Sɔlemehawo Ʋu Nuvɔ̃ Me
“Papa Kplɔ Sɔlemeha la Yi Ʋɔnui.” “Ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃ Kple Fuléle Yudatɔwo —Sɔlemeha la Lɔ̃ Ðe Eƒe Vodada Dzi.”a “Wolɔ̃ De Vodada Dzi le Amehawo Tsɔtsrɔ̃ Ŋu.” “Methodisttɔwo Ðe Kuku na Indiatɔ Siwo Le Ɣetoɖoƒe Ʋĩ.”
ÈXLẼ tanya siawo tɔgbe kpɔa? Edze abe eva le bɔbɔm ŋutɔ ene be sɔlemehawo le fɔbubu xɔm le nusiwo wowɔ le ƒe alafaawo me ŋu eye wole kuku ɖem ɖe wo ta. Nyakakamɔnuwo tea gbe ɖe nuvɔ̃meʋunya siwo papa la gblɔna dzi ɣesiaɣi.
Ɣeyiɣi Siwo me Papa Bia Tsɔtsɔke
Vatikan-nyatakala Luigi Accattoli gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Quando il papa chiede perdono (Ɣeyiɣi Siwo me Papa Bia Tsɔtsɔke) me be tso ƒe 1980 vaseɖe 1996 me la, John Paul II ‘lɔ̃ ɖe vodada siwo Sɔlemeha la wɔ le ŋutinya me dzi alo bia tsɔtsɔke ɖe wo ta’ zi 94 ya teti. Accattoli gblɔ be “le Katolikoha me la, papa koe ate ŋu alɔ̃ ɖe vodada dzi wòasɔ.” Eye eɖe kuku alea ɖe nusiwo ŋu nya ku ɖo wu ɖesiaɖe siwo Katolikotɔwo wɔ va yi la ta—Atitsogaʋawo, aʋa siwo wowɔ, dzizizidziɖuɖuwo dzi dede, mamã si le sɔlemehawo me, fuléle Yudatɔwo, Ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃wo, Adzamehabɔbɔwo, kple ameƒomevinyenye ƒe mamãwo. Le nyatakagbalẽ si John Paul II ɖo ɖe papatenɔlawo le ƒe 1994 me (si ame aɖewo buna agbalẽ vevitɔ kekeake le papa ƒe agbalẽwo dome) la, egblɔ be “yeaʋu nuvɔ̃ siwo katã wowɔ le ƒe akpe ɖeka siwo va yi me la me.”
Nunɔla geɖe srɔ̃ papa la ƒe kpɔɖeŋu. Le December 1994 me la, Italy-nyadzɔdzɔgbalẽ Il Giornale ka nya ta be: “Amerika-bisiɔp geɖe va television dzi eye wobia tsɔtsɔke le dutoƒo.” Nuka ƒe tsɔtsɔke? Ðe esi wobu nunɔla ɖevigbɔdɔlawo ƒe kuxia nya tsɛe wògblẽ nu le ɖevi geɖe ŋu ta. Le January 1995 me la, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Repubblica ka nya ta le “nuwɔna aɖe si ɖeke mesɔ kple o le egbegbe Katolikotɔnyenye ƒe ŋutinya me” ŋu—eyae nye be wokpɔ Papa Pius XII ƒe numiamiã ɖe Amehawo Tsɔtsrɔ̃ dzi ƒe kuxia gbɔ. Le January 1995 me la, nyadzɔdzɔgbalẽ ma ke gblɔ be Germany-bisiɔpha bia tsɔtsɔke ɖe Roma Katolikotɔ siwo de hlɔ̃nu siwo Nazitɔwo wɔ dzi ƒe “vodada geɖeawo” ta. Protestant-ha vovovowo hã le fɔ bum wo ɖokui.
Nukata?
Biblia de dzi ƒo na mí be míabia tsɔtsɔke ne míeda vo, eye ame geɖe kafua sɔlemehawo ne wobu fɔ wo ɖokui. (Yakobo 5:16) Gake nukata sɔlemehawo le nusia wɔm? Ŋusẽ kae wòle be wòakpɔ ɖe alesi míebua woe dzi?
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Latingbe me nya Mea Culpa si gɔmee nye “nye ŋutɔ ƒe vodadae,” si nye Katolikotɔwo ƒe gbedodoɖa (Confiteor alo, “Meʋu nye nuvɔ̃ me”) ƒe akpa aɖe si me sɔlemeviwo gblɔa nya sia le enuenu.