Tu Akpedadagbɔgbɔ Ðo
ÐƆKTA aɖe si le New York Nutome xɔ Marie ɖe agbe le dɔdada aɖe si hiã kpata me. Gake Marie si xɔ ƒe 50 meda akpe na ɖɔkta la alo xe dɔdafea hã o. Akpemadamada kae nye esi!
Biblia gblɔ na mí be gbeɖeka si Yesu yi kɔƒe aɖe me la, ŋutsu ewo siwo ŋu anyidɔ tsi ɖo va kpee. Wodo ɣli yɔe be: “Yesu, amegã, kpɔ mía nublanui!” Yesu gblɔ na wo be: “Miheyi ɖatsɔ mia ɖokui fia nunɔlawo.” Anyidzelaawo wɔ ɖe eƒe nyaa dzi eye esi woyina la, wo ŋuti kɔ.
Anyidzela siwo ŋu woda gbe le la dometɔ asieke yi woƒe mɔzɔzɔa dzi kɔ̃. Gake wo dometɔ ɖeka si nye Samariatɔ la gbugbɔ va di Yesu. Anyidzela sia si ŋuti kɔ la kafu Mawu, eye esi wòkpɔ Yesu la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu da akpe nɛ. Yesu biae be: “Alo menye ame ewo ŋutie kɔ o mahã? Ke afikae wo ame asieke la le? Alo amesiwo atrɔ atsɔ bubu na Mawu la meli o, negbe amedzro sia ko mahã?”—Luka 17:11-19.
Nusɔsrɔ̃ vevi kae nye si le nyabiase sia me be: “Afikae wo ame asieke la le?” Abe Marie ene la, gbɔdzɔgbɔdzɔ gã aɖe le anyidzela asiekeawo ŋu—womenye akpedalawo o. Akpemadamada ma bɔ egbea. Nuka gbɔe nɔnɔme sia tsona?
Nusi Gbɔ Koŋ Akpemadamada Tsona
Ðokuitɔdidi gbɔ koŋ ye akpemadamada tsona. Bu mía dzila gbãtɔ Adam kple Xawa ŋu kpɔ. Yehowa wɔ wo ɖe eƒe nɔnɔme nu eye wòna nusianu si ana dzi nadzɔ wo la wo, tsɔ kpe ɖe abɔ dzeani si nye woƒe aƒe, teƒe siwo nya kpɔ, kple dɔwɔna nyui si me dzidzeme le ŋu. (Mose I, 1:26-29; 2:16, 17) Gake esi Satana ƒo nya ɖe atsu kple asi siawo nu be woawɔ nusi dze woawo ŋutɔ ŋu la, wova zu ame maɖotowo eye wodo vlo Yehowa ƒe dɔmenyonyo.—Mose I, 3:1-5; Nyaɖeɖefia 12:9.
Bu blema Israel-viwo, amesiwo Mawu tia be woanye ye tɔ koŋ la hã ŋu kpɔ. Aleke gbegbe dzila Israel-viwo da akpee le ƒe 1513 D.M.Ŋ. ƒe Nisan 14 ƒe zã mee nye si! Le zã vevi ma me la, Mawu ƒe dɔla va wu ‘ŋgɔgbevi ɖesiaɖe le Egipte-nyigba dzi’ gake eto Israel-viwo ƒe aƒe siwo wode dzesii nyuie la ŋu yi. (Mose II, 12:12, 21-24, 30) Eye esi woɖe wo tso Farao ƒe aʋakɔwo si me le Ƒudzĩa nu la, ‘Mose kple Israel-viwo dzi ha na Yehowa’ tso dzi siwo me yɔ fũ kple akpedada.—Mose II, 14:19-28; 15:1-21.
Gake le kwasiɖa ʋee aɖewo ko le woƒe dzodzo le Egipte vɔ megbe la, ‘Israel-viwo ƒe ha blibo la dze liʋiliʋi lili gɔme.’ Aleke wova zu akpemadalawo kabae enye si! ‘Lãze siwo gbɔ wonɔna ɖua abolo ɖia ƒo’ si le Egipte, anyigba si dzi wonye kluviwo le la dzro wo. (Mose II, 16:1-3) Ðikekemanɔmee la, ɖokuitɔdidi menaa wosrɔ̃a akpedada alo ɖenɛ fiana o.
Esi míenye nuvɔ̃me Adam ƒe dzidzimeviwo ta la, wodzi mí amegbetɔwo katã kple ɖokuitɔdidi kpakple akpemadamada ƒe nɔnɔme aɖe. (Romatɔwo 5:12) Akpemadamada ganye ɖokuitɔdidigbɔgbɔ si bɔ ɖe xexe sia me tɔwo me ƒe akpa aɖe hã. Gbɔgbɔ ma kaka ɖe afisiafi abe alesi ko ya si míegbɔna bɔe ene, eye ekpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi. (Efesotɔwo 2:1, 2) Eyata ele be míatu akpedadagbɔgbɔ ɖo. Aleke míawɔe?
Ŋugbledede Hiã!
