INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 1/8 axa 12-17
  • Beléle Na Amesiwo Dzi Nu Dzɔ Ðo Le Rwanda Afɔkua Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Beléle Na Amesiwo Dzi Nu Dzɔ Ðo Le Rwanda Afɔkua Me
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tomefafa Nu Tsi Kplo
  • Wote Kpɔ be Woakpe ÐeWo Nɔewo Ŋu
  • Vovo tso GbevovovodolawoDome Fuléle Me
  • Fukpekpe si Wu Gbɔgblɔ
  • Wotso Ðe Fukpelawo Ŋu Kpla
  • Akɔkpekpe Kple Dɔléle
  • Gbɔgbɔmeme Ŋudzedzekpɔlawo
  • Wohiã Beléle Geɖe
  • Kristotɔnyenye Ðeɖefia le Zitɔtɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Alesi Míewɔ Si le Tomeba Xɔdzo Dziŋɔ aɖe Nu!
    Nyɔ!—2002
  • Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Subɔsubɔhawo Dzi Le Aʋawɔnyawo Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Yehowa Ƒe Akɔfafa La Tsɔtsɔ Fa akɔe Na Amewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1995
g95 1/8 axa 12-17

Beléle Na Amesiwo Dzi Nu Dzɔ Ðo Le Rwanda Afɔkua Me

WOYƆA Rwanda si le Afrika titina be “Afrika ƒe Switzerland.” Gbe dama vlɔvlɔvlɔ siwo amewo kpɔna ne wole yameʋu me to dukɔa ta yina la na woɖoa ŋku Eden-bɔa dzi. Eyata mewɔ nuku o be woƒoa nu tso Rwanda ŋu be enye paradiso.

Ɣeaɖeɣi la, wodoa ati eve ɖe ɖesiaɖe si wotso teƒe. Woɖo ŋkeke aɖe ɖi ƒe sia ƒe tsɔ doa atii. Wodo ati tsekuwo ɖe mɔdodowo to. Woɖia tsa le dukɔa me faa eye wònɔa bɔbɔe hã. Mɔdodo gã siwo de nu mɔ siwo yi dɔwɔƒe vovovowo me le fiadu, Kigali, me la nye asphalt. Fiadua nɔ kekem ɖe enu kabakaba. Ga si dɔwɔla akpa gãtɔ kpɔna le ɣletia ƒe nuwuwu la dena na wo.

Yehowa Ðasefowo ƒe Kristotɔwo ƒe dɔa hã nɔ afɔ tsɔm nyuie le Rwanda. Do ŋgɔ le ƒe sia me la, Ðasefo siwo wu 2,600 ƒo wo ɖokui ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia gbɔgblɔ na dukɔa me tɔ siwo ade miliɔn enyi, siwo ƒe akpa gãtɔ nye Katolikotɔwo la me. (Mateo 24:14) Le March me la, ­Ðasefoawo nɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ 10,000 kple vɔ wɔm kple amewo le woƒe aƒewo me. Eye hame 15 ye nɔ Kigali kple eƒe golɔ­goewo.

Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla mɔzɔla aɖe gblɔ be: “Hame 18 ye mesubɔ le November 1992 me. Gake le March 1994 me la, wodzi ɖe edzi ɖo 27. Mɔɖelawo (ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo) hã nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi ƒe sia ƒe.” Ame 9,834 ye de Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le Memleɖa, March 26, 1994 dzi.

Kasia, nɔnɔmea trɔ ŋɔdzitɔe le Rwanda.a

Tomefafa Nu Tsi Kplo

Le April 6, 1994 dzi, anye fiẽ ga 8:00 me lɔƒo la, yameʋu aɖe ge le Kigali eye Rwanda kple Burundi dukplɔla evea siaa, siwo nye Hututɔwo la ku. Le zã ma me la, kpovitɔwo ƒe kpẽkuku ɖi le fiadua me kpe ɖo, eye woxe mɔwo. Emegbe le ŋufɔke la, asrafowo kple amesiwo he yi ɖe asi te Tutsitɔwo wuwu. Ntabana Eugène​—⁠Yehowa Ðasefowo ƒe dugãdzikpɔla si le Kigali—srɔ̃a, viaŋutsu, kple vianyɔnu nɔ ame gbãtɔ siwo wowu dome.

Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome aɖe siwo nye Europatɔwo la srɔ̃ Biblia kple woƒe aƒelika Tutsitɔ geɖewo. Aƒelika siawo dometɔ asieke va be ɖe Europatɔawo ƒeme esi amewula tsukunɔ siawo nɔ aƒewo me tsam ɖekaɖeka. Le aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo me ko, nuhala siwo ade 40 va do ɖe aƒea me, wonɔ nuwo gbãm henɔ zikpuiwo trɔm bu. Nublanuitɔe la, wowu aƒelika Tutsitɔawo. Gake woɖe mɔ ame mamleawo ya si togbɔ be wodze agbagba be yewoakpɔ yewo xɔlɔ̃wo ta gake.

Wonɔ amewo wuwu dzi kwasiɖa geɖe. Mlɔeba wogblɔ be wowu Rwandatɔ 500,000 alo esi wu nenema. Ame akpe geɖe, vevietɔ Tutsitɔwo si ɖe woƒe agbe ta. Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Zaire ɖo gbe ɖe nɔvi siwo le France be yewohiã kpekpeɖeŋununana vevie. Zaire-lɔdzedɔwɔƒea ɖe eme be: “Nudodo xoxo tɔn ɖekae míebia be woaɖo ɖe mí. Gake nɔvi siwo le France ɖo awu kple afɔkpa aɖaka gã atɔ̃, siwo ƒe akpa gãtɔ le yeye ɖa.” Woɖo nudodo si ade tɔn ɖe mí le June 11 lia dzi. Kenya-lɔdzedɔwɔƒea hã ɖo awu kple atike kpakple Gbetakpɔxɔ magazinewo ɖe sitsoƒedilaawo le wo degbe me.

Kaka July naɖo la, Tutsitɔwo ƒe asrafoha si woyɔna be Rwandan Patriotic Front ɖu Hututɔwo ƒe dziɖuɖua ƒe asrafowo dzi. Emegbe Hututɔ akpe alafa geɖe lé du tsɔ nɔ dodom le dukɔa me. Nuwo tɔtɔ kura esi Rwandatɔ miliɔn eve alo esi wu nenema di sitsoƒe le asaɖa siwo wotu kpatakpata le dukɔ siwo ɖe liƒo kpli wo me.

Wote Kpɔ be Woakpe ÐeWo Nɔewo Ŋu

Tutsitɔ eve nɔ ame ade siwo wɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe Gbegɔmeɖeƒe le Kigali dome—Ananie Mbanda kple Mukagisagara Denise. Hutu-nɔviwo te ŋu kpɔ wo ta kwasiɖa ʋee aɖewo. Gake le May 1994 ƒe nuwuwu lɔƒo la, wowu Ðasefo Tutsitɔ eve siawo.

Yehowa Ðasefowo tsɔ woa ŋutɔwo ƒe agbe de afɔku me, alo wotsɔe sa vɔ gɔ̃ hã be woakpɔ hati Kristotɔ siwo doa gbe bubuwo ta. (Yohanes 13:​34, 35; 15:13) Le kpɔɖeŋu me, Tutsitɔe Mukabalisa Chantal nye. Esi Rwandan Patriotic Front me tɔwo nɔ Hututɔwo dim le lãmesẽfefewɔƒe si wònɔ la, ede nu nya la me ɖe nɔvia Hututɔwo ta. Togbɔ be eƒe agbagbadzedzewo ku dzi na aglãdzelawo hã la, wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Nɔviwɔwɔ sesẽ aɖe le mi Yehowa Ðasefowo dome vavã. Miaƒe subɔsubɔhae nye nyuitɔ kekeake!”

Vovo tso GbevovovodolawoDome Fuléle Me

Ema mefia be Yehowa Ðasefowo vo tso fuléle si le gbevovovodolawo dome le Afri­ka ƒe akpa sia ƒe alafa geɖe enye sia me keŋkeŋ o. Ðasefo aɖe si tso France nɔ kpekpeɖeŋunadɔ wɔm la de dzesii be: “Ele be mía nɔvi Kristotɔwo gɔ̃ hã naʋli sesĩe be fuléle sia si he amewuwu manyagblɔ siawo vɛ la nagagblẽ wo dome o.”

“Míedo go nɔvi aɖewo siwo kpɔ eteƒe esime wowu woƒe ƒometɔwo. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe ɖe srɔ̃ eye le ŋkeke eve megbe ko wowu srɔ̃a. Ðasefo aɖewo kpɔe wowu wo viwo kple wo dzilawo. Nɔvinyɔnu aɖe si le Uganda fifia kpɔe wowu eƒe ƒometɔwo katã kple srɔ̃a hã. Esia ɖe fu si gbegbe Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome ɖesiaɖe kpe le seselelãme kple ŋutilã me la fia.”

Le ye katã me la, Ðasefo siwo ade 400 ye wowu le gbevovovodolawo dome nuvlowɔwɔ sia me. Gake amesiawo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã meku le hati Ðasefowo si me o. Gake Tutsi kple Hutu tɔ siwo nye Roma Katoliko kple Protestant tɔwo ya wu ame akpe geɖe. Abe alesi wodee agbalẽwo me zi geɖe ene la, Yehowa Ðasefowo le xexeame katã medea akpa aɖeke dzi le aʋawɔwɔwo, dziɖuɖuwo ƒe tɔtrɔ kpatawo, alo xexe sia ƒe nyaʋiʋli siawo tɔgbe me le mɔ aɖeke nu o.—Yohanes 17:14, 16; 18:36; Nyaɖeɖefia 12:⁠9.

Fukpekpe si Wu Gbɔgblɔ

Amewo kpɔ amegbetɔ ƒe fukpekpe siwo dzi xɔxɔ se de sesẽ ge la ƒe foto kple sinimawo le dzomeŋɔli si va yi me le xexeame godoo. Wokpɔe Rwanda-sitsoƒedila akpe alafa geɖe lɔ bibibi yi dukɔ siwo ɖe liƒo kpli wo me, hele nɔnɔme ƒoɖitɔ kekeake me le afima. Yehowa Ðasefo aɖe si tso France va kpekpeɖeŋu na ge la ƒo nu tso nusi woa kple etɔwo kpɔ le July 30 dzi ŋu ale.

“Ŋɔdzinu ŋutɔŋutɔwoe míekpɔ. Ame kukuwo ɖo ɖe mɔ dzi kilometa geɖe. Woɖe yɔdo gãwo lɔ ame kuku akpe geɖe kɔ ɖe eme wòyɔ banaa. Míete ŋu nɔ ame kuku gbogbo siwo nɔ ya ɖem gegege esi míenɔ wo dome tom la nu o, ɖeviwo hã nɔ fefem le ame kukuwo gbɔ. Dzila aɖewo ku eye wo vi gbagbewo gale dzi me na wo. Nukpɔkpɔ siawo, siwo míekpɔ zi geɖe la wɔ dɔ ɖe mía dzi vevie. Ðeko nàtsi yaa, eye alesi gbegbe nuwo dzi ŋɔe eye wotsrɔ̃ nuwoe la awɔ dɔ ɖe dziwò godoo.”

Esi sitsoƒedila akpe geɖe lɔ hoo nɔ gegem ɖe Zaire le July ƒe domedomee la, Ðasefo siwo le Zaire yi dea dzi hedo Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe dzi bene wo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo kple ɖetsɔlemetɔwo nate ŋu akpɔ wo. Woƒo Ðasefo sitsoƒedila siwo tso Rwanda nu ƒu hekplɔ wo yi Fiaɖuƒe Akpata aɖe me le Goma si tsɔ afima gbɔ eye wolé be na wo. Togbɔ be atikewo mesɔ gbɔ o eye dɔwɔnu nyuiwo menɔ anyi o hã la, Ðasefo siwo bi ɖe atikewɔwɔ me wɔ dɔ sesĩe tsɔ ɖe dɔnɔwo ƒe fukpekpe dzi kpɔtɔ.

Wotso Ðe Fukpelawo Ŋu Kpla

Le Fiɖa, July 22 dzi la, Yehowa Ðasefo siwo le France xɔ kpekpeɖeŋubialɛta tso Afrika. Eƒo nu tso wo nɔvi Kristotɔ siwo si tso Rwanda ƒe fukpekpe vevie ŋu. Nɔviawo tso nya me le lɛta la xɔxɔ aɖabaƒoƒo atɔ̃ alo ewo megbe be yewoatsɔ kpekpeɖeŋunuwo ade agbatsɔyameʋu aɖo ɖe wo. Esia na wowɔ dɔ sesĩe le kwasiɖanuwuwu, eye eɖe dzesi hã, vevietɔ le esi nuteƒekpɔkpɔ mele wo dometɔ aɖeke si le kpekpeɖeŋunadɔ gã sia gbegbe wɔwɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me o ta.

Nɔviwo dzɔ nu ŋutɔ ɖe kpekpeɖeŋunadɔ sia ŋu. Ðasefo siwo le Belgium, France, kple Switzerland ɖeɖe dzaa dzɔ ga wòwu dɔlar 1,600,000. Woƒle kpekpeɖeŋunuwo, nuɖuɖu, atike, kple agbetsitsi ƒe dɔwɔnuwo hã nɔ eme, eye wode nusianu aɖaka heŋlɔ nu ɖe wo dzi le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe le Louviers, France. Ðasefowo wɔ dɔ zã kple keli be woade agbaawo ʋu aɖo ɖe Ost­end, Belgium. Wode agba tɔn 35 kple vɔ yameʋu le Kuɖa, July 27 dzi le yameʋudzeƒea. Esi ŋu ke la, wogaɖo agba si le sue wu, si ƒe akpa gãtɔ nye atikewo ɖa. Ŋkeke eve megbe le Memleɖagbe la, yameʋu bubu galɔ atikewo yi na fukpelaawo.

Ðasefo siwo tso France kple ɖɔkta aɖe hã dze agbaawo ŋgɔ yi Goma. Mĩnyẽdɔ wu Ðasefowo abe 20 ene hafi Ðk. Henri Tallet va ɖo Goma le Dzoɖa, July 25 dzi eye bubuwo hã nɔ kukum gbesiagbe. Esi wòle be woaɖe agbaawo le Bujumbura, Burundi, si didi kilometa 250 tso afima ta la, Fiɖa ŋdi July 29 dzi hafi wova ɖo Goma.

Akɔkpekpe Kple Dɔléle

Ɣemaɣi Ðasefo siwo ade 1,600 kple wo xɔlɔ̃wo ƒo ƒu ɖe anyigba si dzi Fiaɖuƒe Akpata sue aɖe le dzi le Goma. Nugododeƒe ɖeka koe amesiawo katã zãna, tsi menɔ anyi o, eye nuɖuɖu sue aɖe koe nɔ wo si. Ame gbogbo siwo dzi mĩnyẽdɔ dze la te ge ɖe Fiaɖuƒe Akpata la me. Kukum ko wonɔ.

Mĩnyẽdɔ noa tsi le lãme na ame keŋkeŋ. Ŋkua wɔna dɔ̃ɔ eye wòtsia dzi. Ne dɔnɔa no tsidelãmetike kaba la, ehayana le ŋke­ke eve megbe. Eyata wotso kpla enumake na tsidelãmetike sue si nɔ anyi nɔviawo wono.

Hekpe ɖe eŋu la, nɔviwo te kpɔ ɖe dɔnɔwo ɖe aga be woagaɖe dɔ ɖe ame bubuwo ŋu o. Wodi be yewoakplɔ sitsoƒedilaawo tso nɔnɔme dziŋɔ si le Goma me ayi teƒe bubu. Woke ɖe teƒe nyui aɖe ŋu le Kivu-ta gbɔ, eɖe aga tso ʋuʋu kple ame kukuwo ƒe ʋeʋẽ kũ si xɔ yame la gbɔ.

Woɖe afɔdzidowo, eye wode dzadzɛnyenye ŋuti se sesẽwo. Ebia be woaklɔ asi ɖe adzalẽtsi me ne wode nugodo gbɔ. Wona se siawo ƒe vevienyenye me kɔ, eye nɔviawo wɔ ɖe nusi wobia tso wo si la dzi. Eteƒe medidi o wolé dɔlélewo ƒe kaka nu.

Esi kpekpeɖeŋunu gbogboawo va ɖo le Fiɖa, July 29 dzi la, woɖo kɔdzi sue aɖe ɖe Fiaɖuƒe Akpata me le Goma. Woglã asaɖamebati siwo ade 60, eye woɖi mɔ̃ siwo agbugbɔ tsiwo me adza hã. Hekpe ɖe eŋu la, wolɔ avɔgbadɔwo ɖo ɖe Ðasefo siwo le Kivu-ta ƒe kekpo dzi. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke o wotu avɔgbadɔ 50 ɖe agbaka me le ɖoɖo nu wònya kpɔ.

Ɣeaɖeɣi la, Ðasefo siwo ade 150 kple wo xɔlɔ̃wo dze dɔ vevie. Kaka August ƒe kwasiɖa gbãtɔ naɖo la, wo dometɔ 40 kple vɔ ku le Goma. Gake atikewo kple kpekpeɖeŋunalawo va ɖe ɣeyiɣi dzi va ɖe ame geɖe ƒe agbe eye wotsi fukpekpe geɖe nu.

Gbɔgbɔmeme Ŋudzedzekpɔlawo

Ðasefo sitsoƒedilawo ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ geɖe fia ɖe nusiwo katã wowɔ na wo ŋu. Lɔlɔ̃ si wo nɔvi Kristotɔ siwo le dukɔ bubuwo me ɖe fia wo, kple alesi wòdze ƒã be wole dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ me vavã la wɔ dɔ ɖe wo dzi vevie.

Togbɔ be sitsoƒedilaawo le fu kpem vevie hã la, wolé woƒe gbɔgbɔmemenyenye me ɖe asi. Le nyateƒe me la, eteƒekpɔla ɖeka de dzesii be “togbɔ be hiã tu wo le nusianu me hã la, gbɔgbɔmenuɖuɖu xɔxɔ nɔ vevie na wo wu ŋutilã me kpekpeɖeŋu xɔxɔ.” Wobia eye woɖo Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi, Rwandagbe, Kinyarwanda me tɔ 5,000 ɖe sitsoƒesaɖa vovovoawo me.b

Sitsoƒedilaawo dzroa Biblia-kpukpui ɖeka me gbesiagbe, eye wowɔ ɖoɖo ɖe hame kpekpewo ŋu. Wowɔ ɖoɖo hã be woafia sukunu ɖeviwo. Nufialawo wɔ nusrɔ̃ɖoɖo siawo ŋudɔ tsɔ fia nu wo le dzadzɛnyenye ŋuti sewo ŋu hete gbe ɖe edzi be wo dzi wɔwɔ koe axɔ wo ɖe agbe.

Wohiã Beléle Geɖe

Ðasefo sitsoƒedila alafa geɖe le teƒe bubuwo abe Rutshuru ene kpe ɖe Goma ŋu. Wokpe ɖe nɔvi siawo hã ŋu nenema ke. Le July 31 dzi la, Ðasefowo ƒe amedɔdɔ adre tso dziehe le Goma yi Bukavu, afisi Ðasefo sitsoƒedila siwo ade 450 nɔ. Wo dometɔ geɖe tso Burundi. Mĩnyẽdɔ kaka ɖe afima, eye wokpe ɖe wo ŋu be woakpɔ egbɔ be nɔvi aɖeke maku o.

Esi ŋu ke la, amedɔdɔawo zɔ mɔ kilometa 150 kloe yi Uvira, Zaire, eye Ðasefowo abe 1,600 ene siwo tso Rwanda kple Burundi nɔ teƒe adre le mɔa dzi. Wofia nu wo le alesi woakpɔ wo ɖokui ta tso dɔlélewo si me ŋu. Nyatakaka aɖe si wotu ɖe amedɔdɔawo ƒe numekuku dzi gblɔ be: “Dɔa ƒe gɔmedzedze koe nusiwo wowɔ vaseɖe fifia nye, eye ame 4,700 siwo ŋu míele kpekpem ɖo fiafia la ahiã kpekpeɖeŋu bubuwo ɣleti geɖe.”

Wogblɔ be Ðasefo alafa geɖe trɔ yi Rwanda le August me. Gake woda adzo aƒewo kple nunɔamesiwo katã kloe. Eyata aƒewo kple Fiaɖuƒe Akpatawo gbugbɔtu zu dɔ gã aɖe.

Mawu subɔlawo yi edzi le gbe dom ɖa vevie ɖe amesiwo kpe fu ŋɔdzitɔe le Rwanda ta. Míenya be esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, nuvlowɔwɔ adzi ɖe edzi. Gake Yehowa Ðasefo siwo le xexeame katã ayi edzi alé woƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade me ɖe asi ahaɖe woƒe nublanuikpɔkpɔ vavãtɔ afia.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ December 15, 1994 ƒe Gbetakpɔxɔ me nyati si nye “Afɔku si Dzɔ le Rwanda—Ameka Gbɔe Wòtso?”

b Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae

[Anyigbatata si le axa 12]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

RWANDA

Kigali

UGANDA

ZAIRE

Rutshuru

Goma

Kivu-ta

Bukavu

Uvira

BURUNDI

Bujumbura

[Nɔnɔmetatawo si le axa 15]

Miame: Wowu Ntabana Eugène kple eƒe ƒomea. Ðusime: Wowu Mukagisagara Denise, Tutsitɔ la, togbɔ be Hutu-nɔviwo dze agbagba kpem be yewoaxɔ nɛ hã

[Nɔnɔmetatawo si le axa 16, 17]

Etame: Dɔnɔwo gbɔ kpɔkpɔ le Fiaɖuƒe Akpata me le Goma. Ete le miame: Kpekpeɖeŋununana tɔn 35 siwo Ðasefowo de agbatsɔyameʋu ɖo ɖa. Ete: Le Kivu-ta la gbɔ, afisi wokplɔ Ðasefowo yii. Ete le ɖusime: Rwandan-sitsoƒedilawo le Fiaɖuƒe Akpata aɖe me le Zaire

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe