Agbalẽ Si Nyo Na Amesiame
“Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.”—DƆWƆWƆWO 10:34, 35.
1. Esi wobia nufialagã aɖe ƒe susu le Biblia ŋu la, aleke wòɖo eŋui, eye nukae wòɖo be yeawɔ?
NUFIALAGÃ la nɔ aƒeme Kwasiɖagbe ŋdɔ aɖe, eye menɔ mɔ kpɔm be ame aɖeke ava ye gbɔ o. Gake esi mía nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe yi egbɔ la, eɖo to. Nɔvinyɔnua ƒo nu tso ɖiƒoƒo kple anyigba la ƒe etsɔme ŋu—wonye nyati siwo do dzidzɔ nɛ. Gake esi nɔvinyɔnua de Biblia me nyawo dzeɖoɖoa me la, eke ɖii. Eyata nɔvia biae nusi wòsusuna le Biblia ŋu.
Eɖo eŋu be: “Enye agbalẽ nyui aɖe si nunyala aɖewo ŋlɔ, gake mele be woatsɔ Biblia vevie o.”
Nɔvinyɔnua biae be: “Èxlẽ Biblia kpɔa?”
Nyabiabiaa na nufialagã la tsi yaa, eyata elɔ̃ ɖe edzi be yemexlẽe kpɔ o.
Azɔ nɔvinyɔnua biae be: “Aleke wɔ nètsɔ kakaɖedzi gblɔ nya ma ɖe agbalẽ si mèxlẽ kpɔ o ŋu nenema?”
Nya ŋutɔe nye ma mía nɔvinyɔnua bia. Nufialagã la ɖoe be yeadzro Biblia la me hafi anya nya si yeagblɔ le eŋu.
2, 3. Nukatae ame geɖe mexlẽa Biblia la o, eye kuxi kae esia nye na mí?
2 Menye nufialagã la ko ƒe susue le alea o. Susu aɖewo koŋ le ame geɖe si ɖe Biblia ŋu ke woa ŋutɔwo mexlẽe kpɔ o. Ðewohĩ Biblia le wo si. Ðewohĩ wolɔ̃ be enye agbalẽ nyui gɔ̃ hã alo be ŋutinya veviwo le eme. Gake ame geɖe mexlẽnɛ o. Ame aɖewo gblɔna be, ‘Vovo mele ŋunye maxlẽ Biblia o.’ Ame aɖewo biana be, ‘Aleke blemagbalẽ ma ate ŋu asɔ na nye agbenɔnɔ?’ Nukpɔsusu mawo nye kuxi gã aɖe na mí. Yehowa Ðasefowo xɔe se vevie be ‘Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia tso eye wònyo na nufiafia.’ (Timoteo II, 3:16, 17) Gake aleke míawɔ ana ame bubuwo nase egɔme be eɖanye ameƒomevi kae wonye o, dukɔ ka mee wotso o, alo gbe kae wogblɔna o, ele be woadzro Biblia me?
3 Mina míadzro susu aɖewo siwo tae wòdze be míadzro Biblia me la me akpɔ. Numedzodzro sia adzra mí ɖo be míana amesiwo míedoa goe le gbeadzi nabu tame, ɖewohĩ wòana woakpɔe be ele be yewoabu nusi Biblia gblɔ ŋu. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be numedzodzro sia nado ŋusẽ mía ŋutɔwo míaƒe xɔse be nusi Biblia gblɔ be yenye lae wònye vavã—“Mawu ƒe nya.”—Hebritɔwo 4:12.
Agbalẽ si Womã Wòɖo Teƒe Geɖe Wu le Xexeame
4. Nukata míate ŋu agblɔ be Bibliae nye agbalẽ si womã wòɖo teƒe geɖe wu ɖesiaɖe le xexeame?
4 Gbã la, edze be míadzro Biblia me elabena eyae nye agbalẽ si gɔme woɖe ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me hemã wòɖo teƒe geɖe wu bubu ɖesiaɖe le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me. Ƒe 500 kple edzivɔe nye sia ye wota gɔmeɖeɖe gbãtɔ le Johannes Gutenberg ƒe agbalẽtamɔ̃ dzi. Tso ɣemaɣi la, wobu akɔnta be wota Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe si ade biliɔn ene. Kaka ƒe 1996 naɖo la, woɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ vovovo 2,167 me.a Biblia ƒe akpa aɖe ya teti le ameƒomea me tɔ 90 kple edzivɔ le alafa me si le woa ŋutɔwo degbe me. Agbalẽ bubu aɖeke—subɔsubɔgbalẽ alo eka kee o—megogoe o!
5. Nukata wòle be míakpɔ mɔ be Biblia anɔ amewo si le xexeame katã?
5 Menye akɔntabubuwo ɖeɖekoe ɖo kpe edzi be Biblia nye Mawu ƒe Nya o. Gake ele kokoko be míakpɔ mɔ be nuŋlɔɖi si Mawu na wowɔ la naka amewo si le xexeame katã. Biblia ŋutɔ gblɔ na mí gɔ̃ hã be “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Agbalẽ bubu aɖeke mete ŋu tso dukɔwo ƒe dewo heɖu ameƒomevinyenye kple gbegbɔgblɔ ƒe mɔxenuwo dzi o negbe Biblia ɖeka koe. Biblia nye agbalẽ si nyo na amesiame vavã!
Etakpɔkpɔ le Etɔxɛ
6, 7. Nukata mewɔ nuku be Biblia gbãtɔ siwo woŋlɔ ƒe ɖeke megali o, eye biabia kawoe wòfɔ ɖe te?
6 Susu bubu aɖe hã li si ta wòle be míadzro Biblia me. Eto dzɔdzɔme kplamatsedonuwo kple esiwo tso amegbetɔ gbɔ me do. Nuŋlɔɖi si li ku ɖe alesi wokpɔ eta togbɔ be mɔxenu gãwo nɔ mɔ me nɛ la nye nu tɔxɛ le blema nuŋlɔɖiwo dome.
7 Edze ƒã be nuŋlɔtsi ye Biblia-ŋlɔlawo tsɔ ŋlɔ nui ɖe papyrus (si wotsɔ Egiptetɔwo ƒe numiemie aɖe si woyɔa ŋkɔ ma ke na wɔe) kple lãgbalẽ (si wotsɔ lãyi wɔe) la dzi.b (Hiob 8:11) Gake dzɔdzɔmenu aɖewo li siwo ate ŋu agblẽ nusiawo siwo dzi woŋlɔa nu ɖo la dome. Agbalẽnyala Oscar Paret ɖe nu me be: “Fafa, kple dzaƒoƒo, kpakple nyevi hamehame ate ŋu agblẽ nu le nu eve siawo siwo dzi woŋlɔa nu ɖo siaa ŋu bɔbɔe. Míenya le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me alesi pepa, kple lãgbalẽ sesẽ gɔ̃ hã, gblẽnae ne ele ya nu alo le xɔ si me fafa le me.” Eyata mewɔ nuku o be Biblia-gbalẽ gbãtɔwo dometɔ aɖeke megali woakpɔ o; ɖewohĩ wotsrɔ̃ gbaɖegbe ke. Gake ne dzɔdzɔmefutɔwo tsrɔ̃ gbãtɔawo ɖa ɖe, ke aleke Biblia wɔ gali?
8. Aleke wokpɔ Biblia ta esi ƒe alafawo va nɔ yiyim?
8 Esi woŋlɔ gbãtɔawo vɔ megbe kpuie ko la, wodze egɔme tsɔ asi nɔ bubuwo ŋlɔmee. Le nyateƒe me la, Sea kple Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo gbugbɔŋlɔ va zu dɔ ŋutɔŋutɔ wowɔna le blema Israel. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ be nunɔla Ezra nye ‘agbalẽgbugbɔŋlɔla si bi ɖe Mose ƒe se la me.’ (Ezra 7:6, 11; tsɔe sɔ kple Psalmo 45:2.) Gake esiwo woŋlɔna hã va gblẽna; ʋeʋeʋe la eva hiãna be woatsɔ asi agaŋlɔ bubuwo aɖo wo teƒe. Agbalẽgbugbɔŋlɔdɔ sia yi edzi ƒe alafa geɖe. Esi wònye amegbetɔwo mede blibo o ta la, ɖe vodada siwo egbugbɔŋlɔlawo wɔ la trɔ Biblia me nyawoa? Ðaseɖiɖi geɖe siwo li ɖee fia be wometrɔ o!
9. Aleke Masoratɔwo ƒe kpɔɖeŋu ɖe Biblia-gbugbɔŋlɔlawo ƒe ŋuɖɔɖo vevie kple tsimatɔmatɔnu fia?
9 Menye ɖeko agbalẽgbugbɔŋlɔlaawo bi ŋutɔ o, ke bubu deto aɖe hã nɔ wo si ɖe nya siwo ŋlɔm wonɔ ŋu. Hebrigbe me nya si wozãna na “agbalẽgbugbɔŋlɔla” fia be woaxlẽ nu ɖekaɖeka aŋlɔ ɖi. Be míawɔ alesi agbalẽgbugbɔŋlɔlawo tsɔa ŋuɖɔɖo blibo ŋlɔa nu wòdena pɛpɛpɛ ƒe kpɔɖeŋu la, de ŋugble le Masoratɔ siwo gbugbɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo ŋlɔ, amesiwo nɔ agbe le ƒe alafa adelia kple ewolia M.Ŋ. me ŋu kpɔ. Agbalẽnyalagã Thomas Hartwell Horne gblɔ be wobua akɔnta kpɔnɛ ɖa be “zi gbɔ zi nenie [Hebrigbe me] alfabetawo dometɔ ɖesiaɖe dze le Hebri Ŋɔŋlɔawo katã me hã.” Bu dɔ si gbegbe nu ma wɔwɔ nye ŋu kpɔ! Be agbalẽgbugbɔŋlɔla dovevienu siawo nagatso ŋɔŋlɔdzesi ɖeka pɛ hã ɖi o la, menye nya siwo woŋlɔna koe woxlẽna o, ke woxlẽa ŋɔŋlɔdzesiwo hã ɖekaɖeka. Le nyateƒe me agbalẽnyala aɖe bu akɔnta be wodo afɔ na Hebri Ŋɔŋlɔawo me ŋɔŋlɔdzesi ɖekaɖeka 815,140 sɔŋ! Agbagbadzedze vevie nenema wɔe be nyawo de pɛpɛpɛ ale gbegbe.
10. Kakaɖedzi blibo kae li be Hebri kple Hela gbe me nuŋlɔɖi siwo wozã tsɔ ɖe egbetɔwo gɔmee la sɔ kple nya siwo Biblia-ŋlɔla gbãtɔwo ŋlɔ vodadamanɔmee?
10 Le nyateƒe me la, kakaɖedzi blibo li be Hebri kple Hela gbe me nuŋlɔɖi siwo wozã tsɔ ɖe egbetɔwo gɔmee la sɔ kple nya siwo eŋlɔla gbãtɔwo ŋlɔ vodadamanɔmee wòwɔ nuku. Kpeɖodzia ye nye Biblia siwo wotsɔ asi ŋlɔe akpe geɖe—wobui be Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽwo katã alo eƒe akpa aɖewo siwo ade 6,000 kple Kristotɔwo ƒe Helagbe me Ŋɔŋlɔawo siwo ade 5,000—kpɔtɔ li va ɖo míaƒe ŋkekea me. Asinuŋɔŋlɔgbãle geɖe siwo li la tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo dzigbɔɖitɔe na agbalẽnyalawo de dzesi vodada ɖesiaɖe siwo nugbugbɔŋlɔlawo wɔ eye wonya alesi eŋlɔla gbãtɔwo ŋlɔe. Ewɔe be esi agbalẽnyala William H. Green nɔ nu ƒom tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me nuŋlɔɖia ŋu la, egblɔ be: “Míate ŋu agblɔe ɖikekemanɔŋui be blemagbalẽ aɖeke meli si me nyawo woŋlɔ ɖi wòde pɛpɛpɛ alea kpɔ o.” Míate ŋu aka ɖe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo hã me nyawo dzi nenema ke.
11. Le Petro I, 1:24, 25 nu la, nukata Biblia kpɔtɔ li vaseɖe míaƒe ŋkekea me?
11 Ne menye nuŋlɔɖi siwo wogbugbɔ ŋlɔ kple asie va xɔ ɖe ŋɔŋlɔ gbãtɔwo teƒe o la, anye ne Biblia kple eme nya xɔasiwo megali kura o! Nu ɖeka aɖe tae wòkpɔtɔ li ɖo—Yehowae nye eƒe Nya la Dzraɖola kple Etakpɔla. Biblia ŋutɔ gblɔe le Petro I, 1:24, 25 be: “Ŋutilãwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃wo katã le abe gbe ƒe seƒoƒo ene. Gbe ƒuna, eye eƒe seƒoƒo yrɔna; ke [Yehowa] ƒe nya la nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”
Woɖe Egɔme ɖe Ameƒomea ƒe Gbegbɔgblɔwo Me
12. Nu bubu ka hãe do kplamatse na Biblia tsɔ kpe ɖe egbugbɔŋlɔ ƒe alafa geɖe ŋu?
12 Dɔ sesẽe wònye be woagbugbɔ Biblia anɔ ŋɔŋlɔm le ƒe alafa geɖeawo me, gake nu bubu aɖe hã do kplamatse nɛ—egɔmeɖeɖe ɖe gbe siwo ameƒomea dona me. Ele be Biblia nanɔ gbe siwo amewo se me bene wòate ŋu aɖo woƒe dzi gbɔ. Gake Biblia—si si ta 1,100 kple edzivɔ kpakple kpukpui 31,000 le la—gɔmeɖeɖe menye dɔ vi o. Gake esi ƒe alafawo va nɔ yiyim la, gbegɔmeɖela veviedolawo lɔ̃ faa tsɔ dɔ sesẽ ma ɖo wo ɖokui dzi, eye ɣeaɖewoɣi wodoa go mɔxenu siwo dzena abe womate ŋu awɔ naneke le wo ŋu o ene.
13, 14. (a) Kuxi kae dze ŋgɔ Biblia-gɔmeɖela Robert Moffat le Afrika le ƒe alafa 19 lia ƒe gɔmedzedze? (b) Aleke Tswanagbedolawo wɔ nu esime Luka ƒe Nyanyuigbalẽa va nɔ wo degbe me?
13 Le kpɔɖeŋu me, bu alesi wowɔ ɖe Biblia gɔme ɖe Afrikagbewo me ŋu kpɔ. Le ƒe 1800 me la, gbegbɔgblɔ siwo ade wuieve pɛ koe wote ŋu ŋlɔ le Afrika katã. Nuŋɔŋlɔ mɔnu aɖeke menɔ gbegbɔgblɔ bubu alafa geɖe siwo wodona la si o. Kuxi mae dze ŋgɔ Biblia-gɔmeɖela abe Robert Moffat ene. Esime Moffat xɔ ƒe 25 le ƒe 1821 me la, eɖo nyanyuigblɔha aɖe ɖe Tswanagbedola siwo le anyiehe Afrika dome. Ede ha kple ameawo kple susu be yeasrɔ̃ woƒe gbe si womeŋlɔ haɖe o la. Moffat do vevie nu eye togbɔ be gɔmedzegbalẽwo alo nyagɔmeɖegbalẽwo menɔ esi o hã la, mlɔeba eva se gbea, eto eŋɔŋlɔ vɛ, eye wòfia nuŋlɔɖia xexlẽ Tswanatɔwo. Le ƒe 1829 me, esi wòwɔ dɔ ƒe enyi le Tswanatɔwo dome vɔ la, ewu Luka ƒe Nyanyuia gɔmeɖeɖe nu. Emegbe egblɔ be: “Menya ame aɖewo siwo zɔ mɔ agbadroƒe alafa geɖe va be yewoaxɔ Luka Kɔkɔe ƒe tataawo. . . . Mekpɔ wo woxɔ Luka Kɔkɔe ƒe akpa aɖewo, eye wowó avi helé wo ɖe akɔnu, eye wotsɔ akpedada fa avii, vaseɖe esime megblɔ na wo dometɔ geɖe be, ‘Miaƒe aɖatsiawo le agbalẽawo gblẽ ge na mi.’” Moffat gblɔ Afrika-ŋutsu aɖe hã ƒe nya be ekpɔ ame aɖewo wonɔ Luka ƒe Nyanyuia xlẽm eye wòbia wo be nukae wolé ɖe asi hã. Woɖo eŋu nɛ be: “Mawu ƒe nyae.” Ŋutsua bia be: “Eƒoa nua?” Wogblɔ be: “Ẽ, eƒoa nu na ame ƒe dzi.”
14 Gbegɔmeɖela siwo tsɔ wo ɖokui sa vɔe abe Moffat ene wɔe be mɔnukpɔkpɔ su Afrikatɔ geɖe si be woƒe nuŋɔŋlɔmɔnu gbãtɔ ka wo si. Gake gbegɔmeɖelaawo tsɔ nusi xɔ asi wu gɔ̃ hã na Afrikatɔwo—eyae nye wo degbe me Biblia. Gakpe ɖe eŋu la, Moffat na Tswanatɔwo nya Mawu ƒe ŋkɔ, eye ezã ŋkɔa le eƒe gɔmeɖeɖea katã me.c Eyata Tswanatɔwo gblɔna be Biblia nye “Yehowa ƒe nu.”—Psalmo 83:19.
15. Nukata Biblia gale agbe vavã egbea?
15 Gbegɔmeɖela bubuwo hã do go kplamatsedonu mawo tɔgbe le xexeame ƒe akpa vovovowo. Wo dometɔ aɖewo tsɔ woƒe agbe de afɔku me gɔ̃ hã hafi ɖe Biblia gɔme. Bu nya sia ŋu kpɔ: Ne ɖe Biblia kpɔtɔ le blema Hebri kple Hela gbewo me la, anye ne “eku” va yi xoxoxo, elabena ame akpa gãtɔ va ŋlɔ gbe mawo be le ɣeyiɣi aɖewo megbe eye womese wo le anyigba la ƒe akpa geɖe o. Gake Biblia gale agbe vavã elabena ete ŋu ‘ƒoa nu’ na amewo le xexeame katã le woa ŋutɔwo degbe me, evɔ agbalẽ bubu aɖeke mele nenema o. Ewɔe be eƒe gbedasia ‘gasẽa ŋu le amesiwo xɔnɛ sena me kokoko.’ (Tesalonikatɔwo I, 2:13) The Jerusalem Bible ɖe nya siawo gɔme be: “Eganye ŋusẽ gbagbe le mi amesiwo xɔnɛ sena me kokoko.”
Míate Ŋu Aka Ðe Edzi
16, 17. (a) Hafi kakaɖedzi nanɔ Biblia ŋu la, kpeɖodzi kae wòle be woakpɔ? (b) Gblɔ kpɔɖeŋu ɖeka si ɖe Biblia-ŋlɔla Mose ƒe nyateƒetoto fia?
16 Ðewohĩ ame aɖewo abia be: ‘Ðe woate ŋu aka ɖe Biblia dzia? Ðe amewo kple teƒe siwo wòyɔ la nɔ anyi kpɔ nyateƒea, eye nya siwo dzɔ ŋutɔŋutɔe wògblɔa?’ Ne míaka ɖe edzi la, ke ele be míakpɔ kpeɖodzi be eŋlɔla ŋuɖɔɖola siwo ɖia anukware lae ŋlɔe. Nya sia he mí va susu bubu si ta wòle be míadzro Biblia me la gbɔ: Kpeɖodzi sẽŋu li be ede pɛpɛpɛ eye woate ŋu aka ɖe edzi.
17 Nuŋlɔla anukwareɖilawo maŋlɔ woƒe dzidzedzekpɔkpɔwo ɖeɖeko o ke woaŋlɔ woƒe kpododonuwo hã, menye woƒe nɔnɔme nyuiwo ko o ke woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo hã. Biblia-ŋlɔlawo to nyateƒe nenema wòwɔ dɔ ɖe ame dzi. Le kpɔɖeŋu me, bu alesi Mose ʋu go nya sia nya ŋu kpɔ. Nusiwo wòɖe gblɔ faa dometɔ aɖewoe nye alesi eya ŋutɔ menya nuƒoƒo o, si na wòsusu be yemedze anye Israel ƒe kplɔla o (Mose II, 4:10); vodada gã si wòwɔ si na mete ŋu ɖo Ŋugbedodonyigba la dzi o (Mose IV, 20:9-12; 27:12-14); nu tovo si nɔviaŋutsu Aron wɔ, amesi wɔ ɖeka kple Israel-vi dzeaglãwo be wowɔ sikanyivi ƒe legba (Mose II, 32:1-6); nɔvianyɔnu Miryam ƒe aglãdzedze kple gbɔɖiame ƒe to si wohe nɛ (Mose IV, 12:1-3, 10); alesi wodo vlo tɔɖiayɔvi Nadab kple Abihu (Mose III, 10:1, 2); kple Mawu ŋutɔ ƒe dukɔ la ƒe nyatoƒoetoto kple liʋiliʋilili enuenu. (Mose II, 14:11, 12; Mose IV, 14:1-10) Ðe alesi woʋu go nya sia nya alea mefia be wotsi dzi ɖe nyateƒea ŋutɔŋutɔ gbɔgblɔ ŋu oa? Esi Biblia-ŋlɔlawo lɔ̃ gblɔ woƒe lɔlɔ̃tɔwo, woƒe dukɔ, kple woa ŋutɔwo gɔ̃ hã ƒe vodadawo la, ɖe menye susu nyui aɖee nye ma si ta míaka ɖe woƒe nuŋlɔɖiwo dzi oa?
18. Nukae ɖo kpe Biblia-ŋlɔlawo ƒe nuŋlɔɖiwo dzi be kakaɖedzi le wo ŋu?
18 Alesi Biblia-ŋlɔlawo ƒe nu sɔ hã na míate ŋu aka ɖe woƒe nuŋlɔɖiwo dzi. Ewɔ nuku ŋutɔ be ame 40 ŋlɔ nu le ƒe siwo ade 1,600 dome, evɔ woƒe nyawo wɔ ɖeka le nya suewo gɔ̃ hã me. Gake ɖekawɔwɔ sia menye nu woɖo wɔ si ana amewo nasusu be nugbeɖoɖo ye o. Ke boŋ edze ƒã be menye nuɖowɔe wònye be woƒe nya vovovoawo sɔ o; edzena zi geɖe be nudogoɖenunue woƒe nusɔsɔa nyena.
19. Aleke Nyanyuigbalẽawo ƒe nuŋlɔɖiwo le Yesu léle ŋu ɖe ɖekawɔwɔ si menye nuɖowɔe o la fia?
19 Le kpɔɖeŋu me, bu nusi dzɔ le zã si me wolé Yesu ŋuti kpɔ. Nyanyuigbalẽa ŋlɔla eneawo katã ŋlɔe be nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka ɖe yi eye wòkpa to na nunɔlagã la ƒe kluvi. Gake Luka koe gblɔ na mí be Yesu ‘ka asi eƒe to ŋu, eye wòda gbe le eŋu.’ (Luka 22:51) Gake ɖe menye nya ma koe míakpɔ mɔ be nuŋlɔla si woyɔna be “atikewɔla lɔlɔ̃tɔ la” agblɔ oa? (Kolosetɔwo 4:14) Yohanes ƒe nuŋlɔɖia gblɔ na mí be le nusrɔ̃la siwo katã nɔ afima dome la, Petroe nye amesi ɖe yi—enye nyateƒenya si mewɔ nuku o le esi Petro megbɔa dzi ɖi o eye wòwɔa nu klokloklo ta. (Yohanes 18:10; tsɔe sɔ kple Mateo 16:22, 23 kple Yohanes 21:7, 8.) Yohanes gblɔ nya bubu aɖe si dze abe mehiã o ene: “Dɔla ma ƒe ŋkɔe nye Malxo.” Nukata wònye Yohanes koe yɔ ŋutsua ƒe ŋkɔ? Nya aɖe si wogblɔ de nya me abe nyamaɖinya ene le Yohanes ɖeɖeko ƒe nuŋlɔɖia me ɖe eme—Yohanes “[nye] nunɔlagã la ƒe ame nyanyɛ.” Nunɔlagã la ƒe aƒemetɔwo hã nyɛ; subɔviawo nyɛ, eye eya hã nya wo.d (Yohanes 18:10, 15, 16) Ke nenema ko wòadzɔe be Yohanes nayɔ ŋutsu si xɔ abi la ƒe ŋkɔ, evɔ Nyanyuigbalẽŋlɔla bubuawo siwo eme kɔ be womenya ŋutsua o la meyɔe o. Nya siawo katã ƒe ɖekawɔwɔ ɖe dzesi, ke hã eme kɔ be womeɖoe wɔ o. Kpɔɖeŋu siawo ƒomevi gbogbo aɖewo le Biblia bliboa me.
20. Nukae wòle be dzianukwaretɔwo nanya le Biblia ŋu?
20 Eyata ɖe míate ŋu aka ɖe Biblia dzia? Ẽ, míate ŋu aka ɖe edzi! Biblia-ŋlɔlawo ƒe nyateƒetoto, kpakple Biblia me nyawo ƒe ɖekawɔwɔ na eme kɔ ƒã be eƒe nyawo nye nyateƒe. Ehiã be dzianukwaretɔwo nanya be yewoate ŋu aka ɖe Biblia dzi, elabena ‘Yehowa, Mawu nyateƒetɔ’ ƒe Nya si tso gbɔgbɔ mee wònye. (Psalmo 31:6) Susu bubuwo li siwo ta Biblia nye agbalẽ si nyo na amesiame, abe alesi nyati si kplɔe ɖo adzro emee ene.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Biblia Habɔbɔ Ƒoƒuawo ƒe akɔntabubu si wota dzie míetui ɖo.
b Esime wode Paulo game zi evelia le Roma la, egblɔ na Timoteo be wòatsɔ “agbalẽawo . . . , vevietɔ lãgbalẽ la” ɖe asi vɛ. (Timoteo II, 4:13) Anɔ eme be Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo dim Paulo nɔ bene wòate ŋu asrɔ̃ wo le gaxɔ me. Ðewohĩ nyagbɔgblɔ “vevietɔ lãgbalẽ la” fia agbalẽxatsaxatsa evea siwo nye papyrus kple lãgbalẽ bubuwo.
c Moffat wu Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖeɖe aɖe nu le ƒe 1838 me. Exɔlɔ̃ aɖe kpe ɖe eŋu wòwu Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔmeɖeɖe nu le ƒe 1857 me.
d Yohanes ƒe nunɔlagã la kple eƒe aƒemetɔwo nyanya gava dze le nuŋlɔɖia me emegbe. Esi nunɔlagã la ƒe dɔlawo dometɔ bubu he nya ɖe Petro ŋu be eya hã nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka la, Yohanes ɖe nu me be dɔla sia nye “amesi ƒe to Petro kpa la ƒe ƒometɔ.”—Yohanes 18:26.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Nukata wòle be míakpɔ mɔ be Biblia nanye agbalẽ si le amewo si wu ɖesiaɖe le xexeame?
◻ Kpeɖodzi kae li si fia be wokpɔ Biblia ta wòde pɛpɛpɛ?
◻ Nukawoe do kplamatse na amesiwo ɖe Biblia gɔme?
◻ Nukae ɖo kpe Biblia ƒe nuŋlɔɖiwo dzi be kakaɖedzi le wo ŋu?