Webster’s Third New International Dictionary ɖe akpedada gɔme be “woanye akpedala: xɔlɔ̃wɔwɔ kple dzidzɔdoɖeameŋu ƒe seselelãme ɖeɖefia nunala si ana woadi be woaɖo dɔmenyo si wowɔ na ame teƒe.” Seselelãme menye nusi vana le eɖokui si agbagba aɖeke madzemadzee o; ele be wòatso ame ƒe lɔlɔ̃nu me. Akpedada nye nusi yi ŋgɔ wu nɔnɔme nyuiwo ɖeɖefia ko; dzi mee wòtsona.
Akeke míasrɔ̃ alesi míada akpe tso dzi mee? Biblia na eme kɔ be míaƒe seselelãme ƒe akpa gã aɖe tsoa nusiwo ŋu míebuna la me. (Efesotɔwo 4:22-24) Akpedada sɔsrɔ̃ dzea egɔme tsoa ŋugbledede ŋudzedzekpɔkpɔtɔe le dɔmenyo siwo wowɔ na ame ŋu. Ðk. Wayne W. Dyer, si le susu ƒe dɔwɔwɔ nyuie ŋuti nusrɔ̃ƒe gblɔ nya sia ƒomevi ke be: “Seselelãme mate ŋu aʋã wò ne mèsusu nane ŋu gbã do ŋgɔ o.”
Le kpɔɖeŋu me, bu alesi wòle be míada akpee ɖe nuwɔwɔ siwo ƒo xlã mí ta la ŋu kpɔ. Ne èlé ŋku ɖe dziŋgɔli si ɣletiviwo yɔ fũ le zã si me xexeme kɔ nyuie la, aleke nèsena le ɖokuiwò me le nusi nèkpɔ ŋu? Fia Dawid gblɔ alesi wònyɔ bubu ɖe eyama me hewɔ nuku nɛ be: “Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo nèwɔ la, nuka nye amegbetɔ, be nèɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be nèléa ŋku ɖe eŋu?” Eye le zã ƒe ɖoɖoezizi toŋtoŋ me la, ɣletiviawo ƒo nu na Dawid, eye wòʋãe wòŋlɔ be: “Dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia, eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwɔwɔ.” Nukatae dziƒoɣletiviawo wɔ dɔ ɖe Dawid dzi alea gbegbe ɖo? Eya ŋutɔ ɖo eŋu be: “Mede ŋugble le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye mesusu wò asinudɔwɔwɔwo ŋu.”—Psalmo 8:4, 5; 19:2; 143:5.
Dawid viŋutsu Salomo hã kpɔ vevienyenye si le xexemenuwɔwɔwo ƒe nukunyenye ŋuti bubu ŋu dze sii. Le kpɔɖeŋu me, eŋlɔ tso akpa si tsililikpowo wɔna le tsidede míaƒe anyigba ŋu be: “Tɔwo katã sina yia atsiaƒu me, ke atsiaƒu meyɔna gbeɖe o; afisi tɔwo sina yina la, afima woyina ɖaa.” (Nyagblɔla 1:7) Aleae wòdzɔnae be ne tsidzadza kple tɔsisiwo de tsi anyigba vɔ la, tsiawo gatrɔna tsoa atsiaƒu me yia alilikpowo me. Aleke anyigba sia anɔ ne ɖe tsi meklɔa nuwo ŋu eye wòtona tɔtrɔ siawo katã me gagbugbɔna dzana o? Aleke gbegbe Salomo ada akpee esime wònɔ ŋugble dem le nusiawo ŋue enye si!
Akpedala dea asixɔxɔ wo kple ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, kple ame nyanyɛwo dome ƒomedodo hã ŋu. Ebua tame le dɔmenyonu siwo wowɔ nɛ ŋu. Eye ne etsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ bu alesi wonyo dɔme nɛ ŋu la, eƒe dzi ʋãnɛ be wòada akpe.
Akpedada
Nya si gbɔgblɔ le bɔbɔe ale gbegbe kae nye si gbɔgblɔ be “akpe” nye! Egbɔgblɔ le bɔbɔe ŋutɔ. Eye nusiwo ta woagblɔe ɖo sɔ gbɔ fũ. Aleke gbɔgblɔ tso dzi me be Akpe na ame aɖe si ʋu ʋɔtru na mí alo tsɔ nane si ge le mía si ɖe anyigba na mí adzɔ dzi nɛ enye esi! Ne fiasemenudzrala alo kplɔ̃ŋusubɔla le nuɖuɖudzraƒe alo posudɔwɔla se wogblɔ nya ma na wo la, ate ŋu ana woƒe dɔa nanɔ bɔbɔe eye dzidzɔ nanɔ eme na wo wu.
Akpedagbalẽvi ɖoɖo ɖe ame aɖe si wɔ dɔmenyo aɖe na wò la nye mɔ bɔbɔe si dzi míato ada akpe. Woŋlɔ akpedanyaawo nyuie ɖe agbalẽvi siawo siwo nàkpɔ le fiasewo me dzi. Gake ɖe manye lɔlɔ̃ ɖeɖefia ne wò ŋutɔ ètsɔ asi ŋlɔ ŋudzedzekpɔkpɔnya bubuwo kpee oa? Ame aɖewo gɔ̃ hã mezãa agbalẽvi siwo dzi woŋlɔ nu ɖo xoxo o, woawo ŋutɔ woŋlɔa kpui aɖe ɖona ɖa.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 25:11.
Anɔ eme be amesiwo dze na míaƒe akpedada wue nye míaƒe aƒemetɔwo, amesiwo te ɖe mía ŋu kplikplikpli wu. Biblia gblɔ le nyɔnu zazɛ̃ ŋu be: “Srɔ̃a kafunɛ.” (Lododowo 31:28) Ðe srɔ̃ŋutsu ƒe akpedanya siwo tso dzi me gbɔgblɔ na srɔ̃a mana ŋutifafa kple dzidzeme nanɔ aƒea me oa? Eye ɖe dzi madzɔ srɔ̃ŋutsua hã ne eva aƒeme eye srɔ̃a tsɔ lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ do wòe zɔ nɛ oa? Xaxa siwo le srɔ̃ɖeɖe me le ŋkeke siawo me sɔ gbɔ, eye ne xaxawo dzi ɖe edzi la, enɔa bɔbɔe be woado dziku. Amesi ŋu nu dzena lɔ̃na ɖea mɔ ɖe nanewo ŋu, eŋea aɖaba ƒua vodada dzi kabakaba, eye etsɔna kena bɔbɔe.
Ele be sɔhɛwo hã nanɔ ŋudzɔ ada akpe si tso dzi me na wo dzilawo. Ele eme be dzilawo mede blibo ya o, gake menye eyatae màda akpe ɖe nusi wowɔ na wò la ta o. Màte ŋu axe lɔlɔ̃ kple beléle si wotsɔ na wò tso dziwòɣi ke ƒe fe o. Ne wofia nu wò be nèdze si Mawu la, ke eya hã ganye nu bubu si ta wòle be nàda akpe ɖo.
Psalmo 127:3 gblɔ be: “Ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ.” Eyata le esi teƒe be dzilawo nanɔ vodada dim le wo viwo ŋu le nu suesuewo me ɣesiaɣi la, ele be woadi mɔnukpɔkpɔ siwo me woakafu wo le boŋ. (Efesotɔwo 6:4) Eye mɔnukpɔkpɔ kae nye esi wònye na wo be woakpe ɖe wo vi siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te ŋu be woasrɔ̃ akpedada!—Tsɔe sɔ kple Lododowo 29:21.
Akpedada na Mawu
Yehowa Mawue nye “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” Nala. (Yakobo 1:17) Eƒe nunana veviawo dometɔ ɖekae nye agbe, elabena nusianu si le mía si alo ɖoɖo ɖesiaɖe si míawɔ azu dzodzro ne míegale agbe o. Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be míaɖo ŋku edzi be ‘Yehowa Mawu gbɔe agbedzɔtsoƒe le.’ (Psalmo 36:6, 8, 10; Dɔwɔwɔwo 17:28) Be míana dzi siwo daa akpe na Mawu nanɔ mía si la, ele be míade ŋugble le ɖoɖo si wòwɔ dɔmenyotɔe na míaƒe agbenɔnɔ le ŋutilã me kple gbɔgbɔ me léle ɖe te la ŋu. (Psalmo 1:1-3; 77:12, 13) Dzi ma aʋã mí be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia le míaƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo me.
Gbedodoɖa nye mɔ ɖedzesi siwo si dzi míato ada akpe na Mawu dometɔ ɖeka. Hakpala Dawid gblɔ be: “Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ. Naneke mede nuwò o! Mebe, matsɔ wo aɖe gbeƒãe, eye maƒo nu le wo ŋu, ke womele xexlẽ me o.” (Psalmo 40:6) Mina míawo hã míase le mía ɖokui me nenema ke.
Dawid ɖoe hã be yeaɖe alesi yekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ŋui afia le nya siwo yegblɔna na amewo me. Egblɔ be: “Makafu Yehowa tso dzi blibo me, eye maxlẽ wò nukunuwɔwɔwo katã afia.” (Psalmo 9:2) Ðewohĩ mɔ nyuitɔ kekeake si dzi míato ada akpe na Mawue nye be míaƒo nu le eŋu na amewo, agblɔ eƒe Nya la me nyateƒea na wo. Eye esia akpe ɖe mía ŋu be míanye akpedalawo le agbemenu bubuwo hã me.
Yehowa gblɔ be: “Amesi tsɔ akpedada sa vɔe la, ede bubu ŋunye; eye amesi lé ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu la, mana wòakpɔ Mawu ƒe xɔname!” Neva eme be nàkpɔ dzidzɔ si tsoa akpedada nɛ tso dzi me la me.—Psalmo 50:23; 100:2.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Mawu ƒe nunanae agbe nye. Dze agbagba nàna wòagavivi wu