Susu Nyui si Ta Mɔkpɔkpɔ Anɔ Mía Si Egbea
ŊUTINYAŊLƆLA kple hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyala H. G. Wells si wodzi le ƒe 1866 me la kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe ƒe alafa 20 lia me nukpɔsusuwo dzi. Eɖe alesi wòka ɖe edzi be dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe ŋgɔyiyi ahe dzidzɔkpɔɣi vɛ la me le eƒe agbalẽwo me. Eyata Collier’s Encyclopedia ƒo nu tso “mɔkpɔkpɔ gbago” si nɔ Wells si wòtsɔ nɔ eƒe taɖodzinua yome tamanamanɔtɔe ŋu. Gake ede dzesii hã be eƒe mɔkpɔkpɔa me gblẽ esi Xexemeʋa II fe ati.
Chambers’s Biographical Dictionary gblɔ be esi Wells va kpɔe be “dzɔdzɔmeŋutinunya ana woato nu vɔ̃ɖiwo kple nu nyuiwo vɛ la, dzi ɖe le eƒo, eye mɔkpɔkpɔ megava nɔ esi o.” Nukatae wòdzɔ alea?
Amegbetɔ ƒe dzidzedzekpɔkpɔwo koŋ dzie Wells ƒe dzixɔse kple mɔkpɔkpɔnɔamesia nɔ te ɖo. Esi wòkpɔe be amegbetɔ ƒe asi matu Blibodede si dim wònɔ o la, wɔna va vɔ le eŋu. Dziɖeleameƒo na wòbu mɔkpɔkpɔ kaba ŋutɔ.
Nu ma tɔgbee dzɔna ɖe ame geɖe dzi egbea le susu ma ke ta. Mɔkpɔkpɔ nɔa wo me geɖe fũ le woƒe sɔhɛmenɔɣi gake mɔkpɔkpɔmanɔamesi doa blanuitɔ wo ne wova le tsitsim. Sɔhɛ aɖewo gɔ̃ hã li siwo ɖea asi le agbenɔnɔ si wobe amesiame nɔna la ŋu eye woƒoa wo ɖokui ɖe atikevɔ̃ɖizazã, ame vovovo gbɔ dɔdɔ, kple agbenɔnɔ bubu siwo gblẽa ame dome la me. Nukae nye egbɔkpɔnu? Bu Biblia ƒe ɣeyiɣia me kpɔɖeŋu siwo gbɔna ŋu eye nàkpɔ nusita mɔkpɔkpɔ nɔa ame si ɖa—tsã, fifia, kple hena etsɔme.
Woɖo Abraham ƒe Mɔkpɔkpɔnɔamesi Teƒe
Le ƒe 1943 D.M.Ŋ. me la, Abraham ʋu tso Haran, etso Frat Tɔsisi la, eye wòge ɖe Kanaan-nyigba dzi. Wogblɔ be Abraham nye “fofo na amesiwo katã xɔna sena,” eye kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye si wòɖo!—Romatɔwo 4:11.
Abraham nɔviŋutsu ƒe vi Lot si nye tsyɔ̃evi, kpakple Lot ƒomea dze Abraham yome. Emegbe esi dɔ to le anyigbaa dzi la, ƒome evea ʋu yi Egipte, eye wogawɔ ɖeka trɔ gbɔ va le ɣeyiɣi aɖe megbe. Va ɖo ɣeyiɣi ma me la, kesinɔnu geɖe, kpakple alẽwo kple lãhawo va nɔ Abraham kple Lot si. Esi dzre ɖo woƒe lãnyilawo dome la, Abraham ɖe afɔ gbã hegblɔ be: “Megana dzre nanɔ mía kpli wò, nye lãnyilawo kple wò lãnyilawo dome o, elabena nɔviwo míenye. Alo menye anyigba blibo la nye esi le ŋkuwò me oa? De megbe tso gbɔnye dzro! Ne ètia mia me la, matsɔ ɖusi me, eye ne ètia ɖusi me la, matsɔ mia me.”—Mose I, 13:8, 9.
Abraham ate ŋu akpɔ nya la gbɔ wòade eya ŋutɔ dzi esi wònye eyae tsi wu ta hafi, eye anye ne Lot hã ade bubu tɔɖia ŋu alɔ̃ ɖe Abraham ƒe tiatiaa dzi. Gake “Lot tsa ŋku Yordan-nutowo katã me, eye wòkpɔ bena, tsi li ŋutɔ, elabena Yehowa metsrɔ̃ Sodom kple Gomora haɖe o, ele abe Yehowa ƒe abɔ me ene, eɖi Egipte-nyigba vaseɖe Zoar ke. Eye Lot tia Yordan-nutowo me katã na eɖokui.” Nusianu si ana mɔkpɔkpɔ nanɔ Lot si la nɔ esi le tiatia si wòwɔ ta. Ke Abraham ya ɖe?—Mose I, 13:10, 11.
Movinue wònye Abraham wɔ, hetsɔ eƒe ƒomea ƒe dedienɔnɔ nɔ afɔku me dema? Ao. Dzideƒo si nɔ Abraham si kple eƒe dɔmenyonyo va ɖe vi geɖe. Yehowa gblɔ na Abraham be: “Tsa ŋku tso afisi nèle, eye nakpɔ anyiehe, dziehe, ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe ɖa. Elabena anyigba blibo la katã, si kpɔm nèle la, matsɔe ana wò kple wò dzidzimeviwo tegbetegbe.”—Mose I, 13:14, 15.
Susu nyui aɖe dzie Abraham ƒe mɔkpɔkpɔa nɔ te ɖo. Mawu ƒe ŋugbe si wòdo be yeana dukɔ gã aɖe nado tso Abraham me ale be “le [Abraham] me woayra anyigba dzi ƒomeawo katã” la dzie wònɔ te ɖo. (Mose I, 12:2-4, 7) Susu nyui le míawo hã si si ta dzi nanɔ mía ƒo, elabena míenya be ‘Mawu wɔa nuwo katã wova zua nyui na amesiwo lɔ̃e.’—Romatɔwo 8:28.
Ŋkutsala Eve Siwo Si Mɔkpɔkpɔ Nɔ
Le ƒe 400 kple edzivɔ megbe la, Israel-dukɔa nɔ klalo be yewoage ɖe Kanaan, “anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la dzi. (Mose II, 3:8; Mose V, 6:3) Mose dɔ amegã 12 be ‘woatsa le anyigba la dzi, eye woagbɔ ava gblɔ mɔ si yewoato kple du siwo me yewoayi la na yewo.’ (Mose V, 1:22; Mose IV, 13:2) Ŋkutsala 12 la katã ƒe nu sɔ le alesi woɖɔ anyigba la ƒe nyonyomee ŋu, gake wo dometɔ 10 va gblɔ mɔkpɔkpɔmanɔamesi ƒe nya aɖewo siwo de vɔvɔ̃ ameawo me.—Mose IV, 13:31-33.
Gake Yosua kple Kaleb va gblɔ mɔkpɔkpɔnɔamesi nyawo eye wowɔ nusianu si woate ŋui bene woadzudzɔ vɔvɔ̃. Woƒe nɔnɔme kple nyatakaka ɖe alesi woka ɖe ŋutete si le Yehowa si be wòawɔ eƒe nya dzi akplɔ wo ayi Ŋugbedodonyigba la dzii fia—gake gbeɖegbeɖea koe. Ke boŋ “ha blibo la be, yewoaƒu kpe wo woaku.”—Mose IV, 13:30; 14:6-10.
Mose de dzi ƒo na ameawo be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, gake wogbe be yewomase o. Le esi mɔkpɔkpɔmanɔamesi ƒe nɔnɔmea kpɔtɔ nɔ wo me ta la, eva wɔe be dukɔ bliboa tsa tsaglãla ƒe 40 le gbeadzi. Yosua kple Kaleb koe nye amesiwo woɖo mɔkpɔkpɔnɔamesi teƒe na le ŋkutsala 12 la dome. Nuka koŋue nye kuxia? Xɔsemanɔamesi ye, le esi ameawo ɖo ŋu ɖe woawo ŋutɔ ƒe nunya ŋu ta.—Mose IV, 14:26-30; Hebritɔwo 3:7-12.
Yona ƒe Heheɖemegbe
Yona nɔ agbe le ƒe alafa asiekelia D.M.Ŋ. me. Biblia gblɔ be enye Yehowa ƒe nyagblɔɖila nuteƒewɔla na Israel-to ewo fiaɖuƒea, anye le Yerobeam II ƒe dziɖuɣi. Gake egbe be yemayi Niniwe aɖaxlɔ̃ nu ameawo o. Ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be Yona “susu be anyo wu be yeasi adzo” eye yeaɖo ta Yafo boŋ. Le afima la, eɖo tɔdziʋu aɖe si yina Tarsis, si anye egbegbe Spain. (Yona 1:1-3) Woɖe nusita mɔkpɔkpɔ menɔ Yona si ɖe dɔdasi sia ŋu o la me le Yona 4:2.
Yona va lɔ̃ be yeatsɔ dɔa, gake dɔme vee esi Niniwetɔwo trɔ dzime. Eyata Yehowa fia nu nyui aɖee le dɔmetɔtrɔ ŋu esi wòna be treklɔnu si gɔme Yona be ɖo la yrɔ heku. (Yona 4:1-8) Ðe wòle be Yona ƒe konyifafa ɖe treklɔnua ƒe kuku ta nanye ɖe ame 120,000 siwo le Niniwe siwo “menya nuka enye ɖusi kple mia” o ta hafi.—Yona 4:11.
Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Yona ƒe nya la me? Mele be míatsɔ mɔkpɔkpɔmanɔamesi awɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔea o. Ne míekpɔ be Yehowae le mɔ fiam eye míezɔ ɖe edzi kple kakaɖedzi blibo la, míakpɔ dzidzedze.—Lododowo 3:5, 6.
Mɔkpɔkpɔnɔamesi le Fukpekpewo Me
Fia Dawid gblɔ be: “Dzi megaku wò le nu vlo wɔlawo ŋu o, eye megaʋã ŋu ɖe amesiwo wɔ nu tovo la ŋu o!” (Psalmo 37:1) Enye aɖaŋuɖoɖo si me nunya le vavã, elabena numadzɔmadzɔwɔwɔ kple nufitifitiwɔwɔ ƒo xlã mí godoo egbea.—Nyagblɔla 8:11.
Ne míeʋãa ŋu ame madzɔmadzɔwo o gɔ̃ hã la, dzi aɖe le mía ƒo bɔbɔe ne míekpɔ be ame maɖifɔwo le fu kpem le ame vlowo si me alo ne wole nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe mía ŋutɔwo mía ŋu. Ne míeto nɔnɔme mawo me la, ɖewohĩ dzi aɖe le mía ƒo alo mɔkpɔkpɔ abu ɖe mí gɔ̃ hã. Ne míese le mía ɖokui me nenema la, nukae wòle be míawɔ? Gbã la, ele be wòanɔ susu me na mí be nuvlowɔlawo nagasusu be yewo vo ale gbegbe be womaɖo eteƒe na yewo o. Psalmo 37 yi edzi na kakaɖedzi mí le kpukpui 2 lia be: “Woasi wo [nuvlowɔlawo] xoxoxo abe gbe ene, eye woayrɔ abe aŋgba ene.”
Gakpe ɖe eŋu la, míate ŋu ayi edzi awɔ nu nyui, mɔkpɔkpɔ akpɔtɔ anɔ mía si, eye míakpɔ Yehowa sinu. Hakpala la yi edzi be: “Tsri vɔ̃, eye nawɔ nyui, ekema ànɔ anyi tegbee. Elabena Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o.”—Psalmo 37:27, 28.
