INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp20 No. 2 axa 4-5
  • Nu Ka Tae Míehiã Mawu Fiaɖuƒea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Míehiã Mawu Fiaɖuƒea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2020
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • AMEGBETƆWO ƑE DZIÐUÐUWO VA DO
  • MAWU AÐE AFƆ KPUIE!
  • Mawu Fiaɖuƒea—Anyigba Ƒe Dziɖuɖu Yeye la
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Mawu Ƒe Mɔɖeɖe Ðe Fukpekpe Ŋu Ƒe Nuwuwu Gogo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Ale Si Yehowa Ðua Dzii Lae Nye Nyuitɔ Kekeake!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nu Ka Tae Nu Vɔ̃ɖi Wɔwɔ Kple Fukpekpe Li Ðo?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2020
wp20 No. 2 axa 4-5
Adam kple Xawa le tsitsetse si le Eden-bɔa me la kpɔm.

Le Mawu ƒe dziɖuɖu te la, eƒe nuwɔwɔwo katã wɔ ɖeka eye wonɔ ŋutifafa me

Nu Ka Tae Míehiã Mawu Fiaɖuƒea?

Tso amegbetɔ gbãtɔwo dzi la, mía Wɔla, ame si ŋkɔe nye Yehowa, koe nye Dziɖula ɖeka kolia. Eɖua dzi le lɔlɔ̃ me. Etso abɔ nyui aɖe ɖe Eden na amegbetɔwo be wòanye wo nɔƒe. Azɔ hã, ena nuɖuɖu vovovowo bɔ ɖe afi ma na wo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ena dɔ si me dzidzeme le la amegbetɔwo be woawɔ. (1 Mose 1:28, 29; 2:8, 15) Anye ne amegbetɔwo anɔ ŋutifafa me ne ɖe wokpɔtɔ nɔ Mawu ƒe dziɖuɖu si me lɔlɔ̃ le la te.

Adam lé atikutsetse si ŋu wode se ɖo si Xawa tsɔ nɛ la ɖe asi.

Amegbetɔ gbãtɔwo gbe Mawu ƒe Dziɖuɖu

Biblia ɖee fia be mawudɔla dzeaglã aɖe si wova yɔ emegbe be Satana Abosam, tso ɖe Mawu ŋu be medze aɖu dzi o. Eƒe nyaa fia be Mawu ƒe mɔfiame kple dziɖuɖu manɔmee la, amegbetɔwo akpɔ dzidzɔ wu. Nublanuitɔe la, mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, dze Satana yome eye wodze aglã ɖe Mawu ŋu.—1 Mose 3:1-6; Nyaɖeɖefia 12:9.

Esi Adam kple Xawa gbe be Mawu nagaɖu yewo dzi o ta la, wobu Paradiso-bɔ si nye wo nɔƒe kple mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woanɔ agbe tegbee le lãmesẽ blibo me. (1 Mose 3:17-19) Woƒe nyametsotsoa gblẽ nu le vi siwo wova dzi emegbe la hã ŋu. Biblia gblɔ be esi Adam wɔ nu vɔ̃ ta la, “nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va.” (Romatɔwo 5:12) Nu vɔ̃ gahe nu gbegblẽ bubu vɛ. Eyae nye be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe amegbetɔ dzi hena eƒe gbegblẽ.” (Nyagblɔla 8:9) Le nyaa nu la, ne amegbetɔ le nɔvia dzi ɖum la, kuxiwo koe ado gã ɖe edzi.

AMEGBETƆWO ƑE DZIÐUÐUWO VA DO

Nimrod tsitre ɖi dadatɔe. Xɔtulawo le dɔ wɔm le emegbe ɖaa.

Nimrod dze aglã ɖe Yehowa ŋu

Amegbetɔ gbãtɔ si ɖu dzi le anyigba dzi si ŋu Biblia ƒo nu tsoe nye Nimrod. Eye edze aglã ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu ŋu. Tso Nimrod ŋɔli la, amegbetɔ dziɖula siwo nye ŋusẽtɔwo zã woƒe ŋusẽ le mɔ gbegblẽwo nu. Ƒe 3,000 ye nye esi va yi la, Fia Salomo gblɔ be: “Mekpɔ ame siwo tem wole ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo, ke akɔfala aɖeke meli na wo o. Ŋusẽ le ame siwo te wo ɖe anyi la si.”—Nyagblɔla 4:1.

Nenema koe nuwo le egbea hã. Le ƒe 2009 me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe agbalẽ aɖe gblɔ be, eva le dzedzem ƒãa be nu si gbɔ amegbetɔwo ƒe “kuxi akpa gãtɔ tso dometɔ aɖee nye amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo.”

MAWU AÐE AFƆ KPUIE!

Xexea hiã na dziɖula kple dziɖuɖu siwo nyo wu. Eye ema ƒe ŋugbee mía Wɔla la do!

Foto: Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu metsonuwo. 1. Asia nyɔnu aɖe nɔ anyi ɖe teƒe ƒoɖi aɖe eye wòlé via si le avi fam la ɖe akɔnu. 2. Ŋutsu tsitsi aɖe si le dɔ lém la le abati me le kɔdzi. 3. Asrafo aɖewo le tu dam le aʋagbedzi. 4. Ame aɖewo siwo do dziku vevie la le gbɔ lɔm. 5. Nyɔnu aɖe kple via tɔ ɖe woƒe xɔ mɔnu le ŋku lém ɖe woƒe ʋɔtru ƒe ahuhɔ̃e gbagbã ŋu. 6. Dugã aɖe si me adzudzɔ bla kɔtɔɔ eye eletrik kawo le fũu.

Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu nyuitɔ kekeake gɔ̃ hã mete ŋu kpɔ ta na amegbetɔwo ƒe kuxi gãtɔwo o

Mawu ɖo Fiaɖuƒe, alo dziɖuɖu aɖe anyi si ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe, eye “eya ɖeɖe anɔ anyi tegbee.” (Daniel 2:44) Fiaɖuƒe siae ame miliɔn geɖe doa gbe ɖa biana. (Mateo 6:9, 10) Gake menye Mawu ŋutɔe anye fiaɖuƒe ma ƒe fia o, ke boŋ etia ame aɖe si nye amegbetɔ kpɔ be wòaɖu dzi. Ame kae Mawu tia?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe