Afrika! Gake nane li si ta megakpɔ dzidzɔ geɖe wu. Le ƒe 1945 me esime míetso Germany va aƒe la, naneke menɔ mía si o. Míeɣe awu gɔ̃ hã hafi do. Gake eteƒe medidi o míexɔ ŋutilãmekpekpeɖeŋu tso míaƒe gbɔgbɔmenɔvi siwo le Amerika gbɔ. Eyata kpekpeɖeŋunadɔ sia na mɔnukpɔkpɔm be mawɔ dɔmenyo atsɔ aɖo esi wowɔ na míawo hã ɣeyiɣi didi aɖee nye sia la teƒe. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye si wònye be míenye nɔviwo ƒe ƒome gã sia si ɖea Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ fiana ŋutɔŋutɔ la me tɔwo!”—Yohanes 13:34, 35.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Eteƒe madidi o—anyigba dzi paradiso si me nuɖuɖu abɔ na amesiame ava