Mɔkpɔkpɔnɔamesi Vavãtɔ Li!
Ke míaƒe etsɔme ya ɖe? Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia gblɔ “nusiwo lava ve me kaba” ŋuti nya na mí. Nusiwo wòɖe fia dometɔ ɖekae nye sɔ dzĩ dola aɖe, si tsitre ɖi na aʋawɔwɔ, eye “wona ŋusẽe, be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi.”—Nyaɖeɖefia 1:1; 6:4.
Nukpɔsusu si bɔ—eye wònye mɔkpɔkpɔnɔamesi—si nɔ amewo si le Britain le Xexemeʋa I ŋɔli enye be anye aʋa gã mamlɛtɔ. Le ƒe 1916 me la, nukpɔsusua ŋutɔŋutɔ nɔ Britain-dziɖuɖumegã David Lloyd George si. Egblɔ be: “Aʋa sia atsi aʋawɔwɔwo katã nu, abe aʋa si gbɔna ke ene.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Nyateƒee wòto. Ðeko Xexemeʋa II do tsɔtsɔe ame gbogbowo wuwu ƒe mɔnu dziŋɔwo wɔwɔ boŋ. Ƒe 50 kple edzivɔe nye sia va yi gake kokoko la, womenya ɣekaɣie aʋawɔwɔ atɔ te o.
Míexlẽ nu le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽ ma ke me tso sɔdola bubuwo ŋu—wotsi tre ɖi na dɔwuame, dɔvɔ̃, kple ku. (Nyaɖeɖefia 6:5-8) Wonye ɣeyiɣiawo ƒe dzesi bubuwo.—Mateo 24:3-8.
Ðe wòle be nusiawo nana mɔkpɔkpɔ nabu ɖe amea? Kura o, elabena “sɔ ɣi aɖe” hã dze le ŋutegaa me, “eye amesi doe la, lé dati ɖe asi, eye wotsɔ fiakuku nɛ, eye wòdo go yi ɖale dzi ɖum, bene yeakpɔ dziɖuɖu.” (Nyaɖeɖefia 6:2) Míekpɔe le afisia be Yesu Kristo nye dziƒo Fia si le vɔ̃ɖinyenye katã ɖem ɖa, eye wòle sɔ dom be yeaɖo ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ anyi le xexeame katã.a
Esime Yesu Kristo si nye Fia si Wotia la nɔ anyigba dzi la, efia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia Fiaɖuƒe ma. Ðewohĩ wofia wò hã be nàgblɔ “Mía Fofo,” alo Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la. Míegblɔna le gbedodoɖa ma me be Mawu ƒe Fiaɖuƒe nava, bene woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi afisia abe alesi wowɔnɛ le dziƒo ene.—Mateo 6:9-13.
Le esi teƒe be wòatre fifi nuɖoanyia ƒe gbagbãƒewo la, Yehowa ato eƒe Mesia Fia, Kristo Yesu dzi, aɖee ɖa keŋkeŋ. Ðe eteƒe la, Yehowa gblɔ be, “Mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o.” Le dziƒo Fiaɖuƒe dziɖuɖua te la, anyigba azu aƒe si me ŋutifafa kple dzidzɔ anɔ na ameƒomea, afisi agbenɔnɔ kple dɔwɔwɔ anye dzidzɔ ɖaa le. Yehowa gblɔ be: “Miatso aseye ɖaa le nusi mawɔ la ŋuti, . . . nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.” (Yesaya 65:17-22) Ne ètu wò etsɔmemɔkpɔkpɔ ɖe ŋugbedodo ma si magbe eme vava o dzi la, mɔkpɔkpɔ anɔ asiwò le go sia go me—fifia yiɖase mavɔmavɔ me!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èdi ŋutega sia me dzodzro tsitotsito la, taflatse kpɔ agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe ta 16.
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
H. G. Wells
[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Corbis-Bettmann