Ƒomea Ameƒomea ƒe Nuhiahiã Vevi Aɖee!
WOGBLƆ be hafi nu nadze edzi na ameƒomea la, ke ele be nu nadze edzi na ƒomewo hã. Ŋutinya ɖee fia be ne nu le gbegblẽm le ƒome ƒe nuɖoanyia ŋu la, ekema nutowo kple dukɔwo ƒe ŋusẽ hã nɔa gbɔdzɔgbɔdzɔm. Esi agbeƒaƒãnɔnɔ gbã ƒomewo le blema Hela la, eƒe ŋkuʋuʋu me gblẽ, ale be wòʋu mɔ na Romatɔwo woɖu edzi. Roma Fiaɖuƒea kpɔtɔ sẽ ŋu le esime ƒomewo yi edzi li ke. Gake esi ƒe alafawo va yi la, ƒomegbenɔnɔ me va gbɔdzɔ eye fiaɖuƒea ƒe ŋusẽ dzi ɖe kpɔtɔ. Charles W. Eliot, si nye Harvard Yunivɛsiti ƒe zimenɔla tsã la gblɔ be: “Ƒomea kple ƒomegbenɔnɔ ƒe dedienɔnɔ kple ŋgɔyiyi ye nye nu vevitɔ siwo ŋkuʋuʋu minyãna, kpakple agbagbadzedze ɖesiaɖe ƒe taɖodzinu mlɔea.”
Nyateƒee, ƒomea nye amegbetɔ ƒe nuhiahiã vevi aɖe. Ekpɔ ŋusẽ ɖe amehawo kple ɖeviwo kpakple dzidzime siwo ava dzɔ le etsɔme la ƒe kelili kple dedienɔnɔ dzi tẽ. Ðikeke mele eme o be vidadaɖekɛ geɖe fũ li siwo dzea agbagba naa hehe nyui ɖeviwo eye wodze na kafukafu ɖe dɔ sesẽ si wɔm wole la ta. Gake numekukuwo ɖee fia be ɖeviwo ɖɔa ʋu wu ne wole ƒome si me dzila eveawo katã le la me.
Numekuku si wowɔ le Australia tso ƒewuivi 2,100 ŋu ɖee fia be “lãmegbegblẽ ɖea fu na ƒewuivi siwo tso ƒome siwo gbã me koŋ wu, woɖea dzesi siwo fia be wole nuteɖeamedziwo me tom fiana wu, eye wonɔa agbegbegblẽ wu ɖevi siwo tso ƒome si me dzila eveawo le me.” Numekuku aɖe si United States Dukɔa ƒe Lãmesẽ Ŋuti Numekuha wɔ ɖee fia be “ele bɔbɔe be ɖevi siwo tso aƒe siwo gbã me dometɔ 20-30 le alafa me nadze afɔku, wo dometɔ 40-75 le alafa me nagatsi klass ɖeka me le suku, eye woanyã 70 le alafa me le suku.” Eye ɖoɖoŋutinumekula aɖe ka nya ta be “ele bɔbɔe ale gbegbe be dzilaɖekaƒomewo me viwo nawɔ nu vlo wu esiwo wonyi le aƒe siwo me dzila eveawo katã nɔ anyi ɖekae la me.”
Aƒea Mee Nye Dedienɔƒe
Ƒomeɖoɖoa naa amesiame kpɔa dzidzɔ, kpɔa tutuɖo, eye wòsea vivi le aƒea me. Swedentɔ agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be, “menye dɔwɔɖui, nunɔamesiwo, modzakaɖedɔwo alo xɔlɔ̃woe nye nu vevitɔ siwo hea dzidzɔkpɔkpɔ kple dedienɔnɔ vɛ o, ke boŋ ƒomee.”
Biblia ɖee fia be ƒome sia ƒome si le anyigba dzi la kpɔa eƒe ŋkɔ tsoa ƒomewo katã Wɔla Gã Yehowa Mawu gbɔ, le gɔmesese sia nu be eyae ɖo ƒomeɖoɖoa anyi. (Mose I, 1:27, 28; 2:23, 24; Efesotɔwo 3:14, 15) Gake apostolo Paulo gblɔ ɖi ɖe Ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo me be woadze ƒomea dzi ŋɔdzitɔe esi awɔe be le Kristo-hamea godo la, ameƒomea ƒe agbenyuinɔnɔ ayi to. Egblɔ be nusiwo aɖe dzesi le “ŋkeke mamlɛawo” ŋue nye nuteƒemawɔmawɔ, ‘ƒometɔwo ƒe wo nɔewo malɔ̃malɔ̃,’ tomaɖomaɖo dzilawo, si anɔ “amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme” le kura gɔ̃ hã me. Exlɔ̃ nu Kristotɔwo be woate wo ɖokui ɖa le ame mawo tɔgbe gbɔ. Yesu gblɔe ɖi be tsitretsitsi ɖe Mawu ƒe nyateƒea ŋu amã ƒomewo me.—Timoteo II, 3:1-5; Mateo 10:32-37.
Gake Mawu megblẽ mí ɖi o. Ƒomegbenɔnɔ ŋuti mɔfiame geɖe le eƒe Nya la me. Egblɔ alesi míawɔ nuwo nadze edzi le ƒomea me eye aƒea me nanye dzidzɔteƒe si ƒomea me tɔ ɖesiaɖe awɔ nane na emetɔ bubuwo la na mí.a—Efesotɔwo 5:33; 6:1-4.
Ðe wòanya wɔ be ƒomea me tɔwo nakpɔ dzidzɔ alea le ŋkeke siawo si me ƒomea ɖo afɔku gã sia mea? Ẽ, anya wɔ! Àte ŋu awɔe be wò ƒomea nanye viviseƒe si le abe tsidzɔƒe si le kuɖiɖinyigba si dzi ƒu kplakplakpla alea la me. Gake esia bia nane tso ƒomea me tɔ ɖesiaɖe si. Eƒe aɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye esi.
Kpekpe Ðe Wò Ƒomea Ŋu be Nu Nadze Edzi na Wo
Mɔ nyuitɔ siwo dzi woato ɖekawɔwɔ nanɔ ƒomea me dometɔ ɖekae nye be woanɔ anyi ɖekae. Ele be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe nalɔ̃ be yeazã yeƒe vovoɣi ɖe ƒomea ŋu. Ate ŋu abia be woatsɔ nanewo asa vɔe. Le kpɔɖeŋu me, ahiã be mi ƒewuiviwo miatsɔ miaƒe television dzi wɔna si dzɔa dzi na mi, kamedefefe, alo gododo kple xɔlɔ̃wo la dometɔ aɖewo asa vɔe. Mi fofowo, amesiwo koŋ nye aƒedzikpɔlawo, migazã miaƒe vovoɣiwo na miawo ɖeɖeko ƒe modzakaɖeɖe alo nu bubu siwo ado dzidzɔ na mi ŋu o. Wɔ nusiwo nèdi be yewoawɔ ƒe ɖoɖo kple ƒomea, ɖewohĩ kwasiɖanuwuwuwo alo mɔkekewo ɖuɖu ɖekae. Gake ɖoɖo si nàwɔ la nanye esi woanɔ mɔ kpɔm na eye wòado dzidzɔ na amesiame.
Ðeviwo hiã nusi yi ŋgɔ wu nusi woyɔna be ɣeyiɣi nyuitɔ, esi fia be woaɖo abe gaƒoƒo afã ene ko ɖi be woatsɔ anɔ ɖeviwo gbɔe ɣeaɖewoɣi. Wohiã ɣeyiɣi si sɔ gbɔ. Sweden nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ƒe nuŋlɔla aɖe ŋlɔ be: “Medo go ɖevi mabuame geɖe le ƒe 15 si metsɔ wɔ nyadzɔdzɔŋɔŋlɔdɔe la me . . . Nusiwo gbɔ koŋ wòtsoe nye be edze abe ɖe womekpɔ ɣeyiɣi ɖe wo ŋu kura o ene: ‘Vovo mele dzinyelawo ŋu kura o.’ ‘Womesea nya si le mía si la na mí kura o.’ ‘Mɔzɔzɔ dzi ko wònɔna gbesiagbe.’ . . . Wò dzila, àte ŋu atia ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si nèdi be yeazã ɖe viwò ŋu faa. Le ƒe 15 megbe la, ƒe 15 vi dzeaglã ana nàkpɔ alesi nèzã wò ɣeyiɣii.”
Ga Ŋuti Nukpɔsusu si Sɔ
Ele hã be susu si sɔ nanɔ ƒomea me tɔ ɖesiaɖe si ɖe ga ŋu. Ele be woalɔ̃ fa aɖe ga si woate ŋui ana woatsɔ axe ƒomea ƒe gazazã siwo vana ɖaa lae. Ehiã be nyɔnu geɖe nadi dɔ awɔ atsɔ akpɔ nuhiahiãwo gbɔe, gake ele be mi srɔ̃nyɔnuwo mianɔ ŋudzɔ ɖe afɔku kple tetekpɔ siwo miado goe ŋu. Xexe sia dea dzi ƒo na mi be ‘miaɖo miaƒe agbagbadzedze ƒe kɔkɔƒe’ eye “miawɔ nusi dze mia ŋu.” Ate ŋu awɔe be nàva zu ɖokuisime eye vidada kple aƒedzikpɔkpɔ ƒe ɖoƒe si Mawu ɖo wòe la magadze ŋuwò o.—Tito 2:4, 5.
Ne mi vidadawo miate ŋu anɔ aƒeme anye mɔfiala na mia viwo kpakple wo xɔlɔ̃ la, anye kpekpeɖeŋu gã aɖe si ana kadodo sesẽ si akpe ɖe miaƒe ƒomea ŋu be woalé ɖe wo nɔewo ŋu le nɔnɔme sesẽ ɖesiaɖe me la nanɔ ƒomea me. Nyɔnu ate ŋu awɔe dzidzɔ blibo nanɔ aƒea me, eme nanɔ dedie, eye nuwo natsɔ afɔ nyuie le eme. Ƒe alafa 19 lia me dunyahela aɖe gblɔ be “ehiã ŋutsu alafa ɖeka hafi woate ŋu atso asaɖa, gake nyɔnu ɖeka ate ŋu akpɔ aƒe dzi.”
Ne ƒomea me tɔwo katã awɔ nu ɖekae anɔ agbe ɖe ga si ƒomea kpɔna nu la, akpɔ ƒomea ta tso kuxi geɖe me. Ele be srɔ̃tɔwo nalɔ̃ be yewomato ŋku gã o eye woatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ. Ele be ɖeviwo nasrɔ̃ alesi nu adze wo ŋui, eye womanɔ nusiwo ga si le ƒomea si mate ŋu aƒle o la biam o. Mikpɔ nyuie le ŋku ƒe nudzodzrowo ŋu! Didi be woaƒle nusiwo ƒe fe womate ŋu axe o, fenyinyi, na ƒome geɖe gbã. Anyo ne ƒomea katã awɔ ɖeka adzɔ ga atsɔ awɔ nusi wodi be yewoawɔe—mɔzɔzɔ dodzidzɔname aɖe, aƒemenuzazã nyui aɖe, alo nudzɔdzɔ atsɔ akpe ɖe Kristo-hamea ŋui.
“Nudzɔdzɔ” ƒomevi bubu si ana dzidzɔ nanɔ ƒomea mee nye be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe nakpe asi ɖe nuwo ƒe dzadzɛnɔnɔ kple nuwo dzadzraɖo ŋu—aƒea me dzadzraɖo, dɔwɔwɔ le abɔa me, ʋua dzadzraɖo, kple bubuawo. Woate ŋu ade dɔa ƒe akpa aɖe asi na ƒomea me tɔ ɖesiaɖe, ɖevitɔwo kekeake hã. Mi ɖeviwo, midze agbagba be miagagu game o. Ke boŋ mitu kpekpeɖeŋunana kple nuwɔwɔ aduadu ƒe gbɔgbɔ ɖo; esia ana xɔlɔ̃wɔwɔ kple hadede nyui si tua ƒome ƒe ɖekawɔwɔ ɖo la nanɔ mia me.
Biblia Sɔsrɔ̃ ƒe Viɖewo
Wotea gbe ɖe Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi ƒe vevienyenye hã dzi le Kristotɔwo ƒe ƒome si me ɖekawɔwɔ le la me. Biblia ƒe mawunyakpukpuiwo me dzodzro gbesiagbe kple Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo sɔsrɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa nye nusiwo dzi ƒome ƒe ɖekawɔwɔ nɔa te ɖo. Ele be woadzro Biblia me nyateƒe kple gɔmeɖose veviwo me ɖekae le mɔ si aɖo ƒomea me tɔ ɖesiaɖe ƒe dzi gbɔ la nu.
Ele be nufiame nanɔ ƒomenusɔsrɔ̃ siawo me, gake wòado dzidzɔ na ame atu ame ɖo hã. Ƒome aɖe si le dziehe Sweden la naa ɖeviawo ŋlɔa biabia siwo va woƒe susu me le kwasiɖaa me dana ɖi, esime ɖeviawo metsi o. Wodzroa biabia mawo me le kwasiɖa sia kwasiɖa Biblia nusɔsrɔ̃a me. Zi geɖe la, nyabiabiawo me goglona eye wobiaa tamebubu eye woɖea ɖeviawo ƒe tamebubuŋutete kple woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋu la fiana. Nyabiabiaawo dometɔ aɖewoe nye: “Ðe Yehowa naa nuwo katã tsina ɣesiaɣia, alo gbãtɔ si wòwɔ le mɔ ma nu koe?” “Nukatae Biblia gblɔ be Mawu wɔ ame ɖe ‘eƒe nɔnɔme nu’ evɔ menye amee Mawu nye o?” “Ðe vuvɔ melé Adam kple Xawa le vuvɔŋɔli le Paradisoa me esi wònye womedoa afɔkpa o eye awu aɖeke menɔ wo si oa?” “Nukatae míehiã dzinu le zã me le esi wòle be xexeame natsyɔ?” Ðeviawo tsi fifia eye wole Mawu subɔm le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me.
Mi dzilawo, midze agbagba be miaɖe nɔnɔme nyuiwo afia eye miafa tu ne miele ƒomekuxiwo gbɔ kpɔm. Miɖe nugɔmesese fia eye miaƒe nya me megasesẽ fũ akpa o, gake miaƒe nuwɔnawo nato mɔ ɖeka ne ehiã be miawɔ ɖe gɔmeɖose veviwo dzi. Mina ɖeviawo nakpɔe be lɔlɔ̃ na Mawu kple eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawoe kpɔa ŋusẽ ɖe miaƒe nyametsotsowo dzi ɣesiaɣi. Zi geɖe la, amedzizizi kple dziɖeleameƒo nuwɔna geɖe yia edzi le sukuwo, eye ɖeviawo hiã dzideƒo geɖe le aƒeme be woate ŋu anɔ te ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi ma nu.
Dzilawo, migawɔ nu abe ɖe miede blibo ene o. Milɔ̃ ɖe miaƒe vodadawo dzi eye miaɖe kuku na mia viwo ne ehiã. Ðeviwo, ne Papa kple Dada lɔ̃ ɖe woƒe vodada aɖe dzi la, mina miaƒe lɔlɔ̃ na wo nedzi ɖe edzi.—Nyagblɔla 7:16.
Ẽ, ƒome ƒe ɖekawɔwɔ wɔnɛ be ŋutifafa, dedienɔnɔ, kple dzidzɔkpɔkpɔ nɔa aƒea me. Germanytɔ hakpanyaŋlɔla Goethe gblɔ kpɔ be: “Amesi nye dzidzɔtɔ kekeake, eɖanye fia alo agbledela o, eyae nye amesi dzi dzɔna le aƒeme.” Le dzila kple ɖevi siwo ŋu nu dzena gome la, mele be teƒe aɖeke navivi na wo ade woƒe aƒeme nu o.
Nyateƒee, xexe si me míele ƒe nuteɖeamedziwo wɔe be ƒomea ɖo afɔku gã aɖe me egbea. Gake esi wònye Mawue ɖo ƒomea anyi ta la, ate ŋu ato eme. Wò ƒomea ato eme, eye wò hã nàtoe ne miewɔ ɖe ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le ƒe mɔfiame dzɔdzɔe siwo Mawu na la dzi.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la hena nyati sia ŋuti numeɖeɖe bubuwo.