INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 2/15 axa 3-4
  • Nukata Nànye Akpedala?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukata Nànye Akpedala?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔ Nyuie be Màgazu Akpemadala O
  • “Mizu Ame Dakpewo”
  • Tu Akpedadagbɔgbɔ Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • “Mida Akpe Ðe Nu Sia Nu Ta”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Àwɔ Mɔnukpɔkpɔa Ŋu Dɔa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Akpedada
    Nyɔ!—2016
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 2/15 axa 3-4

Nukata Nànye Akpedala?

ESI woko Harley ƒe dzimeƒu ta la, ezi edzi be wòdzudzɔ eƒe dɔwɔɖui si nye mɔ̃ŋutidɔwɔwɔ heva zu ɔfis dɔwɔla. Esi wobia Harley alesi wòse le eɖokui me le tɔtrɔ sia ŋu la, egblɔ be: “Mɔ̃ŋutidɔwɔwɔ dzroam ya. Gake le nyateƒe me la, dzi dzɔam le nye dɔ yeyea me wu xoxotɔa.”

Harley gblɔ nusi gbɔ eƒe dzidzemea tso be: “Amesiwo mía kple wo míewɔa dɔ ƒe nɔnɔme gbɔe wòtso. Nye dɔdzikpɔla yeyea kple dɔwɔhatiwo kpɔa ŋudzedze ɖe dɔ si mewɔna ŋu eye womegbeam kafukafu o, womele abe amesiwo le nye dɔwɔƒe xoxoa ene o. Esia na vovototo gã aɖe dze.” Dzi le Harley dzɔm fifia le dɔ me le esi wòsenɛ le eɖokui me be yele vevie eye wohiã ye ta.

Kafukafunyawo gbɔgblɔ alo akpedada, na amesiwo dze nɛ, doa dzidzɔ na ame ŋutɔ. Gake akpemadamada ate ŋu aɖe dzi le ame ƒo abe alesi Shakespeare de dzesii ene be: “Ƒo, ƒo, wò vuvɔŋɔliya, wòa mègbea dɔmekɔkɔ abe amegbetɔ akpemadala ene o.” Nublanuitɔe la, wowɔ nu manyomanyo sia ɖe ame geɖewo ŋu.

Kpɔ Nyuie be Màgazu Akpemadala O

Akpedada si tso dzi me megabɔ le egbe xexeame o. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽŋlɔla aɖe bia nya aɖe be: “Ne ŋugbetɔsrɔ̃a kpɔ vovo ŋlɔ amewo ƒe ŋkɔ ɖe amekpegbalẽviwo dzi ɖo ɖe ame 200 la, nukatae makpɔ vovo aŋlɔ lɛta kpui aɖe atsɔ ada akpee ɖe nunana 163 si wòxɔ ya ta o?” Zi geɖe la, womedaa “numekpe” hã o. Tɔnye ko nenyo ƒe nɔnɔme va le aƒe xɔm ɖe akpedada teƒe kabakaba. Nɔnɔme sia nye ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesiwo dometɔ ɖeka. Apostolo Paulo na míenya be: “Nya esia bena, le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, . . . ame madakpewo.”—Timoteo II, 3:1, 2.

Le go bubuwo me la, kesekukuɖɔɖɔname va xɔ ɖe akpedada teƒe. Dzi mee akpedada tsona, eye womebua viɖe si amea ŋutɔ akpɔ le eme ŋu o. Gake kesekukuɖɔɖɔname, si zi geɖe metsoa dzi me o eye wònyea kafukafu si gbɔ eme, ate ŋu atso didi be yeaxɔ ŋgɔ na ame bubuwo alo ɖe ame ŋutɔ ƒe viɖe aɖewo ta. (Yuda 16) Tsɔ kpe ɖe amesi woda akpea na fuflu ŋu la, zi geɖe la, numevivinya mawo nyea dada kple ɖokuidodoɖedzi nuwɔna. Ke amekae adi be woatsɔ kesekukuɖɔɖɔ aflu yee? Gake akpedada si tso dzi me la doa ŋusẽ ame nyateƒe.

Akpedada ɖea vi na edala. Dzi si dzɔnɛ le esi wòɖe akpedada si tso dzi me fia ta la dzia eƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple ŋutifafa ɖe edzi. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 15:13, 15.) Eye esi akpedada nye nɔnɔme nyui ta la, ekpɔa eta tsoa nuwɔna manyomanyowo abe dziku, ŋuʋaʋã, kple fuléle me.

“Mizu Ame Dakpewo”

Biblia ɖo aɖaŋu na mí be míatu akpedagbɔgbɔ ɖo. Paulo ŋlɔ be: “Mida akpe le nusianu ŋuti; elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le Kristo Yesu me hena mi.” (Tesalonikatɔwo I, 5:18) Eye Paulo xlɔ̃ nu Kolosetɔwo be: “Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le miaƒe dziwo me, . . . eye mizu ame dakpewo!” (Kolosetɔwo 3:15) Akpedanyawo dze le psalmo geɖe me, si fia be akpedada si tso dzi me nye mawumenɔnɔme nyui. (Psalmo 27:4; 75:2) Eme kɔ kɔte be dzi dzɔa Yehowa Mawu ne míeɖe akpedada fia le gbesiagbegbenɔnɔ me nuwɔna ɖesiaɖe me.

Gake xexe madakpe sia me nu kawoe wɔnɛ be wòsesẽna na mí be míatu akpedagbɔgbɔ ɖo? Aleke míaɖe akpedada afia le gbesiagbegbenɔnɔ mee? Míadzro nyabiabia siawo me le nyati si gbɔna me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe