INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 3/1 axa 4-7
  • Nukata Wole Tsɔtsɔke Biam?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukata Wole Tsɔtsɔke Biam?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Subɔsubɔhawo ƒe Ðekawɔwɔ Kple Woƒe Agbenɔnɔ
  • Menye Amesiamee Lɔ̃ Ðe Edzi O
  • Mawu ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃
  • Sɔlemehawo Ʋu Nuvɔ̃ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • ‘Subɔsubɔha Vavã’ Ðeka Koe Lia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Sɔlemeha La—Tɔtrɔwo Kple Tɔtɔ
    Nyɔ!—1993
  • Vatikan II—Yayrae alo Fiƒodee?
    Nyɔ!—1993
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 3/1 axa 4-7

Nukata Wole Tsɔtsɔke Biam?

ALESI wòle be sɔlemehawo natrɔ le woƒe vodadawo me eye woagbugbɔ wo ɖokui aɖɔ ɖo la menye nya yeye o. Religioni e miti (Subɔsubɔhawo Kple Nya Kpakpawo) si nye mawusubɔsubɔ ƒe nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be nuteƒe si wogblɔ be ha gbãtɔa wɔ la dzɔ dzi na amewo le Titinaɣeyiɣiwo me eye wòna ame geɖe bia be woawɔ ɖɔɖɔɖo.

Le ƒe 1523 me esi Martin Luther ɖe eɖokui ɖa le Rome ŋu megbe la, Papa Adrian VI te kpɔ be yeahe ɖekawɔwɔ vɛ esi wòɖo du sia ɖe Nuremberg Fiaviwo ƒe Ha la be: “Míenya nyuie be ƒe geɖe enye sia si nusiwo wòle be míatsri va zu agba na Papa ƒe Dziɖuƒe la . . . Míatsɔ veviedodo ɖesiaɖe si hiã aɖɔ Roma-Hawo ɖo, afisi ɖewohĩ nu gbegblẽ siawo katã dzɔ tso.” Gake nya mawo gbɔgblɔ mete ŋu ɖɔ mamãa ɖo alo te ŋu ɖe nufitifitiwɔwɔ si le Katolikohawo me ɖa o.

Nyitsɔ laa la, wohe nya ɖe sɔlemehawo ŋu le esi womiã nu ɖe Nazitɔwo ƒe Amewo Tsɔtsrɔ̃ dzi ta. Wogatsɔ nya ɖe wo ŋu le esi womegbe na woƒe hameviwo be womegakpɔ gome le aʋawɔwɔ me o ta. Le ƒe 1941 me esime wonɔ Xexemeʋa II wɔm la, nunɔla aɖe si ŋkɔe nye Primo Mazzolari bia be: “Nukata Rome metsi tre ɖe Katoliko-nufiafiawo dzi dada ŋu vevie abe alesi wòwɔnɛ tsã, eye wògawɔnɛ fifia le nufiafia siwo ŋu afɔku mele boo o gome ene o?” Ke nufiafia kawo ŋue afɔku le wu? Dukɔmevinyenye ƒe dada si hea aʋawɔwɔ vɛ eye wònɔ ŋkuʋuʋu dome gblẽm ɣemaɣi ŋue nunɔla la nɔ nu ƒom tsoe.

Gake nya lae nye be vaseɖe nyitsɔ laa la, subɔsubɔhawo melɔ̃na xɔa fɔbubu kura o. Le ƒe 1832 me esi ame aɖewo nɔ eƒom ɖe Katolikoha la nu be ‘woawɔ ɖɔɖɔɖowo le eme’ la, Gregory XVI gblɔ tsɔ ɖo eŋu na wo be: “Edze ƒã be gɔmesese mele eŋu o eye wòganye afɔku be woadoe ɖa be ‘gbugbɔɖoanyi kple ɖɔɖɔɖowɔwɔ’ hiã le [sɔlemeha la ƒe] dedienɔnɔ kple ŋgɔyiyi ŋu, abe ɖe kpɔtsɔtsɔ ate ŋu anɔ eŋu ene.” Ke kpɔtsɔtsɔ siwo dze ale gbegbe be womate ŋu agbe be womele eme o ya ɖe? Woto mɔ vovovowo dzi be yewoatsɔ aɖe wo nui. Le kpɔɖeŋu me, mawunyaŋutinunyala aɖewo gblɔ be sɔlemeha la le kɔkɔe gake nuvɔ̃ hã le eme. Wogblɔ be ha la ŋutɔ ya le kɔkɔe—Mawu kpɔ eta be kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o. Gake hameviawo nye nuvɔ̃mewo. Eyata ne wowɔ ŋutasẽnu dziŋɔwo le sɔlemeha la ƒe ŋkɔ me la, mele be woada fɔbubua ɖe ha la ŋutɔ dzi o, ke ɖe hamevi ɖekaɖekawo boŋ dzi. Ðe gɔmesese le nya ma ŋua? Roma Katolikotɔ mawunyaŋutinunyala Hans Küng melɔ̃ ɖe edzi o, amesi ŋlɔ bena: “Sɔlemeha deblibo aɖeke meli si me amegbetɔ madeblibowo le o.” Eɖe eme be: “Sɔlemeha aɖeke meli si ŋu woate ŋu agblɔ le be nuvɔ̃ aɖeke mele o.”

Subɔsubɔhawo ƒe Ðekawɔwɔ Kple Woƒe Agbenɔnɔ

Ðewohĩ àdi be yeanya nusiwo na sɔlemehawo le tsɔtsɔke biam fifia. Gbã la, Protestant kple Orthodɔks hawo lɔ̃ ɖe edzi be yewogbɔe “mamã siwo do mo ɖa tsã” le subɔsubɔha vovovowo me la tso. Wogblɔ esia le subɔsubɔha vovovowo ƒe “Xɔse Kple Ðoɖo” ƒe takpekpe si wowɔ le Lausanne, Switzerland, le ƒe 1927 me la me. Roma Katoliko Ha va srɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua. Vevietɔ tso Vatikan II ƒe ɣeyiɣia me la,a ŋgɔnɔla siwo le ɖoƒe kɔkɔwo, kple papawo, bia tsɔtsɔke edziedzi wu ɖe mamã si le Kristodukɔa me ta. Susu ka tae? Edze ƒã be wodi be ɖekawɔwɔ nanɔ Kristodukɔa dome geɖe wu. Katolikotɔ ŋutinyaŋlɔla Nicolino Sarale gblɔ be “wowɔ mɔnu aɖe ŋudɔ” le John Paul II ƒe “‘lɔlɔ̃ ɖe vodada dzi’ ƒe nyawo me, eye eyae nye sɔlemehawo ƒe ɖekawɔwɔ.”

Gake menye subɔsubɔhawo ƒe ɖekawɔwɔ ŋu koe nya la ku ɖo o. Egbea la, ame geɖe nya nu tso Kristodukɔa ƒe ŋutinya gbegblẽa ŋu. Mawunyaŋutinunyala Hans Urs von Balthasar gblɔ be: “Katolikotɔwo mate ŋu aŋe aɖaba aƒu ŋutinya sia katã dzi o. Sɔlemeha si me tɔ wònye la wɔ nusiwo edze ƒã be míate ŋu alɔ̃ ɖe wo dzi fifia o alo eɖe mɔ ɖe wo wɔwɔ ŋu.” Eyata papa la de dɔ asi na ƒuƒoƒo aɖe be “woaɖe nu gbegblẽ ɖedzesi siwo sɔlemeha la wɔ me ale be . . . woabia wo ŋuti tsɔtsɔke.” Ekema edze abe susu bubu si ta sɔlemeha la le fɔ bum eɖokui enye be edi be agbenyuinɔnɔ ƒe tenɔnɔ nagasu ye si.

Nenema ke esime ŋutinyaŋlɔla Alberto Melloni nɔ nu ƒom tso sɔlemeha la ƒe tsɔtsɔke biabia ŋu la, eŋlɔ bena: “Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, nusi wobiana ɣeaɖewoɣie nye be woagada nya siwo wotsɔ ɖe wo ŋu ƒe agba ɖe wo dzi o.” Ẽ, ewɔ abe Katolikoha la le agbagba dzem be yeaɖe ta le nuvɔ̃ siwo wowɔ va yi ƒe agba la te ale be amewo nagade bubu eŋu ene. Gake le nyateƒe me la, ele be míagblɔ be etsi dzi ɖe ŋutifafa wɔwɔ kple xexeame ŋu wu be wòawɔe kple Mawu.

Nɔnɔme sia na míeɖo ŋku Saul si nye Israel-fia gbãtɔ dzi. (Samuel I, 15:1-12) Ewɔ vodada gã aɖe, eye esi woɖe esia ɖe go la, ete kpɔ gbã be yeaɖe ye ɖokui nu—atsɔ nya aɖe ado taflatse ɖe eƒe vodada ta—na Samuel si nye Mawu ƒe nyagblɔɖila nuteƒewɔla la. (Samuel I, 15:13-21) Mlɔeba la, fia la ʋu eme na Samuel be: “Mewɔ nuvɔ̃ be, meda Yehowa ƒe se . . . dzi.” (Samuel I, 15:24, 25) Ẽ, elɔ̃ ɖe eƒe vodada dzi ya. Gake nya siwo wògagblɔ na Samuel ɖe nusi nɔ vevie nɛ le eƒe susu me fia: “Mewɔ nuvɔ̃; gake de bubu ŋunye fifia le nye dukɔ la ƒe ame tsitsiwo kple Israel ŋku me dzro.” (Samuel I, 15:30) Edze ƒã be alesi Israel-dukɔa abu Saul la nɔ vevie nɛ wu wo kple Mawu dome dzadzraɖo. Nɔnɔme sia mewɔe be Mawu tsɔe ke Saul o. Ðe nèbu be nɔnɔme sia tɔgbe awɔe be Mawu natsɔe ake sɔlemehawoa?

Menye Amesiamee Lɔ̃ Ðe Edzi O

Menye amesiamee lɔ̃ ɖe edzi be sɔlemehawo nabia tsɔtsɔke le gaglãgbe o. Le kpɔɖeŋu me, Roma Katolikotɔ geɖe tsi dzodzodzoe esime papa la bia tsɔtsɔke ɖe amewo wɔwɔ kluviwoe ta alo be woade bubu “aglãdzelawo” abe Hus kple Calvin ene ŋu. Nya si tso Vatikan ɖee fia be papatenɔla siwo de takpekpe si wowɔ kple papa le June 1994 me la tsi tre ɖe agbalẽ si wòɖo ɖe papatenɔlawo si gblɔ be “woadzro dzitsinyawo me” le Katolikotɔnyenye ƒe ƒe akpe ɖeka si va yi ƒe ŋutinya me la ŋu. Gake esi papa la di be yeatsɔ nya ma ade lɛta si wòŋlɔ na papatenɔlawo me la, Italytɔ papatenɔla Giacomo Biffi ɖe kplɔlawo ƒe nuŋlɔɖi aɖe ɖe go si me wòɖo kpe edzi le be: “Nuvɔ̃ aɖeke mele Sɔlemeha la ŋu o.” Gake elɔ̃ ɖe edzi be: “Tsɔtsɔke biabia ɖe vodada siwo ha la wɔ le ƒe alafa siwo va yi me . . . ate ŋu ana woabu mí be míaƒe nya me mesẽ boo o.”

Vatikan-nyatakala Luigi Accattoli gblɔ be: “Nuvɔ̃meʋuʋu nye nya siwo ŋu woʋlia nya le wu le Katolikoha me la dometɔ ɖeka. Ne papa la lɔ̃ ɖe mawunyadɔgbedelawo ƒe vodadawo dzi la, evea dɔme na mawunyadɔgbedela aɖewo eye wotɔ dzɔ hã.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nyadzɔdzɔŋlɔla Roma Katolikotɔ aɖe ŋlɔ bena: “Ne Sɔlemeha la ƒe ŋutinya dzi ŋɔ na papa la alea nyateƒe la, ke gɔmesese mele eŋu o be wògate ŋu gblɔna le Sɔlemeha sia ke ŋu fifia be enye ŋgɔxɔla na ‘amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo’ taʋiʋli, eye wònye ‘vidada kple nufiala’ si ɖeɖeko ate ŋu afia mɔ ameƒomea ayi ƒe akpe etɔ̃lia si ŋu kakaɖedzi ŋutɔŋutɔ le me.”

Biblia xlɔ̃ nu mí le dzime si wotrɔna le ŋukpe si woava ɖu ne nu gbegblẽa va dze ta ŋu. Zi geɖe la, dzimetɔtrɔ ma tɔgbe menaa amesi le dzimea trɔm wɔa tɔtrɔ o. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 7:8-11.) Dzimetɔtrɔ si ŋu asixɔxɔ le le Mawu ŋkumee nye esi ŋu ‘kutsetse siwo dze dzimetɔtrɔ’ kpe ɖo—si nye nuwɔna siwo ɖoa kpe dzimetɔtrɔ ƒe nuvãnyenye dzi.—Luka 3:8.

Biblia gblɔ be ele be amesi le dzime trɔm hele nuvɔ̃ me ʋum la naɖe asi le nu gbegblẽa wɔwɔ ŋu, ahadzudzɔ. (Lododowo 28:13) Ðe wowɔ esia? Le nuvɔ̃meʋuʋu si Roma Katoliko Ha kple sɔlemeha bubuwo wɔ megbe la, nukae dzɔ le dukɔmeviʋa siwo wowɔ nyitsɔ laa le titina Afrika kple Ɣedzeƒe Europa, afisi “Kristotɔ” gbogbo aɖewo kpɔ gome le eme le? Ðe sɔlemehawo wɔa nu tsɔ doa ŋutifafa ɖe ŋgɔa? Ðe woƒe kplɔlawo katã ƒo nu tsi tre ɖe ŋutasẽnu dziŋɔ siwo woƒe hameviwo nɔ wɔwɔm ŋua? Ao. Mawusubɔsubɔ nunɔla aɖewo gɔ̃ hã kpɔ gome le amewuwua me!

Mawu ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃

Esime Papatenɔla Biffi nɔ nu ƒom tso nuvɔ̃meʋunya siwo papa la gblɔna edziedzi ŋu la, ebia nya sia be: “Le nuvɔ̃ siwo wowɔ va yi gome la, ɖe manyo wu be mí katã míalala xexeame katã ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la oa?” Ɣeyiɣi si woadrɔ̃ ʋɔnu ameƒomea katã la gogo. Yehowa Mawu nya nu gbegblẽ siwo katã wowɔ le mawusubɔsubɔ ƒe ŋutinya me. Eteƒe madidi kura o, abia akɔnta tso amesiwo ɖi fɔ la si. (Nyaɖeɖefia 18:4-8) Hafi wòava dzɔ nenema la, ɖe woate ŋu akpɔ tadedeagu si wometsɔ ʋufɔɖiɖi, mɔɖeɖe ɖe amewuwu ŋu, kple nu vlo bubu siwo ta Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo le kuku ɖem ɖo ƒo ɖii o la? Ẽ.

Aleke míawɔ akpɔe? Eyae nye be míawɔ dzidzenu si Yesu Kristo gblɔ la ŋudɔ be: “Mitsɔ woƒe tsetsewo dze si wo.” Menye amesiwo Yesu yɔ be “aʋatsonyagblɔɖilawo” ɖeɖekoe ŋutinya me nuŋlɔɖi, si dzi subɔsubɔha aɖewo adi be míaŋe aɖaba aƒui la, kpena ɖe mía ŋu míedzea sii o ke ena míedzea si amesiwo tse “ku nyui” la hã. (Mateo 7:15-20) Amekawoe amesiawo nye? Míekpe wò be wò ŋutɔ nàdii to Biblia me dzodzro kple Yehowa Ðasefowo me. Kpɔe ɖa be amekawoe le agbagba dzem ŋutɔŋutɔ egbea be yewoawɔ ɖe Mawu ƒe Nya la dzi tsɔ wu be yewoanɔ xexeame ƒe bubunɔƒe nɔnɔ yome hã.—Dɔwɔwɔwo 17:11.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Subɔsubɔhawo ƒe sewɔtakpekpe 21 lia si kpe ta zi ene le Rome tso ƒe 1962-65 me.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Sɔlemehawo le kuku ɖem ɖe ŋutasesẽ siwo gbɔ eme abe esia ene siwo wowɔ ta

[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]

The Complete Encyclopedia of Illustration/J. G. Heck

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe