Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta
“Wò Dukɔ Atsɔ Eɖokui Ake Wò”
SIRIA-ƲAFIA sesẽ Naeman dze anyi. Dɔ nyɔŋu sia ate ŋu agblẽ eƒe ŋutilã eye wòawui ne womedae nɛ o. Aleke Naeman awɔ? Nyɔnuvi sue aɖe si ‘woɖe aboyoe tso Israel-nyigba dzi’ la nɔ amesiwo le Naeman ƒe aƒeme la dome. Eƒo nu dzideƒotɔe hetɔ asi nyagblɔɖila Elisa dzi be eyae nye amesi ate ŋu ayɔ dɔ Naeman.—Fiawo II, 5:1-3.
Le eƒe nuwɔwɔ dzideƒotɔe ta la, Naeman yi ɖadi Elisa eye woyɔ dɔe. Gawu la, Naeman va zu Yehowa subɔla! Nuteƒekpɔkpɔ sia si woŋlɔ ɖe Biblia me dzɔ le ƒe alafa ewolia D.M.Ŋ. me. (Fiawo II, 5:4-15) Ðevi geɖe ɖea dzideƒo ma tɔgbe fiana egbea le nuƒoƒo tso Fiaɖuƒe nyanyuia ŋu me. Nuteƒekpɔkpɔ sia si gbɔna si tso Mozambique ɖo kpe esia dzi.
Nuno si xɔ ƒe ade nye nyanyui gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ. Hafi wòava zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ kura gɔ̃ hã la, Nuno ƒoa ɖevi siwo le nuto si me wòle la nu ƒu, doa gbe ɖa, eye wòzãa agbalẽ si nye Nye Agbalẽ Si Nye Biblia Ŋutinyawo tsɔ fiaa Biblia woe.
Zi geɖe Nuno fɔna Memleɖa ŋdikanya ɖoa ŋku edzi na eƒe ƒometɔwo be: “Míele gbeadzi yi ge egbea lo.” Dzo si nɔ eme ɖe subɔsubɔdɔa ŋu dze le nu bubuwo me. Zi geɖe ne Nuno le edzilawo yome le ablɔdziɖaseɖiɖidɔ wɔm le Maputo la, eya ŋutɔ tena ɖe amewo ŋu. Gbeɖeka esi wole dɔ ma wɔm la, ŋutsu aɖe si nye asitsala te ɖe eŋu biae be: “Nukatae nèle magazine siawo dzram?” Nuno gblɔ be: “Nyemele magazineawo dzram o, gake mexɔa nudzɔdzɔ ɖe wo ta tsɔ doa alɔ gbeƒãɖeɖedɔa.” Ŋutsu asitsala la ɖo eŋu be: “Togbɔ be nyemetsɔ ɖeke le miaƒe nya me o hã la, wò nuwɔna kple ŋutete wɔ dɔ ɖe dzinye. Medi be madzɔ nu atsɔ akpe asi ɖe dɔ sia ŋui.”
Ɣebubuɣi la, Nuno te ɖe ŋutsu aɖe ŋu le mɔdodo dzi eye wòtsɔ agbalẽ si nye True Peace and Security—How Can You Find It? nɛ. Ŋutsua bia be: “Menye suku mɛ ɖaa ye nèdena oa?” Nuno ɖo eŋu be: “Ẽ, suku mae medena gake egbea ya mele nya vevi aɖe gblɔm na amewo le agbalẽ sia me. Abe alesi wòdze le nɔnɔmetata sia me ene la, afia wò be àte ŋu anɔ xexe yeye si Mawu ahe vɛ me.” Nuno mekpɔe dze sii be ŋutsu si yeƒo nu na la nye nufiala le yeƒe suku o. Menye agbalẽa koe nufiala la xɔ ko evɔ o, ke fifia exɔa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo hã edziedzi le Nuno gbɔ.
Esi wobia Nuno nusitae wòlɔ̃a gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ hã la, egblɔ be: “Medi be maƒo nu na amewo tso Yehowa kple Via, Yesu Kristo ŋu afia nu wo tso wo ŋu.” Eyi edzi be: “Eye ne ameawo medi be yewoaɖo to o la, mele be wòaɖe fu nam o.”
Le xexeame godoo la, ɖevi akpe geɖe abe Nuno ene ‘tsɔ wo ɖokui ke’ be yewoaɖe gbeƒã ahafia nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. (Psalmo 110:3) Gake nusia menye nusi dzɔna le eɖokui si ame aɖeke ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o. Dzila siwo fiaa nu wo viwo tso woƒe vidzĩme tso Yehowa ŋu heɖoa kpɔɖeŋu nyui ɖi le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me eye wodoa vevie nu le Fiaɖuƒea ƒe nuwo didi me la axɔ teƒeɖoɖo nyui geɖe.