INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 2/1 axa 24-28
  • “Wò Amenuveve Nyo Wu Agbe”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Wò Amenuveve Nyo Wu Agbe”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Hehexɔxɔ Ðe Subɔsubɔdɔa Ŋu
  • Agbemedɔ aɖe Gɔme Dzedze
  • Subɔsubɔ Mɔnukpɔkpɔ Tɔxɛwo
  • Meyi Canada Gava Yi Belgium
  • Aʋamegbedɔ Wɔwɔ Kple Dzo
  • Tɔtrɔ Ðe Nɔnɔmewo Ŋu
  • Yehowa Fia Num Tso Nye Ðevime
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Tiatia Nyuiwo Wɔwɔ He Yayrawo Vɛ Nam Le Nye Agbemeŋkekewo Katã Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Mía Dzilawo Fia Mí Be Míalɔ̃ Mawu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Dzinyelawo Ƒe Afɔtoƒewo Yomedzedze
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 2/1 axa 24-28

“Wò Amenuveve Nyo Wu Agbe”

Abe alesi Calvin H. Holmes gblɔe ene

Ƒe 1930 ƒe December mee, eye ɖeko mefia notsi le nyiawo ŋu vɔ teti koe nye ema esi Papa tso aƒelika aɖe srãƒe gbɔ va aƒeme. Esi wònɔ agbalẽ blɔ aɖe ɖem le kotoku me la, egblɔ be: “Agbalẽ aɖee nye si Wyman ɣe nam.” Eƒe tanyae nye Deliverance, eye Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa ye tae. Papa, amesi ƒã hafi wòxlẽa nu la xlẽ agbalẽa kakaka zã tsi.

EMEGBE Papa gaɣe agbalẽ bubu siwo habɔbɔ ma ke ta, si ƒe ɖewo ƒe tanyae nye Light kple Reconciliation. Ekpɔ Dada ƒe Biblia xoxo aɖe eye wòzãa gomekaɖi nɔa ŋu le zã tsitsi me nɔa exlẽm. Papa va trɔ ale gbegbe. Le vuvɔŋɔli ma la, eƒoa nu na mí gaƒoƒo geɖe—danye, ƒenye etɔ̃awo, kple nye ŋutɔ—eye míeƒoa ƒu ɖe míaƒe mle xoxo si me wodoa nake dzo ɖo la gbɔ.

Papa gblɔ be woyɔa amesiwo taa agbalẽ siawo be Biblia Nusrɔ̃viwo eye be, le woƒe nya nu la, míele ‘ŋkeke mamlɛawo’ me. (Timoteo II, 3:1-5) Eɖe nu me be womatsrɔ̃ anyigba la le xexeame ƒe nuwuwu o ke boŋ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me la, woatrɔe wòazu paradiso. (Petro II, 3:5-7, 13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Nya mawo lé dzi nam ŋutɔŋutɔ.

Papa va nɔ nu ƒom nam ne míele dɔ wɔm. Meɖo ŋku edzi be esime míenɔ bli klẽm ye wògblɔ be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:19) Eyata le ƒe 1931 ƒe adame, esime mexɔ ƒe 14 ko ye metia be manɔ Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi. Medo gbe ɖa na Yehowa le apple-gble xoxo aɖe me le aƒea godo eye metsɔ ɖokuibɔbɔ do ŋugbe be masubɔe tegbee. Mía Mawu wɔnuku la ƒe amenuveve ʋã dzi nam xoxo.—Psalmo 63:4.

Agblekɔƒe mee míenɔ, eye egbɔ didi anɔ kilometa 30 tso St. Joseph, Missouri, U.S.A., eye tso Kansas City va afima mede kilometa 65 o. Atixɔ sue aɖe si tɔgbuigãnye tu ɖe agblea dzi le ƒe alafa 19 lia ƒe gɔmedzedze lɔƒo mee wodzi Papa le.

Hehexɔxɔ Ðe Subɔsubɔdɔa Ŋu

Le ƒe 1931 ƒe dzomeŋɔli la, míaƒe ƒomea se dutoƒonuƒo si nye “Fiaɖuƒea, Xexeame ƒe Mɔkpɔkpɔ,” si Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi, Joseph Rutherford, ƒo le takpekpe gã aɖe me le Columbus, Ohio, la le radio dzi. Eʋã dzi nam, eye dzi dzɔm be mekpe ɖe Papa ŋu míemã agbalẽvi si me dutoƒonuƒo vevi ma nɔ la na míaƒe amenyanyɛwo.

Mede Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe zi gbãtɔ le ƒe 1932 ƒe adame. Míaƒe aƒelika aɖe kpe mía kple Papa be míava se nuƒo aɖe le St. Joseph si Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla mɔzɔla aɖe si nye George Draper aƒo. Esi míeva ɖo la, kpekpea ƒe afã va yi xoxo, eye mekpɔ nɔƒe le J. D. Dreyer si nye ame kako si ƒe dzime keke la ƒe megbe, eye enye amesi ava wɔ akpa vevi aɖe le nye agbe me.

Le September 1933 me la, mía kple Papa míede takpekpe sue aɖe le Kansas City, afisi mekpɔ gome le gaglãgbe ɖaseɖiɖi me le zi gbãtɔ. Papa tsɔ agbalẽvi etɔ̃ nam eye wòfiam be magblɔ be: “Menye Yehowa Ðasefo si le Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyanyui gblɔm. Ðikeke mele eme o be èse Ʋɔnudrɔ̃la Rutherford ƒe nuƒo le radio dzi. Radio dɔwɔƒe 300 kple edzivɔ ɖea gbeƒã eƒe nuƒowo kwasiɖa ɖesiaɖe.” Ke metsɔ agbalẽvia na amea. Emegbe esi menɔ notsi fiam le nyiawo ŋu fiẽ ma le agblea dzi la, megblɔ na ɖokuinye be ŋkeke siae nye vevitɔ kekeake le nye agbe me.

Kasia ko míeɖo vuvɔŋɔli me, eye míegate ŋu zɔa mɔ tututu o. Gake Nɔviŋutsu Dreyer kple srɔ̃a va srã mí kpɔ eye wobiam be madi be mava yewoƒe aƒeme le Memleɖa fiẽ atsi adɔ hã. Azɔli zɔzɔ kilometa 10 yi ɖe Dreyerwo ƒe aƒeme mezu dzodzro o elabena medze wo yome yi gbeadzi le ŋufɔke eye mede Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ wɔƒe le St. Joseph. Tso ɣemaɣi ko la, ƒã hafi gbeadzidede toa ŋunye le Kwasiɖagbewo. Nɔviŋutsu Dreyer ƒe hehenana kple aɖaŋuɖoɖo ɖe vi nam ŋutɔ.

Mlɔeba le September 2, 1935 dzi la, metsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi le takpekpe aɖe me le Kansas City.

Agbemedɔ aɖe Gɔme Dzedze

Le ƒe 1936 ƒe gɔmedzedze la, mebia be manye mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla, eye wode nye ŋkɔ amesiwo le hati mɔɖelawo dim la dome. Le ema megbe kpuie la, mexɔ lɛta tso Edward Stead si tso Arvada, Wyoming, gbɔ. Eɖe nu me be bunɔkekee yezãna eye yedi be woakpe ɖe ye ŋu yeawɔ mɔɖeɖedɔa. Melɔ̃ ɖe eƒe didia dzi enumake eye wona mezu mɔɖela le April 18, 1936 dzi.

Hafi madze mɔ ayi Nɔviŋutsu Stead gbɔ la, danye ɖe kpɔm heƒo nu nam. Ebia be: “Vinye, èka ɖe edzi be dɔ siae nèdi be yeawɔa?”

Meɖo eŋu be: “Viɖe manɔ nye agbe ŋu ne nyemewɔe o.” Meva se egɔme be Yehowa ƒe amenuveve le vevie wu nusianu.

Hehe nyui aɖee mɔɖeɖedɔa wɔwɔ kple Ted, si nye alesi míeyɔa Nɔviŋutsu Stead la, nye. Dzo nɔ eme eye alesi wògblɔa Fiaɖuƒe nyanyuia nya sena ŋutɔ. Gake nuŋɔŋlɔ kple nuƒoƒo koe nye nusi Ted ate ŋu awɔ; ƒunukpeƒetetedɔ de ga eƒe kpeƒewo. Mefɔna kaba va léa tsi nɛ helũa ge nɛ, meɖaa ŋdinu, eye medoa nuɖuɖu nɛ. Emegbe medoa awu nɛ eye meblaa akpa nɛ ɖe gbeadzi ŋu. Míewɔ mɔɖeɖedɔa le Wyoming kple Montana le dzomeŋɔli ma, eye míedɔa avɔgbadɔ me le zã me. Ted mlɔa avɔgbadɔ tɔxɛ si wotu ɖe eƒe ʋu dzi me, eye memlɔa anyigba. Emegbe le ƒe ma me la, meyi anyiehe gome va wɔ mɔɖeɖedɔa le Tennessee, Arkansas, kple Mississippi.

Le September 1937 me la, mede takpekpe gã siwo mede kpɔ la ƒe gbãtɔ le Columbus, Ohio. Wowɔ ɖoɖowo le afima be woatsɔ agbaƒomɔ̃wo awɔ gbeƒãɖeɖedɔ lae. Ɣesiaɣi si míezã agbaƒomɔ̃wo la, míeyɔnɛ be enye mɔ̃wo ɖoɖo. Le ɣleti ɖeka aɖe me la, meɖo mɔ̃ zi 500, eye ame 800 kple edzivɔe ɖo to. Esi meɖi ɖase le du geɖe me le ɣedzeƒe Tennessee, Virginia, kple West Virginia vɔ la, wokpem be mava nye mɔɖela vevi awɔ dɔ yeye, eye enye dɔ wɔwɔ kple nutome subɔla, si nye alesi woyɔa dzikpɔla mɔzɔlawo ɣemaɣi.

Mesrãa hamewo kple saɖagaƒuƒoƒowo kpɔ le West Virginia—menɔa ɖesiaɖe gbɔ kwasiɖa eve va ɖo ene—eye mexɔa ŋgɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔ me. Emegbe le January 1941 me la, woɖom menye nutome subɔla. Ɣemaɣi la, Dada kple ƒenye etɔ̃awo—Clara, Lois, kple Ruth—wova le Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi. Eyata míaƒe ƒomea katã de takpekpe gã si wowɔ le St. Louis le dzomeŋɔlia ɖekae.

Le takpekpea megbe kpuie la, wona nyanya nutome subɔlawo be nutomedɔa awu enu le November 1941 me. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, United States ƒo eɖokui ɖe Xexemeʋa II me. Wode mɔɖela vevi ƒe dɔ asi nam, si bia be mazã gaƒoƒo 175 le gbeadzi ɣleti ɖesiaɖe.

Subɔsubɔ Mɔnukpɔkpɔ Tɔxɛwo

Le July 1942 me la, mexɔ lɛta si me wobiam le be madi be masubɔ le duta hã. Esi melɔ̃ ɖe edzi vɔ la, womia asim va Betel, Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã, si le Brooklyn, New York. Nɔviŋutsu tre siwo ade 20 ye wokpe hena hehe tɔxɛ xɔxɔ le ɣeyiɣi ɖeka me.

Nathan H. Knorr si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi ɖe nu me be gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ yi to eye be ɖe wole hehe nam mí be míado ŋusẽ hameawo le gbɔgbɔ me. Egblɔ be: “Menye kuxi siwo le hameawo me koe míedi be míanya o, ke nusi miewɔ tso eŋu hã.”

Esi míenɔ Betel la, Fred Franz si va xɔ ɖe Nɔviŋutsu Knorr teƒe zu zimenɔla le ƒe 1977 me la ƒo nuƒo aɖe si me wògblɔ le be: “Xexemeʋa II awu enu, eye gbeƒãɖeɖedɔ gã aɖe ƒe mɔnu aʋu ɖi. Ðikeke mele eme o be míagaƒo ame miliɔn geɖe nu ƒu va Yehowa ƒe habɔbɔa me!” Nuƒo ma trɔ nye nukpɔsusu keŋkeŋ. Esi wode dɔwo asi na mí la, meva kpɔe be nyee yina hame siwo katã le Tennessee kple Kentucky nutowo me srã ge akpɔ. Woyɔa mí be nɔviawo subɔlawo, eye enye ŋkɔ si wotrɔ xoxoxo wòzu nutome sue dzikpɔla.

Medze hamewo sasrãkpɔ gɔme le October 1, 1942 dzi, esime mexɔ ƒe 25 ko. Ɣemaɣi la, mɔ si ko dzi nàto aɖo hame aɖewo gbɔe nye be nàzɔ afɔ alo ado sɔ. Ɣeaɖewoɣi memlɔa xɔ ɖeka me kple ƒome si gbɔ medze.

Esi menɔ Greeneville Hame si le Tennessee subɔm le July 1943 me la, mexɔ amekpegbalẽ be mava de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass evelia. Le Gilead la, meva srɔ̃ nusi tututu wòfia be “míale to ɖe nusiwo míese la ŋuti geɖe wu” kple be ‘miagba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me.” (Hebritɔwo 2:1; Korintotɔwo I, 15:58) Sukua ƒe ɣleti atɔ̃ nusɔsrɔ̃a va yi kabakaba ŋutɔ, eye January 31, 1944, si nye sukunuwugbea va ɖo.

Meyi Canada Gava Yi Belgium

Woɖo mía dometɔ aɖewo ɖe Canada, afisi woɖe mɔxenu ɖa le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ dzi le eteƒe medidi o. Wode dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔ asi nam, si bia mɔ didiwo zɔzɔ le hamewo dome. Esi menɔ mɔzɔzɔa dzi la, enyea dzidzɔ nam ne mese nuteƒekpɔkpɔwo tso alesi wowɔ míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa esime woxe mɔ ɖe enu le Canada la ŋuti. (Dɔwɔwɔwo 5:29) Ame geɖe ƒoa nu tso nusi woyɔna be aʋahoho ŋu, si nye esime womã agbalẽvi aɖe le zã ɖeka me ɖe aƒe sia aƒe me le Canada ƒe dzogoe ɖesiaɖe. Nya nyui ka gbegbee nye si wònye be míase le May 1945 me be aʋa la ke le Europa!

Le dzomeŋɔli ma, esi menɔ hame aɖe si le du sue si nye Osage, Saskatchewan, subɔm la, mexɔ lɛta aɖe tso Nɔviŋutsu Knorr gbɔ, si gblɔ be: “Mele mɔnukpɔkpɔa dom ɖe gbɔwò be nàyi Belgium. . . . Dɔ geɖe li woawɔ le dukɔ ma me. Dukɔ si dome aʋawɔwɔ gblẽ ye wònye, eye mía nɔviawo hiã kpekpeɖeŋu, eye edze abe asɔ be míaɖo ame aɖe si tso Amerika ɖa bene wòana kpekpeɖeŋu nyui wo eye wòana akɔfafa si wohiã la wo.” Meɖo eŋu enumake, helɔ̃ ɖe dɔdasia dzi.

Le November 1945 me la, menɔ Betel le Brooklyn nɔ Fransegbe srɔ̃m le Charles Eicher, si nye nɔvi Alsacetɔ tsitsi aɖe gbɔ. Mexɔ hehe kpui aɖe le alɔdzedzikpɔkpɔ ŋu hã. Hafi madze mɔ ayi Europa la, meɖi tsa kpui aɖe yi ƒonyemetɔwo kple xɔ̃nyewo gbɔ le St. Joseph, Missouri.

Le December 11 lia dzi la, meɖo meli si nye Queen Elizabeth hedzo le New York, eye meva ɖo Southampton, England, le ŋkeke ene megbe. Menɔ Britain ƒe alɔdzedɔwɔƒea ɣleti ɖeka gaxɔ hehe kpee. Le ema megbe le January 15, 1946 dzi la, metso Eŋlisiawo ƒe Tsimɔ eye meɖi go ɖe Ostend, Belgium. Meɖo keteke tso afima yi Brussels, afisi Betel-ƒome bliboa va kpem le le ketekedzeƒea.

Aʋamegbedɔ Wɔwɔ Kple Dzo

Nye dɔe nye be makpɔ Fiaɖuƒedɔa dzi le Belgium, gake nyemese gbea hã o. Anɔ ɣleti ade megbe la, mese Fransegbe si sɔ matsɔ akplɔ ɖokuinye. Mɔnukpɔkpɔe wònye be mawɔ dɔ kple amesiwo de woƒe agbe afɔku me be yewoawɔ gbeƒãɖeɖedɔa le ƒe atɔ̃ siwo Nazitɔwo va kpɔ ŋusẽ la me. Woɖe asi le wo dometɔ aɖewo ŋu le fuwɔamegakpɔwo me medidi o.

Nɔviawo di vevie be yewoawɔ ɖoɖo ɖe dɔa ŋu ahana nuɖuɖu amesiwo Biblia ƒe nyateƒea ƒe dɔ nɔ wuwum. Eyata míewɔ ɖoɖowo ɖe nutome sue takpekpewo ŋu eye be dzikpɔla mɔzɔlawo nasrã hameawo akpɔ. Nathan Knorr, Milton Henschel, Fred Franz, Grant Suiter, kple John Booth—wo katã nye habɔbɔa teƒenɔla siwo tso Brooklyn dɔwɔƒe gã la va srãa mí kpɔ hedea dzi ƒo na mí. Le gɔmedzeɣeyiɣi mawo me la, mewɔ nutome sue dzikpɔla, nutome gã dzikpɔla, kple alɔdzedzikpɔla ƒe dɔwo. Le December 6, 1952 dzi, si anye nye dɔwɔwɔ le Belgium ƒe adre kloe la, meɖe Emilia Vanopslaugh, amesi hã nɔ dɔ wɔm le Belgium alɔdzedɔwɔƒea.

Le ɣleti ʋee aɖewo megbe le April 11, 1953 dzi la, woɖo du ɖem be mava afima ƒe kpovitɔwo dɔwɔƒea eye wogblɔ nam be nye dukɔa me nɔnɔ nye afɔku na Belgium ƒe dedienɔnɔ. Meyi Luxembourg va nɔ lalam esime míenɔ biabiam tso Dukɔa ƒe Aɖaŋuɖotakpekpea si be woagbugbɔ akpɔ nya la gbɔ.

Le February 1954 me la, Belgium Dukɔa ƒe Aɖaŋuɖotakpekpea lɔ̃ ɖe nyametsotsoa dzi be nye afima nɔnɔ nye afɔku na dukɔa. Nutsotso si wonae nye be tso esime meva Belgium la, Ðasefo siwo le dukɔa me dzi ɖe edzi eteƒe mekɔ o—tso ame 804 le ƒe 1946 me va ɖo 3,304 le 1953 me—kple be, ewɔe be Belgium ƒe dedienɔnɔ ɖo afɔku me elabena Ðasefo sɔhɛ geɖe lé Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade me ɖe asi tamanamanatɔe. Eyata wode dɔ asi na mía kple Emilia le Switzerland, afisi míedze nutome sue dɔa wɔwɔ gɔme le le Fransegbedolawo dome.

Woɖo Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku—suku si naa hehe deŋgɔ Kristotɔ hamemegãwo—le South Lansing, New York, le ƒe 1959 me. Wokpem va afima be maxɔ hehe bene mafia nu le suku sia me le Europa. Esi menɔ United States la, meyi ɖasrã ƒonyemetɔwo kpɔ le St. Joseph, Missouri. Afimae mekpɔ danye lɔlɔ̃a le zi mamlɛtɔ. Eku le January 1962 me; Papa ku le June 1955 me.

Wodze Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku gɔme le Paris, France, le March 1961 me, eye Emilia do evelia nam míeyi. Nutome gã dzikpɔlawo, nutome sue dzikpɔlawo, hame dzikpɔlawo, kple mɔɖela veviwo tso France, Belgium, kple Switzerland va sukua deƒe. Mekpɔ kwasiɖa ene ƒe nusɔsrɔ̃ sia ƒe klass 12 dzi le ɣleti 14 siwo kplɔe ɖo me. Emegbe le April 1962 me la, míeva kpɔe be Emilia fɔ fu.

Tɔtrɔ Ðe Nɔnɔmewo Ŋu

Míetrɔ yi Geneva, Switzerland, afisi wona mɔɖegbalẽ mí le be míanɔ anyi koŋ. Gake esi xɔ nɔ vevem ta la, nɔƒe kpɔkpɔ menɔ bɔbɔe na mí o. Dɔwɔɖui kpɔkpɔ hã menɔ bɔbɔe o. Mlɔeba meva kpɔ dɔ le fiase gã si dzraa nu vovovo me le Geneva ƒe titina.

Menɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ me ƒe 26 sɔŋ, eyata ebia asitɔtrɔ le míaƒe nɔnɔme siwo trɔ la ŋu. Míaƒe ƒomea tsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le ƒe 22 siwo metsɔ wɔ dɔ le fiase gã la me eye míenyi mía vinyɔnu eveawo, Lois kple Eunice la me. (Mateo 6:33) Esi mexɔ dzudzɔ le dɔme le ƒe 1985 megbe la, meva nɔ nutome sue dzikpɔla teƒenɔla ƒe dɔ wɔm.

Lãme mesẽ na Emilia o, gake ewɔa etɔ sinua le subɔsubɔdɔa me. Lois wɔ mɔɖeɖedɔa ade ƒe ewo. Gbɔgbɔmenuwɔna vevi ka gbegbee nye si wònye be mía kplii míede dukɔwo dome takpekpe wɔnuku ma le Moscow le ƒe 1993 ƒe dzomeŋɔli! Le ema megbe kpuie le mɔkeke aɖe ɖuɖu me le Senegal, Africa la, tsi lé Lois wòku esime wònɔ tsi ƒum le atsiaƒu gã la me. Esi mezɔ mɔ yi Senegal hena eƒe ɖiɖi la, Afrika nɔviwo kple dutanyanyuigblɔlawo ƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo fa akɔ nam geɖe ŋutɔ. Edzroam ale gbegbe be magakpɔ Lois le tsitretsitsia me!—Yohanes 5:28, 29.

Meda akpe be zɔhɛ lɔ̃ame aɖe do alɔm nuteƒewɔwɔtɔe hena ƒe blaene kple edzivɔ. Le nyateƒe me togbɔ be dzigbãnyawo kple kuxiwo ɖe fu nam hã la, Yehowa ƒe amenuveve vivi nunye eye wòna viɖe le nye agbenɔnɔ ŋu. Eʋã nye dzi be mazã hakpala la ƒe nyawo agblɔ le mía Mawu, Yehowa ŋu be: “Elabena wò amenuveve nyo wu agbe; nye nuyiwo akafu wò.”—Psalmo 63:4.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Míezã agbaƒomɔ̃ le gbeƒãɖeɖedɔa me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Dzinyelawo le ƒe 1936 me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ablɔdzi ɖaseɖiɖi le Belgium le ƒe 1948 me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe